INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • rq nusɔsrɔ̃ 4 axa 8-9
  • Amekae Nye Abosam?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Amekae Nye Abosam?
  • Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔ Ŋudzɔ—Satana Le Didim Be Yeavuvu Wò!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Satana
    Nyɔ!—2013
  • Nya Wò Futɔ La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Tsi Tsitre Ðe Abosam Kple Eƒe Aɖaŋu Vɔ̃wo Ŋu
    “Minɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa”
Kpɔ Bubuwo
Nukae Mawu Di tso Mía Si?
rq nusɔsrɔ̃ 4 axa 8-9

Nusɔsrɔ̃ 4

Amekae Nye Abosam?

Satana Abosam—afikae wòtso? (1, 2)

Aleke Satana blea amewoe? (3-7)

Nukata wòle be nàtsi tre ɖe Abosam ŋu? (7)

1. Nya “abosam” gɔmee nye amesi gblɔa alakpanya vɔ̃ɖiwo le ame bubuwo ŋu. “Satana” gɔmee nye futɔ alo tsitretsiɖeŋula. Ŋkɔ siawoe wotsɔ na Mawu ƒe futɔ gãtɔ la. Gbã la, enye mawudɔla deblibo nɔ dziƒo kple Mawu. Gake emegbe eva do eɖokui ɖe dzi akpa eye wòdi be woatsɔ tadedeagu si nye Mawu tɔ la ana ye.—Mateo 4:8-10.

2. Mawudɔla sia, si nye Satana, to da aɖe dzi ƒo nu na Xawa. Eto alakpanyawo gbɔgblɔ nɛ me na wògbe toɖoɖo Mawu. Satana to esia me ho ɖe nusi woyɔ be Mawu ƒe “fianyenye,” alo Dziƒoʋĩtɔ ƒe nɔƒe si le esi la ŋu. Satana tɔ gbe Mawu nenye be eɖua fia le mɔ nyuitɔ kple esi anyo na Eteviwo wu nu. Satana na ɖikeke hã va nɔ eŋu ne amegbetɔ aɖe alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu. Satana to esia me wɔ eɖokui Mawu ƒe futɔe. Ema tae wova yɔe be Satana Abosam.—Mose I, 3:1-5; Hiob 1:8-11; Nyaɖeɖefia 12:9.

3. Satana dzea agbagba be yeaflu amewo ne woade ta agu na ye. (Korintotɔwo II, 11:3, 14) Mɔ siwo dzi wòtona blea amewo dometɔ ɖekae nye alakpasubɔsubɔ. Ne subɔsubɔha aɖe fiaa alakpanuwo le Mawu ŋu la, ke Satana ƒe tameɖoɖo ŋutɔŋutɔ dzi demee wòle. (Yohanes 8:44) Amesiwo le alakpasubɔsubɔhawo me axɔe se vevie be Mawu vavã la subɔm yewole. Gake le nyateƒe me la, Satana subɔm wole. Eyae nye ‘xexe sia me mawu.’—Korintotɔwo II, 4:4.

4. Gbɔgbɔyɔyɔ hã nye mɔ bubu si dzi Satana tona hea amewo dea eƒe ŋusẽ te. Woayɔ gbɔgbɔwo be woakpɔ yewo ta, be woawɔ nu vevi ame bubuwo, be woagblɔ nusi adzɔ le etsɔme ɖi, alo be woawɔ nukunuwo. Satana ye nye ŋusẽ vɔ̃ɖi si le megbe na nusiawo katã. Be míaƒe nu nadze Mawu ŋu la, ele be míatsri gbɔgbɔyɔyɔ keŋkeŋ.—Mose V, 18:10-12; Dɔwɔwɔwo 19:18, 19.

5. Satana blea amewo to ameƒomevinyenye ƒe dada si gbɔ eme kple dunyahehawo subɔsubɔ hã me. Ame aɖewo buna be yewoƒe dukɔ alo ameƒomevi si me tɔ yewonye la nyo wu bubuawo. Gake esia menye nyateƒe o. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Ame bubuwo kpɔa dunyahehawo sinu be woakpɔ amegbetɔ ƒe kuxiwo gbɔ. Wotoa esia wɔwɔ me gbea Mawu ƒe Fiaɖuƒea. Eya koe akpɔ míaƒe kuxiwo gbɔ.—Daniel 2:44.

6. Mɔ bubu si dzi Satana blea amewo tonɛ enye alesi wòtsɔa dzodzro vɔ̃wo tea wo kpɔnae. Yehowa gblɔ na mí be míatsri nu vɔ̃ɖiwo wɔwɔ elabena enya be woagblẽ nu le mía ŋu. (Galatiatɔwo 6:7, 8) Ame aɖewo adi be nàwɔ ɖeka kpli yewo le nusiawo wɔwɔ me. Gake ɖo ŋku edzi be Satana koŋue le didim be nàwɔ nusiawo.—Korintotɔwo I, 6:9, 10; 15:33.

7. Satana ate ŋu azã yometiti alo tsitretsiɖeŋu be yeana nàgbugbɔ le Yehowa yome. Wò lɔlɔ̃tɔ aɖewo ado dziku vevie le esi nèle Biblia srɔ̃m ta. Ame bubuwo aɖu fewu le ŋuwò. Gake amekae na nèle agbe? Satana di be yeado vɔvɔ̃ na wò ale be nàdzudzɔ nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu. Mègana Satana naɖu dziwò o! (Mateo 10:34-39; Petro I, 5:8, 9) Ne ètsi tre ɖe Abosam ŋu la, àte ŋu ana Yehowa nakpɔ dzidzɔ eye àɖee fia be yede Eƒe dziɖulanyenye dzi.—Lododowo 27:11.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Alakpasubɔsubɔ, gbɔgbɔyɔyɔ, kple dulɔlɔ̃ blea amewo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 9]

Tsi tre ɖe Abosam ŋu to alesi nàyi edzi asrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe