Nusɔsrɔ̃ 6
Nukae Nye Mawu ƒe Fiaɖuƒe La?
Afikae Mawu ƒe Fiaɖuƒea le? (1)
Amekae nye eƒe Fia? (2)
Ðe ame bubuwo aɖu fia akpe ɖe Fia la ŋua? Ne nenemae la, ke ame nenie? (3)
Nukae ɖee fia be míele ŋkeke mamleawo me? (4)
Nukae Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ na ameƒomea le etsɔme? (5-7)
1. Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, efia eyomedzelawo be woado gbe ɖa abia Mawu ƒe Fiaɖuƒea. Fiaɖuƒe nye dziɖuɖu si nu fia nɔna. Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye dziɖuɖu tɔxɛ aɖe. Woɖoe anyi le dziƒo eye aɖu anyigba sia dzi. Akɔ Mawu ƒe ŋkɔ ŋu, alo awɔe kɔkɔe. Ana woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe alesi wowɔnɛ le dziƒo ene.—Mateo 6:9, 10.
2. Mawu do ŋugbe be Yesu ava zu Yeƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia. (Luka 1:30-33) Esime Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖee fia be yeanye Dziɖula deblibo si nyoa dɔme hewɔa nu dzɔdzɔe. Esime wòtrɔ yi dziƒo la, womeɖoe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe Fia enumake o. (Hebritɔwo 10:12, 13) Le ƒe 1914 me la, Yehowa tsɔ ŋusẽ si ŋugbe Wòdo na Yesu la nɛ. Tso ɣemaɣi la, Yesu zu Fia si Yehowa ɖo hele dzi ɖum le dziƒo.—Daniel 7:13, 14.
3. Yehowa tia ŋutsu kple nyɔnu nuteƒewɔla aɖewo hã tso anyigba dzi be woayi dziƒo. Woanye fiawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, kple nunɔlawo kple Yesu aɖu ameƒomea dzi. (Luka 22:28-30; Nyaɖeɖefia 5:9, 10) Yesu yɔ amesiawo siwo aɖu fia kplii le eƒe Fiaɖuƒea me la be “ha sue.” Woƒe xexlẽmee nye ame 144,000.—Luka 12:32; Nyaɖeɖefia 14:1-3.
4. Esime Yesu va zu Fia teti ko la, enyã Satana kple eƒe dɔla vɔ̃ɖiwo tso dziƒo ɖo ɖe anyigbanutowo me. Ema tae nuwo gblẽ ɖe edzi alea gbegbe le anyigba dzi afisia tso ƒe 1914 me. (Nyaɖeɖefia 12:9, 12) Aʋawɔwɔ, dɔwuame, dɔvɔ̃wo, sedzimawɔmawɔ si le dzidzim ɖe edzi—nusiawo katã nye “dzesi” aɖe si fia be Yesu le fia ɖum eye be nuɖoanyi sia le eƒe ŋkeke mamlewo me la ƒe akpa aɖe.—Mateo 24:3, 7, 8, 12; Luka 21:10, 11; Timoteo II, 3:1-5.
5. Eteƒe madidi o Yesu adrɔ̃ ʋɔnu amewo, eye amã wo me abe alesi alẽkplɔla mãa alẽwo tso gbɔ̃wo gbɔe ene. ‘Alẽawoe’ nye amesiwo aɖee fia be etevi wɔnuteƒewoe yewonye. Woakpɔ agbe mavɔ le anyigba dzi. ‘Gbɔ̃awoe’ nye amesiwo agbe Mawu ƒe Fiaɖuƒea. (Mateo 25:31-34, 46) Eteƒe madidi o, Yesu atsrɔ̃ amesiwo le abe gbɔ̃wo ene la katã. (Tesalonikatɔwo II, 1:6-9) Ne èdi be yeanye Yesu ƒe ‘alẽawo’ dometɔ ɖeka la, ele be nàɖo to Fiaɖuƒegbedasia eye nàwɔ ɖe nusi nèsrɔ̃na la dzi.—Mateo 24:14.
6. Fifia womã anyigba la me ɖe dukɔ geɖe me. Wo dometɔ ɖesiaɖe kple eƒe dziɖuɖu. Dukɔ siawo wɔa aʋa kple wo nɔewo edziedzi. Gake Mawu ƒe Fiaɖuƒea axɔ ɖe amegbetɔdziɖuɖuwo katã teƒe. Eya koe anye dziɖuɖu si aɖu anyigba bliboa dzi. (Daniel 2:44) Ke aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, kple ʋunyaʋunyawɔwɔ maganɔ anyi o. Amewo katã anɔ anyi le ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ me.—Mixa 4:3, 4.
7. Le Yesu ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, amegbetɔ nuteƒewɔlawo ava de blibo, eye anyigba bliboa ava zu paradiso. Yesu awɔ nusianu si Mawu gblɔ nɛ be wòawɔ la vɔ hafi ƒe akpe ɖeka la nawu enu. Ekema agatsɔ Fiaɖuƒea ade Fofoa si. (Korintotɔwo I, 15:24) Nukata màgblɔ nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea awɔ la na xɔ̃wòwo kple wò lɔlɔ̃tɔwo o?
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Le Yesu ƒe dziɖuɖu te la, fuléle alo nazãbubu maganɔ anyi o