Nusɔsrɔ̃ 8
Ƒomegbenɔnɔ si Dzea Mawu Ŋu
Nukae nye srɔ̃ŋutsu ƒe ɖoƒe le ƒomea me? (1)
Aleke wòle be srɔ̃ŋutsu nawɔ nu ɖe srɔ̃a ŋui? (2)
Agba kawoe le vifofo dzi? (3)
Nukae nye srɔ̃nyɔnu ƒe ɖoƒe le ƒomea me? (4)
Nukae Yehowa bia tso dzilawo kple ɖeviwo si? (5)
Nukae nye Biblia ƒe nukpɔsusu le kaklã kple srɔ̃gbegbe ŋu? (6, 7)
1. Biblia gblɔ be srɔ̃ŋutsue nye eƒe ƒomea ƒe ta. (Korintotɔwo I, 11:3) Srɔ̃ ɖeka koe wòle be wòanɔ srɔ̃ŋutsu si. Ele be woaɖe wo nɔewo nyuie wòasɔ ɖe se nu.—Timoteo I, 3:2; Tito 3:1.
2. Ele be srɔ̃ŋutsu nalɔ̃ srɔ̃a abe alesi wòlɔ̃a eɖokui ene. Ele be wòawɔ nu ɖe eŋu abe alesi Yesu wɔa nu ɖe eyomedzelawo ŋui ene. (Efesotɔwo 5:25, 28, 29) Mele be wòaƒo srɔ̃a alo awɔ ŋlɔmi le eŋu le mɔ aɖeke nu gbeɖe o. Ke boŋ ele be wòade bubu kple asixɔxɔ eŋu.—Kolosetɔwo 3:19; Petro I, 3:7.
3. Ele be vifofo nawɔ dɔ sesĩe akpɔ eƒe ƒomea dzi. Ele be wòadi nuɖuɖu, awudodo, kple nɔƒe na srɔ̃a kple viawo. Ele be vifofo nakpɔ eƒe ƒomea ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo hã gbɔ. (Timoteo I, 5:8) Exɔa ŋgɔ naa kpekpeɖeŋu eƒe ƒomea be woasrɔ̃ nu tso Mawu kple Eƒe tameɖoɖowo ŋu.—Mose V, 6:4-9; Efesotɔwo 6:4.
4. Ele be srɔ̃nyɔnu nanye kpeɖeŋutɔ nyui na srɔ̃a. (Mose I, 2:18) Ele be wòakpe ɖe srɔ̃a ŋu le nufiafia kple hehenana wo viwo me. (Lododowo 1:8) Yehowa di tso srɔ̃nyɔnu si be wòalé be na eƒe ƒomea lɔlɔ̃tɔe. (Lododowo 31:10, 15, 26, 27; Tito 2:4, 5) Ele be wòasi srɔ̃a ɖa.—Efesotɔwo 5:22, 23, 33.
5. Mawu di tso ɖeviwo si be woaɖo to wo dzilawo. (Efesotɔwo 6:1-3) Edi tso dzilawo si be woafia nu wo viwo ahaɖɔ wo ɖo. Ele be dzilawo nakpɔ vovo ɖe wo viwo ŋu ahasrɔ̃ Biblia kpli wo, atsɔ akpɔ woƒe gbɔgbɔ me kple seselelãme gome nuhiahiãwo gbɔ. (Mose V, 11:18, 19; Lododowo 22:6, 15) Mele be dzilawo nahe to na wo viwo le dziku alo ŋutasesẽ me gbeɖe o.—Kolosetɔwo 3:21.
6. Ne srɔ̃tɔwo dome mele vivim o la, ele be woadze agbagba atsɔ Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo awɔ dɔe. Biblia ƒoe ɖe mía nu be míaɖe lɔlɔ̃ afia eye míalɔ̃ tsɔtsɔke. (Kolosetɔwo 3:12-14) Mawu ƒe Nya la medea dzi ƒo be woaklã atsɔ akpɔ kuxi suewo gbɔe o. Gake srɔ̃nyɔnu ate ŋu atiae be yeadzo le ye srɔ̃ gbɔ ne (1) ŋutsua ɖoe koŋ gbe eƒe ƒomea dzi kpɔkpɔ, (2) ewɔa adã ale gbegbe be nyɔnua ƒe lãmesẽ kple agbe ɖo afɔku me, alo (3) eƒe tsitretsiɖeŋu si gbɔ eme na nyɔnua mete ŋu le Yehowa subɔm o.—Korintotɔwo I, 7:12, 13.
7. Ele be srɔ̃tɔwo nawɔ nuteƒe na wo nɔewo. Ahasiwɔwɔ nye nuvɔ̃ wɔwɔ ɖe Mawu kple amesrɔ̃ ŋu. (Hebritɔwo 13:4) Gbɔdɔdɔ le srɔ̃ɖeɖea godo koe ana woate ŋu agbe srɔ̃ ahaɖe bubu wòasɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu. (Mateo 19:6-9; Romatɔwo 7:2, 3) Yehowa tsri be amewo nagbe wo nɔewo ne menɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi o eye woava ɖe ame bubu.—Maleaxi 2:14-16.
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Mawu bia tso dzilawo si be woafia nu wo viwo ahaɖɔ wo ɖo
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Vifofo lɔlɔ̃tɔ kpɔa eƒe ƒomea ƒe nuhiahiãwo gbɔ le ŋutilã kple gbɔgbɔ me siaa