INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • rq nusɔsrɔ̃ 13 axa 26-27
  • Aleke Nàwɔ Akpɔ Subɔsubɔha Vavãtɔ La?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Nàwɔ Akpɔ Subɔsubɔha Vavãtɔ La?
  • Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Aleke Nàwɔ Akpɔ Tadedeagu Vavãtɔ Adze Sii?
    Nya Nyui Si Tso Mawu Gbɔ!
  • Aleke Nàwɔ Ade Dzesi Tadedeagu Vavãtɔ?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Subɔsubɔ si Dzea Mawu Ŋu
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Ale Si Nàwɔ Akpɔ Subɔsubɔha Vavãtɔ Adze Sii
    Àte Ŋu Anye Mawu Xɔlɔ̃!
Kpɔ Bubuwo
Nukae Mawu Di tso Mía Si?
rq nusɔsrɔ̃ 13 axa 26-27

Nusɔsrɔ̃ 13

Aleke Nàwɔ Akpɔ Subɔsubɔha Vavãtɔ La?

Ðe subɔsubɔhawo katã dzea Mawu ŋua, alo ɖeka koea? (1)

Nukata subɔsubɔha geɖe gblɔna be Kristotɔwoe yewonye? (2)

Aleke nàwɔ adze si Kristotɔ vavãwo? (3-7)

1. Kristotɔwo ƒe subɔsubɔha vavãtɔ ɖekae Yesu ɖo. Eyata egbea ele be Yehowa Mawu ƒe tadeagula vavãwo ƒe ha, alo ƒuƒoƒo, ɖeka ko nanɔ anyi. (Yohanes 4:23, 24; Efesotɔwo 4:4, 5) Biblia fiaa nu be ame ʋee aɖewo koe le mɔ xaxɛ si ɖo ta agbe me la dzi.—Mateo 7:13, 14.

2. Biblia gblɔ ɖi be le apostoloawo ƒe ku megbe la, nufiafia gbegblẽwo kple nuwɔna siwo medze Kristotɔwo o ava ge ɖe Kristo-hamea me vivivi. Amewo ahe xɔsetɔwo be woava dze yewo yome le esi teƒe be woadze Kristo yome. (Mateo 7:15, 21-23; Dɔwɔwɔwo 20:29, 30) Eyatae míekpɔa subɔsubɔha vovovo geɖe siwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye ɖo. Aleke míawɔ adze si Kristotɔ vavãwo?

3. Kristotɔ vavãwo ƒe dzesi si dzena wue nye be lɔlɔ̃ ŋutɔŋutɔ le wo dome. (Yohanes 13:34, 35) Womefiaa wo be woabui be yewonyo wu ameƒomevi bubuwo alo amesiwo ƒe ŋutigbalẽ to vovo na wo tɔ o. Eye womefiaa wo hã be woalé fu dukɔ bubu me tɔwo o. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Eyata womekpɔa gome le aʋawɔwɔ me o. Kristotɔ vavãwo wɔa nu ɖe wo nɔewo ŋu abe nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ene.—Yohanes I, 4:20, 21.

4. Subɔsubɔha vavãtɔ ƒe dzeside bubue nye be emetɔwo dea bubu deto Biblia ŋu. Woxɔnɛ be enye Mawu ƒe Nya eye woxɔa nya si wògblɔ dzi se. (Yohanes 17:17; Timoteo II, 3:16, 17) Wobua Mawu ƒe Nya la be ele vevie sã wu amegbetɔ ƒe susu alo kɔnuwo. (Mateo 15:1-3, 7-9) Wodzea agbagba nɔa agbe ɖe Biblia nu le woƒe gbesiagbegbenɔnɔ me. Eyata womeɖea gbeƒã nya aɖe ganɔa agbe si to vovo nɛ o.—Tito 1:15, 16.

5. Ele hã be subɔsubɔha vavãtɔ nade bubu Mawu ƒe ŋkɔ ŋu. (Mateo 6:9) Yesu na ame bubuwo nya Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa. Ele be Kristotɔ vavãtɔwo nawɔ nenema ke. (Yohanes 17:6, 26; Romatɔwo 10:13, 14) Amekawoe le miaƒe nutoa me siwo ƒoa nu tso Mawu ƒe ŋkɔ ŋu na ame bubuwo?

6. Ele be Kristotɔ vavãwo naɖe gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒea. Yesu wɔ nenema. Eƒo nu tso Fiaɖuƒea ŋu ɣesiaɣi. (Luka 8:1) Ede se na eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖe gbeƒã gbedasi sia ke le anyigba dzi katã. (Mateo 24:14; 28:19, 20) Nyateƒe Kristotɔwo xɔe se be Mawu ƒe Fiaɖuƒea koe ahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ ava anyigba sia dzi.—Psalmo 146:3-5.

7. Mele be Yesu ƒe nusrɔ̃lawo nanye xexe vɔ̃ɖi sia ƒe akpa aɖeke o. (Yohanes 17:16) Womekpɔa gome le xexeame ƒe dunyahenyawo kple hadomenyaʋiʋliwo me o. Wotsria agbenɔnɔ, nuwɔna, kple nɔnɔme gbegblẽ siwo bɔ ɖe xexeame. (Yakobo 1:27; 4:4) Àte ŋu ade dzesi subɔsubɔha aɖe le miaƒe nutoa me si ŋu Kristotɔnyenye vavãtɔ ƒe dzesi siawo lea?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 27]

Kristotɔ vavãwo lɔ̃a wo nɔewo, wodea bubu Biblia ŋu, eye woɖea gbeƒã Mawu ƒe Fiaɖuƒe la

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe