Agbalẽ La Me Nyawo
Ne ame aɖe yi agbalẽdzraɖoƒe zi gbãtɔ la, ate ŋu atɔtɔ ne ekpɔ alesi gbegbe agbalẽwo sɔ gbɔ ɖe afimae. Gake ne woɖe alesi woɖo agbalẽawo ɖe agbalẽdzraɖoƒea me nɛ vie la, eteƒe madidi hafi wòanya alesi wòawɔ ake ɖe nusi dim wòle ŋu o. Nenema ke wònɔna bɔbɔe wui be nàkpɔ nusi dim nèle le Biblia me ne ènya ɖoɖo si nu woɖo emenyawo ɖo.
WOÐE nya “Biblia” tso Helagbe me nya bi·bliʹa, si gɔmee nye “papyrus gbalẽxatsaxatsawo” alo “agbalẽwo” me.1 Le nyateƒe me la, Biblia nye agbalẽwo ƒe ƒuƒoƒo—agbalẽdzraɖoƒe—si woƒo agbalẽ ɖekaɖeka 66 nu ƒu ɖo, siwo ŋɔŋlɔ xɔ ƒe siwo de 1,600, tso ƒe 1513 D.M.Ŋ. vaseɖe ƒe 98 M.Ŋ. me.
Woyɔa Biblia ƒe agbalẽ 39 gbãtɔawo, si anye eƒe mamã ɖe akpa ene me ƒe akpa etɔ̃, be Hebri Ŋɔŋlɔawo, elabena gbe ma mee woŋlɔ woƒe akpa gãtɔ ɖo. Míate ŋu amã agbalẽ siawo ɖe akpa gã etɔ̃ me: (1) Ŋutinyagbalẽwo, Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ vaseɖe Ester, agbalẽ 17; (2) Hakpanyawo, Hiob vaseɖe Hawo ƒe Ha, agbalẽ 5; kple (3) Nyagblɔɖigbalẽwo, Yesaya vaseɖe Maleaxi, agbalẽ 17. Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso anyigba la kple ameƒomea ƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze kpakple blema Israel-dukɔ la ƒe ŋutinya tso wo ɖoɖo dukɔe vaseɖe ƒe alafa atɔ̃lia D.M.Ŋ. me ŋu.
Woyɔa agbalẽ 27 susɔeawo be Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo, elabena Helagbe, si nye gbe si wodona le dukɔ geɖe me ɣemaɣi, mee woŋlɔ wo ɖo. Nyati si ŋu woƒo nu tsoe koŋ nue woɖo wo ɖo: (1) ŋutinyagbalẽ 5—Nyanyuiawo kple Dɔwɔwɔwo, (2) lɛta 21, kple (3) Nyaɖeɖefia. Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso Yesu Kristo ƒe nufiafiawo kple eƒe dɔwɔwɔwo kpakple eƒe ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me nusrɔ̃lawo tɔ ŋu.