Dzixɔsea Ge Ðe Yuda-Subɔsubɔ, Kristodukɔa, Kple Islam Me
“Mawusubɔsubɔ nye mɔ siwo dzi wotona be amewo nalɔ̃ ɖe edzi be yewoava ku godoo la dometɔ ɖeka, eɖanye be wodo agbe si ɖɔ ʋu wu si woava nɔ le ku megbe, gbugbɔgadzɔ, alo evea siaa ƒe ŋugbe na wo o.”—GERHARD HERM, GERMANYTƆ AGBALẼŊLƆLA.
1. Dzixɔse vevi ka dzie subɔsubɔha akpa gãtɔ tua woƒe ŋugbedodo le agbenɔnɔ le ku megbe ŋu ɖo?
SUBƆSUBƆHA ɖesiaɖe kloe nɔa te ɖe dzixɔse si nye be luʋɔ makumaku le amegbetɔ si eye be ne ame ku la, ezɔa mɔ yia xexe bubu me alo gena ɖe nuwɔwɔ bubu me dzi tsɔ doa agbenɔnɔ le ku megbe ŋugbee. Abe alesi míede dzesii le akpa si do ŋgɔ me ene la, amegbetɔ ƒe makumakunyenye dzixɔsea nye Ɣedzeƒesubɔsubɔhawo ƒe nufiafia vevi tso esime woɖo wo gɔme anyi. Ke Yuda-subɔsubɔ, Kristodukɔa, kple Islam ya ɖe? Aleke nufiafia la wɔ va zu nu vevi le subɔsubɔha siawo me?
Helatɔwo ƒe Nukpɔsusuwo Ge Ðe Yuda-Subɔsubɔ Me
2, 3. Le Encyclopaedia Judaica ƒe nya nu la, ɖe Hebritɔwo ƒe ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo fia nu be luʋɔ mekuna oa?
2 Yuda-subɔsubɔ dzɔtsoƒe yi megbemegbe ʋĩ ƒe 4,000 va ɖo Abraham dzi. Wodze Hebritɔwo ƒe ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo ŋɔŋlɔ gɔme le ƒe alafa 16 lia D.M.Ŋ. me eye wowu enu le ɣeyiɣi si me Socrates kple Plato trɔ asi le luʋɔ makumaku ƒe nufiafia ŋu me. Ðe luʋɔ makumaku ƒe nufiafia le Ŋɔŋlɔ siawo mea?
3 Encyclopaedia Judaica ɖo eŋu be: “Biblia ŋɔŋlɔ vɔ megbee luʋɔ makumaku dzixɔse va ƒo ke ɖe to sesĩe wòdze ƒã . . . eye wòva zu Yuda-subɔsubɔ kple Kristotɔwo ƒe sɔlemehawo ƒe nufiafia veviwo dometɔ ɖeka.” Egblɔ hã be: “Le Biblia ŋlɔɣi la, wobua amegbetɔ be enye nu blibo ɖeka. Eyata womede vovototo aɖeke luʋɔ kple ametia dome o.” Numekugbalẽ la ɖee fia be Yudatɔ gbãtɔwo xɔ ame kukuwo ƒe tsitretsitsi dzi se, eye “ele be woabui be enye nusi to vovo tso . . . luʋɔ makumaku dzixɔse la gbɔ.”
4-6. Aleke luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la wɔ va zu Yuda-subɔsubɔ ƒe “nufiafia veviwo dometɔ ɖeka”?
4 Ekema aleke nufiafia la wɔ va zu Yuda-subɔsubɔ ƒe “nufiafia veviwo dometɔ ɖeka”? Míakpɔ ŋuɖoɖoa le ŋutinya me. Le ƒe 332 D.M.Ŋ. me la, Alexander Gãtɔ ɖu Titinaɣedzeƒe ƒe akpa geɖe dzi le ablaɖeɖe gã aɖe me. Esi wòva ɖo Yerusalem la, Yudatɔwo xɔe alɔevee. Ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Flavius Josephus gblɔ be wotsɔ nyagblɔɖi si le Daniel ƒe agbalẽa me, si woŋlɔ ƒe 200 kple edzivɔ do ŋgɔ si ƒo nu tso Alexander si nye “Hela-nyigba ƒe fia” la ƒe aʋadziɖuɖu ŋu eme kɔ nyuie la gɔ̃ hã fiae. (Daniel 8:5-8, 21) Fia siwo kplɔ Alexander ɖo la yi ɖoɖo si wòwɔ be Helatɔwo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi nakaka la dzi eye Helagbe, woƒe kɔnuwo, kple woƒe xexemenunyafiafia xɔ fiaɖuƒea ƒe akpa sia akpa. Esia na dekɔnu eve—Helatɔwo tɔ kple Yudatɔwo tɔ—va tsaka.
5 Le ƒe alafa etɔ̃lia D.M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze la, wodze Hebri Ŋɔŋlɔawo gɔmeɖeɖe ɖe Helagbe me zi gbãtɔ gɔme, eye woyɔe be Septuagint. Esia na Dukɔwo me tɔ geɖe va de bubu Yudatɔwo ƒe subɔsubɔha ŋu henya nu tso eŋu nyuie, eye wo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã trɔ dzime zu subɔsubɔha ma me tɔwo. Yudatɔwo hã va nya Helatɔwo ƒe nukpɔsusuwo nyuie, eye wo dometɔ aɖewo va zu xexemenunyafialawo, si nye nu yeye kura na wo. Philo si tso Alexandria, amesi nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me nye Yudatɔ xexemenunyafiala siawo dometɔ ɖeka.
6 Philo de bubu tɔxɛ Plato ŋu eye wòdze agbagba be yeatsɔ Helatɔwo ƒe xexemenunya aɖe Yuda-subɔsubɔ me. Agbalẽ si nye Heaven—A History gblɔ be: “Philo tsɔ Plato ƒe xexemenunya tsaka Biblia me nufiafiawo tsɔ dzra mɔ dzi ɖo na Kristotɔ [kpakple Yudatɔ] nunyala siwo va emegbe.” Eye nuka dzie Philo xɔ se le luʋɔ ŋu? Agbalẽa yi edzi be: “Le eƒe susu nu la, luʋɔ trɔna yia nɔnɔme tsãtɔ si me wònɔ hafi wodzi amea la me. Esi gbɔgbɔmexexeame ƒe nue luʋɔ nye ta la, zi geɖe agbe si le ametia me zua nudzɔdzɔ kpui wɔnublanui aɖe ko.” Yudatɔ nunyala bubu siwo xɔ luʋɔ makumaku dzi se la dometɔ aɖewoe nye Isaac Israeli, si nye ƒe alafa 10 lia me Yudatɔ atikenyala xɔŋkɔ aɖe, kple Moses Mendelssohn, ƒe alafa 18 lia me Germanytɔ si nye Yudatɔ xexemenunyala.
7, 8. (a) Nukae Talmud la gblɔ le luʋɔ ŋu? (b) Nukae Yudatɔwo ƒe nyaɣaɣlagbalẽ si wova ŋlɔ emegbe gblɔ le luʋɔ ŋu?
7 Agbalẽ si hã kpɔ ŋusẽ ɖe Yudatɔwo ƒe susu kple agbenɔnɔ dzi vevie enye Talmud—nusi woyɔna be numese siwo rabiwo ŋlɔ ɖi tso ƒe alafa evelia M.Ŋ. me vaseɖe Titinaɣeyiɣiawo me la ƒe totoɖeme, si ŋu woŋlɔ numeɖegbalẽwo kple numeɖeɖewo kpe ɖo emegbe. Encyclopaedia Judaica gblɔ be: “Rabi siwo ŋlɔ Talmud la xɔe se be luʋɔ yia edzi nɔa agbe le ku megbe.” Talmud la ƒo nu tso alesi ame kukuwo doa ka kple ame gbagbewo gɔ̃ hã ŋu. Encyclopædia of Religion and Ethics gblɔ be: “Ðewohĩ Plato ƒe xexemenunyafiafia ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzie wɔe be [rabiwo] va xɔ luʋɔwo ƒe anyinɔnɔ do ŋgɔ na amegbetɔ ƒe dzɔdzɔ dzi se.”
8 Emegbe Yudatɔwo ƒe nyaɣaɣlagbalẽ si nye Kabala la va fia gbugbɔgadzɔ gɔ̃ hã. The New Standard Jewish Encyclopedia gblɔ le dzixɔse sia ŋu be: “Edze abe India ye dzixɔsea dzɔ tso ene. . . . Le Kabbalah me la, edze zi gbãtɔ le agbalẽ si nye Bahir me, eye emegbe tso Zohar dzi heyina la, vivimenudzixɔselawo katã lɔ̃ ɖe edzi, eye wòwɔ akpa vevi aɖe le Hasidtɔwo ƒe dzixɔse kple woƒe agbalẽwo me.” Egbea le Israel la, ame geɖe da asi ɖe edzi be gbugbɔgadzɔ nye Yudatɔwo ƒe nufiafia.
9. Nukpɔsusu kae le egbegbe Yuda-subɔsubɔ ƒe ha vovovoawo si le luʋɔ makumaku ŋu?
9 Eyata Helatɔwo ƒe xexemenunya ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzie na luʋɔ makumaku dzixɔsea ge ɖe Yuda-subɔsubɔ me, eye egbea woxɔe se le eƒe ha vovovoawo ƒe akpa gãtɔ me. Nya kae míate ŋu agblɔ le alesi nufiafia sia wɔ ge ɖe Kristodukɔa me ŋu?
Kristodukɔa Xɔ Plato ƒe Nukpɔsusuwo
10. Nya kae Spaintɔ agbalẽnyala xɔŋkɔ aɖe gblɔ le Yesu ƒe dzixɔse ku ɖe luʋɔ makumaku ŋu?
10 Yesu Kristo dzie Kristotɔnyenye vavãtɔ dze egɔme tsoe. Miguel de Unamuno si nye ƒe alafa 20 lia me Spaintɔ agbalẽnyala xɔŋkɔ la ŋlɔ le Yesu ŋu be: “Ŋutilã ƒe tsitretsitsi, si dzi Yudatɔwo xɔ se la dzi boŋue wòxɔ se, ke menye luʋɔ makumaku, si [Helatɔ] Plato fia lae o. . . . Woate ŋu akpɔ esia ƒe kpeɖodziwo le nyameɖegbalẽ ɖesiaɖe si toa nyateƒe la me.” Eƒo eta be: “Luʋɔ makumaku . . . nye trɔ̃subɔlawo ƒe xexemenunyafiafia dzixɔse.”
11. Ɣekaɣie Helatɔwo ƒe xexemenunyafiafia te gege ɖe Kristotɔnyenye me?
11 Ɣekaɣie “trɔ̃subɔlawo ƒe xexemenunyafiafia dzixɔse” sia ge ɖe Kristotɔnyenye me eye aleke wòdzɔe? New Encyclopædia Britannica ɖee fia be: “Tso ƒe alafa 2 lia M.Ŋ. ƒe domedome la, Kristotɔ siwo xɔ hehe vie le Helatɔwo ƒe xexemenunyafiafia me va kpɔe be ehiã be yewoazã nyagbɔgblɔ siwo yewosrɔ̃ atsɔ aɖe yewoƒe xɔse mee be wòadze be yewonye agbalẽnyalawo eye be wòana trɔ̃subɔla agbalẽnyalawo natrɔ dzime ava yewoƒe ha me. Xexemenunya si fiafia sɔ na wo wue nye Plato ƒe xexemenunyafiafia.”
12-14. Akpa kae Origen kple Augustine wɔ le Plato ƒe xexemenunya tsɔtsɔ de Kristotɔnyenye mee?
12 Blema xexemenunyala siawo dometɔ eve kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe Kristodukɔa ƒe nufiafiawo dzi. Wo dometɔ ɖekae nye Origen si tso Alexandria (ƒe 185-254 M.Ŋ. lɔƒo), kple evelia si nye Augustine si tso Hippo (ƒe 354-430 M.Ŋ.). New Catholic Encyclopedia gblɔ le wo ŋu be: “Origen si ŋu wodea bubui le Ɣedzeƒe kple Augustine Kɔkɔe si wobuna ame vevii le Ɣetoɖoƒe ƒe ɣeyiɣi me koe woxɔe se be gbɔgbɔmenue luʋɔ nye eye wona eƒe nɔnɔme ŋuti nya la zu xexemenunyafiafia me dzixɔse.” Nuka dzie Origen kple Augustine wotu woƒe luʋɔ ŋuti dzixɔsewo ɖo?
13 Clement si tso Alexandria, amesi ŋu New Catholic Encyclopedia gblɔ le be enye “Fofo gbãtɔ si wòdze ƒã be exɔ Helatɔwo ƒe nukpɔsusu le luʋɔ ŋu dzi se” la gbɔe Origen srɔ̃ nu le. Plato ƒe nukpɔsusu le luʋɔ ŋu anya kpɔ ŋusẽ ɖe Origen dzi vevie. Mawunyaŋutinunyala Werner Jaeger gblɔ ɖe The Harvard Theological Review me be: “[Origen] tsɔ luʋɔ ŋuti numeɖeɖe gbogbo aɖewo siwo wòxɔ tso Plato gbɔ de Kristotɔwo ƒe nufiafia me.”
14 Kristodukɔa me tɔ aɖewo bua Augustine be enye blemanunyala gãtɔ kekeake. Hafi Augustine natrɔ dzime ava “Kristotɔnyenye” me esime wòxɔ ƒe 33 la, xexemenunyafiafia ƒe didi vevie nɔ eme eye wòva zu Plato ƒe nufiafia si ŋu wotrɔ asi le fiala.a Eyi edzi lé Plato ƒe xexemenufiafia si ŋu wotrɔ asi le me ɖe asi le eƒe dzimetɔtrɔ megbe. The New Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Enye amesi ƒe susu me wotsɔ Plato ƒe Hela xexemenunyafiafia kple Nubabla Yeye ƒe mawusubɔsubɔ tsaka le bliboe.” New Catholic Encyclopedia lɔ̃ ɖe edzi be “Plato ƒe xexemenunyafiafia si ŋu wotrɔ asi le me koŋue” Augustine ƒe “[luʋɔ ŋuti] nufiafia si va zu kpɔdzidze le Ɣetoɖoƒedukɔwo me vaseɖe ƒe alafa 12 lia ƒe nuwuwu la tso.”
15, 16. Ðe alesi amewo va tsɔ ɖe le Aristotle ƒe nufiafiawo me le ƒe alafa 13 lia me trɔ sɔlemeha la ƒe susu le luʋɔ makumaku ŋua?
15 Le ƒe alafa 13 lia me la, Aristotle ƒe nufiafiawo nɔ ŋusẽ kpɔm le Europa, vevietɔ le esi Arabiatɔ agbalẽnyala siwo ƒo nu tso Aristotle ƒe nuŋɔŋlɔwo ŋu ƒe agbalẽwo bɔ ɖe Latingbe me ta. Aristotle ƒe nukpɔsusuwo wɔ dɔ ɖe Katolikotɔ agbalẽnyala si ŋkɔe nye Thomas Aquinas dzi vevie. Aristotle ƒe nukpɔsusuwo kpɔ ŋusẽ geɖe ɖe sɔlemeha la ƒe nufiafia dzi wu Plato tɔ le Aquinas ƒe agbalẽwo ta. Gake nɔnɔme sia megblẽ naneke le luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la ŋu o.
16 Aristotle fia nu be luʋɔ kple ametia nye nu ɖeka si me womate ŋu ade vovototoe o eye meyia edzi nɔa agbe le eɖokui si le ku megbe o eye be ne nu mavɔ aɖe le amegbetɔ me la, ke nane si si nunya le si ŋu gɔmesese kple amenyenye mele o ye wònye. Luʋɔa ŋu bubu le mɔ sia nu mesɔ ɖe sɔlemeha la ƒe dzixɔse si nye be luʋɔ siwo le wo ɖokui si yia agbenɔnɔ dzi le ku megbe la nu o. Eyata Aquinas trɔ asi le Aristotle ƒe luʋɔ ŋuti nukpɔsusua ŋu, eye wògblɔ be woate ŋu aɖe nu me atsɔ aɖo kpe luʋɔ ƒe makumakunyenye dzi. Esia na sɔlemeha la yi edzi lé luʋɔ makumaku dzixɔse la me ɖe asi.
17, 18. (a) Ðe Ðɔɖɔɖo si wowɔ le ƒe alafa 16 lia me trɔ luʋɔ ŋuti nufiafia la? (b) Dzixɔse kae le Kristodukɔa ƒe sɔlemeha akpa gãtɔ si le luʋɔ makumaku ŋu?
17 Le ƒe alafa 14 lia kple 15 lia me, si nye Europatɔwo ƒe tɔtrɔ ɖe agbalẽsɔsrɔ̃ ŋu ƒe gɔmedzedze la, amewo gava do vivi ɖe Plato ƒe nukpɔsusuwo ŋu. Medici ƒome xɔŋkɔ si le Italy ƒe asi nɔ eme woɖo Plato ƒe nunyasrɔ̃ƒe ɖe Florence gɔ̃ hã be woatsɔ ado Plato ƒe xexemenunyasɔsrɔ̃ ɖe ŋgɔ. Le ƒe alafa 16 lia kple 17 lia me la, amewo meganɔ vivi dom ɖe Aristotle ƒe nufiafiawo ŋu boo o. Eye ƒe alafa 16 lia me Ðɔɖɔɖoa hã metrɔ naneke le luʋɔ ŋuti nufiafia la ŋu o. Togbɔ be Protestanttɔ Ðɔɖɔɖowɔlawo tsi tre ɖe ŋutiklɔdzo ƒe nufiafia ŋu hã la, wolɔ̃ ɖe tohehe alo teƒeɖoɖo mavɔ dzixɔsea dzi.
18 Eyata luʋɔ makumaku ƒe nufiafia xɔ aƒe ɖe Kristodukɔa ƒe sɔlemeha akpa gãtɔ me. Esi Amerikatɔ agbalẽnyala aɖe de dzesi esia la, eŋlɔ bena: “Le nyateƒe me le mía tɔwo ƒe akpa gãtɔ gome la, nusi mawusubɔsubɔ fia enye makumakunyenye, eye megafia nu bubu aɖeke wu ema o. Mawue naa makumakunyenye.”
Makumakunyenye Kple Islam
19. Ɣekaɣie woɖo Islam, eye amekae ɖoe?
19 Islam ƒe gɔmedzedzee nye esime woyɔ Muḥammad be wòava zu nyagblɔɖila esime wòxɔ anɔ ƒe 40. Moslemtɔ geɖe xɔe se be exɔ ɖeɖefiawo anɔ ƒe 20 vaseɖe ƒe 23, tso ƒe 610 M.Ŋ. me lɔƒo vaseɖe esime wòku le ƒe 632 M.Ŋ. me. Woŋlɔ ɖeɖefia siawo ɖe Koran si nye Moslemtɔwo ƒe agbalẽ kɔkɔe la me. Kaka Islam nado la, Plato ƒe nufiafia le luʋɔ ŋu ge ɖe Yuda-subɔsubɔ kple Kristodukɔa me.
20, 21. Nuka dzie Moslemtɔwo xɔ se le Agbenɔnɔ le Ku Megbe ŋu?
20 Moslemtɔwo xɔe se be yewoƒe xɔse lae nye ɖeɖefia siwo woɖe fia blema Hebritɔ kple Kristotɔ nuteƒewɔlawo la ƒe taƒoƒo. Koran la yɔa nya tso Hebri kple Hela Ŋɔŋlɔawo siaa me. Gake Koran me nyawo to vovo na ŋɔŋlɔ siawo le luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la gome. Koran la fia nu be luʋɔ le amegbetɔ si si yia edzi nɔa agbe le ku megbe. Eƒo nu tso ame kukuwo ƒe tsitretsitsi, ʋɔnudrɔ̃gbe, kple nu mamlɛtɔ si adzɔ ɖe luʋɔ dzi hã ŋu—si nye agbenɔnɔ le dziƒo paradisobɔ me loo alo tohehename le dzomavɔ me.
21 Moslemtɔwo xɔe se be ame kuku ƒe luʋɔ yia Barzakh, alo “Domedomenɔƒe,” “teƒe alo nɔnɔme si me amewo anɔ le ku megbe kple do ŋgɔ na Ʋɔnudɔdrɔ̃.” (Surah 23:99, 100, The Holy Qur-an, etenuŋɔŋlɔ) Luʋɔ la le agbe, eye le afima la, etoa nusi woyɔna be “Yɔdo me Tohehe” la me ne ame vɔ̃ɖie amea nye alo eyia dzidzɔkpɔkpɔ me ne enye nuteƒewɔla. Gake ele be nuteƒewɔlawo hã nato funyafunya aɖe me ɖe nuvɔ̃ ʋee siwo wowɔ le woƒe agbenɔɣi ta. Le ʋɔnudrɔ̃gbea la, amesiame dzea ŋgɔ nɔnɔme si me wòava nɔ ɖaa, si nye domedomenɔƒea nɔnɔ ƒe nuwuwu.
22. Nufiafia siwo tsi tre ɖe wo nɔewo ŋu kawoe Arabtɔ xexemenunyala aɖewo fia?
22 Luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la ge ɖe Kristodukɔa kple Yuda-subɔsubɔ me le Plato ƒe nufiafia ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi ta, gake dzixɔsea nɔ Islam me xoxo tso eƒe gɔmedzedze. Esia mefia be Arabtɔ agbalẽnyalawo medze agbagba be yewoatsɔ Islam-nufiafiawo awɔ ɖeka kple Helatɔwo ƒe xexemenunyafiafia o. Le nyateƒe me la, Aristotle ƒe agbalẽwo kpɔ ŋusẽ ɖe Arabtɔwo dzi ale gbegbe. Eye Arabtɔ agbalẽnyala xɔŋkɔwo abe Avicenna kple Averroës ene ɖe Aristotle ƒe nukpɔsusu me tsitotsito. Esi wonɔ agbagba dzem be woatsɔ Helatɔwo ƒe nukpɔsusu awɔ ɖeka kple Moslemtɔwo ƒe nufiafia le luʋɔ ŋu la, woto nufiafia siwo to vovo na wo nɔewo vɛ. Le kpɔɖeŋu me, Avicenna gblɔ be ame ƒe luʋɔ mekuna o. Averroës hã ʋli nya tsɔ tsi tre ɖe nukpɔsusu ma ŋu. Togbɔ be woto nukpɔsusu siawo vɛ hã la, luʋɔ makumaku kpɔtɔ nye Moslemtɔwo ƒe dzixɔse.
23. Akpa kae Yuda-subɔsubɔ, Kristodukɔa, kple Islam wole na luʋɔ makumaku ƒe nya la?
23 Eyata edze ƒã be wofiaa luʋɔ makumaku ƒe nufiafia la le Yuda-subɔsubɔ, Kristodukɔa, kple Islam katã me.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Enye Plato ƒe xexemenunyafiafia ƒomevi yeye aɖe si Plotinus to vɛ le ƒe alafa etɔ̃lia me le Roma la dzixɔsela.
[Nɔnɔmetata si le axa 14]
Alexander Gãtɔ ƒe aʋadziɖuɖu na wotsɔ Helatɔwo ƒe dekɔnuwo tsaka Yudatɔwo tɔ
[Nɔnɔmetata si le axa 15]
Origen, etame, kple Augustine di be yewoade Plato ƒe xexemenunyafiafia Kristotɔnyenye me
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Avicenna, si le etame, gblɔ be amegbetɔ ƒe luʋɔ mekuna o. Averroës ʋli nya tsi tre ɖe nukpɔsusu ma ŋu