Nukata Míekuna?
“Ðoɖoe zi le togbɛawo katã dzi fifia, màgase nu gbagbe aɖeke ŋkɔ le ati aɖeke dzi o; xeviawo dɔ alɔ̃ le atiawo dzi: lala vie; eteƒe madidi o wò hã amiã nu abe nusiawo ke ene.”—JOHANN WOLFGANG VON GOETHE, GERMANYTƆ HAKPANYAŊLƆLA.
1, 2. (a) Didi kae wotsɔ wɔ amegbetɔwoe? (b) Agbe ka tɔgbe atsu kple asi gbãtɔa nɔ?
MAWU wɔ amegbetɔwo hede agbe tegbee nɔnɔ ƒe didi wo me. Le nyateƒe me la, Biblia gblɔ be ede “mavɔmavɔ dzi me na wo.” (Nyagblɔla 3:11) Gake menye agbe tegbee nɔnɔ ƒe didi koe Mawu de amegbetɔwo me o. Ena mɔnukpɔkpɔ wo be woate ŋu anɔe hã.
2 Wowɔ mía dzila gbãtɔwo, Adam kple Xawa, wode blibo eye gbegblẽƒe aɖeke menɔ woƒe susu alo ŋutilã ŋu o. (Mose V, 32:4) Kpɔe ɖa le susu me—lãmevee kple vevesese menɔa wo ŋu ɖaa o, eye ŋɔ medzia wo alo wotsia dzi o! Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Mawu da wo ɖe paradisoƒe dzeani aɖe me. Mawu ɖoe be amegbetɔ nanɔ agbe tegbee eye be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eƒe dzidzimevi deblibowo nayɔ anyigba dzi. (Mose I, 1:31; 2:15) Ekema nukata míekuna?
Tomaɖomaɖo He Ku Vɛ
3. Nuka dzie Adam kple Xawa ƒe agbe mavɔ nɔnɔ nɔ te ɖo?
3 Mawu de se na Adam be: “Ðu abɔmetiawo katã ƒe tsetse faa; ke ati, si na wodzea si nyui kple vɔ̃ la, megaɖu eya ƒe tsetse aɖeke o; gbesigbe naɖu eƒe ɖe, ku ke naku.” (Mose I, 2:16, 17) Eyata nane wɔwɔ dzie Adam kple Xawa ƒe agbe mavɔ nɔnɔ nɔ te ɖo; woƒe toɖoɖo Mawu dzie wònɔ te ɖo.
4. Esime Adam kple Xawa wɔ nuvɔ̃ la, nukata wobu agbe tegbee nɔnɔ le Paradiso me ƒe mɔkpɔkpɔa?
4 Gake nublanuitɔe la, Adam kple Xawa gbe Mawu ƒe se dzi wɔwɔ. (Mose I, 3:1-6) Esia na wova zu nuvɔ̃wɔlawo, elabena “nuvɔ̃ enye sedzimawɔmawɔ.” (Yohanes I, 3:4) Ewɔe be Adam kple Xawa bu agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔa. Nukata? Elabena ‘nuvɔ̃ ƒe fetue nye ku.’ (Romatɔwo 6:23) Eyata esi Mawu nɔ afia tsom na Adam kple Xawa la, egblɔ be: “Anyi nènye, eye anyi ke nagatrɔ azu!” Emegbe wonyã mía dzila gbãtɔawo le Paradisoƒea me. Gbesigbe Adam kple Xawa wowɔ nuvɔ̃ la, woƒe ŋutilã te gbegblẽ vivivi ɖo ta ku me.—Mose I, 3:19, 23, 24.
‘Ku Kaka ɖe Amewo Katã Dome’
5. Aleke ku wɔ kaka ɖe amegbetɔƒome bliboa katã dome?
5 Fifia nuvɔ̃ xɔ aƒe ɖe Adam kple Xawa ƒe domenyiŋusẽfianu me ale gbegbe. Eyata womete ŋu dzi vi deblibowo o, abe alesi womate ŋu atsɔ agba si bɔ ɖe eme amè nu wòadzɔ o ene. (Hiob 14:4) Le nyateƒe me la, vi ɖesiaɖe si woadzi ƒe nɔnɔme nye kpeɖodzi be mía dzila gbãtɔwo bu lãmesẽ deblibo kple agbe mavɔ na wo ɖokui kple woƒe dzidzimeviwo. Kristotɔ apostolo Paulo ŋlɔ bena: “To ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la.”—Romatɔwo 5:12; tsɔe sɔ kple Psalmo 51:7.
6. Nukata míekuna?
6 Egbea dzɔdzɔmeŋutinunyalawo menya nusi tututu ta amegbetɔ kua amegã alo nyagã hekuna o. Gake Biblia ɖe eme be nusita míekunae nye be wodzi mí nuvɔ̃mewoe, esi míenyi nɔnɔme sia ƒe dome tso mía dzila gbãtɔwo gbɔ ta. Gake nukae dzɔna ɖe mía dzi ne míeku?