INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ip-1 ta 24 axa 316-328
  • Xexe Sia Mate Ŋu Axɔ Na Mí O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Xexe Sia Mate Ŋu Axɔ Na Mí O
  • Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Xɔsegbegbe le Israel
  • Israel Ðo Ŋu Ðe Alakpasitsoƒe Ŋu
  • Samaria ƒe Anyidzedze
  • Yehowa ƒe Ameɖeŋusẽ
  • “Migatrɔ”
  • Woxɔ Na Yerusalem
  • Woɖo Fia aɖe ƒe Xɔse Teƒe Nɛ
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
  • Migavɔ̃ na Asiriatɔwo O
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
  • Lãkplɔvi Adre Kple Amegã Enyi—Nu Kae Wòfia Egbea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Yehowa ƒe Adaŋudede ɖe Dukɔwo Ŋu
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
Kpɔ Bubuwo
Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
ip-1 ta 24 axa 316-328

Ta Blaeve Vɔ Enelia

Xexe Sia Mate Ŋu Axɔ Na Mí O

Yesaya 31:1-9

1, 2. (a) Nukata ŋɔdzi lé Yerusalemtɔwo? (b) Nya kawoe wòsɔ be míabia le xaxa si me Yerusalem va nɔ ta?

ŊƆDZI lé Yerusalemtɔwo—eye gɔmesese le eŋu hã! Asiria si nye fiaɖuƒe sesẽtɔ kekeake ɣemaɣi la ho ɖe “Yuda-du sesẽwo katã ŋu, eye wòxɔ wo.” Fifia Asiriatɔwo ƒe aʋakɔa di be yewoaxɔ Yuda ƒe fiadua. (Fiawo II, 18:13, 17) Nukae Fia Xizkiya kple Yerusalemtɔ susɔeawo awɔ?

2 Esi Asiriatɔwo ƒe aʋakɔ sesẽa xɔ Xizkiya ƒe dukɔa ƒe du bubuawo xoxo ta la, enya be Yerusalem mate ŋu anɔ te ɖe wo nu kura o. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Asiriatɔwoe xɔ ŋkɔ wu le anyrawɔwɔ kple ŋutasesẽ me. Ŋɔdzi le dukɔ ma ƒe aʋakɔ ŋu ale gbegbe be ɣeaɖewoɣi dukɔ bubuwo sina le wo nu aʋamawɔmawɔe gɔ̃ hã! Esi Yerusalem ɖo xaxa me alea ɖe, afikae emenɔlawo ate ŋu adi kpekpeɖeŋu le? Ðe ame aɖe ate ŋu axɔ wo le Asiria-ʋakɔa si mea? Eye aleke wòdzɔe be Mawu ƒe amewo va ge ɖe nɔnɔme sia me? Be míaɖo biabia siawo ŋu la, ele be míatrɔ ayi megbemegbe akpɔ alesi Yehowa wɔ nu kple dukɔ si wòbla nu kpli le ƒe siwo do ŋgɔ me.

Xɔsegbegbe le Israel

3, 4. (a) Ɣekaɣie Israel-dukɔa me ma zu fiaɖuƒe eve eye aleke wòdzɔe? (b) Mɔ gbegblẽ ka dzie Yerobeam kplɔ dziehe to ewo fiaɖuƒea toe le woƒe ŋutinya ƒe gɔmedzedze?

3 Tso esime Israel dzo le Egipte vaseɖe Dawid ƒe vi Salomo ƒe ku—si nye ƒe siwo wu 500 vie ko—la, ɖekawɔwɔ nɔ Israel-to 12 la dome eye wonye dukɔ ɖeka. Le Salomo ƒe ku megbe la, Yerobeam nɔ ŋgɔ na dziehe to ewoawo wodze aglã ɖe Dawid ƒe aƒe la ŋu, eye dukɔa me ma zu fiaɖuƒe eve tso ɣemaɣi. Nusia dzɔ le ƒe 997 D.M.Ŋ. me.

4 Yerobeam nye Israel-dziehefiaɖuƒea ƒe fia gbãtɔ, eye ekplɔ eteviwo to xɔsegbegbe ƒe mɔ dzi esi wòɖo nunɔlanyenye si mele se nu o kple nyivisubɔsubɔ anyi ɖe Aron-ƒomea ƒe nunɔlanyenye kple Yehowa ƒe tadedeagu si le se nu la teƒe. (Fiawo I, 12:25-33) Nusia nyɔ ŋu na Yehowa. (Yeremya 32:30, 35) Le esia kple susu bubuwo ta la, eɖe mɔ Asiriatɔwo ɖu Israel dzi. (Fiawo II, 15:29) Fia Hosea te kpɔ be yeaɖe Asiriatɔwo ƒe kɔkutia ɖa esi wòbla nu kple Egipte, gake ɖoɖoa me gblẽ.—Fiawo II, 17:4.

Israel Ðo Ŋu Ðe Alakpasitsoƒe Ŋu

5. Ameka gbɔe Israel di kpekpeɖeŋu le?

5 Yehowa di be yeana Israel-viwo nanyɔ le susu me.a Eyata edɔ nyagblɔɖila Yesaya kple nuxlɔ̃ame sia be: “Baba na amesiwo yi Egipte, be woaxɔ na yewo, woɖo dzi ɖe sɔwo ŋu, eye woɖo ŋu ɖe tasiaɖam sɔgbɔwo kple sɔdola geɖewo ŋu; ke womelé ŋku ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu o, eye womebia Yehowa ta se o!” (Yesaya 31:1) Nublanuinya kae nye si! Israel ɖo ŋu ɖe sɔ kple tasiaɖamwo ŋu wu be woaɖo ŋu ɖe Mawu gbagbe, Yehowa, ŋu. Ŋutilãmenukpɔsusu si nɔ Israel sie nye be Egipte-sɔwo sɔ gbɔ hesesẽ. Eyata Egipte nye dukɔ sesẽ si yewoawɔ ɖeka kpli adze ŋgɔ Asiria-ʋakɔa godoo! Gake eteƒe madidi o Israel-viwo akpɔe be yewoƒe ŋutilãmenubabla kple Egipte nye dzodzro.

6. Nukata Israel ƒe Egipte gbɔ yiyi nye Yehowa dzimaxɔse si vɔ̃ɖi?

6 Amesiwo nɔ Israel kple Yuda la nɔ adzɔgbeɖeɖe ƒe ƒomedodo me kple Yehowa le Se ƒe nubabla si wòwɔ kpli wo ta. (Mose II, 24:3-8; Kronika I, 16:15-17) Israel ɖe Yehowa dzimaxɔse kple bubu mademade se siwo nye nubabla kɔkɔe ma ƒe akpa aɖe la ŋu fia esi wodi kpekpeɖeŋu tso Egipte gbɔ. Nukatae? Elabena Yehowa do ŋugbe le nubabla ma me be yeakpɔ yeƒe dukɔa ta ne wosubɔ ye ɖeka ko. (Mose III, 26:3-8) Yehowa wɔ ɖe ŋugbedodo ma dzi heɖee fia enuenu be yenye “sitsoƒe na wo le hiãɣi me.” (Psalmo 37:39; Kronika II, 14:1, 8-11; 17:3-5, 10) Azɔ hã Yehowa to Mose si nye Se ƒe nubabla la ƒe domenɔla dzi gblɔ na amesiwo ava zu fia le Israel be sɔ geɖe meganɔ wo si o. (Mose V, 17:16) Ne fia siawo wɔ ɖe ɖoɖo sia dzi la, aɖee afia be wokpɔa “Israel ƒe kɔkɔetɔ” la sinu be wòakpɔ yewo ta. Nublanuitɔe la, xɔse ma tɔgbe menɔ Israel-fiawo si o.

7. Nukae Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ tso Israel ƒe xɔsemanɔamesi me?

7 Nusɔsrɔ̃ aɖe le nya sia me na Kristotɔ siwo li egbea. Israel di kpekpeɖeŋu si wokpɔna kple ŋku tso Egipte gbɔ tsɔ wu be woadi Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu si sesẽ wu sã. Nenema ke egbea la, adzro Kristotɔwo be woaɖo ŋu ɖe ŋutilã me dedienɔnɔtsoƒewo—ga si le gadzraɖoƒe, hadomeɖoƒe, kple xexeame kadodowo—ŋu tsɔ wu be woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Enye nyateƒe be Kristotɔ siwo nye ƒometawo bua woƒe agbanɔamedzi be woakpɔ woƒe ƒomewo dzi la nya vevii. (Timoteo I, 5:8) Gake womeɖoa ŋu ɖe ŋutilãmenuwo ŋu o. Eye wotsria ‘ŋukeklẽ ƒomevi ɖesiaɖe.’ (Luka 12:13-21) Yehowa Mawu koe nye “mɔ̃ sesẽ le xaxaɣiwo me.”—Psalmo 9:10; 54:9.

8, 9. (a) Togbɔ be Israel ƒe ɖoɖoa adze nusi sɔ nyuie hã la, nukae ado tso eme, eye nukatae? (b) Vovototo kae le amegbetɔ ƒe ŋugbedodowo kple Yehowa ƒe ŋugbedodowo dome?

8 Yesaya ɖu fewu le Israel-kplɔla siwo bla nu kple Egipte la ŋu be: “Ke nunyala eya hã nye, eye wòahe dzɔgbevɔ̃e vɛ, magbe eƒe nya o, ke boŋ atso ɖe ame vɔ̃ɖiwo ƒe aƒe kple nu tovo wɔlawo ƒe xɔname ŋu.” (Yesaya 31:2) Israel-kplɔlawo abu be nunyalawoe yewonye. Gake ɖe Amesi wɔ xexeame menya nu wu amesiame oa? Adze le gota gome be ɖoɖo si Israel wɔ be yeadi kpekpeɖeŋu tso Egipte la nye aɖaŋu nyui aɖe. Gake dunyahehe me nubabla sia wɔwɔ nye gbɔgbɔmehasiwɔwɔ le Yehowa ŋkume. (Xezekiel 23:1-10) Esia na Yesaya gblɔ be Yehowa ‘ahe dzɔgbevɔ̃e vɛ.’

9 Amesiame nya be womete ŋu ɖoa ŋu ɖe amegbetɔ ƒe ŋugbedodowo ŋu o, eye kakaɖedzi mele amegbetɔ ƒe ametakpɔkpɔ ŋu o. Gake Yehowa ya ‘metrɔa eƒe nya o.’ Awɔ nusi ƒe ŋugbe wòdo kokoko. Eƒe nya megbugbɔna vaa egbɔ ƒuƒlu o.—Yesaya 55:10, 11; 14:24.

10. Nukae adzɔ ɖe Egipte kple Israel siaa dzi?

10 Ðe Egiptetɔwo ate ŋu anye takpɔnu si ŋu Israel aɖo ŋu ɖoa? Ao. Yesaya gblɔ na Israel be: “Ke Egiptetɔwo la, amegbetɔwo wonye, menye Mawu o; woƒe sɔwo la, ŋutilã wonye, menye gbɔgbɔ o; eye ne Yehowa do eƒe asi ɖa la, ke aɖe le xɔnametɔ la te, eye amesi wòle xɔxɔm na la, adze anyi, eye woa kple eve la siaa nu ayi.” (Yesaya 31:3) Xɔnametɔ (Egipte) kple amesi wòle xɔxɔm na (Israel) siaa akli nu, woadze anyi, eye wo nu ayi ne Yehowa do eƒe asi ɖa be yeahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava wo dzi to Asiria dzi.

Samaria ƒe Anyidzedze

11. Aleke nuvɔ̃ yɔ Israel ƒe ŋutinyaa mee, eye nukae do tso eme?

11 Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ na wòdɔ nyagblɔɖilawo enuenu be woade dzi ƒo na Israel be woatrɔ dzime atrɔ ava tadedeagu dzadzɛtɔ me. (Fiawo II, 17:13) Togbɔ be ele alea hã la, ɖe Israel dzi eƒe nuvɔ̃ ɖe edzi boŋ to afakaka, Baal-subɔsubɔ si me agbegbegblẽnɔnɔ le, kple Aseratiwo kple nuxeƒewo zazã me. Israel-viwo na gɔ̃ hã be “wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo to dzo me,” eye wotsɔ vi siwo woa ŋutɔwo dzi sa vɔe na mawu siwo nye gbɔgbɔ vɔ̃wo. (Fiawo II, 17:14-17; Psalmo 106:36-39; Amos 2:8) Yehowa de se be yeatsɔ ahe Israel ƒe vɔ̃ɖinyenyea va nuwuwui esi wògblɔ be: “Samaria [kple eƒe, NW] fia abu abe futukpɔ le tɔ ŋgɔ ene.” (Hosea 10:1, 7) Le ƒe 742 D.M.Ŋ. me la, Asiria-ʋakɔwo dze Samaria si nye Israel-fiadu la dzi. Esi woɖe to ɖe Samaria ƒe etɔ̃ megbe la, emu eye le ƒe 740 D.M.Ŋ. me la, to ewo fiaɖuƒea meganɔ anyi o.

12. Dɔ kae Yehowa de se be woawɔ egbea, eye nukae adzɔ ɖe amesiwo ŋea aɖaba ƒua nuxlɔ̃amea dzi la dzi?

12 Le míaƒe ŋkekea me la, Yehowa de se be woawɔ xexeame katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ aɖe atsɔ axlɔ̃ nu “amewo katã le afisiafi bena, woatrɔ le woƒe dziwo me.” (Dɔwɔwɔwo 17:30; Mateo 24:14) Amesiwo gbea xɔname ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ la azu abe “futukpɔ” ene, eye woatsrɔ̃ abe Israel-dukɔ si gbe xɔse la ene. Gake amesiwo kpɔa mɔ na Yehowa ya “anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) Ekema aleke gbegbe nunya le eme enye esi be míaƒo asa na vodada siwo blema Israel-fiaɖuƒea wɔ la! Mina míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe be wòaɖe mí.

Yehowa ƒe Ameɖeŋusẽ

13, 14. Nya fakɔname kae Yehowa gblɔ na Zion?

13 Yerusalem si nye Yuda-fiadu la gbɔ didi kilometa ʋɛ aɖewo tso Israel ƒe anyieheliƒo gbɔ. Yerusalemtɔwo nya nusi dzɔ ɖe Samaria dzi nyuie. Fifia futɔ dziŋɔ ma si tsrɔ̃ fiaɖuƒe si ɖe liƒo kpli wo la ke va le ŋɔdzi dom na wo. Ðe woasrɔ̃ nu tso nusi dzɔ ɖe Samaria dzi mea?

14 Yesaya ƒe nya siwo kplɔe ɖo fa akɔ na Yerusalemtɔwo. Ena kakaɖedzi wo be Yehowa galɔ̃a eƒe dukɔ si wòbla nu kpli la kokoko, esime wògblɔ be: “Ale Yehowa gblɔ nam enye si: Alesi dzata kple dzatavi nɔa gbe tem ɖe nuléle ŋu, eye ne woyɔ lãkplɔviwo ɖe eŋu kpaŋkpaŋ hã, woƒe ɣli meɖea dzi le eƒo o, eye meɖoa to woƒe howɔwɔ o la, nenema Yehowa Zebaot aɖi ɖe anyi, ne wòawɔ aʋa le Zion-to la kple eƒe togbɛ la dzi.” (Yesaya 31:4) Abe dzatavi si tɔ ɖe eƒe nuléle ŋu ene la, Yehowa anɔ ŋudzɔ ɖe eƒe du kɔkɔe Zion ŋu akpɔ eta. Asiria-srafowo ƒe adegbeƒoƒo, ŋɔdzidoamenya, loo alo howɔwɔ aɖeke mate ŋu ana Yehowa nagbe eƒe tameɖoɖo dzi wɔwɔ o.

15. Aleke Yehowa wɔ nu ɖe Yerusalemtɔwo ŋu le lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ mee?

15 Azɔ de dzesi alesi Yehowa awɔ nu ɖe Yerusalemtɔwo ŋu le lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ mee: “Alesi xevi ɖoa agbae la, nenema Yehowa adzɔ Yerusalem ŋu, adzɔ eŋu, eye wòaxɔ nɛ, akpɔ eta, eye wòaɖee.” (Yesaya 31:5) Xevi si ƒo vi nɔa ŋudzɔ ɣesiaɣi be yeaʋli ye viwo ta. Ekea eƒe aʋala me ɖoa agba le viawo tame eye wòdaa ŋku ɖi nɔa afɔku ƒe dzesiwo dim. Ne nane gogo viawo la, eɖia agba enumake va ʋlia viawo ta. Le mɔ ma tɔgbe nu la, Yehowa alé be na Yerusalemtɔ siwo dzi Asiria va dze la lɔlɔ̃tɔe.

“Migatrɔ”

16. (a) Aɖaŋu kae Yehowa ɖo na eƒe dukɔ la lɔlɔ̃tɔe? (b) Ɣekaɣi koŋue Yudatɔwo ƒe aglãdzedze va dze gaglãa? Ðe eme.

16 Fifia Yehowa ɖo ŋku edzi na eƒe dukɔ la be wowɔ nuvɔ̃ eye wòde dzi ƒo na wo be woaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu: “Mi Israel-viwo, migatrɔ ɖe amesi [ŋu miedze aglã ɖo vevie, “NW”] la ŋu!” (Yesaya 31:6) Menye Israel to ewo fiaɖuƒe la koe dze aglã o. Yudatɔwo, siwo hã nye “Israel-viwo” la hã ‘dze aglã vevie.’ Esia ava dze vevietɔ le Yesaya ƒe nyagblɔɖinya la gbɔgblɔ vɔ megbe teti esime Manase si nye Xizkiya ƒe vi la ava zu fia. Biblia ƒe nuŋlɔɖi gblɔ be, “Manase ble Yuda kple Yerusalem wowɔ nu vɔ̃ɖi wu dukɔ, siwo Yehowa tsrɔ̃ ɖa le Israel-viwo ŋgɔ.” (Kronika II, 33:9) Bu eŋu kpɔ! Yehowa tsrɔ̃ trɔ̃subɔdukɔwo le esi wonyɔ ŋu nɛ le ɖinu siwo wowɔna ta, gake Yudatɔ siwo le nubabla me kple Yehowa la vɔ̃ɖi wu dukɔ mawo me tɔwo gɔ̃ hã.

17. Mɔ ka nue egbe ƒe nɔnɔmewo sɔ kple esiwo nɔ Yuda le Manase ƒe dziɖuɣi le?

17 Le ƒe alafa 21 lia ƒe gɔmedzedze la, xexeame ƒe nɔnɔmewo ɖi alesi nuwo nɔ le Yuda le Manase ƒe ŋkekeawo me le go geɖe me. Xexeame ma kakɛkakɛ le mawusubɔsubɔ, ameƒomevinyenye, kple gbevovovodolawo dome fuléle ta. Nu dziŋɔ siwo nye amewuwu, funyafunyawɔame, amegbɔdɔdɔ sesẽe, kple gbeɖekadolawo tsɔtsrɔ̃ ɖa gblẽ nu le ame miliɔn geɖe ŋu. Ðikeke mele eme o be amewo kple dukɔwo—vevietɔ Kristodukɔa ƒe dukɔwo—‘dze aglã vevie.’ Gake míate ŋu aka ɖe edzi be Yehowa maɖe mɔ nuvɔ̃ɖiwɔwɔ nayi edzi ɖaa o. Nukatae? Le nusi dzɔ le Yesaya ƒe ŋkekea me tae.

Woxɔ Na Yerusalem

18. Nuxlɔ̃ame kae Rabsake na Xizkiya?

18 Asiria-fiawo tsɔ kafukafu naa woƒe mawuwo ne wokpe aʋa heɖu dzi. Asiria-fiagã Ashurbanipal ƒe nuŋɔŋlɔ aɖewo le agbalẽ si nye Ancient Near Eastern Texts me, eye fia sia gblɔ be “Ashur, Bel, Nebo, siwo nye mawugãwo, [eƒe] aƒetɔwo, amesiwo nɔa [ye] ŋu (ɣesiaɣi)” lae fia mɔ ye “[esime yeɖu] asrafo (kpɔnuteƒewo) dzi le . . . aʋakpekpe gã aɖe me.” Esime Rabsake si nye Asiria-fia Sanxerib teƒenɔla nɔ nu ƒom na Fia Xizkiya le Yesaya ƒe ŋkekea me la, eya hã ɖe dzixɔse ma tɔgbe fia be mawuwo kpɔa gome le amegbetɔwo ƒe aʋawɔwɔwo me. Exlɔ̃ nu Yuda-fia la be megaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu be axɔ na yewo o eye wògblɔ be dukɔ bubuwo ƒe mawuwo mete ŋu kpɔ woƒe amewo ta le Asiria-ʋawɔlawo si me o.—Fiawo II, 18:33-35.

19. Aleke Xizkiya wɔ nu ɖe Rabsake ƒe alɔmeɖenyawo ŋui?

19 Aleke Fia Xizkiya wɔ nui? Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be: “Esime fia Xizkiya see la, edze eƒe awuwo, eye wòta akpanya heyi Yehowa ƒe aƒe la me.” (Fiawo II, 19:1) Xizkiya de dzesii be Ame ɖeka koe li si ate ŋu akpe ɖe ye ŋu le nɔnɔme dziŋɔ sia me. Ebɔbɔ eɖokui eye wòkpɔ Yehowa sinu be wòafia mɔ ye.

20. Aleke Yehowa awɔ nu ɖe Yudatɔwo tae, eye nukae wòle be woasrɔ̃ tso esia me?

20 Yehowa na mɔfiafia si dim wònɔ lae. Eto nyagblɔɖila Yesaya dzi gblɔ be: “Le ɣemaɣi la wo dome amesiame anyɔ ŋu eƒe klosalolegba kple sikalegba, siwo eƒe asiwo wɔ na eɖokui hena nuvɔ̃wɔwɔ la.” (Yesaya 31:7) Ne Yehowa wɔ aʋa na eƒe dukɔ la, woaklo nu le Sanxerib ƒe mawuwo dzi be nusi wonye la nadze—be wonye nu gbɔlowo. Esia nye nusi me wòle be Yudatɔwo nasrɔ̃ nu le. Togbɔ be Fia Xizkiya nye nuteƒewɔla hã la, legbawo yɔ Yuda-nyigba dzi abe Israel ke ene. (Yesaya 2:5-8) Le Yudatɔwo gome la, nusi woawɔ ƒomedodo nyui nagava nɔ wo kple Yehowa domee nye be woatrɔ dzime le woƒe nuvɔ̃wo me eye ‘amesiame nanyɔ ŋu eƒe mawu gbɔloawo.’—Kpɔ Mose II, 34:14.

21. Aleke Yesaya ɖɔ alesi Yehowa atu nu kple Asiriatɔwoe le nyagblɔɖi me?

21 Azɔ Yesaya ɖɔ alesi Yehowa atu nu kple Yuda ƒe futɔ dziŋɔae le nyagblɔɖi me be: “Asur atsi yi nu, ke menye ŋutsu ƒe yi nu o, eye yi aɖui, ke menye amegbetɔ ƒe yi o; asi le yi nu, eye eƒe ɖekakpuiwo azu yakadɔwɔlawo.” (Yesaya 31:8) Ne ɣeyiɣia ɖo la, mahiã be Yerusalemtɔwo naɖe woƒe yi le aku me gɔ̃ hã o. Yehowa ƒe yie atsrɔ̃ Asiria-srafo nyuitɔwo, ke menye amegbetɔ tɔ o. Le Asiria-fia Sanxerib gome la, “asi le yi nu.” Esi Yehowa ƒe dɔla wu eƒe aʋawɔlawo dome ame 185,000 megbe la, etrɔ yi aƒe. Emegbe eya ŋutɔ viawo wui esime wònɔ gbe dom ɖa na eƒe mawu Nisrox.—Fiawo II, 19:35-37.

22. Nukae Kristotɔ siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ tso nudzɔdzɔ siwo ku ɖe Xizkiya kple Asiria-ʋakɔa ŋu me?

22 Ame aɖeke mete ŋu kpɔ alesi Yehowa awɔ aɖe Yerusalem tso Asiria-ʋakɔa si me do ŋgɔ o, Xizkiya hã mete ŋu kpɔe o. Ke hã alesi Xizkiya wɔ nu le nɔnɔme sesẽawo me nye kpɔɖeŋu nyui aɖe na amesiwo dzea ŋgɔ dodokpɔwo egbea. (Korintotɔwo II, 4:16-18) Esɔ be Xizkiya navɔ̃ le alesi Asiriatɔ siwo di be yewoaxɔ Yerusalem la xɔ ŋkɔ le ŋutasesẽ ŋɔdzitɔe me la ta. (Fiawo II, 19:3) Ke hã exɔ Yehowa dzi se eye wòdi Eƒe mɔfiafia, ke menye amegbetɔ tɔ o. Yayra ka gbegbee nye si eƒe nuwɔna he vɛ na Yerusalem! Ŋɔdzi ate ŋu alé Kristotɔ mawuvɔ̃la siwo li egbea hã ne woɖo xaxa me. Esɔ be míavɔ̃ le nɔnɔme geɖe me. Ke hã ne ‘míetsɔ míaƒe dzimaɖiwo katã da ɖe Yehowa dzi’ la, alé be na mí. (Petro I, 5:7) Akpe ɖe mía ŋu míaɖu míaƒe vɔvɔ̃a dzi eye wòado ŋusẽ mí be míakpe akɔ kple nɔnɔme si na míexaxa la.

23. Mɔ ka nue ŋɔdzi lé Sanxerib le ke menye Xizkiya o?

23 Mlɔeba la, Sanxerib ye ŋɔdzi lé, ke menye Xizkiya o. Ameka gbɔe wòate ŋu adi kpekpeɖeŋu le? Yesaya gblɔ ɖi be: “Eƒe agakpe ate ɖa le vɔvɔ̃ ta, eye aflaga ana dzidzi naƒo eƒe amegãwo; Yehowa, amesi ƒe dzo le Zion, eye eƒe mlekpui le Yerusalem lae gblɔe.” (Yesaya 31:9) Sanxerib ƒe mawuwo—eƒe “agakpe,” sitsoƒe si ŋu wòɖo dzi ɖo—mexɔ nɛ o. Míate ŋu agblɔe le kpɔɖeŋumɔ nu be ‘wote ɖa le vɔvɔ̃ ta.’ Tsɔ kpe ɖe eŋu la, Sanxerib ƒe amegãwo gɔ̃ hã mete ŋu na kpekpeɖeŋu aɖekee o. Dzidzi ƒo woawo hã.

24. Nya si me kɔ kae míate ŋu asrɔ̃ tso nusi dzɔ ɖe Asiriatɔwo dzi me?

24 Yesaya ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa sia gblɔ nya aɖe si me kɔ nyuie na ame ɖesiaɖe si atsi tre ɖe Mawu ŋu. Aʋawɔnu, ŋusẽ, alo aɖaŋu aɖeke meli si ate ŋu agblẽ Yehowa ƒe tameɖoɖowo me o. (Yesaya 41:11, 12) Le ɣeyiɣi ma ke me la, amesiwo gblɔna be yewole Mawu subɔm gake wotrɔna le eyome va dia dedienɔnɔ le ŋutilãmenuwo me la ado kpo nu. Amesiame si ‘melé ŋku ɖe Israel ƒe kɔkɔetɔ la ŋu o akpɔe be Yehowa ahe dzɔgbevɔ̃e va eyama dzi.’ (Yesaya 31:1, 2) Nyateƒee, Yehowa Mawu koe nye sitsoƒe vavãtɔ si li ɖaa.—Psalmo 37:5.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Anɔ eme be Israel koŋue wogblɔ Yesaya ta 31 lia ƒe kpukpui etɔ̃ gbãtɔawo me nyawo na. Edze abe Yuda ŋue kpukpui ade susɔeawo ku ɖo ene.

[Nɔnɔmetata si le axa 319]

Amesiwo ɖoa dzi ɖe ŋutilãmenuwo ŋu ado kpo nu

[Nɔnɔmetata si le axa 322]

Yehowa akpɔ eƒe du kɔkɔe la ta abe alesi dzata dzɔa eƒe nuléle ŋui ene

[Nɔnɔmetata siwo le axa 324]

Xexeame ma kakɛkakɛ le mawusubɔsubɔ, ameƒomevinyenye, kple gbevovodolawo dome fuléle ta

[Nɔnɔmetata si le axa 326]

Xizkiya yi Yehowa ƒe aƒeme ɖadi kpekpeɖeŋu

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe