Ta Gbãtɔ
Mawu ƒe Nyagblɔɖila aɖe He Kekeli Vɛ na Ameƒomea
1, 2. Egbeŋkekea me nɔnɔme kawoe na ame geɖe tsia dzi vevie?
MÍELE ɣeyiɣi si me wòdze abe nusianu kloe anya wɔ na amegbetɔ ene me. Yamenutome yiyi, kɔmpiuta mɔ̃ɖaŋununya, agbedomenyiŋusẽ tɔtrɔ, kple dzɔdzɔmeŋutinunya me nutovɛwo ʋu mɔnu yeyewo ɖi na amegbetɔƒomea, eye ena agbenɔnɔ si nyo wu—ɖewohĩ esi didi wu gɔ̃ hã—ƒe mɔkpɔkpɔ va su amewo si.
2 Ðe ŋgɔyiyi siawo na nète ŋu ɖe gametiwo ɖa le wò ʋɔtruwo ŋua? Ðe woɖe aʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzi ɖaa? Ðe woɖe dɔléle ɖa alo ɖe nuxaxa si ame ƒe lɔlɔ̃tɔ ƒe ku hena vɛ ɖaa? Kura o! Aleke ke amegbetɔ ƒe ŋgɔyiyi ɖe dzesii o, afi aɖe ko wòse ɖo. Ŋkuléle Ðe Xexeame Ŋu Habɔbɔ ƒe nyatakaka aɖe gblɔ be: “Míenya alesi míayi dzinu dzi, alesi míawɔ kɔmpiuta me dɔwɔnu sesẽtɔwo, kple alesi míaɖe ame ƒe domenyiŋusẽmenugbagbeviwo ade ame bubu mee. Gake míete ŋu na ame biliɔn ɖeka kpɔ tsi nyui, ɖe lã ƒomeviwo tsɔtsrɔ̃ keŋkeŋ dzi kpɔtɔ, alo kpɔ míaƒe dzɔdzɔmeŋusẽ ƒe nuhiahiãwo gbɔ naneke magblẽmagblẽ le yamenutoa me ŋu haɖe o.” Eme kɔ be ame geɖe tsi dzi ɖe etsɔme ŋu eye womenya afisi woakpɔ akɔfafa kple mɔkpɔkpɔ le o.
3. Nɔnɔme kae nɔ Yuda le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me?
3 Nɔnɔme si dze ŋgɔ mí egbea la ɖi Mawu ƒe ame siwo nɔ anyi le ƒe alafa enyila D.M.Ŋ. me la tɔ. Ɣemaɣi la, Mawu de dɔ asi na esubɔla Yesaya be wòatsɔ akɔfafanya aɖe ayi na Yudatɔwo, eye akɔfafae nye nusi tututu hiã wo. Nudzɔdzɔ siwo he tɔtɔ vɛ ʋuʋu dukɔa. Eteƒe madidi o Asiria-fiaɖuƒe sẽŋuta la ava do ŋɔdzi na dukɔa, eye esia na ame geɖe nɔ vɔvɔ̃m ŋutɔ. Amekae axɔ na Mawu ƒe amewo? Wonɔ Yehowa ƒe ŋkɔ yɔm ya, gake amegbetɔwo ŋu boŋue wodi be yewoaɖo ŋu ɖo.—Fiawo II, 16:7; 18:21.
Akaɖi si Le Keklẽm le Viviti Me
4. Gbedasi eve ƒokpli kae wode asi na Yesaya be wòagblɔ?
4 Yuda ƒe aglãdzedze na be woɖoe be woatsrɔ̃ Yerusalem, eye woakplɔ Yudatɔwo ayi aboyo me le Babilon. Ẽ, ɣeyiɣi sesẽwo nɔ wo ŋgɔ gbɔna. Yehowa de dɔ asi na nyagblɔɖila Yesaya be wòagblɔ ɣeyiɣi dziŋɔ sia ŋu nya ɖi, gake Ede nyanyui hã esi be wòagblɔ. Le Yudatɔwo ƒe aboyomenɔnɔ ƒe 70 le Babilon megbe la, woana ablɔɖe wo! Woƒe ame susɔe kpɔdzidzɔwo atrɔ yi Zion eye mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woagbugbɔ tadedeagu vavãtɔ aɖo anyi le afima. Yehowa to eƒe nyagblɔɖila dzi na akaɖi klẽ le viviti me le gbedasi dodzidzɔname sia ta.
5. Nukata Yehowa ɖe eƒe tameɖoɖowo fia ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ?
5 Yesaya ŋlɔ eƒe nyagblɔɖiwo ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ megbe hafi Yuda va zu aƒedo. Ekema nukatae Yehowa ɖe eƒe tameɖoɖowo fia ɣeyiɣi didi ma gbegbe do ŋgɔ? Ðe amesiwo ŋutɔŋutɔ se Yesaya ƒe nyaawo maku xoxoxo hafi nyagblɔɖiawo nava eme oa? Ele eme nenema. Ke hã nya siwo Yehowa ɖe fia Yesaya la awɔe be Yesaya ƒe nyagblɔɖigbedasi siwo woŋlɔ ɖi nanɔ amesiwo anɔ agbe le Yerusalem tsrɔ̃ɣi le ƒe 607 D.M.Ŋ. me si. Esia anye kpeɖodzi si womate ŋu ake ɖii o be Yehowae nye “amesi ɖe nuwuwu fia le gɔmedzedzea me ke kple nusi gbɔna dzɔdzɔ ge la fia le blema ke.”—Yesaya 46:10; 55:10, 11.
6. Mɔ siwo nu Yehowa de ŋgɔ wu amegbetɔ etsɔmegblɔɖilawo katã le la dometɔ aɖewo ɖe?
6 Yehowa koe ate ŋu agblɔ nya sia wòasɔ. Amegbetɔ ate ŋu anɔ te ɖe nusi wònya tso dunyahehe alo hadomegbenɔnɔ me nɔnɔme si li le eŋɔli ŋu agblɔ nusi ava dzɔ emegbe kpuie ɖi. Gake Yehowa koe ate ŋu akpɔ nusi tututu adzɔ le ɣeyiɣi ɖesiaɖe me, ne eganye etsɔme ʋĩ ke hã. Ete ŋu naa ŋusẽ esubɔlawo hã be woagblɔ nyawo ɖi ɣeyiɣi didi aɖe hafi woava dzɔ. Biblia gblɔ be: “Yehowa mewɔa naneke, ne meɖe eƒe tameɖoɖo fia eƒe dɔla, nyagblɔɖilawo hafi o.”—Amos 3:7.
“Yesaya” Nenie Nɔ Anyi?
7. Aleke agbalẽnyala geɖe ke ɖi le amesi ŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa ŋui, eye nukatae?
7 Nyagblɔɖi ƒe nya la na agbalẽnyala geɖe ke ɖi le amesi ŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa ŋu. Ðikela siawo gblɔ be anye ame aɖe si nɔ agbe le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me, eɖanye le Babilon aboyomenɔɣia loo alo emegbe, kokokoe ŋlɔ agbalẽa ƒe akpa mamlɛa. Wogblɔ be ɖe woŋlɔ Yuda ƒe aƒedozuzu ŋu nyagblɔɖiawo le wo me vava megbe eye le ema ta menye nyagblɔɖi ŋutɔŋutɔwoe wonye kura o. Ðikelawo gblɔ hã be nya siwo Yesaya ƒe agbalẽa gblɔ tso ta 40 yina na wòdze abe ɖe Babilon ye nɔ ŋusẽ kpɔm ɣemaɣi eye Israel-viwo nɔ aboyo me le afima ene. Eyata wobui be anye ɣemaɣi kokokoe ame aɖe ŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa ƒe akpa mamlɛa—le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me. Ðe kpeɖodzi sẽŋu aɖe le nya sia ŋua? Ðeke kura mele eŋu o!
8. Ɣekaɣie wote ɖikeke le amesi ŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa ŋu, eye aleke wòva kakae?
8 Ƒe alafa 12 lia M.Ŋ. me hafi wote ɖikeke le amesi ŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa ŋu. Yudatɔ nyameɖela Abraham Ibn Ezra ye do ɖikeke sia ɖa. Encyclopaedia Judaica gblɔ be: “Esi [Abraham Ibn Ezra] nɔ nu ƒom tso Yesaya ƒe agbalẽa ŋu la, egblɔ be nyagblɔɖila aɖe si nɔ agbe le dukɔa ƒe Aboyomenɔnɔ le Babilon kple woƒe Tɔtrɔ yi Zion megbe kpuie ye ŋlɔ agbalẽa ƒe akpa evelia, si tso ta 40 lia dzi.” Le ƒe alafa 18 lia kple 19 lia me la, Ibn Ezra ƒe nukpɔsusuwo va nɔ agbalẽnyala geɖe si, eye wo dometɔ ɖekae nye Johann Christoph Doederlein, si nye Germanytɔ mawunyaŋutinunyala, amesi ta eƒe Yesaya ƒe agbalẽ ŋuti numeɖegbalẽ le ƒe 1775 me, eye wògata agbalẽ ma ke ƒe tata evelia le ƒe 1789 me. New Century Bible Commentary gblɔ be: “Fifia agbalẽnyalawo katã, negbe esiwo léa blemanyawo me ɖe asi ŋutɔ ko, lɔ̃ ɖe nya si Doederlein do ɖa dzi . . . be nyagblɔɖi siwo le Yesaya ƒe agbalẽa ƒe ta 40-66 la menye nyagblɔɖila Yesaya si nɔ agbe le ƒe alafa enyilia me la ƒe nyawo o ke boŋ emegbee wova ŋlɔ wo.”
9. (a) Aleke woma Yesaya ƒe agbalẽa me kakɛkakɛe? (b) Aleke Biblia ŋuti numeɖela aɖe ƒo nu tso Yesaya ƒe agbalẽa ŋlɔla ŋuti nyaʋiʋlia ŋu kpuie?
9 Gake ɖikeke le Yesaya ƒe agbalẽa ŋlɔla ŋu metɔ ɖe afima o. Nya si wogblɔ le ame evelia si ŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa—alo Yesaya Evelia—ŋu na wodo susua ɖa be ame etɔ̃lia aɖe hã anya kpɔ gome le eŋɔŋlɔ me.a Azɔ wogama Yesaya ƒe agbalẽa me ale be agbalẽnyala aɖe gblɔ be nyagblɔɖila aɖe si womenya o ye ŋlɔ ta 15 kple 16 lia, eye wo dometɔ ɖeka ke ɖi le amesi ŋlɔ ta 23 vaseɖe 27 lia ŋu. Ame bubu hã gblɔ be mate ŋu anye Yesaya ye ŋlɔ nya siwo le ta 34 kple 35 lia me o. Nukatae? Elabena nya siwo le afima ɖi ta 40 vaseɖe 66 lia si wogblɔ xoxo be menye Yesaya si nɔ agbe le ƒe alafa enyilia mee ŋlɔe o ke ame bubu ye ŋlɔe la me nyawo ŋutɔ! Biblia ŋuti numeɖela Charles C. Torrey gblɔ nusi do tso nukpɔsusu siawo me la kpuie eme kɔ. Egblɔ be: “Amesi nye ‘Nyagblɔɖila Gã si Nɔ Aboyo Me’ tsã la va zu ame tsɛ aɖe, eye wona wòbu keŋkeŋ ɖe agbalẽ si woma kakɛkakɛe wòtɔtɔ me.” Gake menye agbalẽnyalawo katãe lɔ̃ ɖe Yesaya ƒe agbalẽa mama alea dzi o.
Kpeɖodzi si Fia be Ame Ðekae Ŋlɔe
10. Gblɔ alesi nyagbɔgblɔ aɖe zazã enuenu ɖo kpe edzi be ame ɖekae ŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa la ƒe kpɔɖeŋu.
10 Susu vevi aɖe li si ta míagblɔ be ame ɖeka koe ŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa. Kpeɖodzi ɖekae nye alesi agbalẽa me nyagbɔgblɔwo le ɖekae. Le kpɔɖeŋu me, nyagbɔgblɔ “Israel ƒe kɔkɔetɔ” dze zi gbɔ zi 12 le Yesaya ta 1 vaseɖe 39 kple zi gbɔ zi 13 le Yesaya ta 40 vaseɖe 66 lia me, gake zi 6 koe nya sia si wotsɔ ɖɔ Yehowae la dze le Hebri Ŋɔŋlɔawo ƒe akpa susɔea me. Nyagbɔgblɔ sia si womezãna edziedzi hafi o la zazã enuenu ɖo kpe edzi be ame ɖekae ŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa.
11. Nukawoe ɖi wo nɔewo le Yesaya ta 1 vaseɖe 39 lia kple ta 40 vaseɖe 66 lia me?
11 Nu bubu aɖewo hã sɔ kple wo nɔewo le Yesaya ta 1 vaseɖe 39 lia kple ta 40 vaseɖe 66 lia me. Wozã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ tɔxɛ aɖewo enuenu le akpa evea siaa, si ƒe ɖewoe nye nyɔnu si le ku lém kple “mɔ” alo “mɔ tata.”b Woyɔ “Zion” hã enuenu, eye enye ŋkɔ si dze zi gbɔ zi 29 le ta 1 vaseɖe 39 lia me eye wògadze zi gbɔ zi 18 le ta 40 vaseɖe 66 lia me. Le nyateƒe me la, woyɔ Zion zi geɖe le Yesaya ƒe agbalẽa me wu Biblia-gbalẽ bubu ɖesiaɖe! The International Standard Bible Encyclopedia gblɔ be kpeɖodzinya siawo “ɖee fia be ame ɖekae ŋlɔ agbalẽa eye asesẽ be wòanɔ alea” ne ame eve, etɔ̃, alo esi wu nenemae ŋlɔ agbalẽa.
12, 13. Aleke Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo ɖee fia be ame ɖekae ŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa?
12 Kpeɖodzi vevitɔ kekeake si fia be ame ɖeka koe ŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa la dze le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me. Ŋɔŋlɔ siawo na wòdze ƒã be ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo xɔe se be ame ɖekae ŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa. Le kpɔɖeŋu me, Luka ƒo nu tso Etiopia-megã aɖe si nɔ nya siwo dze le Yesaya ta 53 fifia la xlẽm ŋu, eye akpa sia tututue egbeŋkekea me ɖikelawo gblɔ be Yesaya Evelia ye ŋlɔe. Gake Luka gblɔ be Etiopiatɔ la nɔ “nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ xlẽm.”—Dɔwɔwɔwo 8:26-28.
13 Azɔ bu Nyanyuigbalẽŋlɔla Mateo, amesi ɖe nu me le alesi Yohanes Amenyrɔɖetsimela na nyagblɔɖinya siwo míakpɔ le Yesaya 40:3 fifia va emee ŋu la ŋuti kpɔ. Ameka ƒe nyagblɔɖie Mateo gblɔ be nya la nye? Yesaya Evelia aɖe si womenya o tɔea? Ao, ke boŋ eyɔ eŋlɔlaa be “nyagblɔɖila Yesaya.”c (Mateo 3:1-3) Ɣebubuɣi la, Yesu xlẽ nya siwo dze le Yesaya 61:1, 2 fifia la le agbalẽ xatsaxatsa aɖe me. Esi Luka nɔ nu ƒom tso nudzɔdzɔa ŋu la, egblɔ be: “Wotsɔ nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽ nɛ.” (Luka 4:17) Paulo yɔ nya tso Yesaya ƒe agbalẽa ƒe akpa evea siaa le lɛta si wòŋlɔ na Romatɔwo me, gake megblɔ nya aɖeke si fia be ame bubu aɖee ŋlɔ agbalẽa o ke boŋ ame ma ke si nye Yesaya ƒe ŋkɔe wòyɔ. (Romatɔwo 10:16, 20; 15:12) Edze ƒã be ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo mexɔe se be ame eve, etɔ̃, alo esi wu nenemae ŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa o.
14. Aleke Ƒukukua ƒe Agbalẽ Xatsaxatsawo kɔ nu mee le amesi ŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa ƒe nya la ŋu?
14 Bu Ƒukukua ƒe Agbalẽ Xatsaxatsawo—blemagbalẽ siwo dometɔ geɖe woŋlɔ do ŋgɔ na Yesu ƒe ɣeyiɣia—ƒe kpeɖodzia hã ŋu kpɔ. Ƒe alafa evelia D.M.Ŋ. mee woŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽawo dometɔ ɖeka si woŋlɔ kple asi si woyɔna be Yesaya ƒe Agbalẽ Xatsaxatsa la, eye etsi tre ɖe ɖikelawo ƒe nya si nye be Yesaya Evelia aɖee yi agbalẽa ŋɔŋlɔ dzi tso ta 40 dzi la ŋu. Le mɔ ka nu? Le blemagbalẽ sia me la, afisi míeyɔna fifia be ta 40 lia la dze egɔme tso akpa aɖe ƒe nuwuwu, eye eƒe nyagbe gbãtɔwo va wu nu ɖe akpa si kplɔe ɖo dzi. Edze ƒã be agbalẽa gbugbɔŋlɔla menya naneke tso nya si gblɔm wole be ame bubue ŋlɔ agbalẽa ƒe akpa ma alo be afimae agbalẽa ƒe akpa bubu dze egɔme tsoe ŋu o.
15. Nya kae ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Flavius Josephus gblɔ le Yesaya ƒe nyagblɔɖi siwo ku ɖe Kores ŋu la ŋuti?
15 Mlɔeba bu ƒe alafa gbãtɔ me Yudatɔ ŋutinyaŋlɔla Flavius Josephus ƒe kpeɖodzinyawo ŋu kpɔ. Menye ɖeko wòɖee fia be woŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa me nyagblɔɖi siwo ku ɖe Kores ŋu la le ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. me ko o ke egblɔ hã be Kores nya nu tso nyagblɔɖi siawo ŋu. Josephus ŋlɔ bena: “Kores nya nusiawo to nyagblɔɖigbalẽ si Yesaya ŋlɔ ɖi ƒe alafa eve kple ewo do ŋgɔ la xexlẽ me.” Josephus gblɔ be anye be alesi Kores nya nu tso nyagblɔɖi siawo ŋu hã tae wòlɔ̃ faa be yeana Yudatɔwo natrɔ yi wo denyigba dzi, elabena Josephus ŋlɔ bena Kores “di vevie heɖoe kplikpaa be yeawɔ ɖe nya si woŋlɔ ɖi la dzi.”—Jewish Antiquities, Agbalẽ XI, ta 1, memama 2 lia.
16. Nya kae míate ŋu agblɔ le nya si ɖikelawo gblɔ be woƒo nu tso Babilon ŋu be enye fiaɖuƒe si kpɔ ŋusẽ xoxo le Yesaya ƒe agbalẽa ƒe akpa mamlɛa me ŋu?
16 Míegblɔe va yi xoxo be ɖikela geɖe gblɔ be tso Yesaya ta 40 dzi yina la, woƒo nu tso Babilon ŋu abe ɖe wòkpɔ ŋusẽ xoxo ene, eye nya si wogblɔ le Israel-viwo ŋu na wòdze abe ɖe wonɔ aboyo me xoxo ene. Ðe esia mafia be agbalẽa ŋlɔla nɔ agbe le ƒe alafa adelia D.M.Ŋ. me oa? Ao, mafia nenema kokoko o. Nya lae nye be le ta siwo do ŋgɔ na Yesaya ta 40 lia me gɔ̃ hã la, woƒoa nu tso Babilon ŋu ɣeaɖewoɣi abe ɖe wònye fiaɖuƒe si nɔ ŋusẽ kpɔm xoxo ene. Le kpɔɖeŋu me, woyɔ Babilon le Yesaya 13:19 be “fiaɖuƒewo ƒe nu vevi” alo abe alesi Today’s English Version gblɔe ene la, enye “fiaɖuƒe si ɖo atsyɔ̃ wu ɖesiaɖe.” Edze ƒã be nyagblɔɖinyawoe nya siawo nye, elabena ƒe alafa ɖeka kple edzivɔ megbe hafi Babilon va zu xexemefiaɖuƒe. Ðikela aɖe “kpɔ ta” na nya sia si wogblɔ be enye kuxi la esi wògblɔ be ame bubue ŋlɔ Yesaya ta 13 lia! Gake le nyateƒe me la, nuƒoƒo tso etsɔme nudzɔdzɔwo ŋu abe ɖe wodzɔ xoxo ene bɔ ɖe Biblia me nyagblɔɖiwo me. Agbalẽŋɔŋlɔ ƒe mɔnu sia ɖoa kpe kakaɖedzi si le nyagblɔɖia me vava ŋu dzi nyuie. (Nyaɖeɖefia 21:5, 6) Nyateƒe wònye be nyagblɔɖi vavãtɔ ƒe Mawu la koe ate ŋu agblɔ nya sia be: “Magblɔ [nya] yeyewo, eye mana miasee, hafi woava dzɔ.”—Yesaya 42:9.
Agbalẽ si me Nyagblɔɖi Siwo Dzi Woate Ŋu Aka Ðo Le
17. Aleke woate ŋu aɖe alesi atsyã si wotsɔ ŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa trɔe tso ta 40 lia dzi la mee?
17 Ekema nyataƒoƒo kae kpeɖodziawo fia asii? Eyae nye be ame ɖeka si gbɔgbɔ ʋã ye ŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa. Agbalẽ ɖeka koe agbalẽ bliboa nye le ƒe alafaawo me vaseɖe fifia, ke menye agbalẽ eve alo esi wu nenemae o. Enye nyateƒe be ame aɖewo agblɔ be atsyã si wotsɔ ŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa trɔ vie tso ta 40 lia yina ya. Gake ɖo ŋku edzi be Yesaya nye Mawu ƒe nyagblɔɖila ƒe 46 ya teti. Míate ŋu akpɔ mɔ be le ɣeyiɣi ma me la, eƒe gbedasia kple alesi wògblɔa woe atrɔ. Le nyateƒe me la, menye ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋuti nuxlɔ̃ame sesẽwo gbɔgblɔ koe nye dɔ si Mawu de Yesaya si o. Wode dɔ asi nɛ hã be wòagblɔ Yehowa ƒe nya siwo nye: “Mifa akɔ, mifa akɔ na nye dukɔ.” (Yesaya 40:1) Ŋugbe si wòdo be le Yudatɔwo ƒe aboyomenɔnɔ ƒe 70 megbe la, woana woatrɔ ayi wo denyigba dzi la afa akɔ na Mawu ƒe dukɔ si wòbla nu kplii la vavã.
18. Nyati kae dze le Yesaya ƒe agbalẽa me si me míadzro le agbalẽ sia me?
18 Ablɔɖe nana Yudatɔwo tso aboyo me le Babilon ye nye nyati vevitɔ si dze le Yesaya ƒe agbalẽa ƒe ta siwo me wodzro le agbalẽ sia me la dometɔ geɖe me.d Nyagblɔɖi siawo dometɔ geɖe va eme le egbeŋkekea me, abe alesi míava kpɔe ene. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, nyagblɔɖi dodzidzɔname siwo va eme le Mawu ƒe Tenuvia ƒe agbenɔnɔ—kple ku—me la le Yesaya ƒe agbalẽa me. Nyagblɔɖi vevi siwo le Yesaya ƒe agbalẽa me sɔsrɔ̃ aɖe vi na Mawu subɔlawo kple ame bubu siwo le xexeame katã la godoo. Nyagblɔɖi siawo nye kekeli na ameƒomea katã vavã.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Agbalẽnyalawo yɔa ame etɔ̃lia si wobe eyae ŋlɔ ta 56 vaseɖe 66 lia la be Yesaya Etɔ̃lia.
b Nyɔnu si le ku lém: Yesaya 13:8; 21:3; 26:17, 18; 42:14; 45:10; 54:1; 66:7. “Mɔ” alo “mɔ tata”: Yesaya 11:16; 19:23; 35:8; 40:3; 43:19; 49:11; 57:14; 62:10.
c Marko, Luka, kple Yohanes zã nyagbɔgblɔ ma ke le woƒe nuŋlɔɖi le nya ma ke ŋu me.—Marko 1:2; Luka 3:4; Yohanes 1:23.
d Wodzro Yesaya ƒe agbalẽa ƒe ta 40 gbãtɔawo me le Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I, si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta me.
[Aɖaka si le axa 9]
Gbegbɔgblɔ ƒe Tɔtrɔ Me Dzodzro ƒe Kpeɖodzi
Gbegbɔgblɔ ƒe tɔtrɔ ŋuti nusɔsrɔ̃—si nye numekuku le tɔtrɔ suesue siwo vaa gbegbɔgblɔ me le ƒe geɖe megbe ŋu—na míegakpɔ kpeɖodzi bubu be ame ɖekae ŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa. Ne ƒe alafa enyilia D.M.Ŋ. mee woŋlɔ Yesaya ƒe agbalẽa ƒe akpa aɖe eye wova ŋlɔ akpa bubu le ƒe 200 megbe la, ke ele be vovototowo nanɔ Hebrigbe si ƒomevi wozã tsɔ ŋlɔ akpa ɖesiaɖee la me. Gake numekuku aɖe si wota ɖe Westminster Theological Journal me gblɔ be “nya siwo gbegbɔgblɔwo ƒe tɔtrɔ me dzodzro ɖe fia ɖo kpe edzi ɖikekemanɔmee be woŋlɔ Yesaya ta 40-66 do ŋgɔ na aboyomenɔɣia.” Amesi na wowɔ numekuku sia ƒo nya ta be: “Ne agbalẽnyala siwo nye ɖikelawo yi edzi te tɔ ɖe edzi be ele be Yesaya ƒe agbalẽa ŋlɔɣi nanye le aboyomenɔɣia alo aboyomenɔɣia megbe la, ke eka woa ŋutɔwo, elabena woƒe nyawo to vovo na nusi gbegbɔgblɔ ƒe tɔtrɔ me dzodzro ɖe fia.”
[Nɔnɔmetata si le axa 11]
Yesaya ƒe Ƒukukua ƒe Agbalẽ Xatsaxatsa la ƒe akpa aɖe. Wotsɔ teƒefiadzesi aɖe de dzesi ta 39 lia ƒe nuwuwu
[Nɔnɔmetata siwo le axa 12, 13]
Yesaya gblɔ Yudatɔwo ƒe ablɔɖekpɔkpɔ ɖi ƒe siwo ade 200 do ŋgɔ