Ta Blaeve Vɔ Etɔ̃lia
“Ŋkɔ Yeye”
1. Kakaɖedzinamenya kawoe woŋlɔ ɖe Yesaya ta 62 lia?
DZIDEƑONAME, akɔfafa, kple gbugbɔɖoanyi mɔkpɔkpɔ—nusiawoe Yudatɔ siwo ƒo dzi ɖe le le Babilon la hiã. Ƒe bla nanewo va yi tso esime wotsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa. Yuda, si gbɔ didi abe kilometa 800 ene tso Babilon gbɔ la zu aƒedo, eye edze abe ɖe Yehowa ŋlɔ Yudatɔwo be ene. Nukae ate ŋu ana woƒe nɔnɔmea naka ɖe eme? Eyae nye ŋugbe siwo Yehowa do be yeana woatrɔ agbɔ va wo de eye yeaɖe mɔ na wo be woagbugbɔ tadedeagu dzadzɛtɔ aɖo anyi. Ekema ŋkɔ siwo fia Mawu ƒe ŋudzedzekpɔɖeameŋu ava xɔ ɖe nya siwo ƒe ɖewoe nye “amesi wogbe” kple “aƒedo” teƒe. (Yesaya 62:4; Zaxarya 2:16) Ŋugbedodo siawo bɔ ɖe Yesaya ta 62 lia fũ. Gake abe gbugbɔɖoanyi ŋuti nyagblɔɖi bubuwo ene la, ta sia ƒo nu tso nya siwo yi ŋgɔ sã wu ablɔɖe nana Yudatɔ siwo nɔ aboyo me le Babilon la ko ŋu. Le Yesaya ta 62 lia me vava gãtɔ me la, woka ɖe edzi na mí be Yehowa ƒe gbɔgbɔ me dukɔ, “Mawu ƒe Israel,” ƒe xɔname ava godoo.—Galatiatɔwo 6:16.
Yehowa Mezia Kpi Ðaa O
2. Mɔ ka nue Yehowa gave Zion nu le?
2 Womu Babilon le ƒe 539 D.M.Ŋ. me. Le ema megbe Persia-fia Kores de se aɖe si na Yudatɔ mawuvɔ̃lawo te ŋu trɔ yi Yerusalem ɖagbugbɔ Yehowa ƒe tadedeagu ɖo anyi ɖe afima. (Ezra 1:2-4) Le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la, Yudatɔ gbãtɔ siwo dze mɔ la va ɖo wo denyigba dzi. Yehowa gave Yerusalem nu ake, abe alesi wòdze le amenuveve si dze le eƒe nyagblɔɖinya la me ene be: “Nyemazi ɖoɖoe o le Zion ta, eye le Yerusalem ta nyemagbɔ ɖe eme o, vaseɖe esime eƒe dzɔdzɔenyenye nado abe kekeli ene, eye eƒe xɔname nabi abe akakati ene.”—Yesaya 62:1.
3. (a) Nukata Yehowa gbe anyigba dzi Zion mlɔeba, eye amekawoe va xɔ ɖe eteƒe? (b) Megbedede kae va, ɣekaɣie wòva, eye ɣeyiɣi ka mee míele egbea?
3 Yehowa wɔ ɖe ŋugbe si wòdo be yeagaɖo Zion, alo Yerusalem, te la dzi le ƒe 537 D.M.Ŋ. me. Xɔname tso egbɔ va na eme tɔwo, eye woƒe dzɔdzɔenyenye dze ƒã. Gake emegbe wogade megbe le tadedeagu dzadzɛtɔ ŋu. Mlɔeba wogbe Yesu be menye eyae nye Mesia la o, eye Yehowa gbe wo mlɔeba be womeganye yeƒe dukɔ tiatia o. (Mateo 21:43; 23:38; Yohanes 1:9-13) Yehowa na dukɔ yeye si nye “Mawu ƒe Israel” la dzɔ. Dukɔ yeye sia va zu eƒe ame tɔxɛwo, eye le ƒe alafa gbãtɔ me la, emetɔwo tsɔ veviedodo ɖe gbeƒã nyanyuia le xexe si wonya ɣemaɣi la katã me. (Galatiatɔwo 6:16; Kolosetɔwo 1:23) Nublanuitɔe la, megbedede tso subɔsubɔha vavãtɔa gbɔ va le apostoloawo ƒe ku megbe. Esia na Kristotɔnyenye ƒomevi aɖe si nye xɔsegbegbe la do, eye edzena le Kristodukɔa me egbea. (Mateo 13:24-30, 36-43; Dɔwɔwɔwo 20:29, 30) Ƒe alafa geɖe enye sia si woɖe mɔ Kristodukɔa he vlodoame va Yehowa ƒe ŋkɔ dzi. Gake mlɔeba le ƒe 1914 me la, Yehowa ƒe “amenuveƒe” la dze egɔme, tsɔ kpe ɖe Yesaya ƒe nyagblɔɖia ƒe akpa sia me vava gãtɔ ŋu.—Yesaya 61:2.
4, 5. (a) Amekawoe Zion kple viawo tsi tre ɖi na egbea? (b) Mɔ ka nue Yehowa zã Zion eye wòna ‘eƒe xɔname bi abe akakati ene’?
4 Egbea ŋugbe si Yehowa do be yeagaɖo Zion te la va eme ɖe eƒe dziƒohabɔbɔ, “dziƒo Yerusalem,” dzi eye via siwo nye Kristotɔ siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na lae le eteƒe le anyigba dzi. (Galatiatɔwo 4:26) Yehowa ƒe dziƒo habɔbɔa nye kpeɖeŋutɔ si tsɔ eɖokui na—enɔa ŋudzɔ, elɔ̃a ame, eye wòdoa vevie dɔ. Dzidzɔɣeyiɣi kae nye si wònye esime wòdzi Mesia Fiaɖuƒea le ƒe 1914 me! (Nyaɖeɖefia 12:1-5) Vevietɔ tso ƒe 1919 me la, via siwo le anyigba dzi ɖe gbeƒã eƒe dzɔdzɔenyenye kple xɔname na dukɔwo. Abe alesi Yesaya gblɔe ɖi ene la, eƒe vi siawo klẽ le viviti me abe akakati ene, esi wona woƒe kekelia klẽ.—Mateo 5:15, 16; Filipitɔwo 2:15.
5 Yehowa tsɔ ɖe le esubɔlawo me vevie eye magbɔ ɖe eme, alo azi kpi, o vaseɖe esime wòwɔ ɖe ŋugbe siwo katã wòdo na Zion kple viawo dzi hafi. Amesiamina susɔeawo kple woƒe zɔhɛ ‘alẽ bubuawo’ hã gbe be yewomazi kpi o. (Yohanes 10:16) Le nyateƒe me la, woƒe gbe le ɖiɖim sesĩe esi wole mɔ ɖeka kolia si dzi woato akpɔ xɔxɔ la fiam amewo.—Romatɔwo 10:10.
“Ŋkɔ Yeye” si Yehowa Tsɔ na Wo
6. Nukae le Yehowa ƒe susu me na Zion?
6 Nukae le Yehowa ƒe susu me na Zion, si nye eƒe ‘dziƒonyɔnu,’ si blema Yerusalem tsi tre ɖi na? Egblɔ be: “Dukɔwo akpɔ wò dzɔdzɔenyenye, fiawo katã akpɔ wò ŋutikɔkɔe, eye woayɔ ŋkɔ yeye, si Yehowa ƒe nu agblɔ la, na wò.” (Yesaya 62:2) Ne Israel wɔ nu le dzɔdzɔenyenye me la, azi dukɔwo dzi be woalé ŋku ɖe eŋu. Azi fiawo gɔ̃ hã dzi woalɔ̃ ɖe edzi be Yehowa le Yerusalem zãm eye be dziɖuŋusẽ ɖesiaɖe si le wo si la megogo Yehowa ƒe Fiaɖuƒea kura o.—Yesaya 49:23.
7. Nukae Zion ƒe ŋkɔ yeyea tsi tre ɖi na?
7 Azɔ Yehowa ɖo kpe Zion ƒe nɔnɔme si trɔ la dzi esi wòtsɔ ŋkɔ yeye aɖe nɛ. Ŋkɔ yeye ma tsi tre ɖi na yayra kple bubu si Zion ƒe vi siwo le anyigba dzi kpɔ tso ƒe 537 D.M.Ŋ. me.a Eɖee fia be Yehowa xɔ Zion be enye ye tɔ. Egbea edzɔa dzi na Mawu ƒe Israel be wonye amesiwo ŋu Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖo alea, eye alẽ bubuawo kpɔa dzidzɔ kpli wo.
8. Mɔ kawo nue Yehowa de bubu Zion ŋu le?
8 Esi Yehowa tsɔ ŋkɔ yeye na Zion vɔ la, edo ŋugbe azɔ be: “Ànye atsyɔ̃ fiakuku le Yehowa si me kple fia ƒe tablanu le wò Mawu si me.” (Yesaya 62:3) Yehowa do kɔkɔ eƒe kpɔɖeŋusrɔ̃, si nye dziƒo Zion, ale be bubu nanɔ eŋu. (Psalmo 48:3; 50:2) Atsyɔ̃ fiakuku la kple “fia ƒe tablanu” fia be wode bubu eŋu hena ŋusẽe. (Zaxarya 9:16) Mawu ƒe Israel si nye dziƒo Zion, alo “dziƒo Yerusalem,” teƒenɔlawo nye nu wɔnuku si do tso Mawu ƒe asi ƒe dɔwɔwɔ—tso eƒe ŋusẽ si ŋudɔ wòwɔ—me. (Galatiatɔwo 4:26) Nuteƒewɔwɔ kple ɖokuitsɔtsɔna ŋuti nuŋlɔɖi ɖedzesi aɖe su gbɔgbɔmedukɔ ma si le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me. Edoa ŋusẽ ame miliɔn geɖe, amesiaminawo kple alẽ bubuawo siaa, be woaɖe xɔse ɖedzesi kple lɔlɔ̃ afia. Le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, Yehowa azã amesiaminawo, amesiwo xɔ woƒe ŋutikɔkɔe dziƒofetu la, atsɔ akpe ɖe nuwɔwɔ siwo le ŋeŋem la ŋu be woanɔ agbe mavɔ.—Romatɔwo 8:21, 22; Nyaɖeɖefia 22:2.
‘Yehowa Kpɔ Dzidzɔ ɖe Ŋuwò’
9. Ƒo nu tso alesi Zion ƒe nɔnɔme trɔe ŋu.
9 Ŋkɔ yeye si wotsɔ na dziƒo Zion si viawo tsi tre ɖi na le anyigba dzi la nye tɔtrɔ dodzidzɔname si wòkpɔ ƒe akpa aɖe. Míexlẽ be: “Womagayɔ wò azɔ be ‘amesi wogbe’ o, eye womagayɔ wò anyigba be ‘aƒedo’ o; ke boŋ woayɔ wò be ‘mekpɔ dzidzɔ le eŋu,’ eye woayɔ wò anyigba be ‘srɔ̃nyɔnu’; elabena Yehowa akpɔ dzidzɔ le ŋuwò, eye wòaɖe wò anyigba wòazu srɔ̃a.” (Yesaya 62:4) Anyigba dzi Zion zu aƒedo tso esime wotsrɔ̃e le ƒe 607 D.M.Ŋ. me. Gake Yehowa ƒe nyawo na kakaɖedzii be woagaɖo eƒe anyigba la te be amewo nagava nɔ edzi. Zion si wogbã tsã la maganye nyɔnu si wogbe o, eye eƒe anyigba maganye aƒedo o. Yerusalem gbugbɔɖoanyi le ƒe 537 D.M.Ŋ. me na eƒe nɔnɔme trɔ, wòto vovo sã na nɔnɔme gbegblẽ si me wònɔ tsã. Yehowa gblɔ be woayɔ Zion be “mekpɔ dzidzɔ le eŋu,” eye woayɔ eƒe anyigba hã be “srɔ̃nyɔnu.”—Yesaya 54:1, 5, 6; 66:8; Yeremya 23:5-8; 30:17; Galatiatɔwo 4:27-31.
10. (a) Aleke wotrɔ Mawu ƒe Israel ƒe nɔnɔmee? (b) Nukae nye Mawu ƒe Israel ƒe “anyigba”?
10 Tso ƒe 1919 me la, tɔtrɔ ma tɔgbe va na Mawu ƒe Israel. Le xexemeʋa gbãtɔ wɔɣi la, edze abe ɖe Mawu gbe Kristotɔ amesiaminawo ene. Gake le ƒe 1919 me la, wogbugbɔ wo gaɖo amenuvevenɔƒe si wonɔ tsã, eye wokɔ alesi wodea ta agui hã ŋu. Esia kpɔ ŋusẽ ɖe woƒe nufiafiawo, woƒe dɔwɔɖoɖowo, kple woƒe dɔwɔnawo dzi. Mawu ƒe Israel la va woƒe “anyigba,” si nye woƒe gbɔgbɔmenɔƒe, alo dɔwɔƒe.—Yesaya 66:7, 8, 20-22.
11. Aleke Yudatɔwo aɖe wo dada wòazu wo srɔ̃e?
11 Yehowa gate gbe ɖe eƒe amewo ƒe amenuveve ɖoƒe yeye sia dzi hegblɔ be: “Alesi ɖekakpui ɖea ɖetugbii la, nenema dziwòviwo aɖe wòe; alesi ŋugbetɔsrɔ̃ kpɔa dzidzɔ le ŋugbetɔ ŋui la, nenema wò Mawu akpɔ dzidzɔ le ŋuwòe.” (Yesaya 62:5) Aleke Yudatɔwo, Zion ‘viwo’ aɖe wo dada wòazu wo srɔ̃e? Eyae nye be Zion ƒe ‘vi’ siwo wona ablɔɖee tso Babilontɔwo ƒe aboyo me eye wotrɔ gbɔna la ava woƒe fiadu xoxo la me agava nɔ eme. Ne edzɔ nenema la, Zion maganye aƒedo o ke viawo ayɔe fũ.—Yeremya 3:14.
12. (a) Mɔ ka nue Yehowa na eme kɔ le be Kristotɔ amesiaminawo nye habɔbɔ si nye ye srɔ̃ la ƒe akpa aɖe? (b) Aleke alesi Yehowa wɔ nu ɖe eƒe dukɔa ŋui nye kpɔɖeŋu nyui aɖe le srɔ̃ɖeɖe me egbeae? (Kpɔ aɖaka si le axa 342.)
12 Nusi sɔ kple esiae nye be tso ƒe 1919 me la, dziƒo Zion la ƒe viwo gava le woƒe anyigba, si nye woƒe gbɔgbɔmenɔƒe si woyɔ le nyagblɔɖi me be “srɔ̃nyɔnu,” la dzi. Kristotɔwo ƒe dɔ si wowɔna le anyigba ma dzi na wòdze ƒã be ‘dukɔ si ŋu Yehowa ƒe ŋkɔ le’ ye Kristotɔ amesiamina siawo nye. (Dɔwɔwɔwo 15:14) Fiaɖuƒea ƒe ku siwo Kristotɔ siawo tsena kple woƒe gbeƒãɖeɖe Yehowa ƒe ŋkɔ na wòdze gaglãa be Yehowa kpɔa dzidzɔ ɖe wo ŋu. Yehowa na eme kɔ be wonye habɔbɔ si ku ɖe ye ŋu kplikplikpli le ɖekawɔwɔ me la ƒe akpa aɖe. Alesi Yehowa tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na Kristotɔ siawo, heɖe wo tso gbɔgbɔmeboyo me, eye wòle wo zãm be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒemɔkpɔkpɔa na ameƒomea katã la ɖee fia be ekpɔa dzidzɔ ɖe wo ŋu abe alesi ŋugbetɔsrɔ̃ kpɔa dzidzɔ ɖe ŋugbetɔ ŋui ene.—Yeremya 32:41.
“Migagbɔ Ðe Eme O”
13, 14. (a) Le blema la, aleke Yerusalem wɔ va zu du si me dedienɔnɔ le? (b) Le míaƒe ɣeyiɣia me la, aleke Zion zu ‘kafukafu le anyigba dzii’?
13 Kpɔɖeŋuŋkɔ si Yehowa tsɔ na eƒe amewo na wokpɔnɛ be yewole dedie. Wonya be ekpɔa ŋudzedze ɖe yewo ŋu eye be etɔ yewonye. Azɔ Yehowa zã kpɔɖeŋu bubu tsɔ ƒo nu na eƒe amewo abe du si ŋu woɖo gli ɖoe wònɔ nu ƒom na ene be: “Yerusalem, meɖo dzɔlawo wò gliwo dzi, amesiwo mazi ɖoɖoe ŋkeke blibo kple zã blibo o. Mi amesiwo ɖoa ŋku nu dzi na Yehowa, migagbɔ ɖe eme o! Miɖee toe, vaseɖe esi wòaɖo Yerusalem te, eye wòatsɔe awɔ kafukafu le anyigba dzi.” (Yesaya 62:6, 7) Le Yehowa ƒe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi, esi nuteƒewɔla susɔeawo trɔ gbɔ tso Babilon la, Yerusalem va zu “kafukafu le anyigba dzi”—du si ŋu woɖo gli ɖo vavã si na dua me tɔwo nɔ dedie. Dzɔla siwo le ŋudzɔ zã kple keli nɔa gli mawo dzi bene woakpɔ egbɔ be dua nanɔ dedie eye be woagblɔ nuxlɔ̃ame gbedasiwo na dua me tɔwo.—Nexemya 6:15; 7:3; Yesaya 52:8.
14 Le míaƒe ɣeyiɣia me la, Yehowa zã eƒe dzɔla amesiaminawo tsɔ fia mɔ ɖokuibɔbɔlawo be woado le alakpasubɔsubɔ ƒe aboyo me. Wokpe amesiawo be woava eƒe habɔbɔa me, afisi wokpɔa wo ta le tso gbɔgbɔmeɖiƒoƒo, mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo, kple Yehowa ƒe ŋudzedzemakpɔɖeameŋu me. (Yeremya 33:9; Zefanya 3:19) Dzɔla ƒe ha, si nye “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela,” si naa ‘gbɔgbɔmenuɖuɖu ɖe ɣeyiɣi nyui dzi’ la wɔa akpa vevi aɖe le ametakpɔkpɔ sia me. (Mateo 24:45-47) Esi “ameha gã” la wɔa dɔ kple dɔla ƒe ha la ta la, woawo hã wɔa akpa vevi aɖe le nana be Zion nanye “kafukafu le anyigba dzi” me.—Nyaɖeɖefia 7:9.
15. Aleke dzɔla ƒe ha la kple woƒe zɔhɛwo subɔa Yehowa ɖaae?
15 Dzɔla ƒe ha la kple woƒe zɔhɛwo gale woƒe dɔa dzi! Alesi wowɔa nu tso luʋɔ blibo mee dzena le nuteƒewɔla miliɔn geɖe ƒe dɔwɔwɔ veviedodotɔe me; eye dzikpɔla mɔzɔlawo kple wo srɔ̃wo; lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla siwo le Betel-ƒewo me kple Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽtaƒewo; dutanyanyuigblɔlawo; kple mɔɖela veviwo, gbesiagbe mɔɖelawo, kpakple kpekpeɖeŋu mɔɖelawo kpena ɖe amesiawo ŋu. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, wowɔa dɔ sesĩe le Fiaɖuƒe Akpata yeyewo tutu, dɔnɔwo sasrãkpɔ, kpekpe ɖe amesiwo dze ŋgɔ atikewɔkuxi sesẽwo, kple kpekpeɖeŋu si sɔ ɖe ɣeyiɣi dzi nana amesiwo ŋu afɔku vovovowo gblẽ nu le me. Ðokuitsɔsavɔla siawo dometɔ geɖe wɔa dɔ “zã kple keli” ŋutɔŋutɔ zi geɖe!—Nyaɖeɖefia 7:14, 15.
16. Mɔ ka nue Yehowa subɔlawo ‘megbɔna ɖe eme le eŋkume le o’?
16 Wode dzi ƒo na Yehowa subɔlawo be woado gbe ɖa madzudzɔmadzudzɔe, abia Mawu be ‘woawɔ eƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene.’ (Mateo 6:9, 10; Tesalonikatɔwo I, 5:17) Woxlɔ̃ nu wo be: “Migagbɔ ɖe eme [le Yehowa ŋkume] o” vaseɖe esime miaƒe didi kple mɔkpɔkpɔ ku ɖe tadedeagu vavãtɔ ɖoɖo anyi ŋu nava eme. Yesu te gbe ɖe alesi wòhiã be míado gbe ɖa ɣesiaɣi dzi, esime wòde dzi ƒo na eyomedzelawo be ‘woado ɣli na Mawu ŋkeke kple zã.’—Luka 18:1-8.
Woaɖo Mawu Subɔsubɔ Teƒe
17, 18. (a) Mɔ ka nue Ziontɔwo ate ŋu akpɔ mɔ be yewoate ŋu ase vivi le yewoƒe agbagbadzedze me tsonuwo me le? (b) Aleke Yehowa ƒe ame siwo li egbea sea vivi le woƒe agbagbadzedzewo mee?
17 Ŋkɔ yeye si Yehowa tsɔ na eƒe amewo ganye kaka ɖe edzi na wo be woƒe agbagbadzedze manye dzodzro o. “Yehowa ta eƒe nuɖusi kple eƒe alɔ sesẽ: Nyemagatsɔ wò bli na wò futɔwo woaɖu azɔ o, eye du bubu me tɔwo magano wò wein, si ŋu nèku kutri ɖo la, azɔ o; ke boŋ amesiwo xa nuku la, woawoe aɖui, eye woakafu Yehowa, eye amesiwo xa nu la, woawoe anoe le nye xɔxɔnu kɔkɔewo.” (Yesaya 62:8, 9) Yehowa ƒe nuɖusi kple eƒe alɔ sesẽ la tsi tre ɖi na eƒe ŋusẽ kple ŋutete. (Mose V, 32:40; Xezekiel 20:5) Nusiawo si wòtsɔ ka atamee la fia be eɖoe kplikpaa be yeatrɔ nɔnɔme si me Zion le. Le ƒe 607 D.M.Ŋ. me la, Yehowa ɖe mɔ Zion ƒe futɔwo da adzoe hexa eƒe nuwo. (Mose V, 28:33, 51) Gake azɔ amesiwo tɔ Zion ƒe nunɔamesiwo nye koe azã wo.—Mose V, 14:22-27.
18 Le ŋugbedodo sia me vava egbegbe tɔa me la, Yehowa ƒe amesiwo wogaɖo te la le gbɔgbɔmedzidzedze gã aɖe kpɔm. Wosea vivi le woƒe agbagbadzedzewo ƒe kutsetse me bliboe—Kristotɔ nusrɔ̃lawo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi eye gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖe le wo si. (Yesaya 55:1, 2; 65:14) Esi Yehowa ƒe amewo wɔa nuteƒe ta la, meɖea mɔ woƒe futɔwo doa kplamatse woƒe gbɔgbɔmedzidzedzekpɔkpɔ loo alo xɔa woƒe luʋɔ blibo me subɔsubɔ ƒe kutsetsewo le wo si o. Dɔ aɖeke wɔwɔ menye dzodzro le Yehowa subɔsubɔ me o.—Maleaxi 3:10-12; Hebritɔwo 6:10.
19, 20. (a) Aleke wokɔ mɔ dzii na Yudatɔwo bene woatrɔ yi Yerusalem? (b) Aleke wokɔ mɔ dzi na ɖokuibɔbɔlawo le míaƒe ɣeyiɣia me be woava Yehowa ƒe habɔbɔa mee?
19 Ŋkɔ yeyea naa Yehowa ƒe habɔbɔa dzroa dzianukwaretɔwo hã. Ame gbogbo aɖewo vaa egbɔ, eye mɔa gale ʋuʋuɖi na wo. Yesaya ƒe nyagblɔɖia gblɔ be: “Mito agboawo me yi, mito wo me yi! Midzra mɔ dzi ɖo na dukɔ la; mido mɔ, mido mɔ; miɖe kpewo ɖa, mikɔ aflaga dzi na dukɔwo!” (Yesaya 62:10) Anye be Babilonia-duwo ƒe agbowo me toto atrɔ yi Yerusalem ŋue yɔyɔ sia ku ɖo le emevava gbãtɔ me. Amesiwo trɔ gbɔna la afɔ kpe ɖa le mɔ dzi be mɔa dzi nanya zɔ eye woatu aflaga wòanye mɔfianu.—Yesaya 11:12.
20 Tso ƒe 1919 me ke la, woɖe Kristotɔ amesiaminawo ɖe vovo na Mawu ƒe subɔsubɔdɔ wɔwɔ eye wole “mɔ tata kɔkɔe” la dzi zɔm. (Yesaya 35:8) Woawoe nye ame gbãtɔ siwo zɔ gbɔgbɔmemɔ tataa dzi do tso Babilon Gã la me. (Yesaya 40:3; 48:20) Mawu na mɔnukpɔkpɔ wo be woaxɔ ŋgɔ le eƒe dɔ gãwo ŋu nya gbɔgblɔ kple mɔ fiafia ame bubuwo va mɔ tataa dzi me. Woa ŋutɔwo ƒe viɖe koŋue kpeawo fɔfɔ ɖa—afɔklinuwo ɖeɖeɖa—la nye. (Yesaya 57:14) Ele be Mawu ƒe tameɖoɖowo kple nufiafiawo nadze ƒã na wo. Alakpadzixɔsewoe nye kpe siwo nye afɔklinuwo le mɔ si ɖo ta agbe me la dzi, gake Yehowa ƒe Nya la le “abe zũ, si agbã agakpe gudugudu la ene.” Kristotɔ amesiaminawo zãnɛ tsɔ gbãa kpe siwo nye afɔklinu siwo ate ŋu ana amesiwo di be yewoasubɔ Yehowa ƒe afɔ nada.—Yeremya 23:29.
21, 22. Dzesi kae Yehowa ɖo anyi na amesiwo dona le alakpasubɔsubɔ me, eye aleke míewɔ nya?
21 Le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la, Yerusalem va zu dzesi na Yudatɔwo ƒe ame susɔeawo be woatrɔ ayi aɖagbugbɔ gbedoxɔa atu. (Yesaya 49:22) Le ƒe 1919 me esime woɖe amesiamina susɔeawo tso alakpasubɔsubɔ ƒe aboyo me la, wometsa tsaglãla o. Wonya afisi woyina, elabena Yehowa na dzesi wo. Dzesi kae? Dzesi ma ke si wogblɔ ɖi le Yesaya 11:10 lae, afisi xlẽ be: ‘Ava me le ɣemaɣi be woaɖo Isai ƒe ke, si nye aflaga na anyigba dzi dukɔwo la anyi.’ Apostolo Paulo zã nya siawo tsɔ ku ɖe Yesu ŋu. (Romatɔwo 15:8, 12) Ẽ, Kristo Yesu, Fia si le dzi ɖum le dziƒo Zion toa dzie nye dzesi la!—Hebritɔwo 12:22; Nyaɖeɖefia 14:1.
22 Woƒo Kristotɔ amesiaminawo kple alẽ bubuawo siaa nu ƒu ɖe Fia Yesu Kristo gbɔ be woakpɔ gome le Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe tadedeagu si hea ɖekawɔwɔ vaa amewo me la me. Eƒe fiaɖuɖu aʋli Yehowa ƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ta eye wòayra dzianukwaretɔ siwo tso anyigba dzi dukɔwo katã me. Ðe esia menye nusita mía dometɔ ɖesiaɖe nakpɔ gome le kafukafuha dzidzi atsɔ do kɔkɔ eyama me oa?
“Wò Xɔname Gbɔna”!
23, 24. Aleke wole xɔname tsɔm le yiyim na amesiwo xɔ Mawu dzi see?
23 Ŋkɔ yeye si Yehowa tsɔ na eƒe habɔbɔ si le abe srɔ̃a ene la ku ɖe viawo ƒe xɔname mavɔ ŋu. Yesaya ŋlɔ be: “Kpɔ ɖa, Yehowa na wosee le anyigba ƒe mlɔenu ke: Migblɔ na Zion-nyɔnuvi be: Kpɔ ɖa, wò xɔname gbɔna, kpɔ ɖa, eƒe [teƒeɖoɖo kpe ɖe eŋu, eye eƒe fetu, “NW”] dze eŋgɔ.” (Yesaya 62:11) Yudatɔwo kpɔ xɔname esime Babilon mu eye wotrɔ yi wo denyigba dzi. Gake nya siawo fia asi nane si lolo wu. Nya siwo Yehowa gblɔ na míeɖo ŋku Zaxarya ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Yerusalem ŋu dzi, esi gblɔ be: “Zion-nyɔnuvi, kpɔ dzidzɔ vevie, Yerusalem-nyɔnuvi, tso aseye! Kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò, dzɔdzɔetɔ kple xɔnametɔ wònye, eye wòdo tedzi kple tedzivi, si nye tedzinɔ ƒe vi.”—Zaxarya 9:9.
24 Ƒe etɔ̃ kple afã le Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me kple Mawu ƒe gbɔgbɔ tsɔtsɔ si ami nɛ megbe la, edo tedzi yi Yerusalem eye wòkɔ eƒe gbedoxɔa ŋu. (Mateo 21:1-5; Yohanes 12:14-16) Egbea Yesu Kristoe nye amesi tsɔ xɔname si tso Yehowa gbɔ le yiyim na amesiwo katã xɔ Mawu dzi se. Tso esime woɖo Yesu fiae le ƒe 1914 me la, ezu Ʋɔnudrɔ̃la si Yehowa ɖo kple eƒe Ametsrɔ̃la. Le ƒe 1918, si nye eƒe fiazuzu ƒe etɔ̃ kple afã megbe la, ekɔ Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ si teƒe Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea le le anyigba dzi la ŋu. (Maleaxi 3:1-5) Esi wokɔe dzi wòzu dzesi la, ena wodze ame gbogbo siwo tso anyigba dzi katã nuƒoƒoƒu gɔme be woanɔ Mesia Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi. Abe alesi wòdzɔe le blema ene la, “xɔname” va na Mawu ƒe Israel la esime woɖe wo le Babilon Gã la me le ƒe 1919 me. “Teƒeɖoɖo” alo “fetu” si wodzra ɖo ɖi na nuŋela siwo tsɔ wo ɖokui sa vɔe lae nye makumakugbenɔnɔ le dziƒo alo agbe mavɔ nɔnɔ le anyigba dzi. Amesiwo katã ayi edzi awɔ nuteƒe ate ŋu aka ɖe edzi be yewoƒe “agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o.”—Korintotɔwo I, 15:58.
25. Kakaɖedzi kae wona Yehowa ƒe amewo?
25 Kakaɖedzi ka gbegbee nye si wona Yehowa ƒe dziƒohabɔbɔa, eteƒenɔla siwo le anyigba dzi afisia, kple amesiame si le ha dem kpli wo vevie! (Mose V, 26:19) Yesaya gblɔe ɖi be: “Woayɔ wo be ‘dukɔ kɔkɔe,’ ‘Yehowa ƒe amesiwo woɖe’; ke wò la, woayɔ wò be ‘du, si ƒe nya wodina,’ ‘du, si womagblẽ ɖi o.’” (Yesaya 62:12) Ɣeaɖeɣi “dziƒo Yerusalem” la, si teƒe Mawu ƒe Israel la le, bui be wogblẽ ye ɖi. Magawɔ nɛ nenema akpɔ o. Yehowa alé be na eƒe amewo akpɔ wo ta tegbee, eye ayi edzi akpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Le Biblia ƒe nyagblɔɖi me la, “ŋkɔ yeye” ate ŋu atsi tre ɖi na ɖoƒe alo mɔnukpɔkpɔ yeye.—Nyaɖeɖefia 2:17; 3:12.
[Aɖaka si le axa 342]
Srɔ̃ɖeɖe ƒe Kpɔɖeŋu Nyui Aɖe
Ne amewo ɖe srɔ̃ la, mɔkpɔkpɔ aɖewo nɔa wo si wotsɔna gena ɖe srɔ̃ɖeɖea mee. Nukawoe Mawu hã kpɔ mɔ na? Eyae ɖo srɔ̃ɖeɖoɖoa gɔme anyi. Tameɖoɖo ka tae wòɖoe anyi ɖo?
Nusiwo me míekpɔa Mawu ƒe nukpɔsusu le nya sia ŋu le dometɔ aɖee nye eƒe ƒomedodo kple Israel-dukɔa. Yesaya ƒo nu tso ƒomedodo sia ŋu abe srɔ̃ɖeɖee wònye ene. (Yesaya 62:1-5) De dzesi nusiwo Yehowa Mawu si nye ‘srɔ̃ŋutsu’ la wɔna na eƒe “ŋugbetɔ” la. Ekpɔa eta hekɔa eŋu. (Yesaya 62:6, 7, 12) Edea bubu kple asixɔxɔ eŋu. (Yesaya 62:3, 8, 9) Eye ekpɔa dzidzɔ ɖe eŋu, abe alesi ŋkɔ yeye siwo wòtsɔ nɛ ɖee fia ene.—Yesaya 62:4, 5, 12.
Le Kristotɔwo ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me la, Paulo gbugbɔ alesi Yesaya ƒo nu tso ƒomedodo si le Yehowa kple Israel dome ŋui la gblɔ esime wòtsɔ ƒomedodo si le ŋutsu kple srɔ̃a dome sɔ kple alesi Kristo kple Kristotɔ amesiaminawo ƒe hamea dome le.—Efesotɔwo 5:21-27.
Paulo de dzi ƒo na Kristotɔwo be woasrɔ̃ ƒomedodo si le Yesu kple hamea dome le woƒe srɔ̃ɖeɖewo me. Lɔlɔ̃ aɖeke mede ŋgɔ wu esi Yehowa ɖe fia Israel kple esi Kristo ɖe fia hamea o. Kpɔɖeŋuƒomedodo siawo nye Kristotɔwo ƒe srɔ̃ɖeɖe si akpɔ dzidzedze eye dzidzɔ anɔ eme ƒe kpɔɖeŋu akuakua.—Efesotɔwo 5:28-33.
[Nɔnɔmetata si le axa 339]
Yehowa atsɔ ŋkɔ yeye ayɔ dziƒo Zion
[Nɔnɔmetata siwo le axa 347]
Yehowa ƒe dzɔla ƒe ha mezi kpi le míaƒe ɣeyiɣia me o