INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ip-2 ta 25 axa 360-371
  • Dzimetɔtrɔ Gbedodoɖa

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzimetɔtrɔ Gbedodoɖa
  • Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Vifofo si ƒe Dɔme Trɔna Ðe Viawo Ŋu
  • Yehowa Koe Ate Ŋu Axɔ Na Ame
  • “Toɖoɖo Nyo Wu Vɔsa”
  • Yehowa, ‘Gbedodoɖasela’ La
  • Yehowa Fiaa Nu Mí be Wòaɖe Vi na Mí
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
  • Woagaɖo Paradiso Anyi!
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
  • Kpɔ Mɔ Na Yehowa
    Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã I
  • Nya Vevi Siwo Tso Yesaya Ƒe Agbalẽa Me—Akpa II
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Yesaya ƒe Nyagblɔɖi—Enye Kekeli na Ameƒomea Katã II
ip-2 ta 25 axa 360-371

Ta Blaeve Vɔ Atɔ̃lia

Dzimetɔtrɔ Gbedodoɖa

Yesaya 63:15–64:11

1, 2. (a) Taɖodzinu kae le Mawu ƒe tohehe ŋu? (b) Tiatia kae dze ŋgɔ Yudatɔwo le Yehowa ƒe tohehe na wo vɔ megbe?

YERUSALEM kple eƒe gbedoxɔa tsɔtsrɔ̃ le ƒe 607 D.M.Ŋ. me nye tohehe si tso Yehowa gbɔ, si ɖe alesi woƒe nu megadze eŋu kura o fia. Yuda-dukɔ si gbe toɖoɖo la dze na tohehe sesẽ ma. Ke hã Yehowa meɖoe be yeatsrɔ̃ Yudatɔwo keŋkeŋ o. Apostolo Paulo ƒo nu tso taɖodzinu si le Yehowa ƒe tohehe ŋu la ŋuti esi wògblɔ be: “Le fifi ɣeyiɣi me la míebua tohehe katã dzidzɔe o, ke veve boŋ; gake emegbe la etsɔa dzɔdzɔenyenye ƒe ŋutifafakutsetse na amesiwo wòmã la.”—Hebritɔwo 12:11.

2 Aleke Yudatɔwo awɔ nu ɖe nɔnɔme sesẽ si me woto la ŋui? Ðe woalé fu Yehowa ƒe amehehe la? (Psalmo 50:16, 17) Alo ɖe woatsɔe be enye hehexɔxɔa? Ðe woatrɔ dzime ale be woayɔ dɔ woa? (Yesaya 57:18; Xezekiel 18:23) Yesaya ƒe nyagblɔɖia ɖee fia be amesiwo nɔ Yuda tsã la dometɔ aɖewo ya teti xɔ tohehea nyuie. Woƒo nu tso Yuda-dukɔa ŋu tso ta 63 lia ƒe kpukpui mamlɛawo vaseɖe ta 64 lia me be wonye dukɔ si se veve ɖe woƒe nuvɔ̃ ta eye wotsɔ kukuɖeɖe si tso dzime do ɖe Yehowa ŋkume. Nyagblɔɖila Yesaya nɔ wo detɔ siwo ava yi aboyo me le etsɔme la teƒe do gbe ɖa tsɔ ɖe dzimetɔtrɔ fiae. Esi wònɔ gbea dom ɖa la, eƒo nu tso nusiwo ava dzɔ ŋu abe ɖe wonɔ dzɔdzɔm le eŋkume tututu ene.

Vifofo si ƒe Dɔme Trɔna Ðe Viawo Ŋu

3. (a) Aleke Yesaya ƒe nyagblɔɖi me gbedodoɖa la do Yehowa ɖe dzii? (b) Aleke gbe si Daniel do ɖa ɖee fia be Yesaya ƒe nyagblɔɖi me gbedodoɖa la ɖe Yudatɔ dzimetrɔla siwo nɔ Babilon la ƒe susu gblɔ? (Kpɔ aɖaka si le axa 362.)

3 Yesaya do gbe ɖa na Yehowa be: “Do ŋku ɖa tso dziƒo, eye nakpɔ nu tso wò nɔƒe kɔkɔe nyo la me!” Dziƒo si le gbɔgbɔmenutome, afisi nye Yehowa kple eƒe gbɔgbɔmenuwɔwɔwo ƒe nɔƒe, ŋue nyagblɔɖila la le nu ƒom le. Yesaya gblɔ nusi nye Yudatɔ siwo ava yi aboyo me ƒe susu le edziyiyi me be: “Afika wò ŋuʋaʋã kple wò nutsuwɔwɔwo le? Wò dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ de megbe le ŋunye.” (Yesaya 63:15) Yehowa ɖo asi eƒe ŋusẽ dzi hezi eƒe seselelãme detoawo—eƒe “dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ”—ɖe eƒe amewo ŋu dzi. Ke hã Yehowae nye Yuda-dukɔa ‘Fofo.’ Abraham kple Israel (Yakob) wonye wo tɔgbuiwo le ŋutilã me gome, gake ne ɖe wofɔ amesiawo ɖe tsitre la, anye ne ɖewohĩ woadi be yewoagbe yewoƒe dzidzimevi xɔsegbela mawo. Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ de ŋgɔ wu. (Psalmo 27:10) Yesaya gblɔe akpedadatɔe be: “Wò Yehowa enye mía fofo, eye ŋkɔwòe nye ‘mía ɖela’ tso gbaɖegbe ke.”—Yesaya 63:16.

4, 5. (a) Mɔ ka nue Yehowa na eƒe amewo tra tso eƒe mɔwo dzi le? (b) Tadedeagu ka ƒomevie Yehowa dina?

4 Yesaya yi eƒe nya siwo tso dzime la gbɔgblɔ dzi be: “Yehowa, nukaŋuti nèna míele tatram tso wò mɔwo dzi, eye nèsẽ míaƒe ta me, be míevɔ̃ wò o? Gatrɔ va le wò dɔla kple wò domenyinyi ƒe toawo ta!” (Yesaya 63:17) Ẽ, Yesaya do gbe ɖa be Yehowa negatrɔ susu ɖe esubɔlawo ŋu. Gake gɔmesese ka nue Yehowa na Yudatɔwo tra tso eƒe mɔwo dzi le? Yehowa gbɔe woƒe dzimesesẽ si na womegavɔ̃a eyama o la tsoa? Ao, gake eɖe mɔ wòdzɔ nenema, eye esi mɔkpɔkpɔ bu ɖe Yudatɔwo la, woxa nu be Yehowa na ablɔɖe yewo nenema. (Mose II, 4:21; Nexemya 9:16) Wokpɔe be ne ɖe Yehowa de asi nyaa me xe mɔ ɖe yewoƒe nugbegblẽwɔwɔ nu la, anye ne ede yewo dzi hafi.

5 Gake menye nenemae Mawu wɔa nu ɖe amewo ŋui o. Wona tiatiawɔblɔɖe mí, eye Yehowa ɖea mɔ be mía ŋutɔwo míawɔ nyametsotso be míaɖo to ye loo alo míaɖoe ye o. (Mose V, 30:15-19) Tadedeagu si tso dzi kple susu siwo lɔlɔ̃ vavãtɔ ʋã mee Yehowa dina. Eyata eɖe mɔ Yudatɔwo wɔ woƒe tiatiawɔblɔɖe ŋudɔ, togbɔ be esia na wodze aglã ɖe eŋu hã. Mɔ sia nue wòna woƒe dzime sẽ le.—Kronika II, 36:14-21.

6, 7. (a) Nukae do tso eme esi Yudatɔwo gblẽ Yehowa ƒe mɔwo ɖi? (b) Didi dzodzro kae woɖe gblɔ, gake nukae medze be Yudatɔwo nakpɔ mɔ na o?

6 Nukae do tso eme? Yesaya gblɔe le nyagblɔɖi me be: “Ɣeyiɣi ʋɛ aɖe ko wò to kɔkɔe la nɔ wo si me, tete míaƒe futɔwo nyã avuzi le wò kɔkɔeƒe la dzi. Míezu abe amesiwo dzi mèɖu fia ɖo kpɔ o, kple amesiwo ŋu womeyɔ wò ŋkɔ ɖo kpɔ o la ene.” (Yesaya 63:18, 19a) Yehowa ƒe kɔkɔeƒea nɔ eƒe amewo si ɣeyiɣi ʋɛ aɖe ko. Emegbe Yehowa ɖe mɔ wotsrɔ̃e eye wokplɔ eƒe dukɔ la yi aboyo mee. Esi nu ma dzɔ la, ɖeko wòwɔ abe ɖe mebla nu kple Abraham ƒe dzidzimeviwo kpɔ o ene eye ewɔ abe ɖe womeyɔ eƒe ŋkɔ ɖe wo ŋu kpɔ o ene. Esi Yudatɔwo va zu aboyomewo le Babilon azɔ la, wodo ɣli le woƒe mɔkpɔkpɔbuɖeamea me be: “Oo, esi nahadze dziŋgɔli aɖi ɖe anyi, eye towo nadzo kpekpekpe le ŋkuwò me; abe alesi dzo fiãa nakeyɛ, eye dzo nana tsi fiẽna wlɔwlɔwlɔ enee ɖe, ne naɖe wò ŋkɔ afia dukɔwo, eye dukɔwo katã nadzo nyanyanya le ŋkuwò me.” (Yesaya 63:19b–64:1) Ŋusẽ le Yehowa si be wòaxɔ ame ɖe agbe nyateƒe. Ate ŋu aɖi va ava wɔ aʋa na eƒe dukɔa, eye wòadze dziɖuɖu siwo le abe dziŋgɔli ene ahagbã fiaɖuƒe siwo le abe towo ene hafi. Anye ne Yehowa ate ŋu aɖe eƒe ŋuʋaʋã ƒe dzo afia ɖe eƒe amewo ta atsɔ aɖe eƒe ŋkɔ afia hafi.

7 Yehowa wɔ nusiawo tɔgbe kpɔ le blema. Yesaya gblɔ be: “Esime nèwɔ nu dziŋɔ, siwo míekpɔ mɔ na o, èɖi ɖe anyi, eye towo dzo kpekpekpe le ŋkuwò me!” (Yesaya 64:2) Nu gã siawo wɔwɔ ɖe Yehowa ƒe ŋusẽ kple eƒe Mawunyenye fia. Gake medze be Yudatɔ nuteƒemawɔla siwo nɔ anyi le Yesaya ŋɔli nakpɔ mɔ be Yehowa awɔ nusia tɔgbe na yewo o.

Yehowa Koe Ate Ŋu Axɔ Na Ame

8. (a) Mɔ siwo nu Yehowa to vovo tso dukɔwo ƒe alakpamawuwo gbɔ le la dometɔ ɖeka ɖe? (b) Nukata Yehowa mexɔ na eƒe dukɔa o togbɔ be ate ŋu axɔ na wo hã? (d) Aleke Paulo yɔ nya tso Yesaya 64:3 heɖe emee? (Kpɔ aɖaka si le axa 366.)

8 Alakpamawuwo mewɔa xɔnamedɔ gãwo na wo subɔlawo o. Yesaya ŋlɔ bena: “Womesee tso blema ke o, eye mede to me na ame aɖeke o, ŋku aɖeke mekpɔ Mawu bubu aɖeke kpe ɖe ŋuwò, si wɔ alea na amesi le mɔ kpɔm nɛ o. Èdo go amesi wɔa nu dzɔdzɔe kple dzidzɔ, kpakple amesiwo ɖoa ŋku dziwò le wò mɔwo dzi.” (Yesaya 64:3, 4a) Yehowa koe nye “teƒeɖola na amesiwo dinɛ vevie.” (Hebritɔwo 11:6) Ewɔa nu tsɔ kpɔa amesiwo wɔa nu dzɔdzɔe kple amesiwo ɖoa ŋku edzi la ta. (Yesaya 30:18) Ðe Yudatɔwo wɔ nu alea? Ao. Yesaya gblɔ na Yehowa be: “Kpɔ ɖa, èdo dɔmedzoe, eye míezu nuvɔ̃wɔlawo; míele eme eteƒe didi, ɖe woagaɖe mía?” (Yesaya 64:4b) Esi Mawu ƒe dukɔa yi edzi wɔ nuvɔ̃ tso gbaɖegbe ke ta la, naneke meli si ta wòle be Yehowa naɖo asi eƒe dɔmedzoe dzi awɔ nu atsɔ axɔ na wo o.

9. Nukae Yudatɔ siwo trɔ dzime ate ŋu akpɔ mɔ na, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nusia me?

9 Yudatɔwo mate ŋu atrɔ nusi wowɔ va yi o, gake ne wotrɔ dzime hetrɔ va tadedeagu dzadzɛtɔ gbɔ la, woate ŋu akpɔ mɔ na tsɔtsɔke kple etsɔme yayrawo. Yehowa aɖe amesiwo trɔ dzime la le Babilontɔwo ƒe aboyomenɔnɔ me le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi si sɔ dzi atsɔ aɖo eteƒe na woe. Ke hã ele be woagbɔ dzi ɖi. Togbɔ be woatrɔ dzime hã, Yehowa matrɔ eƒe ɣeyiɣi ɖoɖi o. Gake woka ɖe edzi na wo be ne wonɔ ŋudzɔ eye wowɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu la, woakpɔ ablɔɖe mlɔeba. Kristotɔ siwo li egbea hã kpɔa mɔ na Yehowa dzigbɔɖitɔe nenema ke. (Petro II, 3:11, 12) Apostolo Paulo ƒe nyawo dea dzigbɔ na mí, esi wògblɔ be: “Migana ɖeɖi nate mía ŋu le nu nyui wɔwɔ me o; elabena ne míegbɔdzɔ le nu nyui wɔwɔ me o la, míaŋe nu le ye ŋutɔ ƒe azãgbe la dzi.”—Galatiatɔwo 6:9.

10. Ŋutetemanɔameŋu kae woɖe gblɔ faa le Yesaya ƒe gbedodoɖaa me?

10 Yesaya ƒe nyagblɔɖi me gbedodoɖa la menye nuvɔ̃meʋuʋu dzro ko o. Eɖe alesi dukɔa mate ŋu axɔ na eɖokui o fia le anukwareɖiɖi me. Nyagblɔɖila la gblɔ be: “Mí katã míele abe ame makɔmakɔwo ene, eye míaƒe dzɔdzɔenyenyewo katã le abe avɔ, si ƒo ʋu ene; mí katã míeyrɔ abe aŋgba ene, eye míaƒe vodadawo lɔ mí ɖe nu abe ya ene.” (Yesaya 64:5) Va ɖo aboyomenɔnɔa ƒe nuwuwu la, anye be Yudatɔ siwo trɔ dzime la dzudzɔ xɔsegbegbe nuwɔnawo. Anye be wotsɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ trɔ va Yehowa gbɔe. Ke hã blibomadelawo koe woganye. Togbɔ be woƒe nyuiwɔwɔwo dze na kafukafu hã, wole ko abe awu siwo me nu ɖi ɖo le avuléle ɖe nuvɔ̃wo ta gome. Yehowa ƒe tsɔtsɔke nye amenuvevenu si wònana le eƒe nublanuikpɔkpɔ ta. Menye fetue wònye ɖe dɔ si wowɔ ta o.—Romatɔwo 3:23, 24.

11. (a) Gbɔgbɔmenɔnɔme manyomanyo kae nɔ Yudatɔ aboyomenɔla akpa gãtɔ dome, eye anye be nuka gbɔe esia tso? (b) Amekawoe nye xɔse ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo le aboyomenɔɣia?

11 Esi Yesaya lé ŋku ɖe etsɔme ŋu la, nukae wòkpɔ? Nyagblɔɖila la do gbe ɖa be: “Ame aɖeke meli, si yɔa wò ŋkɔ, eye wòtsona be, yeaku ɖe ŋuwò o; elabena èɣla wò ŋku me ɖe mí, eye nèna nu ti kɔ na mí ɖe míaƒe vodadawo me.” (Yesaya 64:6) Dukɔa yi to le gbɔgbɔ me ale gbegbe. Dukɔa meyɔa Mawu ƒe ŋkɔ le gbedodoɖa me o. Togbɔ be womegaɖi trɔ̃subɔsubɔ ƒe nuvɔ̃ gã ƒe fɔ o hã la, edze abe womeléa fɔ ɖe woƒe tadedeagu ŋu o ene, eye ‘ame aɖeke metsona be yeaku ɖe Yehowa ŋu o.’ Edze ƒã be ƒomedodo nyui menɔ wo kple Wɔla la dome o. Ðewohĩ wo dometɔ aɖewo kpɔe be yewomedze aƒo nu kple Yehowa le gbedodoɖa me o. Ame bubuwo yia woƒe gbesiagbedɔwo wɔwɔ dzi eyama ŋu mabumabui. Gake ame aɖewo nɔ aboyomeawo dome, siwo ƒe ɖewoe nye Daniel, Xananya, Misael, Azarya, kple Xezekiel, eye amesiawo ɖo xɔse ƒe kpɔɖeŋu nyuiwo ɖi. (Hebritɔwo 11:33, 34) Esi ƒe 70 ƒe aboyomenɔnɔa nɔ eƒe nuwuwu gogom la, ŋutsu siwo dometɔ aɖewoe nye Xagai, Zaxarya, Zerubabel, kple Nunɔlagã Yosua nɔ klalo be yewoaɖo kpɔɖeŋu nyui le ŋgɔxɔxɔ le Yehowa ƒe ŋkɔa yɔyɔ me. Ke hã edze abe Yesaya ƒe nyagblɔɖi me gbedodoɖa la ɖe nɔnɔme si nɔ aboyome akpa gãtɔ si fia ene.

“Toɖoɖo Nyo Wu Vɔsa”

12. Aleke Yesaya ɖe alesi Yudatɔ siwo trɔ dzime la lɔ̃ faa be yewoatrɔ yewoƒe agbenɔnɔe la gblɔ?

12 Yudatɔ siwo trɔ dzime la lɔ̃ be yewoawɔ tɔtrɔ. Yesaya nɔ wo teƒe do gbe ɖa na Yehowa be: “Azɔ Yehowa, mía fofo nènye: míawo la, tsu míenye, eye wòe nye mía mèla, wò asinudɔwɔwɔ mí katã míenye.” (Yesaya 64:7) Nya siawo gaɖee fia ake be Yehowa ye nye Vifofo, alo Agbenala, amesi si ŋusẽ le. (Hiob 10:9) Wotsɔ Yudatɔ siwo trɔ dzime la sɔ kple tsu si ŋu woate ŋu atrɔ asi le bɔbɔe. Woate ŋu atrɔ asi le amesiwo xɔ Yehowa ƒe amehehea ŋu, alo ame wo, le kpɔɖeŋumɔ nu wòasɔ kple Mawu ƒe dzidzenuwo. Gake ne Yehowa, Zemela la, tsɔ ke wo ko hafi nusia anya wɔ. Eyata Yesaya ƒo koko nɛ zi gbɔ zi eve be wòaɖo ŋku edzi be eƒe dukɔe Yudatɔwo nye: “Yehowa, megado dɔmedzoe akpa o, eye megaɖo ŋu vodada ɖaa o! Kpɔ ɖa, trɔ kɔ ɖe afi, wò dukɔ mí katã míenye!”—Yesaya 64:8.

13. Nɔnɔme ka mee Israel-nyigba nɔ esime Mawu ƒe dukɔ la nɔ aboyo me?

13 Nusi me Yudatɔwo to le aboyomenɔɣia la yi ŋgɔ wu aboyomenɔnɔ le trɔ̃subɔdukɔ me ko. Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa ƒe aƒedozuzu he vlodoame va wo kple woƒe Mawu dzi. Yesaya gblɔ nusiwo he vlodoame sia vɛ la dometɔ aɖewo le eƒe nyagblɔɖi me gbedodoɖaa me be: “Wò du kɔkɔewo zu gbegbe, Zion zu gbegbe, eye Yerusalem tsi anyi aƒedoe. Dzo fiã míaƒe aƒe kɔkɔe nyo, si me mía fofowo kafu wò le, eye míaƒe nu veviwo katã gblẽ.”—Yesaya 64:9, 10.

14. (a) Aleke Yehowa xlɔ̃ nui tso nɔnɔme si li fifia la ŋui? (b) Togbɔ be Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe gbedoxɔa kple vɔ siwo wosana le afima ŋu hã la, nukae le vevie nɛ wu?

14 Gake alesi nuwo le le Yudatɔwo tɔgbuiwo ƒe anyigba la dzi le nyanya na Yehowa nyuie. Anɔ ƒe 420 do ŋgɔ na Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ la, exlɔ̃ nu eƒe dukɔ la be ne woɖe kɔ ɖa le yeƒe sededewo gbɔ hesubɔ mawu bubuwo la, ‘yeatsrɔ̃ wo ɖa le anyigba la dzi,’ eye gbedoxɔ dzeania “azu glikpo.” (Fiawo I, 9:6-9) Nyateƒee, Yehowa kpɔ dzidzɔ ɖe anyigba si wòtsɔ na eƒe dukɔ la, gbedoxɔ dzeani si wotu tsɔ de bubu eŋui, kple vɔ siwo wosa nɛ ŋu. Gake nuteƒewɔwɔ kple toɖoɖo le vevie nɛ wu ŋutilãmenuwo, kple vɔsawo gɔ̃ hã. Nyagblɔɖila Samuel gblɔe na Fia Saul wòsɔ nyuie be: “Numevɔsawo kple akpedavɔsawoe dzea Yehowa ŋu wu toɖoɖo Yehowa ƒe gbea? Kpɔ ɖa, toɖoɖo nyo wu vɔsa, eye nusese nyo wu agbo ƒe ami.”—Samuel I, 15:22.

15. (a) Kuku kae Yesaya ɖe na Yehowa le nyagblɔɖi me, eye aleke woɖo eŋui? (b) Nukawoe na Yehowa va gbe Israel-dukɔa mlɔeba?

15 Gake ɖe Israel ƒe Mawu ate ŋu akpɔ eƒe ame siwo trɔ dzime la ƒe fukpekpe woƒe nu nagbe nublanui wɔwɔ nɛa? Nyabiabia sia tɔgbee Yesaya tsɔ wu eƒe nyagblɔɖi me gbedodoɖa la nui. Eɖe kuku ɖe Yudatɔ aboyomeawo ta be: “Yehowa, ɖe àlé ɖokuiwò le nusiawo katã me, àzi kpi, eye nate mí ɖe anyi wòatso mea?” (Yesaya 64:11) Abe alesi wòva yii ene la, Yehowa tsɔ ke eƒe dukɔ la mlɔeba, eye le ƒe 537 D.M.Ŋ. me la, ekplɔ wo gbɔ va wo denyigba dzi ale be woate ŋu agbugbɔ tadedeagu dzadzɛ aɖo anyi ɖe afima. (Yoel 2:13) Gake le ƒe alafa geɖe megbe la, wogatsrɔ̃ Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa ake, eye Mawu gbe dukɔ si wòbla nu kplii la mlɔeba. Nukatae? Elabena Yehowa ƒe dukɔ la te ɖa le eƒe sewo gbɔ eye wogbe Mesia la. (Yohanes 1:11; 3:19, 20) Esi wòdzɔ alea la, Yehowa na dukɔ yeye aɖe, si nye gbɔgbɔmedukɔ, si nye “Mawu ƒe Israel,” la va xɔ ɖe Israel teƒe.—Galatiatɔwo 6:16; Petro I, 2:9.

Yehowa, ‘Gbedodoɖasela’ La

16. Nukae Biblia fia le Yehowa ƒe tsɔtsɔke ŋu?

16 Míate ŋu asrɔ̃ nu vevi aɖewo le nusi dzɔ ɖe Israel dzi me. Míekpɔe be Yehowa ƒe ‘dɔme nyo, eye wòlɔ̃a tsɔtsɔke.’ (Psalmo 86:5) Mí nuwɔwɔ madeblibowo míenɔa te ɖe eƒe nublanuikpɔkpɔ kple tsɔtsɔke dzi be míakpɔ xɔxɔ. Mía ŋutɔwo míaƒe dɔwɔwɔ aɖeke mate ŋu ana míadze axɔ eƒe yayrawo o. Gake menye amesiame koe Yehowa tsɔna kena o. Amesiwo trɔ dzime tso woƒe nuvɔ̃wo me eye wogbugbɔ le wo yome koe dze na Mawu ƒe tsɔtsɔke.—Dɔwɔwɔwo 3:19.

17, 18. (a) Aleke míewɔ nya be Yehowa tsɔ ɖe le míaƒe tamesusuwo kple seselelãmewo me vavã? (b) Nukata Yehowa gbɔa dzi ɖi na amegbetɔ nuvɔ̃mewo?

17 Míekpɔe hã be Yehowa tsɔa ɖe le míaƒe tamesusuwo kple seselelãmewo me vevie ne míegblɔ wo nɛ le gbedodoɖa me. Eyae nye ‘Gbedodoɖasela’ la. (Psalmo 65:3, 4) Apostolo Petro na kakaɖedzi mí be: “Yehowa ƒe ŋkuwo le ame dzɔdzɔewo ŋu, eye eƒe towo le woƒe kukuɖeɖe ŋu.” (Petro I, 3:12) Míekpɔe hã be tsɔ kpe ɖe dzimetɔtrɔ gbedodoɖa ŋu la, ele be míaʋu nuvɔ̃ me ɖokuibɔbɔtɔe hã. (Lododowo 28:13) Gake mefia be míate ŋu atsɔe be Mawu akpɔ nublanui na mí tsã ta míawɔ nuvɔ̃ o. Biblia xlɔ̃ nu Kristotɔwo be ‘woagaxɔ Mawu ƒe amenuveve la dzodzro o.’—Korintotɔwo II, 6:1.

18 Mlɔeba la, míekpɔ taɖodzinu si le Mawu ƒe dzigbɔgbɔɖi na eƒe dukɔ wɔnuvɔ̃ la ŋu. Apostolo Petro ɖe eme be Yehowa gbɔa dzi ɖi “esi melɔ̃ bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ la ŋuti.” (Petro II, 3:9) Gake woahe to na amesiwo yia edzi wɔa Mawu ƒe dzigbɔɖia ŋudɔ le mɔ gbegblẽ nu la mlɔeba. Míexlẽ le esia ŋu be: “[Yehowa aɖo] teƒe na amesiame le eƒe dɔwɔwɔwo nu: Amesiwo tsɔa dzidodo le dɔ nyui wɔwɔ me dia ŋutikɔkɔe kple bubu kple nu magblẽmagblẽ la, woana agbe mavɔ wo; ke amesiwo lɔ̃a dzrehehe, eye womeɖoa to nyateƒe la o, hafi woɖoa to madzɔmadzɔnyenye boŋ la, wo tɔ anye dziku kple dɔmedzoe.”—Romatɔwo 2:6-8.

19. Nɔnɔme matrɔmatrɔ kawoe Yehowa aɖe afia ɣesiaɣi?

19 Aleae Mawu wɔ nui ɖe blema Israel ŋu. Gɔmeɖose mawo kee kplɔa míaƒe ƒomedodo kple Yehowa egbea elabena metrɔna o. Togbɔ be megbea to si dze hehe o hã la, akpɔtɔ anye “Yehowa, nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ, amesi dzra amenuveve ɖo na ame akpe nanewo, eye wòtsɔa vodada, dzidada, kple nuvɔ̃ kena.”—Mose II, 34:6, 7.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 362]

Daniel ƒe Dzimetɔtrɔ Gbedodoɖa

Nyagblɔɖila Daniel nɔ Babilon le ƒe 70 siwo Yudatɔwo tsɔ nɔ aboyo mee la katã me. Ɣeaɖeɣi le aboyomenɔɣia ƒe ƒe 68 lia me la, Daniel kpɔe le Yeremya ƒe nyagblɔɖia me be Israel ƒe dutanyigbadzinɔnɔ gogo eƒe nuwuwu. (Yeremya 25:11; 29:10; Daniel 9:1, 2) Daniel do gbe ɖa na Yehowa—edo dzimetɔtrɔgbe ɖa ɖe Yuda-dukɔ bliboa nu. Daniel gblɔ be: “Tete metrɔ mo ɖe Aƒetɔ Mawu la ŋu, ne matsɔ nutsitsidɔ, akpanyatata kple dzowɔ ado gbe ɖa, eye maƒo koko. Eye medo gbe ɖa na Yehowa, nye Mawu, heʋu nuvɔ̃ me.”—Daniel 9:3, 4.

Yesaya ŋlɔ eƒe nyagblɔɖi me gbedodoɖa si dze le eƒe agbalẽa ƒe ta 63 kple 64 me anɔ ƒe alafa eve megbe hafi Daniel do eƒe gbea ɖa. Ðikeke mele eme o be Yudatɔ anukwaretɔ geɖe do gbe ɖa na Yehowa le aboyomenɔƒe sesẽawo me. Gake Daniel ƒe gbedodoɖa, si anye be eɖe Yudatɔ nuteƒewɔla geɖe ƒe seselelãme gblɔ, la dzie wohe susu yii le Biblia me. Eyata eƒe gbedodoɖa ɖee fia be nya siwo Yesaya gblɔ le eƒe nyagblɔɖi me gbedodoɖa la mee nye nya siwo nɔ Yudatɔ nuteƒewɔla siwo nɔ Babilon la ƒe susu me.

De dzesi nya aɖewo siwo sɔ kple wo nɔewo le Daniel ƒe gbedodoɖa kple Yesaya tɔ me.

Yesaya 63:16 Daniel 9:15

Yesaya 63:18 Daniel 9:17

Yesaya 63:19–64:2 Daniel 9:15

Yesaya 64:3-6 Daniel 9:4-7

Yesaya 64:5 Daniel 9:9, 10

Yesaya 64:9, 10 Daniel 9:16-18

[Aɖaka si le axa 366]

“Nusiwo Ŋku Mekpɔ Kpɔ O”

Apostolo Paulo yɔ nya tso Yesaya ƒe agbalẽa me le lɛta si wòŋlɔ na Korintotɔwo me be: “Abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: ‘Nusiwo ŋku mekpɔ kpɔ o, eye to mese kpɔ o, eye womeva ame ƒe dzi me kpɔ o la, nusiawo Mawu dzra ɖo na amesiwo lɔ̃nɛ la.’” (Korintotɔwo I, 2:9)a Menye nusiwo Yehowa dzra ɖo ɖi na eƒe amewo le dziƒodomenyinyi me alo anyigba dzi paradiso si ava le etsɔme ŋue Paulo ƒe nyawo loo alo Yesaya tɔwo ku ɖo o. Paulo zã Yesaya ƒe nyawo na yayra siwo Kristotɔwo nɔ xɔxɔm xoxo le ƒe alafa gbãtɔ me, siwo ƒe ɖewoe nye Mawu ƒe nu goglowo gɔmesese kple gbɔgbɔmenumekɔkɔ si woxɔ tso Yehowa gbɔ.

Yehowa ƒe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi koe míate ŋu ase gbɔgbɔmenu goglowo gɔme—eye le ɣemaɣi gɔ̃ hã la, ne míenye gbɔgbɔmeme siwo ƒe ƒomedodo kple Yehowa le kplikplikpli ko hafi wòate ŋu adzɔ nenema. Amesiwo ƒe gbɔgbɔmemenyenye mede to o alo womenye gbɔgbɔmemewo o ŋue Paulo ƒe nyawo ku ɖo. Woƒe ŋku mate ŋu akpɔ gbɔgbɔmenyateƒewo, alo ade dzesi wo o, eye woƒe to mate ŋu ase nusiawo, alo ase wo gɔme o. Nusiwo Mawu dzra ɖo ɖi na amesiwo lɔ̃nɛ la ƒe sidzedze megena gɔ̃ hã ɖe amesiawo ƒe dzime o. Gake Mawu to eƒe gbɔgbɔ dzi ɖe nusiawo fia amesiwo ɖe adzɔgbe na Mawu ya, abe Paulo ene.—Korintotɔwo I, 2:1-16.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Nya siwo Paulo ŋlɔ la medze le Hebri Ŋɔŋlɔawo me nenema tututu o. Edze abe gɔmesese si le Yesaya 52:15; 64:3; kple 65:17 ŋue wòƒo ƒu gblɔ ene.

[Nɔnɔmetata si le axa 367]

Yerusalem kple eƒe gbedoxɔa nɔ Mawu ƒe dukɔa si “ɣeyiɣi ʋɛ aɖe ko”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe