NUSƆSRƆ̃ 20
Ŋɔŋlɔawo Nuɖeɖe Nyuie
NUFIAME siwo wonana le míaƒe hamea ƒe kpekpewo me nɔ te ɖe Ŋɔŋlɔawo dzi. Mawunyakpukpuiwo wɔa akpa vevi aɖe le nya siwo míegblɔna le gbeadzisubɔsubɔdɔa me hã me. Gake alesi gbegbe wòawɔ akpa aɖe le míaƒe dzeɖoɖoa mee la nɔ te ɖe alesi míaɖe wo nui nyuie dzi.
Ebia nu geɖe wu mawunyakpukpuia yɔyɔ ahakpe amea be wòaxlẽe kpli wò ko. Ne èle ŋɔŋlɔ aɖe nu ɖem la, dze agbagba nàɖo taɖodzinu eve gbɔ: (1) Nyɔ mɔkpɔkpɔ ɖe ameawo me, eye (2) he susu yi nusita nèle ŋɔŋlɔa xlẽm ɖo dzi. Àte ŋu ato mɔ vovovo dzi aɖo taɖodzinu siawo gbɔ.
Bia Nya Aɖe. Esia wɔa dɔ nyuie wu ne wò nyaselawo menya ŋuɖoɖoa haɖe o. Dze agbagba nàbia nyaa le mɔ si ana amewo nabu tame nu. Aleae Yesu wɔe. Esime Farisitɔwo te ɖe Yesu ŋu le gbedoxɔa me eye wodo eƒe Ŋɔŋlɔawo gɔmesese kpɔ le dutoƒo la, ebia wo be: “Aleke miebuna le Kristo la ŋutii? Ameka ƒe vi [wònye]?” Woɖo eŋu nɛ be: “Dawid vie.” Yesu bia azɔ be: “Aleke . . . wɔ Dawid yɔe le gbɔgbɔ me be Aƒetɔ?” Le esia megbe eyɔ nya tso Psalmo 110:1. Farisitɔwo mete ŋu gabia nya aɖekee o. Ke amehawo ya yi edzi ɖo to Yesu kple dzidzɔ.—Mateo 22:41-46.
Le gbeadzisubɔsubɔdɔa me la, àte ŋu adze ŋɔŋlɔawo nuɖeɖe ƒe biabiawo gɔme ale: “Ŋkɔ le asiwò eye ele nye hã asinye. Ke Mawu hã ɖe, ŋkɔ le esia? Míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖoa le Psalmo 83:19.” “Ðe dziɖuɖu ɖeka ava nɔ ameƒomea katã si gbaɖegbea? Kpɔ alesi woɖo nya sia ŋui ɖa le Daniel 2:44.” “Ðe Biblia gblɔ nya aɖe tso nɔnɔme siwo anɔ anyi le míaƒe ŋkekea me ŋua? Tsɔ nya siwo woŋlɔ ɖe Timoteo II, 3:1-5 sɔ kple nusiwo nènya be wole dzɔdzɔm kpɔ.” “Fukpekpe kple ku nu ava yi gbaɖegbea? Alesi Biblia ɖo eŋui dze le Nyaɖeɖefia 21:4, 5.”
Le dutoƒonuƒo me la, ŋɔŋlɔawo nuɖeɖe to nyawo biabia ŋuɖɔɖɔɖotɔe me ate ŋu aʋã wò nyaselawo be woatsɔ susu yeye abu mawunyakpukpuiwo ŋui, esiwo wonya nyuie xoxo gɔ̃ hã. Gake ɖe woanɔ mɔ kpɔm nɛ veviea? Nenye be biabia siwo nèfɔ ɖe te la ku ɖe nusiwo ka wo vavã ŋu alo meka wo o dzie wòanɔ te ɖo. Ne nyati si me dzrom nèle nyɔ nyaselawo ƒe ɖetsɔleme gɔ̃ hã la, woƒe susu ate ŋu adzo le nyaa dzi ne èle mawunyakpukpui siwo wose zi gbɔ zi geɖe xlẽm. Be wòagadzɔ alea o la, ahiã be nàbu nya sia ŋu nyuie ale be nàna wò nuƒoa nanyɔ woƒe ɖetsɔleme.
Tsɔ Nya aɖe De Tò Me. Àte ŋu atsɔ nya aɖe si gbɔ woakpɔ ade tò me eye eyome nàhe susu ayi ŋɔŋlɔ aɖe si ku ɖe nyaa gbɔ kpɔkpɔ ŋu dzi. Mègawɔe be nyaselawo nanɔ mɔ kpɔm na nu geɖe wu alesi wòava nɔ o. Zi geɖe la, nyaa ƒe akpa aɖe gbɔ kpɔkpɔ koe adze le ŋɔŋlɔa me. Gake àte ŋu abia tso nyaselawo si be esime yele ŋɔŋlɔa xlẽm la, woabu mɔfiame siwo wòna le nyaa gbɔ kpɔkpɔ me ŋu.
Le mɔ sia ke nu la, àte ŋu agblɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me gɔmeɖose aɖe eye eyome nàtsɔ Biblia me nuŋlɔɖi aɖe awɔ nunya si le edziwɔwɔ me ƒe kpɔɖeŋui. Ne nya vevi eve (alo wu nenema) siwo katã do ƒome kple nyati si me dzrom wole dze le ŋɔŋlɔ aɖe me la, nuƒola aɖewo biana tsoa nyaselawo si be woade dzesi wo. Ne edze abe nya si le tò me gɔmesese sesẽ akpa na nyasela siwo nèle nu ƒom na la, àte ŋu ana woabu tame ne èdo egbɔkpɔmɔnu vovovowo ɖa eye eyome nèna mawunyakpukpuia kple eŋudɔwɔwɔ he ŋuɖoɖoa vɛ.
Tsɔ Biblia Ðo Kpe Edzii. Ne ènyɔ ɖetsɔleme ɖe wò nyatia me eye nègblɔ nukpɔsusu ɖeka alo vovovowo tso eƒe akpa aɖewo ŋu xoxo la, àte ŋu aɖe ŋɔŋlɔ aɖe nu ne ègblɔ be: “Se nusi Mawu ƒe Nya la gblɔ tso nya sia ŋu ɖa.” Esia afia nusita woate ŋu axɔ nya si xlẽ ge nègbɔna abe kpeɖodzi ene.
Yehowa zã amewo abe Yohanes, Luka, Paulo, kple Petro ene be woaŋlɔ Biblia ƒe akpa aɖewo. Gake agbalẽŋlɔlawo ko wonye; Yehowa ƒe Nyae woŋlɔ, eyata eƒe agbalẽe wònye. Vevietɔ ne èle nu ƒom na amesiwo menye Ŋɔŋlɔ Kɔkɔea srɔ̃lawo o la, ŋɔŋlɔ aɖe nuɖeɖe be, “Petro ŋlɔ bena” alo “Paulo gblɔ be” mana ŋusẽ nanɔ nyaa ŋu abe alesi wòanɔ ne ègblɔ nya si aɖe ŋɔŋlɔa nu wòafia be Mawu ƒe nyae la ene o. Eɖe dzesi be le nɔnɔme aɖewo me la, Yehowa gblɔ na Yeremya be wòaɖe yeƒe gbedasiwo nu be: “Mise Yehowa ƒe nya.” (Yeremya 7:2; 17:20; 19:3; 22:2) Míeɖazã Yehowa ƒe ŋkɔ le ŋɔŋlɔawo nuɖeɖe me loo alo míeɖazãe o, hafi míawu míaƒe nuƒoa nu la, ele be míadze agbagba afia asii be eya ƒe nyae le Biblia me.
Bu Nya Siwo Ƒo Xlãe Ŋu. Ele be nànya nya siwo ƒo xlã ŋɔŋlɔ aɖe ne èle alesi nàɖe enui ŋu bum. Le go aɖewo me la, àƒo nu tso nusiwo ƒo xlãe ŋu tẽ; gake nya siwo ƒo xlãe ate ŋu akpɔ ŋusẽ hã ɖe nya si nàgblɔ dzi le mɔ bubuwo nu. Le kpɔɖeŋu me, ɖe nàɖe nya siwo mawuvɔ̃la Hiob gblɔ nu abe alesi nàɖe eƒe alakpakɔfala etɔ̃awo tɔ nui enea? Luka ye ŋlɔ Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa, gake eyɔ nya tso Yakobo, Petro, Paulo, Filipo, Stefano, kple mawudɔlawo, kpakple Gamaliel kple Yudatɔ bubu siwo menye Kristotɔwo o ƒe nyawo me. Amekae nàgblɔ be eƒe nyawoe nye nya si le mawunyakpukpui si nèyɔ me? Le kpɔɖeŋu me, ɖo ŋku edzi be menye Dawid ye kpa ha siwo katã le Psalmowo me o eye menye Salomo ye ŋlɔ Lododowo ƒe agbalẽ bliboa o. Aɖe vi hã be nànya amesiwo Biblia-ŋlɔla la nɔ nu ƒom na alo amesi ŋu nya gblɔm wònɔ kple nyati si me dzrom wònɔ.
Wɔ Nyatakaka Siwo Ku Ðe Nyaa Ŋu Ŋudɔ. Esia wɔa dɔ nyuie vevietɔ ne ète ŋu ɖee fia be nɔnɔme siwo nɔ anyi le ɣeyiɣi si ƒe nya gblɔm Biblia me nudzɔdzɔa le la ɖi esiwo ŋu nèle nu ƒom le. Le go bubu me la, nyatakaka siwo do ƒome kple nudzɔdzɔwo nyanya hiã hafi woate ŋu ase mawunyakpukpui aɖewo gɔme. Le kpɔɖeŋu me, ne èle Hebritɔwo 9:12, 24 zãm le nuƒo si ku ɖe tafea ŋu me la, àkpɔe be hafi yeaxlẽ ŋɔŋlɔa la, ahiã be yeana numeɖeɖe kpui aɖe tso avɔgbadɔa ƒe xɔ ememe tɔ ŋu, si ŋɔŋlɔ sia ɖe fia be etsi tre ɖi na teƒe si Yesu yi esime wòyi dziƒo. Gake mègagblɔ eŋuti numeɖenya geɖe fũ akpa ale be wòava tsyɔ mawunyakpukpui si nu ɖem nèle dzi o.
Be nàwɔ ŋgɔyiyi le alesi nèɖea ŋɔŋlɔawo nui me la, lé ŋku ɖe alesi nuƒola bibiwo wɔnɛ ŋu. De dzesi mɔnu vovovo siwo wozãna. Bu alesi mɔnu siawo wɔa dɔe ŋu. Ne èle dzadzram ɖo ɖe wò nuƒo ŋu la, de dzesi ŋɔŋlɔ veviawo, eye nàbu taɖodzinu si gbɔ wòle be ŋɔŋlɔawo dometɔ ɖesiaɖe naɖo la ŋu nyuie. Tia alesi nàɖe wo dometɔ ɖesiaɖe nui nyuie ale be wo zazã nawɔ dɔ ɖe amewo dzi geɖe wu. Emegbe wɔ ŋgɔyiyi be nàte ŋu awɔe nenema le mawunyakpukpui siwo katã nèzãna me. Ne wò nuƒo ƒe akpa sia nyo ɖe edzi la, aɖee afia be èle susu hem yi Mawu ƒe Nya la dzii geɖe wu.