NUSƆSRƆ̃ 32
Nuƒoƒo Kple Kakaɖedzi
NE AME aɖe le nu ƒom kple kakaɖedzi la, amewo kpɔnɛ dzea sii be exɔ nya si gblɔm wòle la dzi se bliboe. Kakaɖedzi sia dze le apostolo Paulo ƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Eŋlɔ ɖo ɖe amesiwo va zu xɔsetɔwo le Tesalonika be: “Míaƒe nyanyui la meva mia gbɔ le nya me ɖeɖeko o, ke boŋ le . . . kakaɖedzikpɔkpɔ geɖe me hã.” (Tes. I, 1:5) Kakaɖedzi ma dze le alesi wòƒo nui kple alesi wònɔ agbee siaa me. Ele be kakaɖedzi sẽŋu nadze le alesi míawo hã míegblɔa Biblia me nyateƒeae me.
Nuƒoƒo kple kakaɖedzi mefia be woanye ame bubuwo ƒe susu maxɔla, tɔteɖenudzila, alo dadala o. Ke boŋ ne amesi si kakaɖedzi le le nu ƒom tso nusiwo le Mawu ƒe Nya la me ŋu la, eƒoa nu le mɔ si ɖea xɔse sẽŋu fiana nu.—Heb. 11:1.
Ɣeyiɣi Siwo me Woaƒo Nu Kple Kakaɖedzi. Ele vevie be nàƒo nu kple kakaɖedzi le gbeadzisubɔsubɔdɔa me. Zi geɖe la, amewo dea dzesi alesi nèle nua ƒomee kple nya si gblɔm nèle siaa. Wokpɔa alesi nèse le ɖokuiwò me ŋutɔŋutɔ tso nya si gblɔm nèle ŋu. Wò kakaɖedzi ate ŋu aɖee afia be nu xɔasi aɖe le asiwò nèdi be yeagblɔ na amewo wu nya siwo nàgblɔ ŋutɔ gɔ̃ hã.
Ehiã be míaƒo nu kple kakaɖedzi ne míele nu ƒom na nyasela siwo nye haxɔsetɔwo hã. Apostolo Petro ŋlɔ eƒe agbalẽ gbãtɔ si tso gbɔgbɔ me la tsɔ nɔ “ɖase ɖim bena, esiae nye Mawu ƒe amenuveve vavãtɔ.” Exlɔ̃ nu nɔviawo le eme be: “Minɔ tsitre sesĩe ɖe eme.” (Pet. I, 5:12) Esi apostolo Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm ɖo ɖe hame si nɔ Roma la, eɖe kakaɖedzi si ɖe vi na wo fia. Eŋlɔ bena: “Menyae keŋ bena, eɖanye ku o, eɖanye agbe o; eɖanye mawudɔlawo o, eɖanye dziɖulawo o; eɖanye ŋusẽwo o; eɖanye nusi le fifi o, eɖanye nusi le vava ge o; eɖanye kɔkɔƒe o, eɖanye gogloƒe o, alo nuwɔwɔ bubu aɖe o, mate ŋu amã mí atso Mawu ƒe lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me la gbɔ o.” (Rom. 8:38, 39) Paulo ŋlɔ nu ameʋãtɔe hã tso alesi wòhiã be woaɖe gbeƒã na amewoe ŋu, eye eya ŋutɔ ƒe dzonɔameme ɖe dɔ sia ŋu ɖo kpe edzi kɔte be eka ɖe dɔa ƒe vevienyenye dzi. (Dɔw. 20:18-21; Rom. 10:9, 13-15) Ele be kakaɖedzi sia ƒomevi nadze le Kristotɔ hamemegãwo me egbea ne wole nu fiam tso Mawu ƒe Nya la me.
Ehiã be dzilawo naƒo nu kple kakaɖedzi ne wole nu me dzrom kple wo viwo tso gbɔgbɔmenuwo ŋu le woƒe nusrɔ̃ɣiwo kple ɣebubuɣiwo siaa. Esia bia be dzilawo natu lɔlɔ̃ na Mawu kple lɔlɔ̃ na eƒe mɔwo ɖo ɖe woawo ŋutɔ woƒe dzi me. Ekema woate ŋu atsɔ kakaɖedzi aƒo nu na wo viwo tso dzi me, “elabena nya, si ke wu dzi la, eyae nu gblɔna.” (Luka 6:45; Mose V, 6:5-7) Kakaɖedzi sia ate ŋu aʋã dzilawo be woaɖo kpɔɖeŋu le ‘xɔse si me alakpa mele o’ hã me.—Tim. II, 1:5.
Ehiã be nàƒo nu kple kakaɖedzi vevietɔ ne wotsɔ nya ɖe wò xɔse ŋu. Ate ŋu awɔ nuku na sukuhati, nufiala, alo dɔwɔhati aɖe be mèkpɔa gome le azãɖuɖu aɖe me o. Ŋuɖoɖo si me ŋusẽ le si ŋu nèbu nyuie ate ŋu akpe ɖe amea ŋu wòade bubu wò tenɔnɔ si tso Biblia me ŋu. Ke ne ame aɖe dze agbagba be yeable nuwò ade nuwɔna gbegblẽ aɖe—abe anukwaremaɖimaɖi, atikevɔ̃ɖizazã, alo gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ene—me ɖe? Ele vevie be nàna wòadze ƒã be yemaƒo ye ɖokui ɖe nuwɔna sia tɔgbe me kura o eye be nuka ke wòɖawɔ be yeatsɔ able ye nui o, yematrɔ susu akpɔ gbeɖe o. Esia bia be nàƒo nu kple kakaɖedzi ne èle nusi dom wole ɖe gbɔwò la gbem. Esime Yosef nɔ Potifar srɔ̃ ƒe agbegbegblẽnɔnyawo gbem la, egblɔe ŋusẽtɔe be: “Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?” Esi nyɔnua gakpɔtɔ nɔ agbagba dzem be yeaƒoe ɖe enu la, esi do go le aƒea me.—Mose I, 39:9, 12.
Alesi Woɖea Kakaɖedzi Fianae. Nya siwo nàzã ate ŋu awɔ geɖe le wò kakaɖedzi ɖeɖe fia me. Zi gbɔ zi geɖe la, Yesu tsɔa nya siawo doa ŋgɔ na nya vevi aɖewo gbɔgblɔ, be: “Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena.” (Yoh. 3:3, 5, 11; 5:19, 24, 25) Paulo ɖe eƒe kakaɖedzi fia to nya siawo gbɔgblɔ me be, “Menyae keŋ bena,” “Menyae, eye mekpɔ kakaɖedzi le Aƒetɔ Yesu me,” kple “Nyateƒe gblɔm mele, nyemele aʋatso kam o.” (Rom. 8:38; 14:14; Tim. I, 2:7) Ɣeaɖewoɣi Yehowa ʋãa eƒe nyagblɔɖilawo be woagblɔ nya siawo kpeɖodzitɔe tso eƒe nyawo me vava ŋu, be “ele vava ge kokoko.” (Xab. 2:3) Ne èle nu ƒom tso nyagblɔɖi siawo ŋu la, àte ŋu azã nya mawo tɔgbe. Ne èɖe kakaɖedzi fia, menye kaka ɖe ɖokuiwò dzi o ke boŋ ɖe Yehowa dzi eye ne nèƒo nu na amewo le bubumɔ nu la, nya siwo ɖea kakaɖedzi fiana alea aɖo kpe edzi be xɔse sẽŋu le asiwò.
Moveviɖoɖo si nàtsɔ aƒo nui kpakple ŋusẽ si adze le wò nyagbɔgblɔ me hã ate ŋu aɖe kakaɖedzi afia. Alesi nàɖo moe, alesi nàwɔ asi ɖe nya dzii, kple alesi wò ametia nàʋãe katã wɔa akpa aɖe le esia me, togbɔ be ewɔwɔ ato vovo le ame vovovowo gome hã. Ne ènye amesi kpea ŋu alo ƒoa nu kple gbe bɔbɔe le dzɔdzɔme nu hã la, ne èkpɔ kakaɖedzi bliboe be nya si gblɔm nèle nye nyateƒe eye wòhiã be ame bubuwo nasee la, kakaɖedzi si le mewò adze ƒã.
Gake ele be kakaɖedzi ɖesiaɖe si míaɖe afia le nuƒoƒo me nanye anukwaretɔ. Ne amewo kpɔe be ɖe míele ameŋkumenu wɔm ke menye ɖe míele nu ƒom tso dzi me o la, woate ŋu aƒo nya ta be kpeɖodzi mele míaƒe gbedasia ŋu o. Eyata nu vevitɔ enye be, ƒo nu abe alesi nèƒoa nui ene. Le wò nyaselawo ƒe agbɔsɔsɔ nu la, ate ŋu ahiã be nàkɔ gbe dzi wu alesi nèƒoa nui eye nàgblɔ nyaa kple ŋusẽ geɖe wu. Gake ele be wòanye wò taɖodzinu be nàƒo nu anukwaretɔe eye wòasɔ ɖe alesi nèƒoa nui nu.
Nusiwo Akpe Ðe Ŋuwò Nàƒo Nu Kple Kakaɖedzi. Esi wònye be wò kakaɖedzi ku ɖe seselelãme si le mewò ɖe wò nyatia ŋu ta la, dzadzraɖo nyuie enye nu vevitɔ. Wò nyawo ɖeɖe tso agbalẽ me ava xlẽ tẽ ko made edeƒe o. Ehiã be nàse nyatia gɔme nyuie eye nàte ŋu aɖe eme le wò ŋutɔ wò nyawo me. Ele be nàka ɖe edzi bliboe be nyaawo nye nyateƒe eye be nya si gblɔm nèle la le vevie na wò nyaselawo. Esia fia be ne èle dzadzram ɖo ɖe wò nuƒoa ŋu la, nàbu ameawo ƒe nɔnɔme kpakple nusi ɖewohĩ wonya xoxo tso nyatia ŋu kple alesi woase le wo ɖokui me ŋu.
Anɔ bɔbɔe be amewo nakpɔe be míele nu ƒom kple kakaɖedzi ne nuƒoa zɔ tẽ. Eyata hekpe ɖe nufiame siwo sɔ tiatia ŋu la, dzra ɖo nyuie ɖe nuƒoa ŋutɔ ƒoƒo ŋu. Lé fɔ ɖe nyatia ƒe akpa siwo hiã nuƒoƒo kple kakaɖedzi geɖe wu la ŋu bene nàte ŋu agblɔ nyaa esime mànɔ agbalẽa dzi kpɔm akpa o. Ðo ŋku edzi hã be nàdo gbe ɖa abia Yehowa ƒe yayra ɖe wò agbagbadzedzewo dzi. To esia wɔwɔ me la, àte ŋu ‘akpɔ dzideƒo le mía Mawu me’ be nàte ŋu aƒo nu le mɔ si aɖe wò kaka ɖe gbedasia ƒe nyateƒenyenye kple eƒe vevienyenye dzi afia la nu.—Tes. I, 2:2.