INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • be nusɔsrɔ̃ 34 axa 202-axa 205 mm. 4
  • Nya Tuameɖo Kple Nya Dedziƒonamewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nya Tuameɖo Kple Nya Dedziƒonamewo
  • Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Alesi Nàwɔ Agabi Ðe Edzi le Dzeɖoɖo Me
    Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
  • Tu Ame Ðo
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Nyawo Nede Dzi Ƒo Eye Wòatu Ame Ðo
    Do Vevie Nuxexlẽ Kple Nufiafia
  • Èwɔa Tɔwò Si Nua Be Míaƒe Kristotɔwo Ƒe Kpekpewo Natu Ame Ðoa?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Na Teokrasi Subɔsubɔ Suku ƒe Hehenana Naɖe Vi na Wò
be nusɔsrɔ̃ 34 axa 202-axa 205 mm. 4

NUSƆSRƆ̃ 34

Nya Tuameɖo Kple Nya Dedziƒonamewo

Nukae wòle be nàwɔ?

Le esi nànɔ nya geɖe gblɔm tso nu ɖedzileameƒowo ŋu teƒe la, ƒo nu tso nusiwo ade dzi ƒo na amewo alo atu wo ɖo boŋ ŋu.

Nukata Wòle Vevie?

Xexe si me lɔlɔ̃ mele o na dzi ɖe le amewo ƒo. Ame geɖe le kuxi sesẽwo me tom. Ne wogblɔ Biblia me gbedasia nyuie la, edea agbe yeye dzinyuitɔwo me.

GBEDASI si wotsɔ na mí be míaɖe gbeƒãe ye nye nyanyui la. Yesu gblɔ be: “Ele be, woaɖe gbeƒã nyanyui la afia dukɔwo katã gbãgbiagbã.” (Mar. 13:10) Yesu ŋutɔ ɖo kpɔɖeŋu ɖi to “mawufiaɖuƒe la ŋu nyanyui” gbɔgblɔ me. (Luka 4:43) Apostoloawo hã ɖe gbeƒã nusi woyɔ be ‘Mawu ƒe nyanyui’ kple ‘Kristo ƒe nyanyui.’ (Tes. I, 2:2; Kor. II, 2:12) Gbedasi siawo nye nya tuameɖowo kple nya dedziƒonamewo.

Le ɖekawɔwɔ me kple ‘mawudɔla si le dzodzom le dziƒo titina’ le “nyanyui mavɔ” gblɔm la, míexlɔ̃a nu amewo be: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ.” (Nyaɖ. 14:6, 7) Míeƒoa nu na amewo le afisiafi tso Mawu vavã la, eƒe ŋkɔ, eƒe nɔnɔme nyoameŋuwo, eƒe dɔwɔwɔ wɔnukuwo, eƒe tameɖoɖo si me lɔlɔ̃ le, alesi wòle be míabu akɔnta nɛ, kple nusiwo wòdi tso mía si ŋu. Nyateƒe si wònye be Yehowa Mawu atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo, amesiwo medea bubu eŋu o eye wole ame bubuwo ƒe agbe dome gblẽm ɖa la hã nye nyanyui si míeɖea gbeƒãe la ƒe akpa aɖe. Gake menye míaƒe dɔe wònye be míadrɔ̃ ʋɔnu amesiwo míeɖea gbeƒã na o. Míaƒe didi vevie enye be ame geɖe alesinu ate ŋui naxɔ Biblia me gbedasia ale be wòava nye nyanyui na wo vavã.—Lod. 2:20-22; Yoh. 5:22.

Mègaƒo Nu tso Nya Vɔ̃wo ŋu Fũ O. Enye nyateƒe be agbe me nudzɔdzɔ manyomanyowo li. Míeŋea aɖaba ƒua nusiawo dzi o. Le dzeɖoɖo gɔmedzedze me la, àte ŋu ado kuxi aɖe si le susu me na amesiwo le miaƒe anyigbamama me ɖa ahadzro eme kpuie. Gake zi geɖe la, maɖe vi boo aɖeke ne èva le nu ƒom legbee tso kuxiawo ŋu o. Amewo sea nyadzɔdzɔ gbãdzinamewo ɣesiaɣi, eyata nuƒoƒo tso nu manyomanyowo ŋu ate ŋu ana woado taflatse atu woƒe ʋɔtru loo alo woaɖe to ɖa. Le wò dzeɖoɖo gɔmedzedze vɔ megbe kpuie la, dze agbagba nàhe susu ayi nyateƒenya fadziname siwo le Mawu ƒe Nya la me dzi. (Nyaɖ. 22:17) Ekema ne amea medi be miayi dzeɖoɖoa dzi o gɔ̃ hã la, ègblẽ nya tuameɖo aɖe ɖi xoxo si ŋu wòabu. Esia ate ŋu ana wòalɔ̃ be yeaɖo to ɣebubuɣi.

Nenema ke ne wokpe wò be nàva ƒo nuƒo la, mègatrɔ nya vɔ̃wo kɔ ɖe nyaselawo dzi fũ le esi nèke ɖe nya mawo geɖe ŋu ta o. Ne nuƒola va vu ɖe amegbetɔdziɖuɖuwo ƒe kpododonu, nuvlowɔwɔ kple ŋutasesẽ ŋuti nyatakakawo, kpakple agbegbegblẽnɔnɔ ŋuti nya nyɔŋu dovoɖinamewo ŋu la, ate ŋu aɖe dzi le amewo ƒo. Nenye be woaɖo taɖodzinu vevi aɖe gbɔ ko hafi nàtsɔ nudzɔdzɔ vɔ̃ siwo ku ɖe nyati aɖe ŋu ade eme. Nya mawo ƒe sue aɖe si nàde eme ate ŋu aɖo kpe wò nuƒoa ƒe sɔsɔ ɖe ɣeyiɣia nu dzi. Ate ŋu aɖe nu vevi siwo na nɔnɔme aɖe le edzi yim la ɖe go eye nàte ŋu anɔ te ɖe edzi afia nusita egbɔkpɔnu si dze le Biblia me sɔ ɖo. Le afisi wòasɔ le la, tɔ asi kuxi mawo dzi tẽ eye mègava nɔ wo me gbãm fũ o.

Zi geɖe la, manya wɔ o eye masɔ hã be woaɖe nyadzɔdzɔ vɔ̃ ɖesiaɖe ɖa le nuƒo me o. Kuxia enye alesi woagblɔ nya nyuiwo kple vɔ̃wo siaa bene mlɔeba wòaɖo taɖodzinu si nyo gbɔ. Be nàɖo esia gbɔ la, ele be nàbu nusi nàde eme, nusi nàɖe le eme, kple akpa si dzi nàte gbe ɖo ŋu. Le Yesu ƒe Todzimawunya me la, exlɔ̃ nu eƒe nyaselawo be woatsri agbalẽfialawo kple Farisitɔwo ƒe ɖokuitɔdidinuwɔnawo, eye wòfia asi kpɔɖeŋu ʋɛ aɖewo tsɔ wɔ eƒe kpɔɖeŋui. (Mat. 6:1, 2, 5, 16) Ke hã le esi Yesu nanɔ nya geɖe gblɔm tso subɔsubɔhakplɔla mawo ƒe kpɔɖeŋu gbegblẽawo ŋu teƒe la, ete gbe ɖe Mawu ƒe mɔ vavãwo gɔmesese kple agbenɔnɔ ɖe wo nu boŋ dzi. (Mat. 6:3, 4, 6-15, 17-34) Emetsonu enye be ewɔ dɔ ɖe amewo dzi nyuie ale gbegbe.

Gblɔe le Mɔ si Ade Dzi Ƒo Nu. Ne wode dɔ asi na wò le hamea me be nàƒo nu tso Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa ƒe akpa aɖe ŋu la, dze agbagba be yeatu ame ɖo ke menye be yeaɖe vodada na ame o. Kpɔ egbɔ be wò ŋutɔ nèle nusi ƒe dzi dem ƒo nèle na amewo la wɔm. (Rom. 2:21, 22; Heb. 13:7) Na lɔlɔ̃, ke menye dziku o, naʋã wò le wò nyagbɔgblɔwo me. (Kor. II, 2:4) Ne kakaɖedzi le mewò be wò haxɔsetɔwo ƒe didi enye be yewoawɔ nusi dzea Yehowa ŋu la, kakaɖedzi ma adze le wò nyagbɔgblɔwo me, eye esia aɖe vi. De dzesi alesi apostolo Paulo ɖe kakaɖedzi ma fiae, abe alesi woŋlɔe ɖe Tesalonikatɔwo I, 4:1-12; Tesalonikatɔwo II, 3:4, 5; kple Filemon 4, 8-14, 21 ene.

Ɣeaɖewoɣi la, ahiã be hamemegãwo naxlɔ̃ nu le nuwɔna gbegblẽ aɖe ŋu. Gake ɖokuibɔbɔ akpe ɖe wo ŋu be woawɔ nu ɖe wo nɔviwo ŋu le dɔmefafa me. (Gal. 6:1) Ele be alesi woagblɔ nyae nafia be wodea bubu hamea me tɔwo ŋu. (Pet. I, 5:2, 3) Biblia xlɔ̃ nu ɖekakpuiwo koŋ be woalé fɔ ɖe esia ŋu. (Tim. I, 4:12; 5:1, 2; Pet. I, 5:5) Ne wòhiã be woaka mo, ana nufiame, alo awɔ ɖɔɖɔɖo la, ele be woanɔ te ɖe nusi Biblia ŋutɔ gblɔ dzi awɔ esia. (Tim. II, 3:16) Mele be woawɔ Ŋɔŋlɔawo ŋudɔ wòasɔ ɖe nɔnɔme aɖe nu alo atroe be wòasɔ ɖe nuƒolaa ŋutɔ ƒe nukpɔsusu aɖewo siwo me wòlé ɖe asi sesĩe la nu o. Ne ehiã be woana nuxlɔ̃ame atsɔ aɖɔ ame ɖo hã la, gbeɖiɖia ƒe nɔnɔme ate ŋu ade dzi ƒo na ame nenye be wote gbe ɖe alesi woaƒo asa na nuvɔ̃medzedze, alesi woakpɔ kuxiwo gbɔ, alesi woanɔ te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu, alesi woawɔ tɔtrɔ tso mɔ vɔ̃ dzi, kple alesi Yehowa ƒe nudidiwo nye ametakpɔkpɔ na míi la koŋ dzi.—Ps. 119:1, 9-16.

Ne èle dzadzram ɖo ɖe wò nuƒo ŋu la, bu alesi nàƒo nya vevi ɖesiaɖe ta kpakple nuƒo bliboa tae ŋu nyuie. Nya mamlɛ siwo nàgblɔe nye esiwo dzi koŋ wolɔ̃a ŋkuɖoɖoe wu. Ðe wòanye nya dedziƒonamea?

Ne Míele Dze Ðom Kple Haxɔsetɔwo. Yehowa subɔlawo kpɔa ŋudzedze ɖe mɔnukpɔkpɔ si sua wo si be woade ha le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me ŋu. Ɣeyiɣi siawo nyea gbɔgbɔ me ŋusẽdoameɣiwo. Biblia xlɔ̃ nu mí be “dzidedeƒo na mía nɔewo” nanɔ susu me na mí ne míeƒo ƒu ɖe míaƒe tadeaguƒewo. (Heb. 10:25, NW) Míete ŋu wɔa esia menye to nuƒowo kple nyaŋuɖoɖowo ko dzi o, ke le dzeɖoɖo do ŋgɔ na kpekpea kple kpakpã vɔ megbe siaa hã.

Togbɔ be esɔ be dzeɖoɖowo nate ŋu aku ɖe míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ ŋu hã la, dzidedeƒo gãtɔ tsoa dzeɖoɖo tso gbɔgbɔmenuwo ŋu me. Eƒe ɖewoe nye nuteƒekpɔkpɔ siwo su mía si le subɔsubɔdɔ kɔkɔea wɔwɔ me. Ðetsɔleme vavã ɖeɖe fia mía nɔewo hã tua ame ɖo.

Ele be míaɖɔ ŋu ɖo le xexe si ƒo xlã mí ƒe ŋusẽkpɔɖeamedziwo ta. Esi Paulo nɔ agbalẽ ŋlɔm na Kristotɔ siwo nɔ Efeso la, egblɔ be: “Miɖe aʋatsokaka ɖi, eye amesiame nagblɔ nyateƒe na ehavi.” (Ef. 4:25) Nyateƒea gbɔgblɔ, ke menye aʋatsokaka o, fia hã be míaganɔ nusiwo kpakple amesiwo xexeame tsɔ wɔ mawui la kafum o. Nenema ke Yesu xlɔ̃ nu le “kesinɔnuwo ƒe beble” ŋu. (Mat. 13:22) Eyata ne míele dze ɖom kple mía nɔewo la, ele be míakpɔ nyuie be míaganɔ ŋutilãmenuwo ƒe beble ma dzi dem to vividodo ɖe woƒe amesinɔnɔ ŋu le nuƒoƒo me o.—Tim. I, 6:9, 10.

Esi apostolo Paulo nɔ aɖaŋu ɖom tso alesi wòhiã be woatu ame ɖoe ŋu la, exlɔ̃ nu mí be míaganɔ ʋɔnu drɔ̃m alo anɔ vlo dom nɔvi aɖe si mekpɔa gome le nanewo wɔwɔ me o le ‘gbɔdzɔgbɔdzɔ le xɔse me,’ si fia be mese Kristotɔwo ƒe ablɔɖea gɔme bliboe o ta la o. Nyateƒee, bene míaƒe dzeɖoɖo natu amewo ɖo la, ele be míabu woƒe nɔnɔme kple afisi wowɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi se ɖoe ŋu. Aleke gbegbe wòawɔ nublanui be ame aɖe natsɔ “nukikli alo nuɖiaɖia ada ɖe nɔvia [ŋutsu alo nyɔnu] ƒe mɔ dzi” enye si!—Rom. 14:1-4, 13, 19.

Amesiwo le avu wɔm kple woawo ŋutɔ ƒe kuxi sesẽwo—le kpɔɖeŋu me, dɔ siwo mekana ɖe eme o—la kpɔa ŋudzedze ɖe dzeɖoɖo tuameɖowo ŋu ale gbegbe. Ðewohĩ ebia agbagbadzedze vevie be amesiawo nava kpekpeawo. Amesiwo nya nɔnɔme si me wole abia be: “Aleke enye wò lãmea?” Ðikeke mele eme o be akpɔ ŋudzedze ɖe woƒe ɖetsɔlemea ŋu. Ke hã anɔ eme be menye nuƒoƒo tso eƒe lãmesẽkuxiwo ŋue nye nya siwo dea dzi ƒo nɛ wu o. Ŋudzedzekpɔkpɔnya kple kafukafunyawo ado dzidzɔ na eƒe dzi geɖe wu. Ðe nèkpɔe dze sii be lɔlɔ̃ kpɔtɔ le eme na Yehowa eye wòkpɔtɔ le dzi dom le eƒe nɔnɔme sesẽa mea? Ðe eƒe nyaŋuɖoɖowo dea dzi ƒo na wòa? Ekema ɖe manye tutuɖo geɖe wu be woahe susu ayi eƒe tenɔnɔ sesĩe kple akpa siwo wɔm wòle le hamea me dzi boŋ tsɔ wu susu hehe yi eƒe kuxiawo dzii oa?—Tes. I, 5:11.

Be míaƒe dzeɖoɖo natu ame ɖo la, ehiã vevie be míabu nusi nye Yehowa ƒe nukpɔsusu le nya si me dzrom míele ŋu. Le blema Israel la, Mawu ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ va amesiwo ƒo nu tsi tre ɖe Yehowa teƒenɔlawo ŋu heto nyatoƒoe le mana la ŋu dzi. (Mose IV, 12:1-16; 21:5, 6) Míeɖenɛ fiana be míesrɔ̃ nu tso kpɔɖeŋu mawo me nenye be míetsɔ bubu na hamemegãwo eye míeɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu si dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela nana la ŋu.—Tim. I, 5:17.

Nya siwo míagblɔ siwo aɖe vi na mía nɔvi Kristotɔwo la kpɔkpɔ mesesẽ kura o. Ke hã ne ame aɖe ƒe nuƒo va zu vodadaɖeɖe na ame si gbɔ eme la, dze agbagba nàtrɔ dzeɖoɖoa yi nya bubu siwo atu ame ɖo dzi.

Eɖanye gbeƒã ɖemee míele na amewo, nuƒolanɔƒeae míele le nu ƒom, alo dze ɖom míele kple haxɔsetɔwo o, mina míaɖe nugɔmesese afia bene míaɖe “nya, si nyo na ŋgɔgbedede, ne ehiã la, bene wòana amenuveve amesiwo senɛ la” ɖe go tso míaƒe dzi ƒe nudzraɖoƒewo.—Ef. 4:29.

ALESI NÀWƆE

  • Nenɔ susu me na wò be dɔ si wode mía si enye be míaɖe gbeƒã nyanyuia.

  • Tu amewo ɖo ke menye be nàdi vodada le wo ŋu o.

  • Nukpɔsusu nyui nenɔ asiwò le amesiwo nèle nu ƒom na ŋu.

  • Le dzeɖoɖo me la, bu alesi wò nyawo awɔ dɔ ɖe amewo dzii ŋu.

DƆDASI: Yi ɖasrã ame aɖe si nye nuwɔametɔ alo amesi tsi teƒe ɖeka le aƒeme kpɔ. Do dzeɖoɖo tuameɖo aɖe ɖa. Ðe veveseseɖeamenu fia, gake nàna wò nyawo nanye nya dedziƒonamewo. Bu esia ŋu do ŋgɔ bene nàte ŋu awɔe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe