Ta Gbãtɔ
Ðekawɔwɔ le Tadedeagu me le Míaƒe Ɣeyiɣia me—Nukae Wòfia?
1, 2. (a) Nu dodzidzɔname kae le dzɔdzɔm le míaƒe ɣeyiɣia me? (b) Mɔkpɔkpɔ wɔnuku kae le dzianukwaretɔwo si?
ENYE dzidzɔ ale gbegbe be amewo le ɖeka wɔm le tadedeagu me le xexeame godoo. Ðekawɔwɔ sia le ame miliɔn geɖe siwo tso dukɔ sia dukɔ, to sia to, kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me la tem ƒo ƒui. Ame bubu geɖe gava kpea wo ƒe sia ƒe. Woyɔ amesiawo le Biblia me be Yehowa ƒe “ɖasefowo” eye wonye “ameha gã” aɖe. Wotsɔa ‘subɔsubɔ kɔkɔe’ naa Mawu ‘zã kple keli.’ (Yesaya 43:10-12; Nyaɖeɖefia 7:9-15) Nukatae wole nusia wɔm? Esi wova nyae be Yehowae nye Mawu vavã ɖeka kolia tae. Esia ʋãa wo be woatrɔ asi le woƒe agbenɔnɔ ŋu wòasɔ ɖe eƒe mɔ dzɔdzɔewo nu. Wosrɔ̃e hã be míele fifi xexe vɔ̃ɖi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me, be eteƒe madidi o Mawu atsrɔ̃e ɖa, eye be wòatsɔ eƒe xexeme yeye si nye paradiso aɖo eteƒe.—Timoteo II, 3:1-5, 13; Petro II, 3:10-13.
2 Mawu ƒe Nya la do ŋugbe na mí be: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o . . . Ke ame [fafawo] anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” (Psalmo 37:10, 11) “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.” (Psalmo 37:29) “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.”—Nyaɖeɖefia 21:4.
3. Nukae le amewo wɔm ɖekae le tadedeagu vavãtɔ me?
3 Amesiwo nu ƒom wole ƒu ɖekae fifia le tadedeagu vavãtɔ me lae nye amesiwo ava zu xexe yeye ma me tɔ gbãtɔwo. Wosrɔ̃ nusi Mawu ƒe lɔlɔ̃nu nye eye wotsɔ woƒe ŋutete ɖesiaɖe le edzi wɔm. Yesu te gbe ɖe esia wɔwɔ ƒe vevienyenye dzi esi wògblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Xexeame va yina kple eƒe nudzodzrowo; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17.
Nusi Tututu Wòfia
4. (a) Nuka tututue ame gbogbo siawo nuƒoƒoƒu ɖekae le tadedeagu me le míaƒe ɣeyiɣia me fia? (b) Aleke Biblia ƒo nu tso amewo nuƒoƒoƒudɔ sia ŋui?
4 Nuka tututue ame gbogbo siawo nuƒoƒoƒu ɖekae le tadedeagu me le míaƒe ɣeyiɣia me fia? Enye ɖaseɖiɖi kɔte be míegogo xexe vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu ŋutɔ, eye Mawu ƒe xexe yeyea ava ɖe eyome enumake. Mía ŋutɔwo míele Biblia me nyagblɔɖi siwo ƒo nu tso amewo nuƒoƒoƒudɔ vevi sia ŋu la me vava teƒe kpɔm. Nyagblɔɖi siawo dometɔ ɖeka gblɔ be: “[Ava me] le ŋkeke mlɔeawo [ŋkeke mamlɛ siawo] me be, Yehowa ƒe aƒe ƒe to la [eƒe tadedeagu vavã si wodo ɖe dzi] akɔ ta agbɔ towo ŋu, eye wòaƒo togbɛwo [tadedeagu ƒomevi bubu ɖesiaɖe] ta, eye . . . dukɔwo aƒo zi ɖe eŋu. Eye dukɔ geɖewo atso agblɔ bena: ‘Mina míayi Yehowa ƒe to la kple Yakob ƒe Mawu la ƒe aƒe la gbɔ, ne wòafia nu mí, eye míazɔ eƒe toƒewo!’”—Mixa 4:1, 2; Psalmo 37:34.
5, 6. (a) Aleke wònye nyateƒee be dukɔwo le Yehowa gbɔ vam? (b) Nya kawoe wòle be míabia mía ɖokui?
5 Togbɔ be dukɔ blibowo mele Yehowa ƒe gbɔgbɔ me tadeaguƒea vam o hã la, ame miliɔn geɖe siwo tso dukɔwo katã me ya le vavam. Ne wosrɔ̃ nu tso Yehowa Mawu ƒe tameɖoɖo si me lɔlɔ̃ le kple eƒe amenyenye lédzinamewo ŋu la, ewɔa dɔ ɖe woƒe dzi dzi vevie. Wotsɔa ɖokuibɔbɔ dina be yewoanya nusi Mawu le didim tso yewo si. Woƒe gbedodoɖa ɖia hakpala la tɔ, esi wòbia be: “Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ, elabena nye Mawu nènye.”—Psalmo 143:10.
6 Èle ameha gã siwo nu ƒom ƒu Yehowa le ɖekae fifia le tadedeagu me la domea? Ðe alesi nèwɔna ɖe nufiame siwo nèxɔna tso eƒe Nya la me ŋu fia be èlɔ̃ ɖe edzi nyateƒe be Yehowa ye nye Amesi gbɔ wotsoa? Afikae nàlɔ̃ be ‘yeazɔ eƒe toƒewo’ ase ɖo?
Alesi Wowɔ Ðekae
7. (a) Afika ke ɖekawɔwɔ le tadedeagu me ava keke ta aɖo mlɔeba? (b) Nukatae wòhiã kpata be woatso fifia ava zu Yehowa subɔla, eye aleke míawɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawo hã nava zui?
7 Yehowa ƒe tameɖoɖoe wònye be nuwɔwɔ siwo katã si nunya le la nawɔ ɖeka le tadedeagu vavã me. Aleke gbegbe míele mɔ kpɔm na ŋkeke si amesiame si li la ade ta agu na Mawu vavã ɖeka la ƒe vava vevie enye si! (Psalmo 103:19-22) Gake hafi wòadzɔ nenema la, ele be Yehowa naɖe amesiwo katã gbe eƒe lɔlɔ̃nu dzɔdzɔea wɔwɔ la ɖa. Le nublanuikpɔkpɔ me la, ena míenya nusi wògbɔna wɔwɔ ge, ale be mɔnukpɔkpɔ nasu amewo si le afisiafi be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ. (Yesaya 55:6, 7) Eyata le míaƒe ŋkekea me la, amekpekpe sia si bia nuwɔwɔ kpata la le yiyim na “to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kpakple dukɔ sia dukɔ” me tɔwo be: “Mivɔ̃ Mawu, eye mitsɔ ŋutikɔkɔe nɛ; elabena eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃gaƒoƒo la ɖo, eye mide ta agu na amesi wɔ dziƒo kple anyigba kple atsiaƒu kple tsi dzidziwo.” (Nyaɖeɖefia 14:6, 7) Èxɔ amekpekpe ma? Ne èxɔe la, ke enye mɔnukpɔkpɔ na wò be wò hã nàkpe ame bubuwo be woawo hã nava dze si Mawu vavã ɖeka kolia la ahasubɔe.
8. Le Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo sɔsrɔ̃ vɔ la, ŋgɔyiyi kawoe wòle be míadze agbagba vevie awɔ?
8 Menye Yehowa ƒe tameɖoɖo wònye be amesiwo gblɔna be yewoxɔ ye dzi se gake woyia edzi wɔa nusi dzea woawo ŋutɔ ŋu la nasubɔ ye o. Mawu di be ‘sidzedze vavãtɔ’ nasu amewo si ‘le yeƒe lɔlɔ̃nu ŋu’ eye woaɖee afia le woƒe agbenɔnɔ me. (Kolosetɔwo 1:9, 10) Eyata ŋudzedzekpɔla siwo srɔ̃a Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo dina be yewoayi ŋgɔ aɖo Kristotɔwo ƒe tsitsi gbɔ. Woƒe didie nye be yewoanya Yehowa nyuie wu, be yewoadzi eƒe Nya la gɔmesese ɖe edzi, eye yewoana gɔmesese sia nade to ɖe edzi, eye yewoatsɔe awɔ dɔ bliboe wu le yewoƒe agbenɔnɔ me. Wodina be yewoaɖe mía Fofo si le dziƒo ƒe nɔnɔmewo afia eye yewoabu nu ŋu abe alesi wòbunɛ ene. Esia ʋãa wo be wodia mɔ siwo nu woato akpɔ gome le agbeɖeɖedɔ si wòna wole wɔwɔm le anyigba dzi le míaƒe ŋkekea me la me. Enye wò hã wò didi be yeawɔ esia?—Marko 13:10; Hebritɔwo 5:12–6:3.
9. Mɔ kawo nue ɖekawɔwɔ akuakua anya wɔ le fifia?
9 Biblia fia be ele be amesiwo subɔa Yehowa la nanye amesiwo dome ɖekawɔwɔ le. (Efesotɔwo 4:1-3) Ele be ɖekawɔwɔ sia nanɔ anyi fifia gɔ̃ hã, togbɔ be míele xexe si me ma me eye míegale kame tem kple mía ŋutɔwo míaƒe blibomademadewo kokoko hã. Yesu do gbe ɖa vevie be yeƒe nusrɔ̃lawo katã nanye ame ɖekawo, be ɖekawɔwɔ akuakua nanɔ wo dome. Nukae nusia afia? Gbã, ele be ƒomedodo nyui nanɔ woa kple Yehowa kple Via dome. Evelia, ele be ɖekawɔwɔ nanɔ woa kple wo nɔviwo dome. (Yohanes 17:20, 21) Bene wòanya wɔ alea la, woɖo Kristo-hamea wònye habɔbɔ si dzi Yehowa tona fiaa nu eƒe amewo.
Nu Vevi Kawoe Naa Wowɔa Ðeka?
10. (a) Nukawo mee míeva tsina le ne mía ŋutɔwo míezã Biblia tsɔ ɖo nya siwo ka mí ŋui? (b) Ðo nyabiase siwo woɖo ɖe memama sia me ŋu nàtsɔ ade ŋugble le nu vevi siwo hea Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔ vɛ la ŋu.
10 Woŋlɔ nu vevi adre siwo koŋ na wowɔ ɖeka le tadedeagu me la ɖe ete. Ne èle nyabiabia siwo kpe ɖe eŋu ŋu ɖom la, bu alesi nyati ɖesiaɖe ku ɖe wò ƒomedodo kple Yehowa kpakple nɔviwò Kristotɔwo ŋu la ŋuti. Ŋugbledede le nyati siawo ŋu kple mawunyakpukpui siwo woyɔ gake womeŋlɔ wo me nyawo ɖi o xexlẽ ana nàtsi le nunya si Mawu nana, tamebubu ŋutete, kple nugɔmesese me—esiawo nye nɔnɔme siwo mí katã míehiã. (Lododowo 5:1, 2; Filipitɔwo 1:9-11) De ŋugble le nu vevi siawo ŋu ɖekaɖeka.
(1) Míelɔ̃ ɖe Yehowa ƒe dzedze be wòaɖo nyui kple vɔ̃ ƒe dzidzenu na mí dzi. “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò.”—Lododowo 3:5, 6.
Nukatae wòle be míadi Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiafia ne míele nyametsotso wɔm? (Psalmo 146: 3-5; Yesaya 48:17)
(2) Mawu ƒe Nya la li si afia mɔ mí. “Esime miexɔ mawunya, si miese le mía nu la, miexɔe abe amewo ƒe nya ene o, ke boŋ abe Mawu ƒe nya ene, abe alesi wònye Mawu ƒe nya vavã, si hã sẽa ŋu le mi, amesiwo xɔnɛ sena la me ene.”—Tesalonikatɔwo I, 2:13.
Afɔku kae le eme ne míewɔa nusi “míesusu” ko be eyae nye nyuitɔ? (Lododowo 14:12; Yeremya 10:23, 24; 17:9)
Ne míenya nusi nye Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo le nane ŋu o la, nukae wòle be míawɔ? (Lododowo 2:3-5; Timoteo II, 3:16, 17)
(3) Gbɔgbɔmenuɖuɖu ƒe ɖoɖo ɖekae li na mí katã. “Viwòwo katã anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo.” (Yesaya 54:13) “[Mina] míalé ŋku ɖe mía nɔewo ŋu, bena míade dzi ƒo na mía nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me, eye míagagblẽ mía ŋutɔwo míaƒe ƒuƒoƒewo ɖi, abe alesi ame aɖewo wɔna ene o, ke boŋ míaxlɔ̃ nu mía nɔewo, eye míawɔ esia geɖe wu, zi alesi miekpɔ bena, [tsɔtsrɔ̃] ŋkeke la le ɖoɖom.”—Hebritɔwo 10:24, 25.
Aleke wòɖea vi na amesiwo wɔa woƒe ŋutete ɖesiaɖe be yewoazɔ ɖe gbɔgbɔmenuɖuɖu nana ƒe ɖoɖo siwo Yehowa wɔ dzi lae? (Yesaya 65:13, 14)
(4) Yesu Kristoe nye míaƒe Kplɔla, menye amegbetɔ aɖekee o. “Miawo la migana woayɔ mi be Rabi o, elabena ame ɖeka koe nye miaƒe nufiala, eye mi katã la nɔviwo mienye. Eye migayɔ ame aɖeke be mia fofo le anyigba dzi o; elabena ame ɖekae nye mia fofo, eyae le dziƒo. Eye womegayɔ mi be kplɔlawo o; elabena ame ɖekae nye miaƒe kplɔla, eyae nye Kristo.”—Mateo 23:8-10.
Ðe wòle be mía dometɔ aɖe nabui be yele ɖoƒe kɔkɔ wu ame bubuwoa? (Romatɔwo 3:23, 24; 12:3)
(5) Mawu ƒe Fiaɖuƒedziɖuɖua koe míebuna be enye ameƒomea ƒe mɔkpɔkpɔ ɖeka kolia. “Miawo mido gbe ɖa ale: Mía Fofo, si le dziƒowo! Wò ŋkɔ ŋuti nakɔ! Wò fiaɖuƒe nava! Woawɔ wò lɔlɔ̃nu le anyigba dzi, sigbe alesi wowɔna le dziƒo ene! Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã.”—Mateo 6:9, 10, 33.
Aleke ‘Fiaɖuƒea didi gbãgbiagbã’ kpɔa míaƒe ɖekawɔwɔ tae? (Mixa 4:3; Yohanes I, 3:10-12)
(6) Gbɔgbɔ kɔkɔea kpena ɖe Yehowa subɔlawo ŋu woɖea nɔnɔme siwo hiã hena Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔ la fiana. “Gbɔgbɔ ƒe kutsetse enye: Lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, [xɔse], dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu.”—Galatiatɔwo 5:22, 23.
Nukae wòle be míawɔ bene Mawu ƒe gbɔgbɔ la natse eƒe kuwo ɖe mía me? (Dɔwɔwɔwo 5:32)
Aleke Mawu ƒe gbɔgbɔ la kpɔa ŋusẽ ɖe mía kple mía nɔvi Kristotɔwo dome ƒomedodo dzii? (Yohanes 13:35; Yohanes I, 4:8, 20, 21)
(7) Mawu subɔla vavã ɖesiaɖe ɖea gbeƒã eƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia. “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.”—Mateo 24:14.
Nukae wòle be wòaʋã mí be míadi be míakpɔ gome le gbeƒãɖeɖedɔ sia me bliboe? (Mateo 22:37-39; Romatɔwo 10:10)
11. Ne míetsɔ Biblia ƒe nyateƒeawo wɔ dɔe le míaƒe agbenɔnɔ me la, ŋusẽ kae wòkpɔna ɖe mía dzi?
11 Ðekawɔwɔ le tadedeagu na Yehowa me tea mí ɖe eyama ŋu eye wònaa míenɔa hadede tuameɖo me kple míaƒe haxɔsetɔwo. Psalmo 133:1 gblɔ be: “Kpɔ ɖa, aleke mehenyo, eye wòvivinae, ne nɔviwo le afi ɖeka!” Aleke gbegbe wònaa dzidzemee nye si be woate ɖa tso xexe sia si me ɖokuitɔdidi, agbegbegblẽnɔnɔ, kple ŋutasesẽnuwɔwɔ xɔ aƒe ɖo gbɔ ava wɔ ɖeka kple amesiwo lɔ̃ Yehowa le nyateƒe me hewɔa eƒe sewo dzi!
Tsri Nusiwo Hea Mama Vɛ
12. Nukatae wòle be míatsri ɖokuisinɔnɔgbɔgbɔ?
12 Be míagana naneke nagblẽ míaƒe xexeame katã ƒe ɖekawɔwɔ xɔasia me o la, ele be míatsri nusiwo hea mama vɛ. Nusiawo dometɔ ɖekae nye ame ɖokui ɖeɖeɖa tso Mawu kple eƒe sewo te ƒe gbɔgbɔ. Yehowa kpe ɖe mía ŋu be míatsri gbɔgbɔ sia ɖeɖe fia esi wòʋu go Satana Abosam be eyae nye amesi gbɔ nɔnɔme sia dzɔ tso. (Korintotɔwo II, 4:4; Nyaɖeɖefia 12:9) Satana ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzie na be Adam kple Xawa gbe nusi Mawu gblɔ na wo la dzi wɔwɔ eye woawo ŋutɔ wova wɔ nyametsotso siwo tsi tre ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu ŋu. Dzɔgbevɔ̃e ye do tso eme na wo, kpakple míawo hã. (Mose I, 3:1-6, 17-19) Ðokuisinɔnɔ tso Mawu kple eƒe seawo gbɔ ƒe gbɔgbɔ yɔ xexe sia me fũ. Eyata ele be mía ŋutɔwo míatsi gbɔgbɔ ma nu le mía ɖokui me.
13. Nukae afia nenye be míele dzadzram ɖo nyateƒe ɖe agbenɔnɔ le Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye xexe yeyea me ŋu?
13 Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le ŋugbe dodzidzɔname si Yehowa do be yeatsɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye siwo me “dzɔdzɔenyenye anɔ” la aɖɔ li fifi xexe vɔ̃ɖi siae ŋu kpɔ. (Petro II, 3:13) Ðe mele be wòaʋã mí be míadze dzadzraɖo gɔme na agbenɔnɔ le ɣemaɣi si dzɔdzɔenyenye sɔŋ ko anɔ anyi la oa? Efia be míawɔ ɖe Biblia ƒe nuxlɔ̃ame si me kɔ kɔte la dzi, be: “Migalɔ̃ xexeame kple nusiwo le eme o. Ne ame aɖe lɔ̃ xexeame la, Fofoa ƒe lɔlɔ̃ mele eme o.” (Yohanes I, 2:15) Eyata míetsria xexe sia me ƒe gbɔgbɔ—eƒe ɖokuisinɔnɔgbɔgbɔ, ɖokuiŋububu akpa, eƒe agbegbegblẽnɔnɔ kple ŋutasesẽnuwɔwɔ. Ezua numame na mí be míase Yehowa ƒe gbe eye míaɖo toe tso dzi me, togbɔ be manye nenemae adzro míaƒe ŋutilã madebliboa o hã. Edzena le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa be míaƒe tamebubu kple ŋusẽ si ʋãa mí míewɔa nu la ku ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu.—Psalmo 40:9.
14. (a) Nukatae wòle vevie be míazã mɔnukpɔkpɔa fifia atsɔ asrɔ̃ nu le Yehowa ƒe mɔwo ŋu eye míanɔ agbe ɖe wo nu? (b) Nukae mawunyakpukpui siwo woyɔ le memamaa me fia na mía dometɔ ɖesiaɖe?
14 Ne Yehowa ƒe ɣeyiɣi ɖoɖia de be wòatsrɔ̃ nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia kple amesiwo zɔna ɖe eƒe mɔwo nu la, matsi megbe le eŋu o. Mahe ŋkeke ma ayi megbee alo atrɔ eƒe dzidzenuwo be wòasɔ na amesiwo gaku ɖe xexeame ŋu kokoko eye wotsɔ dzi afãafã le Mawu ƒe lɔlɔ̃nu srɔ̃m hele edzi wɔm ɖe kple ɖee o. Fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be míatso kpla ɖe nuwɔwɔ ŋu! (Luka 13:23, 24; 17:32; 21:34-36) Eyata dzidzɔ gãe wònye be míakpɔe be ameha gã la le mɔnukpɔkpɔ vevi sia xɔm atuu, wotsɔ didi vevie le mɔfiame si Yehowa nana to eƒe Nya kple habɔbɔ dzi la xɔm eye wowɔ ɖeka hele eƒe toƒewo zɔm yina ɖe xexe yeyea me! Eye ne míeyi edzi srɔ̃ nu tso Yehowa ŋu la, awɔe be míayi edzi anɔ eyama lɔ̃m eye míadi be míasubɔe.
Numetoto
• Nukae nye Yehowa ƒe tameɖoɖo le tadedeagu ŋu?
• Le Biblia ƒe gɔmedzenufiafiawo sɔsrɔ̃ vɔ la, ŋgɔyiyi kae wòle be míadi vevie be míadze agbagba awɔ?
• Nukae mía dometɔ ɖesiaɖe ate ŋu awɔ be míanɔ ɖekawɔwɔ me kple Yehowa subɔla bubuwo?
[Nɔnɔmetata si le axa 4]
‘Ame fafawo anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti’