Ta Evelia
Kafu Yehowa, Mawu Vavã Ðeka Kolia La
1. Amekae nye Mawu vavã ɖeka kolia la?
BIBLIA gblɔ be togbɔ be nu geɖe li siwo wobuna mawuwoe hã la, ‘Mawu ɖeka si nye Fofo la koe li na mí.’ (Korintotɔwo I, 8:5, 6) “Mawu ɖeka” mae nye Yehowa, nuwo katã Wɔla la. (Mose V, 6:4; Nyaɖeɖefia 4:11) Yesu yɔe be “nye Mawu kple miawo hã mia Mawu.” (Yohanes 20:17) Yesu lɔ̃ ɖe nya si Mose gblɔ do ŋgɔ dzi be: “Yehowa enye Mawu, eye bubu aɖeke meli kpe ɖe eŋu o.” (Mose V, 4:35) Nu bubu siwo amewo subɔna, siwo ƒe ɖewoe nye legbawo, amegbetɔ siwo wotsɔ wɔ mawui, alo Mawu ƒe futɔ Satana Abosam, amesi nye “xexe sia me mawu,” la ƒe ɖeke megogo Yehowa le go aɖeke me kura o. (Korintotɔwo II, 4:3, 4) To vovo na wo katã la, Yehowae nye ‘Mawu vavã ɖeka la,’ abe alesi Yesu gblɔe ene.—Yohanes 17:3.
2. Ne míele nu srɔ̃m tso Mawu ŋu la, aleke wòle be wòakpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe agbenɔnɔ dzii?
2 Amesiwo me akpedada yɔ le nusiwo wosrɔ̃ tso Mawu ƒe nɔnɔme lédzinamewo ŋu, kpakple nusiwo wòwɔ kple esiwo wòagava wɔ na mí ŋu, la sena le wo ɖokui me be yewoate ɖe eyama ŋu. Ne woƒe lɔlɔ̃ na Yehowa le tsitsim ɖe edzi la, wosenɛ le wo ɖokui me be ele be yewoakafui vevie. Le mɔ ka nu? Eƒe mɔnu ɖekae nye nuƒoƒo tso eŋu na amewo. Romatɔwo 10:10 gblɔ be: “Wotsɔa dzi xɔna sena hena dzɔdzɔenyenye, eye wotsɔa nu ʋua eme hena agbexɔxɔ.” Mɔnu bubue nye be woasrɔ̃ eyama le ame ƒe nyagbɔgblɔ kple nuwɔna me. Efesotɔwo 5:1 gblɔ be: “Mizu mawusrɔ̃lawo abe lɔlɔ̃viwo ene.” Be míawɔe wòaganyo wu la, ehiã be míanya amesi tututu Yehowa nye.
3. Nukawoe nye Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔwo?
3 Wogblɔ nya geɖe le Biblia ƒe akpa vovovo siwo ƒo nu tso Mawu ƒe nɔnɔme ɖedzesiwo ŋu. Eƒe nɔnɔme ene siwo ɖe dzesi wue nye nunya, dzɔdzɔenyenye, ŋusẽ, kple lɔlɔ̃. ‘Eya sie nunya le.’ (Hiob 12:13) ‘Eƒe mɔwo katã dzɔ.’ (Mose V, 32:4) ‘Ŋusẽ le esi.’ (Yesaya 40:26) ‘Mawu enye lɔlɔ̃.’ (Yohanes I, 4:8) Gake le Mawu ƒe nɔnɔme vevitɔ eneawo dome la, kae ɖe dzesi wu, si ɖe Mawu si ƒomevi wònye fia wu bubuawo katã?
“Mawu Enye Lɔlɔ̃”
4. Mawu ƒe nɔnɔmewo dometɔ ka koŋ ye na wòwɔ xexeame kple eme nu gbagbewo katã?
4 Bu nusi ʋã Yehowa be wòawɔ xexeame kpakple gbɔgbɔ me kple ŋutilã me nuwɔwɔ siwo si nunya le la ŋu kpɔ. Eƒe nunya alo ŋusẽ yea? Ao, elabena togbɔ be Mawu zã nusiawo hã la, menye woawoe nye nusiwo ʋãe o. Eye eƒe dzɔdzɔenyenye mebia be wòana nunana si nye agbe nuwɔwɔ bubuwo o. Ke boŋ Mawu ƒe lɔlɔ̃ gã lae ʋãe be wòna nuwɔwɔ nyanu bubuwo hã nakpɔ dzidzɔ si le agbenɔnɔ me kplii. Lɔlɔ̃e ʋãe be wòɖoe be ameƒomea me tɔ siwo nye toɖolawo nanɔ agbe tegbee le Paradiso me. (Mose I, 1:28; 2:15) Lɔlɔ̃e na wòwɔ ɖoɖo be woaɖe fɔbubu si Adam ƒe nuvɔ̃ he va ameƒomea dzi la ɖa.
5. Abe alesi Biblia gblɔe ene la, nɔnɔme kae Yehowa ƒe amenyenye ƒe akpa sia akpa nye, eye nukatae?
5 Eyata le Mawu ƒe nɔnɔmewo katã dome la, lɔlɔ̃e nye esi ɖe dzesi wu. Lɔlɔ̃ nye eya ame bliboa katã ƒe nɔnɔme. Togbɔ be Mawu ƒe nunya, dzɔdzɔenyenye, kple ŋusẽ le vevie ŋutɔ hã la, Biblia megblɔ kpɔ gbeɖe be Yehowa nye nɔnɔme siawo dometɔ aɖeke o. Gake egblɔe kɔte be enye lɔlɔ̃ ya. Nyateƒee, Yehowa ƒe amenyenye ƒe akpa sia akpa nye lɔlɔ̃. Esiae nye lɔlɔ̃ si gɔmeɖose fia mɔe, ke menye esi tsoa seselelãme ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi me o. Gɔmeɖose siwo nɔ te ɖe nyateƒe kple dzɔdzɔenyenye dzie fiaa mɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃. Enye lɔlɔ̃ si ƒomevi de ŋgɔ wu ɖesiaɖe, eye Yehowa Mawu ŋutɔe ɖo eƒe kpɔɖeŋu ɖi. Lɔlɔ̃ sia nye esi me ɖokuitɔdidi aɖeke kura mele o ɖeɖe fia eye nuwɔna siwo nye eƒe kpeɖodzi kpena ɖe eŋu ɣesiaɣi.
6. Nukatae wòanya wɔ be míasrɔ̃ Mawu, togbɔ be ede ŋgɔ boo wu mí hã?
6 Nɔnɔme nyui sia si nye lɔlɔ̃e kpena ɖe mía ŋu be míasrɔ̃ Mawu sia. Esi míenye amegbetɔ tsɛ madeblibo siwo wɔa vodada ta la, awɔ na mí be manya wɔ gbeɖe be míasrɔ̃ Mawu o. Gake afisiae Yehowa ƒe lɔlɔ̃ gã la ƒe kpɔɖeŋu bubu gadze le: Enya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mí eye medi blibodede tso mía si o. Enya be fifia ya ɖɔɖɔɖo geɖe hiã hafi míaɖo blibodede gbɔ. (Psalmo 51:7) Eyatae Psalmo 130:3, 4 gblɔ be: “Yehowa, ne ebe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma? Elabena gbɔwò tsɔtsɔke le.” Le nyateƒe me, Yehowa nye “nublanuikpɔla kple amenuve Mawu, amesi gbɔa dzi blewu, eye eƒe amenuveve kple nuteƒewɔwɔ sɔ gbɔ.” (Mose II, 34:6) “[Yehowa,] wò dɔme nyo, eye nèlɔ̃a tsɔtsɔke.” (Psalmo 86:5) Nya sia faa akɔ loo! Enaa ame ƒe dzi dzea eme ale gbegbe be woasubɔ Mawu nyui sia eye woakpɔ alesi wòlɔ̃a ame hekpɔa nublanui na amee!
7. Aleke Yehowa ƒe lɔlɔ̃ dze le eƒe asinudɔwɔwɔwo mee?
7 Míagate ŋu akpɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ le eƒe asinudɔwɔwɔwo hã me. Bu nu nyui gbogbo siwo Yehowa na mí hena míaƒe dzidzɔkpɔkpɔ, abe to, ave, ta kple atsiaƒu dzeaniwo ene, ŋu kpɔ. Ena nuɖuɖu hamehame mí hena míaƒe vivisese kple mía léle ɖe te. Yehowa gawɔ seƒoƒo dzeani vovovo siwo ʋẽna lilili kpakple lã hamehame siwo magbe dzidzɔdodo na mí o. Ewɔ nusiwo ana amegbetɔ nase vivi na agbea, togbɔ be mehiã kokoko be wòawɔ wo o hã. Enye nyateƒe be le xexe vɔ̃ɖi sia me, le blibomademade ƒe nɔnɔme si me míele fifia me la, míate ŋu ase vivi ade goe na eƒe nuwɔwɔwo o. (Romatɔwo 8:22) Gake bu nusiwo gbegbe Yehowa gbɔna wɔwɔ ge na mí le Paradisoa me la ŋu kpɔ! Hakpala la ka ɖe edzi na mí be: “Èʋu wò asi me, eye nètsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidi [siwo sɔ] ɖi ƒo na woe.”—Psalmo 145:16.
8. Nukae nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃ na mí ƒe kpɔɖeŋu si ƒo ɖesiaɖe ta?
8 Nukae nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃ na ameƒomea ɖeɖe fia ƒe kpɔɖeŋu si ƒo ɖesiaɖe ta? Biblia ɖe eme be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Ðe wònye amegbetɔ ƒe nyuiwɔwɔ tae Yehowa wɔ nusia ɖoa? Romatɔwo 5:8 ɖo eŋu be: “Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃, si wòtsɔ lɔ̃ mí la fia bena, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.” Vavãe, Mawu dɔ Via debliboa ɖe anyigba dzi be wòatsɔ eƒe agbe ana wòanye tafevɔsa bene wòaɖe mí tso nuvɔ̃ kple ku ƒe fɔbubu te. (Mateo 20:28) Esia ʋu mɔ na amesiwo lɔ̃ Mawu be woakpɔ agbe mavɔ. Míeda akpe be Mawu keke eƒe lɔlɔ̃ la ɖe enu na amesiame si di be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu, elabena Biblia gblɔ na mí be: “Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.”—Dɔwɔwɔwo 10:34, 35.
9. Aleke wòle be alesi Yehowa tsɔ Via na tafee ɖe mía ta la nakpɔ ŋusẽ ɖe mía dzii?
9 Aleke wòle be alesi Yehowa tsɔ Via na tafee ɖe mía ta, si ʋu agbe mavɔ nɔnɔ ƒe mɔnu na mí la, nakpɔ ŋusẽ ɖe alesi míezãa míaƒe agbee fifia dzi? Ele be wòana míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa, Mawu vavã la, nade to ɖe edzi. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ele be wòana míaɖo to Yesu, amesi ɖe Mawu ƒe nɔnɔmewo fia. “[Yesu ku ɖe amewo] katã ta, bene amesiwo le agbe la, naganɔ agbe na wo ɖokui o, ke ne woanɔ agbe hena amesi ku . . . le wo ta la boŋ.” (Korintotɔwo II, 5:15) Dzidzɔ kae nye si wònye be míazɔ Yesu ƒe afɔtoƒewo, elabena eyae nye amesi srɔ̃ Yehowa ƒe lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ wòde edeƒe pɛpɛpɛ! Esia dze le nya si Yesu gblɔ na ɖokuibɔbɔlawo me, be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana dzudzɔ mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo. Elabena nye kɔkuti la le bɔbɔe, eye nye agba la le wodzoe.”—Mateo 11:28-30.
Ame Bubuwo Lɔlɔ̃
10. Mɔ siwo nu míate ŋu aɖee afia le be míelɔ̃ mía nɔvi Kristotɔwo dometɔ aɖewo ɖe?
10 Aleke míate ŋu aɖee afiae be lɔlɔ̃ si tɔgbe Yehowa kple Yesu tsɔ lɔ̃ míi la ke míetsɔna lɔ̃a mía nɔvi Kristotɔwoe? De dzesi mɔ vovovo siwo nu míate ŋu aɖee afia le: “Lɔlɔ̃ la gbɔa dzi blewu, eƒe dɔme nyona; lɔlɔ̃ la meʋãa ŋu o, lɔlɔ̃ la meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzo o, mewɔa nusi medze o, media ye ŋutɔ tɔ o, mebia dzi o, mebua naneke vɔ̃ o; medzɔa dzi le nu madzɔmadzɔ ŋuti o, ke eya kple nyateƒee dzɔa dzi. Etsɔa nuwo katã kpoo, exɔa nuwo katã sena, ekpɔa mɔ na nuwo katã, edoa dzi le nuwo katã me. Lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o.”—Korintotɔwo I, 13:4-8; Yohanes I, 3:14-18; 4:7-12.
11. Amekawo hãe wòle be míalɔ̃, eye aleke míalɔ̃ woe?
11 Amekawo hãe wòle be míalɔ̃, eye aleke míalɔ̃ woe? Yesu gblɔ be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã me nɔlawo ne woanye nusrɔ̃lawo, mianyrɔ wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me, miafia wo bena, woawɔ nusiwo katã meɖo na mi la dzi.” (Mateo 28:19, 20, NW) Esia bia be míagblɔ Mawu ƒe xexe yeye si gbɔna si anye paradiso la ŋu nyanyui na amesiwo mezu mía hati Kristotɔwo haɖe o. Yesu ɖee fia kɔte be menye míaƒe haxɔsetɔwo koe wòle be míalɔ̃ o, elabena egblɔ be: “Ne mielɔ̃a amesiwo lɔ̃a mi [ko] la, fetu ka kpɔm miele mahã? Alo menye nudzɔlawo hã wɔa nenema ke o ɖe? Eye ne miedoa gbe na mia nɔviwo ɖeɖe ko la, wɔwui ka wɔm miele? Alo menye xexemeviwo hã wɔa nenema ke o ɖe?”—Mateo 5:46, 47; 24:14; Galatiatɔwo 6:10.
‘Zɔ le Yehowa ƒe Ŋkɔ Me’
12. Nukatae wònye Mawu koe woate ŋu azã eƒe ŋkɔ la na wòasɔ?
12 Mawu vavã la kafukafu ƒe akpa vevi aɖee nye eƒe ŋkɔ, Yehowa, si ɖeke mesɔ kplii o la nyanya, ezazã, kple efiafia ame bubuwo. Hakpala la gblɔ eƒe dzimedidi vevi sia be: “Ne woadze sii be, ŋkɔwòe nye Yehowa, eye wò ɖeɖe koe ɖo kpo ɖe anyigba blibo la dzi!” (Psalmo 83:19) Ŋkɔ Yehowa gɔmee nye “Enaa Wòvaa Eme.” Eyae nye Tameɖola Gãtɔ, amesi wɔa eƒe tameɖoɖowo dzi wòdea go ɣesiaɣi. Eye Mawu vavã ɖeka kolia la koe ate ŋu atsɔ ŋkɔ ma wòadze, elabena amegbetɔwo mate ŋu aka ɖe edzi gbeɖe be yewoƒe agbagbadzedzewo adze edzi o. (Yakobo 4:13, 14) Yehowa ɖeɖe dzaa koe ate ŋu agblɔ be yeƒe nya ‘awɔ nusi gbe yeɖoe ɖo kokoko.’ (Yesaya 55:11) Edzɔa dzi na ame geɖe ŋutɔ zi gbãtɔ si wokpɔ Mawu ƒe ŋkɔ le woƒe Biblia me eye wofia nusi wòfia la wo. (Mose II, 6:3) Gake ne ‘wozɔ le Yehowa ƒe ŋkɔ me ɖaa tegbee’ ko hafi sidzedze sia aɖe vi na wo.—Mixa 4:5.
13. Nukae Yehowa ƒe ŋkɔ nyanya kple zɔzɔ le eƒe ŋkɔ me bia?
13 Psalmo 9:11 gblɔ le Mawu ƒe ŋkɔa ŋu be: “Amesiwo dze si wò ŋkɔ la, ɖoa ŋu ɖe ŋuwò.” Menye ŋkɔ Yehowa nyanya, si mefia kokoko be woɖoa ŋu ɖe eyama ŋu o, ɖeɖekoe nusia bia o. Mawu ƒe ŋkɔa nyanya fia be woase Mawu si ƒomevi Yehowa nye la gɔme eye woada akpe ɖe eta, woade bubu eƒe dziɖuŋusẽ ŋu, awɔ eƒe sewo dzi, eye woaɖo ŋu ɖe eŋu le nusianu me. (Lododowo 3:5, 6) Nenema ke zɔzɔ le Yehowa ƒe ŋkɔ me fia be woatsɔ ame ɖokui aɖe adzɔgbe nɛ eye woanɔ eteƒe abe esubɔla ene, be woana ame ƒe agbenɔnɔ nawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le nyateƒe me. (Luka 10:27) Èle esia wɔma?
14. Bene míasubɔ Yehowa tegbee la, nukae gahiã wu esi míabui míaƒe agbanɔamedzii ko?
14 Ne míedi be míasubɔ Yehowa tegbee la, ke menye esi wònye míaƒe agbanɔamedzi ta koe wòle be míasubɔe o. Apostolo Paulo de dzi ƒo na Timoteo, si nɔ Yehowa subɔm ƒe geɖe xoxo, be: “Do vevie mawusosroɖa.” (Timoteo I, 4:7) Mawusosroɖa tsoa dzi si me yɔ fũ kple akpedada na amesi wotsɔ ame ɖokui na la me. “Mawusosroɖa” bia be woatsɔ subɔsubɔ ƒe bubu deto ana Yehowa ŋutɔ. Enaa míekuna ɖe eŋu lɔlɔ̃tɔe le ɖoƒe kɔkɔ si míeda eyama ɖo kple alesi eƒe mɔwo le vevie na míi la ta. Enaa míedina be amesiame nade bubu deto ma ke eƒe ŋkɔa ŋu. Ele be míatsɔ mawusosroɖa amla mía ɖokui hafi ate ŋu azɔ le Yehowa, Mawu vavã ɖeka kolia la, ƒe ŋkɔ me tegbee.—Psalmo 37:4; Petro II, 3:11.
15. Aleke míawɔ atsɔ ɖokuitsɔtsɔna blibo asubɔ Mawui?
15 Bene míaƒe subɔsubɔ nadze Mawu ŋu la, ele be míaƒe tadedeagu nayi na eya ɖeka ko, elabena ‘Mawu si biaa ɖokuitsɔtsɔna blibo’ ye wònye. (Mose II, 20:5) Míate ŋu alɔ̃ Mawu eye le ɣeyiɣi ma ke me míagalɔ̃ xexe vɔ̃ɖi si Satana nye mawu na la o. (Yakobo 4:4; Yohanes I, 2:15-17) Yehowa nya amesi ƒomevi tututu mía dometɔ ɖesiaɖe míele agbagba dzem be míanye. (Yeremya 17:10) Ne míelɔ̃ dzɔdzɔenyenye vavã la, ekpɔnɛ eye akpe ɖe mía ŋu be míado dzi le dodokpɔ siwo vaa mía dzi gbesiagbe me. Esi wòtsɔ eƒe gbɔgbɔ kɔkɔe triakɔ la da megbe na mí ta la, akpe ɖe mía ŋu míaɖu vɔ̃ɖinyenye si xɔ aƒe ɖe xexe sia me alea gbegbe la dzi. (Korintotɔwo II, 4:7) Akpe ɖe mía ŋu míalé agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ sẽŋu si le mía si la me ɖe asi. Mɔkpɔkpɔ nyui ka gbegbee nye si! Ele be míada akpe ɖe eta vevie eye míasubɔ Yehowa, Mawu vavã la, amesi wɔe be míate ŋu akpɔ agbe mavɔ la, kple dzi faa.
16. Nukae wòle be nàdi be yeawɔ akpe ɖe ame miliɔn geɖewo ŋu?
16 Ame miliɔn geɖe le xexeame godoo tsɔ dzidzɔ wɔ ɖe hakpala la ƒe amekpekpe sia dzi, be: “Mido kɔkɔ Yehowa ɖem ti, eye mina míaƒo kpli ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi!” (Psalmo 34:4) Yehowa le kpewòm be nàva nɔ ameha gã si le dzidzim ɖe edzi le dukɔwo katã me, amesiwo le nusia wɔm la dome.
Numetoto
• Ameka ƒomevie nye Yehowa? Aleke eƒe nɔnɔmewo me sese nyuie ɖea vi na míi?
• Aleke míawɔ akpe ɖe ame bubuwo hã ŋu be woasrɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu?
• Nukae Yehowa ƒe ŋkɔ la nyanya kple zɔzɔ le eƒe ŋkɔ me fia?
[Nɔnɔmetata siwo le axa 14]
Le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ gã me la, ‘aʋu eƒe asi me eye wòatsɔ nu gbagbewo katã ƒe nudidiwo aɖi ƒo na woe’