Ta Adelia
Nyaʋiʋli si Dze Ŋgɔ Mí Katã
1, 2. (a) Nyaʋiʋli kae Satana fɔ ɖe te le Eden? (b) Aleke nyaʋiʋli ma dze le nya si wògblɔ mee?
NYAƲIƲLI si nye vevitɔ kekeake si dze ŋgɔ ameƒomea kpɔ le ŋutinya me la dze ŋgɔ wò. Akpa si nèle nɛ la afia alesi wò etsɔme mavɔ anɔ. Nyaʋiʋli sia fɔ ɖe te esime aglãdzedze le Eden dze egɔme. Satana bia Xawa ɣemaɣi be: “Vavãe Mawu gblɔ bena, migaɖu abɔmetiawo katã ƒe tsetse aɖeke o mahã?” Nyɔnua ɖo eŋu gblɔ le atia ɖeka ŋu be Mawu gblɔ be: “Migaɖu eƒe ɖeke o, . . . be miagaku o!” Eye Satana gblɔ tsɔ tso Yehowa nui tẽ be eka aʋatso, esi wògblɔ be Xawa loo alo Adam ƒe agbe menɔ te ɖe toɖoɖo Mawu dzi o. Satana be Mawu le nu nyui aɖe tem eƒe nuwɔwɔwo—eyae nye dzidzenu ɖoɖo na woawo ŋutɔ ɖokui le agbe me ƒe ŋutete. Satana gblɔ tɔteteɖedzitɔe be: “Mawu nyae bena, gbesigbe ke miaɖu eƒe ɖe la, miaƒe ŋkuwo laʋu, eye mianɔ abe Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.”—Mose I, 3:1-5.
2 Nusi koŋ gblɔm Satana le ye nye be anyo na amegbetɔwo be woawo ŋutɔ nawɔ woƒe nyametsotsowo wu be woawɔ Mawu ƒe sewo dzi. To esia wɔwɔ me la, etɔ gbe mɔ si nu Mawu ɖua dzi le. Esia fɔ Mawu ƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ŋuti nyaʋiʋli gãtɔ kekeake ɖe te, esi fia be nenye be wòdze be wòanye dziɖula. Efɔ biabiaa ɖe te be: Kae ade amegbetɔwo dzi wu, Yehowa ƒe dziɖuɖu loo alo dziɖuɖu si mele Yehowa te o? Yehowa ate ŋu atsrɔ̃ Adam kple Xawa enumake hafi, gake ewɔwɔ nenema mate ŋu akpɔ xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nyaʋiʋlia gbɔ wòade edeƒe o. Ne Mawu ɖe mɔ wòxɔ ɣeyiɣi be ameƒomea dzi ɖe edzi eye wowɔ ŋgɔyiyi le nu vovovowo me la, Mawu ate ŋu aɖe nusi tututu ame ɖokui ɖeɖeɖa tso eyama kple eƒe seawo te ahe vɛ la afia.
3. Nyaʋiʋlia ƒe akpa evelia kae Satana fɔ ɖe te?
3 Satana ƒe tsitretsitsi ɖe Yehowa ƒe dzedze be wòaɖu dzi ŋu metɔ ɖe nusi dzɔ le Eden dzi o. Etsɔ nya ɖe ame bubuwo hã ƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa ŋu. Esia va zu nyaʋiʋlia ƒe akpa evelia si do ƒome kplikplikpli kple gbãtɔa. Eƒe gbetɔamea keke ɖe enu va ɖo Adam kple Xawa ƒe dzidzimeviwo kple Mawu ƒe vi siwo nye gbɔgbɔmemewo dzi, kple Yehowa ƒe Ŋgɔgbevi si gbɔ melɔ̃a nu le o kura gɔ̃ hã dzi. Le kpɔɖeŋu me, le Hiob ƒe ŋkekeawo me la, Satana ʋli nya be menye lɔlɔ̃ na Yehowa kple alesi wòɖua dzii tae amewo subɔa Mawu ɖo o, ke boŋ ɖokuitɔdidi tae. Egblɔ be ne fukpekpe aɖe va tu wo la, wo katã woawɔ nu ɖokuitɔdiditɔe.—Hiob 2:1-6; Nyaɖeɖefia 12:10.
Nusi Dzi Ŋutinya Ðo Kpee
4, 5. Nuka dzie ŋutinya ɖo kpee le amegbetɔ ƒe mɔfiafia eya ŋutɔ ƒe zɔzɔme ŋu?
4 Nya vevi aɖe si ku ɖe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nyaʋiʋlia ŋue nye si: Mawu mewɔ amegbetɔ be wòanɔ eɖokui si Mawu ƒe dziɖulanyenye te manɔmanɔe wòadze edzi nɛ o. Ðe amegbetɔwo ƒe nyonyo ta la, ewɔ wo be woanɔ yeƒe se dzɔdzɔewo te. Nyagblɔɖila Yeremya kpɔ esia dze sii eye wòŋlɔ be: “Yehowa, menyae be, amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o. Yehowa, [ɖɔm ɖo].” (Yeremya 10:23, 24) Eyata Mawu ƒe Nya la xlɔ̃ nu mí be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò [ŋutɔ wò] gɔmesese ŋu o.” (Lododowo 3:5) Abe alesi Mawu wɔ ameƒomea be woanɔ yeƒe dzɔdzɔmesewo te hafi ate ŋu anɔ agbe ene la, nenema ke wòwɔ agbenɔnɔsewo hã, siwo ne míewɔ ɖe wo dzi la, ana ɖekawɔwɔ nanɔ ameƒomea me.
5 Edze kɔte be Mawu nya be nuwo mate ŋu adze edzi na ameƒomea akpɔ gbeɖe eƒe dziɖuɖu te manɔmanɔe o. Le agbagba dzodzro dzedze be yewoakplɔ yewo ɖokui Mawu ƒe dziɖuɖu te manɔmanɔe me la, amegbetɔwo ɖo dunyahehe, ganyawo, kple subɔsubɔ nuɖoanyi vovovowo anyi. Vovototo mawo hea dzre dea dukɔwo dome ɣesiaɣi, eye ŋutasesẽnuwɔwɔ, aʋawɔwɔ, kple kue va dona tsoa wo me. “Amegbetɔ ɖua fia ɖe ame bubuwo dzi hena woƒe dzɔgbevɔ̃e.” (Nyagblɔla 8:9) Nenema tututue wòdzɔe le ameƒomea ƒe ŋutinya katã me. Abe alesi wogblɔe ɖi le Mawu ƒe Nya la me ene la, ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo ‘yi edzi vɔ̃ɖitɔe wu.’ (Timoteo II, 3:13) Eye ƒe alafa 20 lia si me ameƒomea wɔ ŋgɔyiyi gãwo le dzɔdzɔmeŋutinunya kple mɔɖaŋu me la mee afɔku vɔ̃ɖitɔwo kekeake dzɔ le. Yeremya 10:23 ƒe nyawo ƒe nyateƒenyenye dze kɔte—womewɔ amegbetɔ be wòafia mɔ eya ŋutɔ ƒe zɔzɔme o.
6. Aleke Mawu akpɔ amegbetɔ ƒe eɖokui ɖeɖeɖa tso eyama te gbɔe kpuie?
6 Nublanuinya siwo le dzɔdzɔm ɣeyiɣi didi aɖee nye esia le esi amegbetɔ ɖe eɖokui ɖa tso Mawu ƒe dziɖuɖu te ta la fia zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu be amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu mate ŋu adze edzi akpɔ gbeɖe o. Mawu ƒe dziɖuɖu koe ate ŋu ahe dzidzɔkpɔkpɔ, ɖekawɔwɔ, lãmesẽ, kple agbe vɛ. Eye Mawu ƒe Nya la fia be Yehowa ƒe mɔɖeɖe ɖe amegbetɔ ƒe dziɖuɖu ŋu ƒe nuwuwu tu aƒe. (Mateo 24:3-14; Timoteo II, 3:1-5) Madidi o ade nu amegbetɔ ƒe nyawo me atsɔ aɖee afia be yee dze be yeaɖu anyigba la dzi. Biblia ƒe nyagblɔɖi gblɔ be: “Le fia mawo [amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu siwo li egbea] ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi [ɖe dziƒo], si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, eye eƒe fiaɖuƒe mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o [amegbetɔ magaɖu anyigba la dzi akpɔ gbeɖe o]; agbã [míaƒe ŋkekea me] fiaɖuƒe mawo katã, eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.”—Daniel 2:44.
Agbetsitsi Yi ɖe Mawu ƒe Xexe Yeyea Me
7. Ne Mawu ƒe dziɖuɖua he amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu va nuwuwui la, amekawoe atsi agbe?
7 Ne Mawu ƒe dziɖuɖu he amegbetɔ ƒe dziɖuɖu va nuwuwui la, amekawoe atsi agbe? Biblia ɖo eŋu be: “Nuteƒewɔlawo [amesiwo le Mawu ƒe dziɖuɖu si dze la ƒe akpa dzi] anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo [amesiwo mele Mawu ƒe dziɖuɖu si dze la ƒe akpa dzi o] ɖa le anyigba dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.” (Lododowo 2:21, 22) Nenema ke hakpala la gblɔ be: “Ekpɔtɔ vie ko ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o . . . Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:10, 29.
8. Aleke Mawu aʋli eƒe dziɖulanyenye ta bliboe?
8 Le Satana ƒe nuɖoanyia tsɔtsrɔ̃ megbe la, Mawu ahe eƒe xexeme yeye si me ŋutasesẽnuwɔwɔ, aʋawɔwɔ, ahedada, fukpekpe, dɔléle, kple ku siwo nye nusiwo gblẽ nu le amegbetɔ ŋu ale gbegbe eye wolé ameƒomea aboyoe ƒe akpe geɖee nye sia la ɖa keŋkeŋ. Biblia ƒo nu tso yayra siwo gbɔna na ameƒomea me tɔ siwo nye toɖolawo ŋu wònya se ale: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.” (Nyaɖeɖefia 21:3, 4) Mawu ato eƒe dziƒo Fiaɖuƒedziɖuɖu si le Kristo si me dzi aʋli Eƒe dzedze be wòanye míaƒe Dziɖulagã la ta bliboe (aɖo kpe eƒe dzedze dzi, eye wòaɖee afia be esɔ nenema).—Romatɔwo 16:20; Petro II, 3:10-13; Nyaɖeɖefia 20:1-6.
Alesi Woɖe Akpa si Dzi Wole Fiae
9. (a) Aleke amesiwo yi edzi wɔ nuteƒe na Yehowa la bu eƒe nyae? (b) Aleke Noa ɖo kpe eƒe nuteƒewɔwɔ dzii, eye aleke míawɔ eƒe kpɔɖeŋua naɖe vi na mí?
9 Le ŋutinya katã me la, xɔsetɔ siwo nye ŋutsu kple nyɔnuwo ɖo kpe woƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa ƒe Dziɖulagãnyenye dzi. Wonya be yewoƒe agbe nɔ te ɖe toɖoɖo eyama kple eƒe sewo dzi wɔwɔ dzi. Amesiawo dometɔ ɖekae nye Noa. Eyata Mawu gblɔ na Noa be: “Ŋutilãwo katã ƒe nuwuwu ɖo azɔ . . . Kpa aɖakaʋu na ɖokuiwò.” Eye Noa wɔ ɖe nya si Yehowa gblɔ nɛ dzi. Togbɔ be woxlɔ̃ nu ame bubuwo hã la, ɖeko wonɔ nu wɔm abe ɖe naneke megbɔna dzɔdzɔ ge o ene. Gake Noa ya kpa aɖakaʋu gã aɖe eye eƒe ŋku biã ɖe gbeƒãɖeɖe Yehowa ƒe mɔ dzɔdzɔewo ŋu na amewo. Nuŋlɔɖia yi edzi be: “Noa wɔe; alesi Mawu de se nɛ la, nenema pɛ wòwɔ.”—Mose I, 6:13-22; Hebritɔwo 11:7; Petro II, 2:5.
10. (a) Aleke Abraham kple Sara nɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzii? (b) Aleke Abraham kple Sara ƒe kpɔɖeŋuwo ate ŋu aɖe vi na míi?
10 Abraham kple Sara hã nye amesiwo nɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi eye wowɔ nusianu si ƒe se wòde na wo la ƒe kpɔɖeŋu nyui bubuwo. Kaldeatɔwo ƒe du Ur si me kesinɔnuwo bɔ ɖo mee wonɔ. Gake esi Yehowa gblɔ na Abraham be wòaʋu ayi anyigba bubu dzi, anyigba si dzi menya o dzi la, Abraham “ʋu, abe alesi Yehowa gblɔ nɛ ene.” Ðikekemanɔmee la, Sara nɔ agbe si me dzidzeme le—aƒe nɔ esi, xɔlɔ̃wo nɔ esi, eye wònɔ eƒe ƒometɔwo gbɔ. Ke hã ebɔbɔ eɖokui ɖe Yehowa kple srɔ̃a te eye wòyi Kanaan-nyigba dzi, togbɔ be menya nusiwo wòava do goe le afima o hã.—Mose I, 11:31–12:4; Dɔwɔwɔwo 7:2-4.
11. (a) Nɔnɔme kawo mee Mose nɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi le? (b) Vi kae Mose ƒe kpɔɖeŋua ate ŋu aɖe na mí?
11 Mose hã nye ame bubu si nɔ Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi. Eye enɔ eƒe akpa dzi le nɔnɔme siwo sesẽ ale gbegbe me—togbɔ be Egipte-fia Farao la tsi tre ɖe eŋu hã. Menye be ɖe Mose ka ɖe eɖokui dzi o. Ðe wòke ɖi le alesi wòate ŋu aƒo nu nyuie ŋu boŋ. Gake eɖo to Yehowa. Le Yehowa ƒe megbenɔnɔ na Mose kple nɔvia Aron ƒe kpekpeɖeŋu me la, egblɔ Yehowa ƒe nyawo na Farao, amesi ƒe dzi tri. Israel-viwo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã ɖe ɖeklemi Mose vevie. Ke hã la, Mose wɔ nusianu si ƒe se Yehowa de nɛ, eye eya dzie woto ɖe Israel-viwo tso Egipte.—Mose II, 7:6; 12:50, 51; Hebritɔwo 11:24-27.
12. (a) Nukae fia be menye nusi Mawu na woŋlɔ ɖi tẽ dzi wɔwɔ koe nuteƒewɔwɔ na Yehowa fia o? (b) Aleke nusi nuteƒewɔwɔ sia ƒomevi fia la gɔmesese ku ɖe Yohanes I, 2:15 me nyawo ŋui?
12 Amesiwo wɔ nuteƒe na Yehowa mebui be nusi wobia tso yewo si koe nye be yewoawɔ ɖe nusi Mawu na woŋlɔ ɖi ko dzi o. Esime Potifar srɔ̃ dze agbagba be yeable Yosef wòawɔ ahasi kpli ye la, womeŋlɔ Mawu ƒe se aɖeke ɖi si gblɔ be womegawɔ ahasi o. Ke hã Yosef nya nu tso srɔ̃ɖeɖoɖo si Yehowa ɖo anyi le Eden la ŋu. Enya be madze Mawu ŋu be woadɔ ame bubu srɔ̃ gbɔ o. Yosef medi be yeakpɔe ɖa be afikae Mawu aɖe mɔ na ye yeanɔ abe Egiptetɔwo ene ase ɖo o. Ŋugbledede tso alesi Mawu wɔa nu ɖe ameƒomea ŋui kple agbagbadzedze vevie be yeawɔ nusi wòkpɔ be enye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la kpe ɖe eŋu wònɔ agbe ɖe Yehowa ƒe dzidzenuwo nu dzideƒotɔe.—Mose I, 39:7-12; Psalmo 77:12, 13.
13. Aleke woɖo kpe Abosam ƒe alakpatɔnyenye dzi le (a) Hiob ƒe nya la mee? (b) Hebri-vi etɔ̃awo ƒe nya la mee?
13 Le dodokpɔ sesẽwo gɔ̃ hã me la, amesiwo lɔ̃ Yehowa nyateƒe megbugbɔna le eyome o. Satana gblɔ be ne Hiob ƒe nunɔamesi gbogboawo bu alo wòdze dɔ la, eyama—si Yehowa kafu kakaka—gɔ̃ hã agbugbɔ le Mawu yome. Gake Hiob ɖee fia be aʋatsokalae Abosam nye, togbɔ be eya ŋutɔ menya nusita dzɔgbevɔ̃ewo ɖe kpe nɛ o hã. (Hiob 2:9, 10) Ƒe alafawo megbe la, esi Satana ganɔ didim be yeaɖo kpe eƒe nyaa dzi la, ena Babilon-fia si do dziku helĩhelĩ la do ŋɔdzi na Hebri ɖekakpui etɔ̃ be yeade wo kpodzo bibi me ne wogbe be yewomade ta agu na legba si ye si nye fia yeli la o. Esi wozii ɖe wo dzi be woatia ɖeka, fia ƒe se dzi wɔwɔ loo alo Yehowa ƒe se dzi wɔwɔ la, wotsɔ dzideƒo na wonya be Yehowae yewosubɔna eye be eyae nye yewoƒe Dziɖulagã, Amesi ƒo amesiame kple nusianu ta. Nuteƒewɔwɔ na Mawu nɔ vevie na wo wu agbe si wonɔ ɣemaɣi!—Daniel 3:14-18.
14. Aleke wòanya wɔ na mí amegbetɔ madeblibowo be míaɖee afia be míewɔa nuteƒe na Yehowa nyateƒe?
14 Ðe wòfia be ele be míatsɔe be bene woawɔ nuteƒe na Yehowa la, ele be woade blibo alo be ne ame aɖe wɔ vodada la, ke edo kpo nu kuraa? Gbeɖe! Biblia gblɔ na mí be Mose wɔ vodadawo ɣeaɖewoɣi. Togbɔ be medzɔ dzi na Yehowa o hã la, megbe Mose o. Gbɔdzɔgbɔdzɔwo nɔ Yesu Kristo ƒe apostolowo hã ŋu. Esi Yehowa nya be blibomademade ƒe domee míenyi ta la, edzɔa dzi nɛ ne míeɖoe koŋ gbe eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ le naneke me o. Ne le gbɔdzɔgbɔdzɔ ta wòdzɔ be míewɔ nu gbegblẽ la, ele vevie be míatrɔ dzime anukwaretɔe eye míagayi edzi anɔ vodada ma wɔm o. Esia wɔwɔ aɖo kpe edzi be le nyateƒe me, míelɔ̃ nusi Yehowa gblɔ be enye nyui eye míelé fu nusi wòɖe fia be enye vɔ̃. Le Yesu ƒe vɔsa si léa avu le nuvɔ̃ ŋu dzixɔxɔse ta la, tenɔnɔ dzadzɛ ate ŋu anɔ mía si le Mawu gbɔ.—Amos 5:15; Dɔwɔwɔwo 3:19; Hebritɔwo 9:14.
15. (a) Le amegbetɔwo katã dome la, amekae lé nuteƒewɔwɔ deblibo me ɖe asi na Mawu, eye nuka dzie esia ɖo kpee? (b) Aleke nusi Yesu wɔ la kpe ɖe mía ŋui?
15 Togbɔ be ele nenema hã la, ɖe wòfia be amegbetɔwo mate ŋu aɖo to Yehowa ƒe dziɖulanyenye le mɔ si de blibo nu akpɔ kura oa? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo nɔ abe ‘nya ɣaɣla kɔkɔe’ ene anye ƒe 4,000 sɔŋ. (Timoteo I, 3:16) Togbɔ be ɖe wowɔ Adam ame debliboe hã la, meɖo mawusosroɖa ƒe kpɔɖeŋu deblibo ɖi o. Ke amekae ate ŋui? Le nyateƒe me, eƒe dzidzimevi aɖeke mate ŋui o. Amegbetɔ si ko te ŋui ye nye Yesu Kristo. (Hebritɔwo 4:15) Nusi Yesu wɔ la ɖo kpe edzi be Adam, amesi nɔ nɔnɔme siwo de edzi wu me la, ate ŋu alé nuteƒewɔwɔ deblibo me ɖe asi hafi ne ɖe wòɖo be yeawɔe. Menye Mawu ƒe asinudɔwɔwɔ ŋue vodada nɔ o. Eyatae Yesu Kristo nye amesi míedi be míasrɔ̃ menye le Mawu ƒe se dzi wɔwɔ me ko o ke le mía ɖokui tsɔtsɔ na Yehowa, Xexeame Katã Dziɖulagã la hã me.—Mose V, 32:4, 5.
Akpa Kae Mía Dometɔ Ðesiaɖe Míele Nɛ?
16. Nukatae wòle be míanɔ ŋudzɔ ɣesiaɣi ɖe nɔnɔme si míeɖena fiana ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ŋu la ŋuti?
16 Xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nyaʋiʋlia dze ŋgɔ mía dometɔ ɖesiaɖe. Ne míegblɔe kɔte be míele Yehowa ƒe akpa dzi la, Satana ɖea ŋku tɔa mí. Ehea nyaƒoɖeamenu ɖesiaɖe ƒomevi vaa mía dzi eye ayi edzi anɔ wo hem vɛ vaseɖe esime eƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia ƒe nuwuwu nava. Mele be míaɖe ŋu ɖi le mía ɖokui ŋu o. (Petro I, 5:8) Míaƒe agbenɔnɔ ɖea afisi míele na Yehowa ƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nyaʋiʋlia kple nyaʋiʋlia ƒe akpa evelia si ku ɖe nuteƒewɔwɔ na Mawu le dodokpɔ me ŋu fiana. Agblẽ nu le mía ŋu ne míebunɛ be nuteƒemawɔmawɔgbenɔnɔ nye nu tsɛ le esi wòbɔ ɖe xexeame ta. Nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi bia be míadze agbagba azɔ ɖe Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo dzi le agbemenya ɖesiaɖe me.
17. Nya kae li ku ɖe afisi aʋatsokaka kple fififi dzɔ tso ŋu siwo tae wòle be míatsri wo ɖo?
17 Le kpɔɖeŋu me, míate ŋu asrɔ̃ Satana, amesi nye “aʋatsokafofo” la o. (Yohanes 8:44) Ele be míato nyateƒe le míaƒe nuwɔna ɖesiaɖe me. Le Satana ƒe nuɖoanyia me la, sɔhɛwo melɔ̃a nyateƒetoto na wo dzilawo o. Gake Kristotɔ sɔhɛwo tsria nusia, eye wotoa esia me ɖoa kpe edzi be aʋatsoe Satana ƒe nutsotso be Mawu ƒe amewo aɖe asi le woƒe nuteƒewɔwɔ ŋu le dodokpɔ me la nye. (Hiob 1:9-11; Lododowo 6:16-19) Dɔwɔnyawo me nuwɔna siwo ana woabu ame be wode “aʋatsokafofo” la dzi ke menye nyateƒe Mawu la dzi o hã li. Ele be míatsri nusiawo. (Mixa 6:11, 12) Gakpe ɖe eŋu la, fififi mesɔ le nɔnɔme aɖeke me o, ne hiãe tu ame alo amesi ƒe nu fim wole nye kesinɔtɔ gɔ̃ hã o. (Lododowo 6:30, 31; Petro I, 4:15) Fififi ɖabɔ ɖe afisi míele o, alo nu maɖinu ye nusi wotsɔ nye o, Mawu ƒe sewo tsi tre ɖe eŋu.—Luka 16:10; Romatɔwo 12:2; Efesotɔwo 4:28.
18. (a) Dodokpɔ kae ava na ameƒomea katã le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua ƒe nuwuwu? (b) Nɔnɔme kae wòle be míasrɔ̃ wòatsi mía si fifia?
18 Le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me la, woade Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo aʋli me eye womagate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea dzi o. Gbɔɖeme gã kae nye si wòanye! Gake le ƒe akpe ɖeka la megbe la, woaɖe asi le wo ŋu sẽ. Satana kple eyomedzelawo aƒo nya ɖe ameƒomea me tɔ siwo ŋu wokpe ɖo woɖo blibodede gbɔ, amesiwo lé woƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi na Mawu la nu. (Nyaɖeɖefia 20:7-10) Ne mɔnukpɔkpɔ xɔasia su mía si be míanɔ agbe ɣemaɣi la, aleke míawɔ nui le xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya la me? Esi wònye be ameƒomea katã ade blibo ɣemaɣi ta la, nuteƒemawɔmawɔnu ɖesiaɖe si woawɔ la anye nuɖowɔe eye wòana woatsrɔ̃ amea tegbee. Aleke gbegbe wòle vevie enye si be fifia míatsɔ toɖoɖo awɔ ɖe nufiame ɖesiaɖe si Yehowa naa mí, eɖanye to eƒe Nya la alo eƒe habɔbɔa dzi o, la dzii! Ne míewɔnɛ alea la, ke míele eɖem fia be míetsɔ mía ɖokui na eyama le nyateƒe me be eyae nye Xexeame Katã ƒe Dziɖulagã la.
Numetoto
• Nya kae nye nyaʋiʋli gã si dze ŋgɔ mí katã? Aleke wòwɔ míeva ge ɖe eme?
• Nukae ɖe dzesi le mɔ siwo nu ŋutsu kple nyɔnu siwo nɔ anyi le blema ɖo kpe woƒe nuteƒewɔwɔ dzi na Yehowa le ŋu?
• Nukatae wòle vevie be míato míaƒe agbenɔnɔ dzi ade bubu Yehowa ŋu gbesiagbe?