INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wt ta 13 axa 120-127
  • Ameha Gã aɖe Le Yehowa ƒe Fiazikpui la Ŋgɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ameha Gã aɖe Le Yehowa ƒe Fiazikpui la Ŋgɔ
  • Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Sidzedze Ameha Gã La
  • Kpeɖoɖo Edzi be Yewodze
  • Eƒe Viɖewo Fifia
  • Ameha Gã aɖe le Yehowa ƒe Fiazikpui la Ŋgɔ
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • Ameha Gã Nyadri Aɖe
    Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!
  • “Kpɔ Ða, Ameha Gã Aɖe”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Ameha Gã Aɖe Le Subɔsubɔdɔ Kɔkɔe Wɔm
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
Kpɔ Bubuwo
Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
wt ta 13 axa 120-127

Ta Wuietɔ̃lia

Ameha Gã aɖe Le Yehowa ƒe Fiazikpui la Ŋgɔ

1. (a) Hafi Mawu ƒe subɔla siwo nɔ anyi do ŋgɔ na Kristotɔwo ƒe ɣeyiɣia alo ame 144,000 la ƒe teƒeɖoɖofetu nasu wo si la, nuka mee wòle be woato? (b) Nukae ate ŋu ava me na “ameha gã” aɖe si le agbe fifia?

MAWU ƒe subɔla nuteƒewɔlawo tso Abel dzi vaseɖe Yohanes Amenyrɔɖetsimela dzi tsɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me. Ke hã wo katã wova ku eye wole tsitretsitsi hena agbenɔnɔ le anyigba dzi le Mawu ƒe xexe yeyea me lalam. Ele be ame 144,000 siwo aɖu fia kple Kristo le Mawu ƒe dziƒo Fiaɖuƒea me la hã naku hafi woƒe asi nate ŋu asu woƒe fetua dzi. Gake Nyaɖeɖefia 7:9 fia be le ŋkeke mamlɛ siawo me la, “ameha gã” aɖe si tso dukɔwo katã me maɖɔ ku akpɔ o eye agbenɔnɔ tegbee le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔ anɔ wo si. Amesiawo dometɔ aɖee nènyea?

Sidzedze Ameha Gã La

2. Numekɔkɔ kawoe na wova se amesiwo Nyaɖeɖefia 7:9 ƒe ameha gã la nye la gɔme nyuie?

2 Le ƒe 1923 me la, Yehowa subɔlawo kpɔe dze sii be ‘alẽ’ siwo ƒe nya Yesu gblɔ le eƒe lododo si le Mateo 25:31-46 me kple ‘alẽ bubu’ siwo ŋuti wòƒo nu le le Yohanes 10:16 la nye amesiwo si mɔnukpɔkpɔ asu be woanɔ anyigba dzi tegbee. Le ƒe 1931 me la, wokpɔe be amesiwo ŋuti woƒo nu le le Xezekiel 9:1-11 be wode dzesi ŋgonu na wo la hã nye amesiwo si anyigba dzi nɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔ le. Eye le ƒe 1935 me, wokpɔe be alẽ bubuawo ƒe hatsotso si ŋu Yesu ƒo nu le la ƒe akpa aɖee ameha gã la nye. Egbea ameha gã sia si nu wove la me tɔwo ƒe xexlẽme de miliɔn geɖe.

3. Nukatae nyagbɔgblɔ ‘wole tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ’ mefia be wonye dziƒohabɔbɔ o?

3 Le Nyaɖeɖefia 7:9 la, menye dziƒoe wokpɔ be ameha gã la le o. Woƒe tsitrenɔnɔ ɖe Mawu ƒe “fiazikpui la ŋgɔ” mebia be woanɔ dziƒo o. Efia ko be wole afisi Mawu ate ŋu akpɔ wo le. (Psalmo 11:4) Míakpɔ be menye dziƒohabɔbɔe ameha gã “si ame aɖeke mete ŋu xlẽ o” la nye o, ne míetsɔ alesi womeɖo xexlẽme aɖeke na woe o sɔ kple nusi woŋlɔ ɖe Nyaɖeɖefia 7:4-8 kpakple Nyaɖeɖefia 14:1-4. Woyɔ amesiwo wokplɔ tso anyigba dzi yi dziƒoe ƒe xexlẽme le ŋɔŋlɔ mawo me be wonye ame 144,000.

4. (a) Nukae nye “xaxa gã” si me ameha gã la atsi agbe le? (b) Abe alesi wogblɔe le Nyaɖeɖefia 7:11, 12 ene la, amekawoe léa ŋku ɖe ameha gã la ŋu hekpɔa gome le tadedeagu me kpli wo?

4 Nyaɖeɖefia 7:14 gblɔ le ameha gã la ŋu be: “Amesiawo nye amesiwo do go tso xaxa gã la me.” Wotsi agbe le xaxa gãtɔ kekeake si va kpɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya me la me. (Mateo 24:21) Ne wogblɔ akpedadatɔe be Mawu kple Kristo gbɔe yewoƒe xɔname tso la, ekema nuwɔwɔ wɔnuteƒe siwo katã le dziƒo la awɔ ɖeka kpli wo agblɔ be: “Amen, kafukafu kple ŋutikɔkɔe kple nunya kple akpedada kple bubu kple ŋutete kple ŋusẽ woana mía Mawu la tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.”—Nyaɖeɖefia 7:11, 12.

Kpeɖoɖo Edzi be Yewodze

5. Aleke míawɔ anya nusi wodi tso mía si bene míanɔ ameha gã la dome?

5 Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔewo nue wokpɔ ameha gã la ta le le xaxa gã la me. Woƒo nu le nɔnɔme siwo aɖe dzesi le amesiwo ta woakpɔ ŋu kɔte le Biblia me. Eyata dzɔdzɔenyenyelɔ̃lawo ate ŋu awɔ nu fifia bene woatsɔ aɖo kpe edzii be yewodze na agbetsitsi. Nukae wòle be amesiawo nawɔ?

6. Nukatae wòsɔ be wotsɔ ameha gã la sɔ kple alẽwo ɖo?

6 Alẽ nye lã fafa si sea gbe na ame. Eyata esi Yesu gblɔ be alẽ bubuwo le ye si siwo mele dziƒoyilawo dome o la, efia be menye amesiwo adi be yewoanɔ anyigba dzi tegbee koe woanye o ke boŋ woanye amesiwo abɔbɔ wo ɖokui ɖe eƒe nufiafiawo te hã. Egblɔ be: “Nye alẽwo sea nye gbe, eye nye la menya wo, eye wodzea yonyeme.” (Yohanes 10:16, 27) Amesiawo nye amesiwo ɖoa to nusi Yesu gblɔna ŋutɔŋutɔ eye wowɔna ɖe edzi ale be wozua eƒe nusrɔ̃lawo.

7. Nɔnɔme kawoe wòhiã be Yesu yomedzelawo nasrɔ̃?

7 Nɔnɔme bubu kawo hãe wòle be Yesu yomedzela siawo dometɔ ɖesiaɖe nasrɔ̃ wòazu eƒe amenyenye ƒe akpa aɖe? Mawu ƒe Nya la ɖo eŋu be: “Miaɖe ame xoxo, si nɔ anyi le agbenɔnɔ tsãtɔ la nu . . . la ɖa; ke boŋ . . . mido ame yeye, si wowɔ le Mawu ƒe nɔnɔme nu la, le nyateƒe la ƒe dzɔdzɔenyenye kple kɔkɔenyenye la me.” (Efesotɔwo 4:22-24) Wosrɔ̃a nɔnɔme siwo naa ɖekawɔwɔ si le Mawu subɔlawo dome dzena kɔte—“lɔlɔ̃, dzidzɔ, ŋutifafa, dzigbɔgbɔ blewu, dɔmekɔkɔ, dɔmenyonyo, [xɔse], dɔmefafa, ɖokuidziɖuɖu.”—Galatiatɔwo 5:22, 23.

8. Nukae adzɔ ɖe ameha gã la dzi le kpekpe ɖe ame susɔeawo ŋu me?

8 Ameha gã la kpea asi ɖe amesiwo si dziƒo mɔkpɔkpɔ le la dometɔ ʋɛ siwo susɔ, amesiwo xɔa ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me la ŋu. (Mateo 24:14; 25:40) Alẽ bubuawo naa kpekpeɖeŋu sia togbɔ be wonya be woatsi tre ɖe yewo ŋu hã elabena le ŋkeke mamlɛ siawo ƒe gɔmedzedze la, Kristo Yesu nya Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa le dziƒo. Esia na wodo “baba na anyigba . . . elabena Abosam ɖi va mia gbɔ, eye dzi le ekum ŋutɔ; elabena enyae be, vovoɣi vi aɖe ko yekpɔ.” (Nyaɖeɖefia 12:7-12) Esia wɔe be Satana le eƒe tsitretsitsi ɖe Mawu subɔlawo ŋu dzim ɖe edzi esime nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu le aƒe tum.

9. Dzidzedze kawoe Mawu subɔlawo kpɔ le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me, eye nukatae?

9 Togbɔ be wotia wo yome vevie hã la, ŋgɔyiyi dzi koe gbeƒãɖeɖedɔa le. Fiaɖuƒegbeƒãɖela siwo nye ame akpe ʋɛ aɖewo ko le Xexemeʋa I ƒe nuwuwu la dzi ɖe edzi zu ame miliɔn geɖe fifia, elabena Yehowa do ŋugbe be: “Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o.” (Yesaya 54:17) Yudatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔ me tɔ aɖe gɔ̃ hã kpɔe dze sii be womate ŋu axe mɔ ɖe Mawu ƒe dɔ ƒe dzidzedzekpɔkpɔ nu o. Egblɔ na Farisitɔwo le ƒe alafa gbãtɔ me le nusrɔ̃lawo ŋu be: “Miɖe asi le wo ŋu; elabena ne tameɖoɖo alo dɔ sia tso amewo gbɔ la, ekema ava gblẽ; ke ne etso Mawu gbɔ la, miele eŋu te ge agblẽe o, bena womagakpɔ mi abe amesiwo le tsitre tsim ɖe Mawu ŋuti ene o.”—Dɔwɔwɔwo 5:38, 39.

10. (a) Nukae “dzesi” si le ameha gã la me tɔwo ŋu fia? (b) Aleke Mawu subɔlawo wɔna ɖe ‘gbe si tso dziƒo’ la dzii?

10 Woɖe ameha gã la me tɔwo fia be wode dzesi wo hena agbetsitsi. (Xezekiel 9:4-6) “Dzesi” lae nye kpeɖodzi si li be wotsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Yehowa, xɔ nyɔnyrɔ zu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo, eye wole agbagba dzem be nɔnɔme si ɖi Kristo tɔ la nadze le yewo ŋu ɣesiaɣi. Wowɔna ɖe ‘gbe si tso dziƒo’ dzi, esi gblɔ le Satana ƒe alakpasubɔsubɔha ƒe xexeame katã ƒe fiaɖuƒea ŋu be: “Mi amesiwo nye nye dukɔ la, mido go tso me, bene miagade ha kplii le eƒe nuvɔ̃wo me o, eye bena miagaxɔ eƒe fuwɔame ƒe ɖeke o.”—Nyaɖeɖefia 18:1-5.

11. Mɔ vevi ka nue ameha gã la me tɔwo ɖenɛ fiana le be Yehowa subɔlawoe yewonye?

11 Yesu gagblɔ le esubɔlawo ŋu be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35) Gake xexe sia me subɔsubɔhawo ya wua woƒe hameviwo le aʋawɔwɔ me, zi geɖe le esi wonye dukɔ bubu me tɔwo ta ko! Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Esia me mawuviwo kple abosamviwo dze ƒã le. Amesiame, si mewɔa nu dzɔdzɔe o, kple amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, metso Mawu me o. . . . Míalɔ̃ mía nɔewo; menye abe Kain, si tso vɔ̃ɖitɔ la me, eye wòwu nɔvia la ene o.”—Yohanes I, 3:10-12.

12. Nukae Yehowa awɔ subɔsubɔhawo ƒe “ati” siwo tsea ku manyomanyowo le xaxa gã la me?

12 Yesu gblɔ be: “Ati nyui sia ati nyui tsea ku nyui; eye ati manyomanyo tsea ku manyomanyo. Ati nyui mate ŋu atse ku manyomanyo o, eye ati manyomanyo hã mate ŋu atse ku nyui o. Ati sia ati, si metsea ku nyui o la, wolãnɛ, eye wotsɔnɛ dea dzo me. Eyaŋuti mitsɔ woƒe tsetseawo dze si woe!” (Mateo 7:17-20) Ku siwo xexe sia me subɔsubɔhawo tsena la ɖe wo fia be “ati” manyomanyowoe wonye, eye eteƒe madidi o Yehowa atsrɔ̃ wo le xaxa gã la me.—Nyaɖeɖefia 17:16.

13. Aleke ameha gã la ɖenɛ fianae be yewotsɔ ɖekawɔwɔ ‘le tsitre ɖe’ Yehowa ƒe ‘fiazikpui la ŋgɔ’?

13 Nyaɖeɖefia 7:9-15 ƒo nu tso nusiwo na wokpɔ ameha gã la ta wotsi agbe ɖo la ŋu. Woɖee fia be wotsɔ ɖekawɔwɔ “le tsitre ɖe” Yehowa ƒe “fiazikpui la ŋgɔ” si fia be wode eƒe xexeame ƒe dziɖulanyenye dzi. “Wonyã woƒe awuwo, eye wowɔ wo ɣie le alẽvi la ƒe ʋu la me,” tsɔ ɖee fia be yewolɔ̃ ɖe Yesu ƒe vɔsa ƒe avuléle ɖe nuvɔ̃wo ta la dzi. (Yohanes 1:29) Wotsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu eye wotsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me wɔ eƒe kpɔɖeŋui. Eyata tenɔnɔ dzadzɛ, si woƒe awu ʋlaya ɣi la nye kpɔɖeŋu na, le wo si le Mawu gbɔ, eye wotsɔa ‘subɔsubɔ kɔkɔe nanɛ zã kple keli.’ Ðe mɔ aɖewo li siwo nu nàte ŋu atrɔ asi le wò agbenɔnɔ ŋu le wòasɔ ɖe nya si wogblɔ le afisia nua?

Eƒe Viɖewo Fifia

14. Nukawoe nye viɖe siwo mebɔ o siwo Yehowa subɔlawo kpɔna fifia gɔ̃ hã la dometɔ aɖewo?

14 Anɔ eme be fifia gɔ̃ hã la, èkpɔ viɖe siwo tɔgbe mebɔ o siwo amesiwo subɔa Yehowa kpɔna. Le kpɔɖeŋu me, esi nèsrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe tameɖoɖo dzɔdzɔeawo ŋu la, èkpɔe be etsɔme mɔkpɔkpɔ nyui aɖe le ŋgɔ na mí. Eyata taɖodzinu ŋutɔŋutɔ va le wò agbe ŋu fifia—be nàsubɔ Mawu vavã la eye dzidzɔ mɔkpɔkpɔ si nye agbe mavɔ nɔnɔ le paradisonyigba dzi nanɔ asiwò. Ẽ, Yesu Kristo Fia la ‘akplɔ [ameha gã la] ayi agbetsidzidziwo gbɔe.’—Nyaɖeɖefia 7:17.

15. Aleke Biblia ƒe gɔmeɖosewo me léle ɖe asi le dunyahehe kple agbenyuinɔnɔ nyawo me ɖea vi na Yehowa Ðasefowoe?

15 Viɖe wɔnuku aɖe si ameha gã la kpɔnae nye lɔlɔ̃ kple ɖekawɔwɔ si wokpɔna le Yehowa subɔlawo dome le xexeame katã. Esi wònye gbɔgbɔmenuɖuɖu ɖekae mí katã míeɖuna ta la, se kple gɔmeɖose ɖeka siwo le Mawu ƒe Nya la me la ke dzie mí katã míewɔna ɖo. Eyatae dunyahehe alo dukɔ si me tɔwo míenye ƒe nukpɔsusuwo memaa mía me o. Míeléa agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔ siwo Mawu dina tsoa eƒe amewo si hã me ɖe asi. (Korintotɔwo I, 6:9-11) Eyata ɖe dzrehehe, ɖekamawɔmawɔ, kple agbegbegblẽnɔnɔ siwo bɔ ɖe xexeame teƒe la, Yehowa ƒe amewo le nusi míate ŋu ayɔ be gbɔgbɔmeparadiso me. De dzesi alesi woƒo nu tso eŋui le Yesaya 65:13, 14.

16. Togbɔ be agbe me kuxi siwo ɖea fu na amesiame li hã la, mɔkpɔkpɔ kae le ameha gã la me tɔwo si?

16 Menye ɖe Yehowa subɔla siwo nye amegbetɔwo de blibo o, kura o. Eye xexe sia me ƒe agbemekuxiwo, abe hiãtuame alo dukɔwo ƒe aʋawo me tsila maɖifɔwo zuzu ene ɖea fu na wo. Dɔléle, fukpekpe, kple ku doa nuƒo na woawo hã. Gake xɔse le wo si be le xexe yeyea me la, “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:4.

17. Eɖanye nuka ke adzɔ ɖe mía dzi fifia o, etsɔme wɔnuku kae li na amesiwo subɔa Mawu vavã la?

17 Ne le tsitsi, dɔléle, afɔkudzɔɖeamedzi, alo yometiti ta nàku fifia hã la, Yehowa afɔ wò ɖe tsitre nàva nɔ agbe le Paradiso me. (Dɔwɔwɔwo 24:15) Eye ɣemaɣi àyi edzi aɖu gbɔgbɔmenu nyuiwo ɖaa le Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me. Wò lɔlɔ̃ na Mawu ade to ɖe edzi ne èkpɔ alesi eƒe tameɖoɖowo le eme vam le ŋutikɔkɔe me. Eye ŋutilãmeyayra siwo Yehowa ana ɣemaɣi agana wò lɔlɔ̃ nɛ nade to ɖe edzi. (Yesaya 25:6-9) Etsɔme wɔnuku kae nye si li na Mawu ƒe amewo!

Numetoto

• Nudzɔdzɔ tɔxɛ ka ŋue Biblia yɔ ameha gã la ƒe ŋkɔ ɖo?

• Ne míedi be míanye ameha gã sia si ŋu Mawu kpɔ ŋudzedze ɖo la me tɔwo la, nukae wòle be míawɔ fifia?

• Aleke gbegbe yayra siwo sua ameha gã la si fifia kple esiwo agava su wo si le Mawu ƒe xexe yeyea me le vevie na wòe?

[Nɔnɔmetata si le axa 123]

Ameha gã la me tɔ miliɔn geɖe subɔa Mawu vavã la le ɖekawɔwɔ me

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe