INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wt ta 20 axa 175-183
  • Yehowa ƒe Ŋkeke la Nenɔ Susu me na Wò Vevie

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yehowa ƒe Ŋkeke la Nenɔ Susu me na Wò Vevie
  • Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nɔ Ŋudzɔ ɖe Dzesia Ŋu
  • Amewo Me Mama
  • Nukae Le Ŋgɔ Gbɔna?
  • Yehowa ƒe Ŋkeke la Nenɔ Susu me na Wò Vevie
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
  • “Ŋkeke Mamleawo” Kple Fiaɖuƒe La
    “Wò Fiaɖuƒe Nava”
  • “Ŋkeke Mamlɛawo” Mee Míele Nyateƒea?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Mawu Ƒe Tameɖoɖo Ava Eme Kpuie
    Tameɖoɖo Kae Le Agbe Ŋu? Aleke Nàwɔ Ake Ðe Eŋu?
Kpɔ Bubuwo
Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La
wt ta 20 axa 175-183

Ta Blaevelia

Yehowa ƒe Ŋkeke la Nenɔ Susu me na Wò Vevie

1. Aleke nèse le ɖokuiwò me zi gbãtɔ si nèse be ɖeɖekpɔkpɔ tso xexe xoxo sia ƒe dzigbãnyawo me tu aƒe?

NU GBÃTƆ siwo nèsrɔ̃ le Biblia me la dometɔ ɖekae nye be enye Yehowa ƒe tameɖoɖo be anyigba la katã nazu paradiso. Le xexe yeye ma me la, aʋawɔwɔ, hlɔ̃dodo, ahedada, dɔléle, fukpekpe, kple ku maganɔ anyi o. Woagbɔ agbe ame kukuwo gɔ̃ hã. Mɔkpɔkpɔ lédziname kae nye esi! Nusi gana nusiawo katã ƒe emevava ƒe aƒetutu dze kɔte enye kpeɖodzi si li be Kristo ƒe anyinɔnɔ makpɔmakpɔ esime wòzu Fia si le dzi ɖum la dze egɔme le ƒe 1914 me eye tso ɣemaɣi la, míele xexe vɔ̃ɖi sia ƒe ŋkeke mamlɛawo me. Ne ŋkeke mamlɛ siawo wu enu la, Yehowa atsrɔ̃ fifi nuɖoanyi sia eye wòahe xexe yeye si ƒe ŋugbe wòdo la vɛ!

2. Nukae nye “Yehowa ƒe ŋkeke” la?

2 Biblia yɔ tsɔtsrɔ̃ ɣeyiɣi sia si gbɔna la be “Yehowa ƒe ŋkeke.” (Petro II, 3:10) Enye “Yehowa ƒe dzikudogbe” ɖe Satana ƒe nuɖoanyi bliboa katã ŋu. (Zefanya 2:3) Aɖo eƒe taƒoƒo le “Mawu, ŋusẽkatãtɔ la, ƒe ŋkeke gã la ƒe aʋawɔwɔ . . . si woyɔna le Hebri-gbe me bena Harmagedon,” si me woatsrɔ̃ “xexeame katã ƒe fiawo” le keŋkeŋ la me. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Ðe wò agbenɔnɔ ɖenɛ fiana be èka ɖe edzi be “Yehowa ƒe ŋkeke” la tu aƒea?—Zefanya 1:14-18; Yeremya 25:33.

3. (a) Ɣekaɣie Yehowa ƒe ŋkekea ava? (b) Aleke wòɖe vii be Yehowa meɖe “ŋkeke ma alo gaƒoƒo ma” fia mí o?

3 Biblia megblɔ ŋkeke si dzi tututu Yesu Kristo ava anye Yehowa ƒe Nutsrɔ̃la si atsrɔ̃ Satana ƒe nuɖoanyia la na mí o. Yesu gblɔ be: “Le ŋkeke ma alo gaƒoƒo ma ŋuti la ame aɖeke menyae o, mawudɔla, siwo le dziƒo, hã menyae o, Vi la ŋutɔ hã menyae o, negbe Fofo la ko.” (Marko 13:32) Ne ame aɖewo melɔ̃ Yehowa le nyateƒe me o la, woahe eƒe ŋkekea ayi megbee le woƒe susu me eye woatrɔ ɖe ŋutilãmenuwo didi ŋu. Gake amesiwo lɔ̃ Yehowa le nyateƒe me la asubɔe kple luʋɔ blibo, eɖanye ɣekaɣie nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe nuwuwu ava o.—Psalmo 37:4; Yohanes I, 5:3.

4. Nuxlɔ̃amenya kae Yesu gblɔ na mí?

4 Yesu gblɔ tsɔ xlɔ̃ nu Yehowa lɔ̃lawo be: “Mikpɔ nyuie, eye minɔ ŋudzɔ; elabena mienya ɣekaɣi azãgbe la le edzi su ge o.” (Marko 13:33-37) Exlɔ̃ nu mí vevie be míagaɖe mɔ be nuɖuɖu kple nunono alo agbe me “dzimaɖitsitsiwo” naxɔ míaƒe susu me ale gbegbe be míaɖe ŋu ɖi le ɣeyiɣia ƒe vevienyenye ŋu o.—Luka 21:34-36; Mateo 24:37-42.

5. Abe alesi Petro ɖe emee ene la, nukae Yehowa ƒe ŋkekea ahe vɛ?

5 Petro hã xlɔ̃ nu mí be míana ‘Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava nanɔ susu me na mí vevie, le esime woalólo dziƒo le dzo me, eye emenuwo hã lalólo le dzoxɔxɔ gã me.’ Woatsrɔ̃ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã—siwo woyɔ be “dziƒo”—kpakple ame vɔ̃ɖiwo ƒe habɔbɔ—si woyɔ be “anyigba” ɖa—tsɔ kpe ɖe ‘emenuwo,’ si fia xexe vɔ̃ɖi sia ƒe nukpɔsusu kple nuwɔnawo, abe woƒe ɖokuimabɔmabɔ ɖe Mawu te kple woƒe agbegbegblẽnɔnɔ kpakple ŋutilãmenudidi vivivo ƒe agbenɔnɔ ene la ŋu. “Dziƒo yeye [Mawu ƒe dziƒo Fiaɖuƒea] kple anyigba yeye [anyigba yeye dzi nɔlawo ƒe habɔbɔ], siwo me dzɔdzɔenyenye anɔ” la ava axɔ ɖe wo teƒe. (Petro II, 3:10-13) Nudzɔdzɔ siawo siwo aʋuʋu xexeame katã la adzɔ kpata le ŋkeke kple gaƒoƒo si míele mɔ kpɔm nɛ o dzi.—Mateo 24:44.

Nɔ Ŋudzɔ ɖe Dzesia Ŋu

6. (a) Afikae Yesu ƒe ŋuɖoɖo na eƒe nusrɔ̃lawo ƒe nyabiabia la ku ɖe Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia ƒe nuwuwu ŋu se ɖo? (b) Yesu ƒe ŋuɖoɖoa ƒe akpa kae ku ɖe tso ƒe 1914 dzi heyina ƒe nudzɔdzɔwo kple amewo ƒe nɔnɔmewo ŋu?

6 Le ɣeyiɣi si me míele ta la, ele be míanya nusiwo ƒo ƒu wɔ dzesi si fia ŋkeke mamlɛawo—‘nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi’—la ƒe akpa sia akpa tsitotsito. Na wòanɔ susu me na wò be esime Yesu ɖo eƒe nusrɔ̃lawo ƒe nyabiabia si woŋlɔ ɖe Mateo 24:3 ŋu la, nusiwo ŋu wòƒo nu le tso kpukpui 4 vaseɖe 22 la dometɔ aɖewo va eme ɖe Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia dzi le mɔ sue aɖe nu le ƒe 33 vaseɖe 70 M.Ŋ. domee. Gake ɣeyiɣi si dze egɔme tso ƒe 1914 si nye Kristo ƒe ‘anyinɔɣi kple nuɖoanyiawo ƒe nuwuɣi’ lae nyagblɔɖia ƒe emevava gãtɔ va eme le. Mateo 24:23-28 ƒo nu tso nusiwo adzɔ tso ƒe 70 M.Ŋ. vaseɖe Kristo ƒe anyinɔɣi ŋu. Nudzɔdzɔ siwo ŋu woƒo nu le le Mateo 24:29–25:46 la nye nusiwo adzɔ le nuwuɣia.

7. (a) Nukatae wòle be mía ŋutɔwo míanɔ ŋudzɔ ɖe fifi nudzɔdzɔ siwo nye dzesia ƒe emevava ŋu? (b) Ðo nyabiabia siwo kplɔ memama sia ɖo ŋu nàtsɔ afia alesi dzesia va emee tso ƒe 1914 me ke.

7 Ele be mía ŋutɔwo míanɔ ŋudzɔ ɖe fifi nudzɔdzɔ kple amewo ƒe nɔnɔme siwo nye dzesia ƒe emevava ŋu. Ne míetsɔ nusiawo sɔ kple Biblia ƒe nyagblɔɖi la, akpe ɖe mía ŋu be míalé Yehowa ƒe ŋkekea ɖe susu me vevie. Agakpe ɖe mía ŋu hã be míaƒo nu kple kakaɖedzi ne míele nu xlɔ̃m amewo le ŋkeke ma ƒe aƒetutu ŋu. (Yesaya 61:1, 2) Mina taɖodzinu siawo nanɔ susu me na mí míatsɔ adzro biabia siwo gbɔna mee, esiwo me dzesia ƒe akpa aɖewo siwo woŋlɔ ɖe Mateo 24:7 kple Luka 21:10, 11, la dze le.

Mɔ ɖedzesi ka nue ‘dukɔwo ƒe tsitretsitsi ɖe dukɔwo ŋu kple fiaɖuƒewo ɖe fiaɖuƒewo ŋu’ va eme tso ƒe 1914 me le? Nukawoe dzɔ le aʋawɔwɔ gome tso ɣemaɣi?

Dɔvɔ̃ kae wu ame geɖe le ƒe 1918 me wu Xexemeʋa I? Togbɔ be amegbetɔ wɔ ŋgɔyiyi le atikeŋutinunya me hã la, dɔléle kawoe gale ame miliɔn geɖe wum kokoko?

Aleke nuɖuɖu ƒe veve xɔ anyigba la dzii togbɔ be wowɔ ŋgɔyiyi geɖe le dzɔdzɔmeŋutinunya me le ƒe alafa si va yi me hã?

Nukae na nèka ɖe edzi be menye alesi nuwo nɔ tso gbaɖegbe ke ŋue Timoteo II, 3:1-5, 13 le nu ƒom le o, ke boŋ be esime míele ŋkeke mamlɛawo ƒe nuwuwu gogom la, gbegblẽm ɖe edzi koe nɔnɔme gbegblẽ siwo nɔ anyi la le?

Amewo Me Mama

8. (a) Nu bubu si ŋu Mateo 13:24-30, 36-43 ƒo nu le kae Yesu gblɔ be adzɔ le nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu? (b) Nukae Yesu ƒe lododoa fia?

8 Nu vevi bubuwo gali siwo Yesu gblɔ be woadzɔ le nuɖoanyiawo ƒe nuwuwu. Wo dometɔ ɖekae nye “fiaɖuƒe la ƒe viwo” mama ɖa tso “vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo” gbɔ. Yesu gblɔ esia le eƒe lododo le lugble aɖe si me futɔ aɖe va wu gbe wuwluiwo ɖo ŋu me. “Lu” si le lododoa me la le tsitre ɖi na Kristotɔ vavã siwo nye amesiaminawo. “Gbe wuwluiawo” ye nye amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye gake woɖenɛ fiana be yewonye “vɔ̃ɖitɔ la ƒe viwo” elabena woku ɖe xexe si ƒe dziɖula Abosam nye ŋu. Woama amesiawo ɖa tso “[Mawu ƒe] fiaɖuƒea ƒe viwo” gbɔ eye woade dzesi wo hena tsɔtsrɔ̃. (Mateo 13:24-30, 36-43) Ðe esia va eme vavãa?

9. (a) Le Xexemeʋa I megbe la, amesiwo katã gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la me mama ƒe dɔ gã kae wowɔ? (b) Aleke Kristotɔ amesiaminawo ɖo kpe edzii be yewonye Fiaɖuƒea ƒe viwo nyateƒe?

9 Le Xexemeʋa I megbe la, woma amesiwo katã gblɔna be Kristotɔwoe yewonye la me ɖe akpa eve: (1) Kristodukɔa ƒe nunɔlawo kple wo yomedzelawo, amesiwo nɔ megbe na Dukɔwo ƒe Nubabla (si zu Dukɔ Ƒoƒuawo fifia) la sesĩe le esime wogaku ɖe woƒe dukɔmevinyenye ŋu vevie, kple (2) Kristotɔ vavã siwo nɔ anyi le aʋamegbe ƒe ƒe mawo me, amesiwo tsɔ woƒe ŋutete katã nɔ Mawu ƒe Mesia Fiaɖuƒea ƒe akpa dzii, ke menye xexe sia me dukɔwo ƒe akpa dzi o. (Yohanes 17:16) Amesiawo ɖo kpe edzi be Mawu Fiaɖuƒea ƒe subɔla vavãtɔwoe yewonye esi wole gbeƒã ɖem “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia” le xexeame katã. (Mateo 24:14) Nukae do tso eme?

10. Nukae nye Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me tsonu gbãtɔ?

10 Gbã la, woƒo amesiwo wotsɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔe si ami na eye mɔkpɔkpɔ le wo si be wo kple Kristo woanɔ dziƒo Fiaɖuƒea me la nu ƒu. Togbɔ be amesiawo kaka ɖekaɖeka ɖe dukɔwo dome hã la, woƒo wo nu ƒu ɖe habɔbɔ ɖeka si le ɖoɖo nu me. Amesiamina siawo nutetre keŋkeŋ tu aƒe.—Nyaɖeɖefia 7:3, 4.

11. Amewo nuƒoƒoƒudɔ kae le edzi yim, eye le ɖekawɔwɔ me kple nyagblɔɖi ka?

11 Emegbe le Kristo ƒe mɔfiafia te la, wodze ‘ameha gã si tso dukɔ sia dukɔ, to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me’ nuƒoƒoƒu gɔme. Amesiawoe nye ‘alẽ bubuawo,’ amesiwo atsi agbe le “xaxa gã” la me ayi ɖe Mawu ƒe xexe yeyea me. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14; Yohanes 10:16) Gbeƒãɖeɖe Mawu Fiaɖuƒea hafi nuwuwua nava ƒe dɔ sia gale edzi yim kokoko vaseɖe fifia. Alẽ bubuawo ƒe ameha gã la, amesiwo de miliɔn geɖe fifia, kpena ɖe amesiamina susɔeawo ŋu nuteƒewɔwɔtɔe wokakaa Fiaɖuƒegbedasi vevi la. Wole Fiaɖuƒegbedasi sia sem le dukɔ sia dukɔ me fifia.

Nukae Le Ŋgɔ Gbɔna?

12. Gbeƒãɖeɖedɔ agbɔsɔsɔme kae gali woawɔ hafi Yehowa ƒe ŋkekea naɖo?

12 Nusiawo katã siwo ŋu míeƒo nu tsoe va yi la fia be míegogo ŋkeke mamlɛawo ƒe nuwuwu eye be Yehowa ƒe ŋkekea tu aƒe ŋutɔ. Gake ɖe nyagblɔɖi aɖewo gali siwo ava eme hafi ŋkeke gã dziŋɔ ma nadze egɔmea? Ẽ. Le kpɔɖeŋu me, womewu amewo me mama le Fiaɖuƒe nyaʋiʋli la me nu haɖe o. Le teƒe aɖewo siwo wodo go tsitretsiɖeŋu sesẽwo le ƒe geɖe la, wole nusrɔ̃la yeyewo ƒe dzidziɖedzi gã aɖe kpɔm fifia. Le teƒe siwo amewo gbe nyanyuia le kura gɔ̃ hã la, míaƒe ɖaseɖiɖia na wokpɔ Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ. Eyata miyi dɔa dzi! Yesu ka ɖe edzi na mí be ne míewɔ dɔ sia vɔ la, ekema nuwuwua ava.

13. Abe alesi woŋlɔe ɖe Tesalonikatɔwo I, 5:2, 3 ene la, nudzɔdzɔ ɖedzesi kae gali gbɔna, eye nukae wòafia na mí?

13 Biblia ƒe nyagblɔɖi vevi bubu gblɔ be: “Ne wole gbɔgblɔm be: ‘Ŋutifafa kple dedienɔnɔ li!’ la, tete tsɔtsrɔ̃ kpata ava lili wo kpoyi abe alesi fuɖuame va lilia funɔ ene; eye womate ŋu asi le enu o.” (Tesalonikatɔwo I, 5:2, 3, NW) Míenya alesi wole “ŋutifafa kple dedienɔnɔ” ƒe ɣli ma do gee o. Gake kakaɖedzitɔe la, mafia be xexeame ƒe kplɔlawo kpɔ ameƒomea ƒe kuxiwo gbɔ le nyateƒe me o. Ɣlidodo ma maflu amesiwo lé Yehowa ƒe ŋkekea ɖe susu me vevie la o. Wonyae be le ema megbe teti la, tsɔtsrɔ̃ kpata ava.

14. Nudzɔdzɔ kawoe akplɔ wo nɔewo ɖo le xaxa gã la me, eye ɖe ɖoɖo ka nu?

14 Le xaxa gã la ƒe gɔmedzedze la, dziɖulawo atrɔ ɖe Babilon Gã, si nye xexeame katã ƒe alakpasubɔsubɔ ƒe fiaɖuƒea ŋu, eye woatsrɔ̃e ɖa keŋkeŋ. (Mateo 24:21; Nyaɖeɖefia 17:15, 16) Le ema megbe la, dukɔwo atrɔ ɖe amesiwo ʋlia Yehowa ƒe dziɖulanyenye ta la ŋu, eye esia aho Yehowa ƒe dɔmedzoe helĩhelĩ ɖe dunyahehe dziɖulawo kple wo dzidelawo ŋu, esi ana wòatsrɔ̃ wo ɖa gbidii. Ɣemaɣie xaxa gã la aɖo eƒe taƒoƒo, si anye le Harmagedon me. Ekema woade Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo aʋli me, eye womagate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe ameƒomea dzi o. Ale woado Yehowa ƒe ŋkɔ la ɖe dzi.—Xezekiel 38:18, 22, 23; Nyaɖeɖefia 19:11–20:3.

15. Nukatae nunya mele eme o be míasusui be Yehowa ƒe ŋkeke la gbɔ metsɔ o?

15 Nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu ava ɖe game dzi tututu, le Mawu ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi ɖzi. Matsi megbe o. (Xabakuk 2:3) Ðo ŋku edzi be Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ le ƒe 70 M.Ŋ. la va kpata, le ɣeyiɣi si me Yudatɔwo menɔ mɔ kpɔm nɛ o me, esime wosusu be afɔkua nu va yi. Ke blema Babilon hã tɔ ɖe? Enye du si ŋu ŋusẽ nɔ, kakaɖedzi nɔ wo si eye gli titriwo nye takpɔnu na wo. Gake zã ɖeka me koe wòdze anyi. Nenema ke tsɔtsrɔ̃ kpata ava alili fifi nuɖoanyi vɔ̃ɖi siae. Ne eva la, mina woakpɔ mí be míewɔ ɖeka le tadedeagu vavãtɔ me eye míelé Yehowa ƒe ŋkekea ɖe susu me vevie.

Numetoto

• Nukatae wòle vevie be míalé Yehowa ƒe ŋkekea ɖe susu me vevie? Aleke míate ŋu awɔe?

• Aleke amewo me mama si le edzi yim la ka mía ŋutɔwoe?

• Nukawoe gale ŋgɔgbe ava dzɔ hafi Yehowa ƒe ŋkekea nadze egɔme? Eyata nukae wòle be mía ŋutɔwo míanɔ wɔwɔm?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 180, 181]

Madidi o ŋkeke mamlɛawo awu nu kple Satana ƒe nuɖoanyia ƒe tsɔtsrɔ̃

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe