AKPA 3
Amekawoe Le Gbɔgbɔmenutome?
1. Aleke wotsɔ dekɔnu dzixɔsewo sɔ kple xɔ si tame le tsutsuẽ eye egɔme keke gbadzaae?
WOTSƆ Afrikatɔwo ƒe dekɔnu dzixɔsewo sɔ kple Egiptetɔwo ƒe piramid, alo xɔ siwo tame le tsutsuẽ eye wo gɔme le gbadzaa. Amesi le etame ʋĩ ye nye Mawu, amesi ƒo amesiame ta le gbɔgbɔmeŋusẽ gome. Amesiwo le egɔmee nye mawu siwo le sue wu, alo gbɔgbɔ siwo nye Mawu ƒe subɔlawo. Amesiwo hã le wo xae nye tɔgbuiwo, eye woawoe ɖoa ŋku woƒe ƒometɔ siwo le anyigba dzi la dzi eye wotsɔa ɖe le woƒe nyonyo me ale gbegbe. Amesiwo le xɔa te ye nye gbɔgbɔmeŋusẽ suesuewo: akunyawɔwɔ, afakaka, kple adzewɔwɔ.
2. Aleke Afrikatɔwo ƒe nyagbɔgblɔ aɖe ɖee fia be dekɔnu dzixɔsewo kpɔ ŋusẽ ɖe mawusubɔsubɔ dzi?
2 Dekɔnu dzixɔse siawo kpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe subɔsubɔha bubuwo dzi le Afrika. Afrikatɔwo gblɔa nya aɖe be: “Xɔse (Kristo-ha alo Islam) me nɔnɔ mexe mɔ na mí be míagasubɔ mía de mawuwo o.”
3. Afikae míate ŋu akpɔ nyateƒe si ku ɖe amesiwo le gbɔgbɔmenutome ŋu le?
3 Nyateƒe kae le Afrika dekɔnu dzixɔsewo me? Biblia gblɔ nyateƒe si ku ɖe amesiwo le gbɔgbɔmenutome ŋu na mí.
Yehowa, Mawu Vavã La
4. Nuka dzie subɔsubɔha gã siwo le Afrika da asi ɖo?
4 Afrikatɔwo ƒe subɔsubɔha gã etɔ̃awo lɔ̃ ɖe edzi be Mawu li eye be eyae nye gã. Biblia yɔe be enye “mawuwo dzi Mawu kple aƒetɔwo dzi Aƒetɔ, Mawu gã, si ŋu ŋusẽ kple ŋɔdzi le.” (Mose V, 10:17) Moslemtɔwo hã xɔ Mawu gã ɖeka hɔ̃ dzi se. Nufialagã Geoffrey Parrinder gblɔ tso Afrika dekɔnu dzixɔsewo ŋu be: “Afrikatɔ akpa gãtɔ xɔ Mawu gã, si nye mawuwo kple amegbetɔwo fofo, xexeame katã wɔla, dzi se.”
5. Ŋkɔ siwo woyɔna na Mawu dometɔ aɖewo ɖe?
5 Gake togbɔ be Mawu dzixɔse bɔ hã la, ame akpa gãtɔ menya amesi tututu Mawu nye o. Afɔ gbãtɔ si woɖena le ame aɖe nyanya mee nye be woanya amea ƒe ŋkɔ. Subɔsubɔhawo tɔtɔ le Mawu ƒe ŋkɔ ŋu. Le Kristodukɔa me la, ŋkɔ si wolɔ̃a yɔyɔ nɛ wue nye Mawu, si nye dzesideŋkɔ si gɔmee nye “Ŋusẽtɔ.” Moslemtɔwo yɔnɛ be Allah. Le dekɔnu dzixɔse me léɖeasilawo gome la, ŋkɔ si woyɔna na Nuwokatãtaƒola la to vovo le gbegbɔgblɔ ɖesiaɖe me. John S. Mbiti yɔ Afrikatɔwo ƒe ŋkɔ kple dzesideŋkɔ siwo wu 500 siwo woyɔna na Mawu le eƒe agbalẽ si nye Concepts of God in Africa me. Le kpɔɖeŋu me, le Yorubagbe (Nigeria) me la, woyɔa Mawu be Olodumare; le Kikuyugbe (Kenya) me la, eƒe yɔyɔe nye Ngai; eye le Zulugbe (South Africa) me la, woyɔnɛ be Unkulunkulu.
6, 7. Mawu ƒe ŋkɔ ɖe, eye aleke míewɔ nya?
6 Nukae Mawu ŋutɔ gblɔ tso eƒe ŋkɔ ŋu? Esi Mawu gblɔ na Mose be wòakplɔ Israel-viwo adzoe le Egipte la, Mose bia be: “Ne meva Israel-viwo gbɔ, eye megblɔ na wo be: mia fofowo ƒe Mawu dɔm ɖo ɖe mia gbɔ, eye woabiam bena: eŋkɔ ɖee hã la, aleke maɖo ŋu na woe?”—Mose II, 3:13.
7 Mawu ɖo eŋu be: “Ale nàgblɔ na Israel-viwoe nye si, ‘Yehowa, mia fofowo ƒe Mawu, . . . la dɔm ɖe mia gbɔ.’ Esia nye nye ŋkɔ tegbee, eye nye ŋkɔ sia dzidzimewo katã woayɔ.” (Mose II, 3:15, NW) Ŋkɔ Yehowa dze zi gbɔ zi 7,000 kple edzivɔ le Biblia ƒe nuŋlɔɖi me, togbɔ be Biblia gɔmeɖela aɖewo tsɔ dzesideŋkɔ siwo nye “Mawu” alo “Aƒetɔ” ɖo eteƒe hã.
8. Ameka ƒomevie nye Yehowa, eye nukae wòle be míawɔ ne míedi be wòakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu?
8 Aleke tututue Yehowa le? Enye gbɔgbɔ, ŋusẽkatãtɔ, eye ŋutikɔkɔe le eŋu. Eyae ƒo nuwo katã ta, ame aɖeke mesɔ kplii alo sɔ ta kplii o. (Mose V, 6:4; Yesaya 44:6) Yehowa gblɔ na Mose be: “Nye Yehowa, wò Mawu la, Mawu ʋãŋu menye.” Ne míagblɔe bubui la, be Yehowa nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu la, ele be míade ta agu na eya ɖeɖeko. Medi be míade ta agu na nu bubu alo ame bubu aɖeke o.—Mose II, 20:3-5.
Yesu Kristo, Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia
9. Nukatae míate ŋu agblɔ be Yesu mesɔ ta kple Yehowa o?
9 Ame geɖe tɔtɔ ŋutɔ egbea le amesi Yesu nye ŋuti. Ame geɖe xɔe se le Kristodukɔa me be Yesu nye Mawuɖekaetɔ̃ “Kɔkɔe” ƒe akpa aɖe. Gake Biblia mefia nu be Mawu nye ame etɔ̃ le ame ɖeka me o. Eye mefia nu be Yesu sɔ ta kple Yehowa o. Yesu ŋutɔ gblɔ be: ‘Fofo la lolo wum.’—Yohanes 14:28.
10. Afikae Yesu nɔ hafi va nɔ anyigba dzi?
10 Biblia fia be hafi Yesu nava nɔ agbe abe ame ene le anyigba dzi la, enye gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu aɖe le dziƒo. Abe alesi Yehowa wɔ Adam kple Xawa ɖe anyigba dzi ene la, nenema ke Wòwɔ gbɔgbɔmemewo ɖe dziƒo hã. Yesue nye gbɔgbɔmeme gbãtɔ si Yehowa wɔ.—Yohanes 17:5; Kolosetɔwo 1:15.
11. Aleke wɔ wova dzi Yesu ɖe anyigba dzi?
11 Anɔ ƒe 2,000 enye si va yi la, Yehowa trɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ sia ƒe agbe va de ɖetugbi nɔaƒe si ŋkɔe nye Maria, ƒe vidzidɔ me. Mawudɔla Gabriel gblɔ na Maria be: “Èle fu fɔ ge, eye nadzi ŋutsuvi, eye nayɔ eƒe ŋkɔ be Yesu. Eye wòaɖu fia . . . , eye nuwuwu manɔe na eƒe fiaɖuƒe la o.”—Luka 1:31, 33.a
12. Susu siwo ta Yesu va anyigba dzi dometɔ ɖeka ɖe?
12 Eyata wodzi Yesu, wòtsi zu ŋutsu, eye wòfia nu amewo tso Yehowa kpakple eƒe tameɖoɖo ŋu. Egblɔ na Roma mɔ̃mefia aɖe be: “Nye la, esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la.” (Yohanes 18:37) Ne míede ŋugble le nusiwo Yesu fia ŋu la, míate ŋu asrɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Mawu kple eƒe tameɖoɖo ŋu. Míate ŋu anya alesi míawɔ míaƒe nu nadze Mawu ŋu.
13. Susu evelia ka tae Yesu va anyigba dzi ɖo?
13 Susu evelia si ta Yesu va xexeame enye be wòatsɔ eƒe amegbetɔ ƒe agbe ana tafee ɖe ameƒomea ta. (Mateo 20:28) Ewɔ nusia bene míate ŋu avo tso nuvɔ̃ si ƒe dome míenyi tso mía tɔgbui Adam gbɔ la me. Esiae awɔe be míanɔ agbe tegbee. Apostolo Yohanes ŋlɔ be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.”—Yohanes 3:16.
14. (a) Nukae dzɔ ɖe Yesu dzi le eƒe ku abe amegbetɔ ene megbe? (b) Ðoƒe kae le Yesu si le dziƒo fifia?
14 Esi Yesu ku abe amegbetɔ ene vɔ megbe la, wofɔe ɖe tsitre yi dziƒo, afisi wògava yi agbenɔnɔ dzi le abe gbɔgbɔmenuwɔwɔ sẽŋu ene. (Dɔwɔwɔwo 2:32, 33) Emegbe Yehowa tsɔ “ŋusẽ, bubu kple dziɖuɖu nɛ, eye dukɔwo katã, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔgblɔwo [asubɔe].” (Daniel 7:13, 14) Wowɔ Yesu wòzu Fia sẽŋu aɖe; enye Yehowa ƒe dziƒodziɖuɖua ƒe Fia. Aɖe eƒe ŋusẽ afia le anyigba bliboa dzi kpuie.
Angels, God’s Ministers
15. Ɣekaɣie wowɔ mawudɔlawo, eye afikae wowɔ wo da ɖo?
15 Menye Yehowa kple Yesu koe nye amesiwo le dziƒonutome o. Yehowa wɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ bubu hã, woawoe nye mawudɔlawo. Gabriel si ƒo nu na Maria nye wo dometɔ ɖeka. Mawudɔlawo medze agbenɔnɔ gɔme abe amegbetɔwo ene le anyigba dzi o. Dziƒo ye wowɔ wo da ɖo xoxoxo hafi wova wɔ amegbetɔwo ɖe anyigba dzi. (Hiob 38:4-7) Mawudɔla miliɔn geɖe ye li.—Daniel 7:10.
Mawudɔla wɔnuteƒewo gbena be woagade ta agu na yewo o
16. Nukatae mele be amegbetɔ nade ta agu na mawudɔlawo o?
16 Mawudɔla wɔnuteƒewo medina be míade ta agu na yewo o. Esi apostolo Yohanes te kpɔ zi eve be yeade ta agu na mawudɔlawo la, wogbe nya nɛ gblɔ be: “Kpɔ ɖa, megawɔe o, . . . de ta agu na Mawu ko!”—Nyaɖeɖefia 19:10; 22:8, 9.
17. Nukae ɖee fia be mawudɔlawo ate ŋu akpɔ Mawu ƒe subɔlawo ta, eye nukatae esia faa akɔ na ame?
17 Mawudɔlawo megaɖea wo ɖokui fiaa Mawu ƒe amewo le anyigba dzi abe alesi woɖe wo ɖokui fiae esi woɖe Yesu ƒe apostolowo le gaxɔ me ene o. (Dɔwɔwɔwo 5:18, 19) Ke hã ne míede ta agu na Yehowa abe alesi eƒe Nya, Biblia gblɔe ene la, kakaɖedzi ate ŋu anɔ mía si be Mawu ƒe dɔla sẽŋu makpɔmakpɔawo akpɔ mía ta. Biblia gblɔ be: “Yehowa ƒe dɔla ƒua asaɖa anyi ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe.” (Psalmo 34:8; 91:11) Nukatae wòle be nya sia nafa akɔ na mí? Elabena futɔ vɔ̃ɖiwo le gbɔgbɔmenutowo me siwo di be yewoatsrɔ̃ mí!
Satana, Mawu ƒe Futɔ
18. (a) Nukatae mawudɔla aɖe dze aglã ɖe Mawu ŋu? (b) Ŋkɔ kawoe wova tsɔ na mawudɔla dzeaglã sia?
18 Menye Mawu ƒe dɔlawo katãe yi edzi wɔ nuteƒe na Mawu o. Wo dometɔ aɖewo dze aglã ɖe eŋu. Wowɔ wo ɖokui Mawu ƒe futɔwo eye wonye anyigbadzitɔwo hã ƒe futɔwo. Aleke nusia dzɔe? Mawudɔla siwo katã Yehowa wɔ la nye dɔla dzɔdzɔewo kple dɔla nyuiwo. Gake gbɔgbɔmevi deblibo siawo dometɔ ɖeka di be amewo nade ta agu na ye eye wòwɔ nu ɖe didi vɔ̃ɖi sia nu. Wova yɔ gbɔgbɔmenuwɔwɔ sia be Satana, si gɔmee nye “Tsitretsiɖeŋula [ɖe Mawu ŋu].” Wogayɔe hã be Abosam, si gɔmee nye “Ameŋugblẽla,” elabena egblɔa alakpanya vɔ̃wo le Yehowa ŋu.
19. Nukatae Satana wɔ fu Hiob, eye aleke wòwɔe?
19 Satana ƒonɛ ɖe amegbetɔwo nu be woawɔ ɖeka kpli ye yewoadze aglã ɖe Mawu ŋu. Bu nusi wòtu kple Mawu subɔla wɔnuteƒe Hiob ŋu kpɔ. Hiob nye kesinɔtɔ gã aɖe. Alẽ 7,000, kposɔ 3,000, nyinɔ kple nyitsu 1,000, kpakple tedzinɔ 500 nɔ esi. Vi ewo kple subɔvi geɖe hã nɔ esi. Gbã la, Satana wu Hiob ƒe lãhawo kple esubɔviwo. Emegbe ena “ya ʋudu aɖe” va gbã xɔ ƒu Hiob viwo katã dzi woku. Emegbe Satana tsɔ “ƒoƒoe vɔ̃ɖi ƒu Hiob tso eƒe afɔƒome vaseɖe eƒe dzodome.”—Hiob 1:3-19; 2:7.
20. (a) Aleke woɖo Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ teƒe nɛ? (b) Togbɔ be Hiob wɔ nuteƒe na Mawu hã la, nukae Satana wɔ ame bubu geɖe?
20 Togbɔ be Hiob nɔ dodokpɔ sẽŋu sia me hã la, eyi edzi wɔ nuteƒe na Mawu. Eyata Yehowa da gbe le eŋu eye “[wòdzi] nusiwo katã nɔ Hiob si tsã la, ɖe dzi zi gbɔ zi eve.” (Hiob 42:10) Satana mete ŋu gblẽ Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ me o, gake ete ŋu trɔ ame geɖe ɖa tso Mawu gbɔ. Biblia gblɔ be: “Xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ la me.”—Yohanes I, 5:19.
21. (a) Aleke Satana ɖee fia be yedi be woade ta agu na ye? (b) Nukatae Yesu gbe be yemade ta agu na Satana o?
21 Satana di be míade ta agu na ye. Eƒe didi sia dze ƒã le alesi wòte Yesu kpɔ ƒe 2,000 kloe enye sia la me. Biblia gblɔ be: “Abosam [gakplɔ Yesu] heyi ɖe to kɔkɔ ŋutɔ aɖe dzi, eye wòɖe xexeame fiaɖuƒewo katã kple woƒe ŋutikɔkɔe la fiae; eye wògblɔ nɛ bena: Matsɔ nusiawo katã ana wò, ne èdze klo de ta agu nam.” Yesu gbe hegblɔ nɛ be: “Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi bena: ‘Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.’” (Mateo 4:8-10) Edze ƒã be Yesu nya Yehowa ƒe se, eye mewɔ nusi Satana di be wòawɔ o.
Gbɔgbɔ Vɔ̃wo, Gbɔgbɔ Sẽŋutawo
22. Nukae gbɔgbɔ vɔ̃wo wɔ amegbetɔwo?
22 Mawudɔla bubuwo wɔ ɖeka kple Satana wodze aglã ɖe Mawu ŋu. Mawudɔla vɔ̃ɖi siawo nye anyigbadzitɔwo ƒe futɔwo. Wonye ŋutasẽlawo kple anyrawɔlawo. Le blema la, wona ame aɖewo zu mumuwo kple ŋkuagbãtɔwo. (Mateo 9:32, 33; 12:22) Wona ame bubuwo dze dɔ alo wona wowɔ tsukunɔnuwo. (Mateo 17:15, 18; Marko 5:2-5) Wofiaa fu ɖeviwo gɔ̃ hã.—Luka 9:42.
23. (a) Nukae gbɔgbɔ vɔ̃wo dina tsoa amegbetɔwo gbɔ? (b) Nukae Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo flu amewo wole wɔwɔm?
23 Gbɔgbɔ vɔ̃ɖi siawo di be woade ta agu na yewo abe alesi Satana hã dii ene. Le esi teƒe be woagbe be amewo nagade ta agu na yewo o—eye woalɔ̃ ɖe edzi be Yehowa koe dze na tadedeagu—la, edzroa wo vevie, wodinɛ, eye wodea eƒe dzi ƒo. Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃wo to amefuflu, alakpadada, kple vɔvɔ̃doname dzi wɔe be amewo dea ta agu na wo. Gake ame geɖe menya be Satana kple gbɔgbɔ vɔ̃woe yewole ta dem agu na o. Awɔ nuku na ame geɖe ne wova nya be yewoƒe subɔsubɔ dea bubu Satana ŋu. Ke hã Biblia xlɔ̃ nu be: “Nusi trɔ̃subɔlawo mèna la, gbɔgbɔ vɔ̃wo womèa wo na, eye menye Mawu o.”—Korintotɔwo I, 10:20.
24. Ayemɔ siwo dzi Satana tona blea amewo dometɔ ɖeka ɖe?
24 Mɔ ɖeka si dzi Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo tona blea amewo be woade ta agu na yewoe nye alesi wokakaa nukpɔsusu totrowo ku ɖe ame kukuwo ŋu. Na míakpɔ nusi Biblia fia tso nya sia ŋu ɖa.
a Koran ƒo nu tso Yesu dzidzi nukutɔe ŋu le Surah 19 lia (Maria). Egblɔ be: “Míeɖo Míaƒe gbɔgbɔ ɖe [Maria] le ŋutsu tsitsi ƒe nɔnɔme me. Eye esi [Maria] kpɔe la, egblɔ be: ‘Nublanuikpɔla la nekpɔ tanye tso asiwò me! Ne èvɔ̃a Aƒetɔ la la, ke dzo le gbɔnye.’ Gbɔgbɔ la ɖo eŋu nɛ bena: ‘Aƒetɔ la ƒe dɔla menye, eye meva be mana ŋutsuvi kɔkɔe aɖe wò.’ Nyɔnua ɖo eŋu be: ‘Aleke mawɔ adzi vi esi menye ɖetugbi nɔaƒe, si ŋutsu aɖeke medɔ kplii kpɔ o?’ Dɔla la ɖo eŋu be: ‘Aƒetɔ la ƒe lɔlɔ̃nue. Ema menye nu sesẽ Nɛ o. Aƒetɔ la be: “[Ðevia] anye dzesi na ameƒomea, eye wòanye yayra tso Mía gbɔ. Míaƒe nuɖoɖo ye.”’”