INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lr ta 1 axa 10-15
  • Nu Si Ta Yesu Nye Nufiala Gã

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nu Si Ta Yesu Nye Nufiala Gã
  • Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Kae Nye Yesu Kristo?
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Nufiala Gã La Subɔ Ame Bubuwo
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Ðo To Yehowa Ƒe Gbe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Amekae Nye Yesu Kristo?
    Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
Kpɔ Bubuwo
Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
lr ta 1 axa 10-15

TA 1

Nusita Yesu Nye Nufiala Gã La

ƑE AKPE eve kple edzivɔ enye si va yi la, wodzi ɖevi tɔxɛ aɖe si tsi va zu ame vevitɔ kekeake si nɔ anyi kpɔ. Ɣemaɣi la, yameʋuwo kple lɔriwo menɔ anyi o. Nusiwo li fifia abe television, kɔmpiuta, kple Internet ene hã menɔ anyi o.

Wotsɔ ŋkɔ na ɖevia be Yesu. Eva zu nunyala gãtɔ kekeake si nɔ anyigba dzi kpɔ. Yesu va zu nufiala nyuitɔ kekeake hã. Eɖea nusiwo gɔmesese sesẽ me na amewo wosea egɔme bɔbɔe.

Yesu fiaa nu amewo le afisiafi si wòakpɔ wo le. Efia nu wo le ƒuta kple le tɔdziʋuwo me. Efia nu wo le woƒe aƒewo me kpakple ne wòle mɔ zɔm kpli wo. Lɔri menɔ Yesu si wòaɖo o, eye bɔs alo keteke hã menɔ anyi o. Yesu zɔ afɔ yi teƒeteƒewo nɔ nu fiam amewo.

Míesrɔ̃a nu geɖe tsoa amewo gbɔ. Gake Yesu, si nye Nufiala Gã la, gbɔe míate ŋu asrɔ̃ nusiwo le vevie wu tsoe. Biblia mee míakpɔ Yesu ƒe nyawo le. Ne míele eƒe nyawo sem tso Biblia me la, ɖeko wòle abe Yesu ŋutɔe le nu ƒom na mí ene.

Nukae na Yesu va zu Nufiala Gã ŋutɔ nenema? Susu ɖekae nye be ame aɖee fia nu Yesu hã. Eye enya alesi wòle vevie be woanye toɖolae. Gake amekae Yesu ɖo toe? Amekae fia nui?— Fofoa ye. Yesu Fofoe nye Mawu.

Hafi Yesu nazu amegbetɔ ava anyigba dzi la, enɔ dziƒo le Mawu gbɔ. Eyata Yesu to vovo na ame bubuwo elabena amegbetɔ bubu aɖeke menɔ dziƒo kpɔ hafi wova dzii ɖe anyigba dzi o. Vi nyui aɖee Yesu nye le dziƒo, enye vi si ɖoa to Fofoa. Esiae wɔe be Yesu te ŋu fia nusiwo wòsrɔ̃ tso Mawu gbɔ la amewo. Àte ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe nɔnɔme ne wò hã èɖoa to papa kple dada.

Nu bubu si ta Yesu nye Nufiala Gã la enye be elɔ̃ amewo. Edi be yeakpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nu tso Mawu ŋu. Yesu lɔ̃ ame tsitsiwo, gake elɔ̃ ɖeviwo hã ƒe nya. Eye ɖeviwo hã dina be yewoanɔ Yesu gbɔ elabena eƒoa nu na wo eye wòɖoa to wo.

Ðeviwo le Yesu ŋu

Nukatae ɖeviwo dina be yewoanɔ Yesu gbɔ?

Gbeɖeka dzila aɖewo kplɔ wo vi suewo va Yesu gbɔe. Gake Nufiala Gã la ƒe xɔlɔ̃wo bui be vovo menɔ eŋu kura be wòaƒo nu na ɖevi suewo o. Eyata wogblɔ na dzilawo kple ɖeviawo be woatrɔ adzo. Gake nya kae Yesu gblɔ?— Yesu gblɔ be: “Mina ɖeviwo nava gbɔnye, eye migaxe mɔ na wo o.” Ẽ, Yesu di be ɖeviwo nava ye gbɔ. Eyata togbɔ be Yesu nye nunyala gã kple ame vevitɔ kekeake hã la, ekpɔ vovo ɖe ɖevi suewo ŋu fia nu wo.—Marko 10:13, 14.

Ènya nusita Yesu fia nu ɖeviwo eye wòɖo to wòa? Nusiwo tae dometɔ ɖekae nye be edi be yeaƒo nu na wo tso Mawu si nye Fofoa si le dziƒo ŋu, ale be wòana woakpɔ dzidzɔ. Nukae nàwɔ be amewo nakpɔ dzidzɔ?— Àte ŋu ana woakpɔ dzidzɔ ne ègblɔa nusiwo nèsrɔ̃ tso Mawu ŋu la na wo.

Gbeɖeka Yesu zã ɖevi sue aɖe tsɔ fia nu vevi aɖe Exɔlɔ̃wo. Ena ɖevia va tsi tre ɖe Eƒe nusrɔ̃lawo, siwo nye Eyomedzelawo, titina. Eye Yesu gblɔ be ele be ame tsitsi siawo natrɔ woƒe nɔnɔme wòanɔ abe ɖevi sue sia ƒe nɔnɔme ene.

Ðevi sue aɖe tɔ ɖe Yesu xa

Nukae ɖevi siwo tsi vie kple ame tsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ tso ɖevi sue gbɔ?

Nukae Yesu ƒe nya siawo siwo wògblɔ la fia? Ènya alesi ame tsitsi, alo kura gɔ̃ hã ɖevi si tsi vie, awɔ anɔ abe ɖevi sue enea?— Eyae nye be ɖevi sue menya nu sɔgbɔ de ame tsitsi nu o, eyata elɔ̃na faa be yeasrɔ̃ nu. Eyata Yesu le gbɔgblɔm be ehiã be yeƒe nusrɔ̃lawo nabɔbɔ wo ɖokui, abe alesi ɖeviwo bɔbɔa wo ɖokui ene. Nyateƒee, mí katã míate ŋu asrɔ̃ nu geɖe tso ame bubuwo gbɔ. Eye ele be mí katã míanya be Yesu ƒe nufiafiawo le vevie kura wu mía ŋutɔwo míaƒe susuwo.—Mateo 18:1-5.

Susu bubu si ta Yesu nye Nufiala Gã la enye be enya alesi wòagblɔ nyae wòanya se na amewo. Eɖe nuwo me alesi amewo ase egɔme bɔbɔe. Eƒo nu tso xeviwo kple seƒoƒowo kpakple nu bubu siwo amewo kpɔna ŋu be wòatsɔ akpe ɖe wo ŋu woase Mawu ŋu nyawo gɔme.

Gbeɖeka esi Yesu nɔ to aɖe dzi la, ame gbogbo aɖewo va egbɔ. Yesu bɔbɔ nɔ anyi eye wògblɔ mawunya na wo, abe alesi nàte ŋu akpɔe le afisia ene. Woyɔ eƒe nuƒo sia be Todzimawunya. Egblɔ na wo be: ‘Mikpɔ dziƒoxeviwo ɖa. Womeƒãa nu o. Womeƒoa nuɖuɖu nu ƒu ɖe woƒe atɔwo me hã o. Gake Mawu si le dziƒo la nyia wo. Ðe miawo miexɔ asi wu wo oa?’

Yesu tsɔ xevi siwo le dzodzom le yamea le amewo fiam

Nuka fiamee Yesu nɔ esi wònɔ nu ƒom tso xeviwo kple seƒoƒowo ŋu?

Yesu gblɔ hã be: ‘Mibu seƒoƒo siwo le gbedzi ŋu kpɔ. Wotsina togbɔ be womewɔa dɔ o hã. Gake mikpɔ alesi wonya kpɔnae ɖa! Fia Salomo si nye kesinɔtɔ gɔ̃ hã medzra ɖo wònya kpɔ abe alesi seƒoƒo siwo le gbedzi nya kpɔe ene o. Eyata ne Mawu ɖoa atsyɔ̃ na seƒoƒo siwo miena la, ɖe malé be na miawo hã oa?’—Mateo 6:25-33.

Èse nusi fiam Yesu le la gɔmea?— Medi be míatsi dzi be afikae míakpɔ nu le aɖu alo akpɔ awu le ado o. Mawu nya be nu mawo katã hiã mí. Yesu mele gbɔgblɔm be mele be míawɔ dɔ akpɔ nu aɖu alo akpɔ awu ado o. Ke boŋ ɖe wòle gbɔgblɔm be míatsɔ Mawu aɖo nɔƒe gbãtɔ. Ne míewɔ esia la, Mawu akpɔ egbɔ be míakpɔ nusi míaɖu kple awu si míado. Èxɔ nya sia dzi sea?—

Esi Yesu gblɔ nya siawo vɔ la, nukae ameawo susu tso eƒe nyawo ŋu?— Biblia gblɔ be alesi wòfia nu woe la wɔ nuku na wo ŋutɔ. Eƒe nyawo sese dzɔ dzi na ameawo ŋutɔ. Nya siwo wògblɔ la kpe ɖe amewo ŋu be woawɔ nu nyui.—Mateo 7:28.

Eyata ele vevie be míasrɔ̃ nu tso Yesu gbɔ. Ènya alesi nàwɔ asrɔ̃ nu tso egbɔa?— Woŋlɔ eƒe nyawo ɖe agbalẽ me na mí. Ènya agbalẽ si wònyea?— Eyae nye Biblia Kɔkɔe la. Esia fia be míate ŋu aɖo to Yesu ne míelé to ɖe nusiwo míexlẽ le Biblia me ŋu. Le nyateƒe me la, ŋutinya dodzidzɔname aɖe le Biblia me ku ɖe alesi Mawu ŋutɔ gblɔ na mí be míaɖo to Yesui ŋu. Na míakpɔ nusi dzɔ ɖa.

Gbeɖeka Yesu kplɔ exɔlɔ̃wo dometɔ etɔ̃ woyi ɖe to kɔkɔ aɖe dzi. Exɔlɔ̃awo ƒe ŋkɔwoe nye Yakobo, Yohanes, kple Petro. Míava srɔ̃ nu geɖe tso ŋutsu siawo ŋu emegbe, elabena wo ame etɔ̃awo katã nye Yesu xɔlɔ̃ kplikplikpliwo. Gake le ɣeyiɣi tɔxɛ sia me la, wokpɔ be Yesu ƒe mo nɔ keklẽm. Eye awu si wòdo hã nɔ keklẽm abe akaɖi ene, abe alesi nàkpɔe le afisia ene.

Yesu ƒe nɔnɔme trɔ na Petro, Yakobo, kple Yohanes

“Amesia enye vinye . . . Miɖo to eyama”

Le esia megbe la, Yesu kple exɔlɔ̃wo se gbe aɖe tso dziƒo. Egblɔ be: “Amesia enye vinye, si nyemelɔ̃a nu egbɔ o, si dzea ŋunye; miɖo to eyama!” (Mateo 17:1-5) Ènya amesi ƒe gbe wònyea?— Mawu ƒe gbee! Ẽ, Mawu ŋutɔe gblɔe be woaɖo to ye Via.

Ke mí amesiwo li egbea hã ɖe? Ðe míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye míaɖo to Via, amesi nye Nufiala Gã la?— Emae nye nusi wòle be mí katã míawɔ. Èɖo ŋku alesi míate ŋu awɔ esiae dzia?—

Ẽ, míate ŋu aɖo to Mawu ƒe Vi la ne míexlẽ nya siwo woŋlɔ ɖe Biblia me ku ɖe eƒe agbenɔnɔ ŋu. Nya vevi geɖe le Nufiala Gã la si wòagblɔ na mí. Nusiawo siwo woŋlɔ ɖe Biblia me la sɔsrɔ̃ ado dzidzɔ na wò. Ana nàkpɔ dzidzɔ hã nenye be ègblɔ nu nyui siwo srɔ̃m nèle la na xɔ̃wòwo.

Be nu nyui siwo dona tsoa toɖoɖo Yesu me ƒe nukpɔsusu nyui geɖe nasu asiwò la, ʋu wò Biblia nàxlẽ Yohanes 3:16; 8:28-30; kple Dɔwɔwɔwo 4:12.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe