INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lr ta 12 axa 67-71
  • Yesu Fia Gbedodoɖa Mí

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu Fia Gbedodoɖa Mí
  • Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gbedodoɖa Ƒe Mɔnukpɔkpɔ Xɔasi La
    Nu Kae Biblia Fia Mí?
  • Gbedodoɖa Ate Ŋu Ana Wò Kple Mawu Dome Nanɔ Kplikplikpli
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Tete Ðe Mawu Ŋu le Gbedodoɖa Me
    Nukae Mawu Di tso Mía Si?
  • De Asixɔxɔ Mɔnukpɔkpɔ Si Su Asiwò Be Nàdo Gbe Ða Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
Kpɔ Bubuwo
Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
lr ta 12 axa 67-71

TA 12

Yesu Fia Gbedodoɖa Mí

Yesu le gbe dom ɖa le zã me

ÈƑOA nu kple Yehowa Mawua?— Edi be nàƒo nu kple ye. Ne èle nu ƒom kple Mawu la, esiae woyɔna be gbedodoɖa. Yesu ƒo nu kple Fofoa si le dziƒo zi geɖe. Ɣeaɖewoɣi edina be ye ɖeka yeaɖe ye ɖokui ɖe aga aƒo nu kple Mawu. Biblia gblɔ be gbeɖeka la, ‘Eya ɖeka yi to dzi be yeado gbe ɖa. Eye togbɔ be zã do hã la, eya ɖeka tsi afima.’—Mateo 14:23.

Afikae nàte ŋu ayi be wò ɖeka nàdo gbe ɖa na Yehowa?— Ðewohĩ wò ɖeka àte ŋu ado gbe ɖa na Yehowa hafi amlɔ anyi le zã me. Yesu gblɔ be: “Wò la, ne èle gbe do ge ɖa la, yi ɖe wò xɔgã me, eye esi nètu ʋɔa la, nàdo gbe ɖa na Fofowò.” (Mateo 6:6) Ðe nèdoa gbe ɖa na Yehowa zã ɖesiaɖe hafi mlɔa anyia?— Ele be nàdoe ɖa.

Yesu kɔ gbe dzi le gbe dom ɖa le Lazaro ƒe yɔdo to

Yesu do gbe ɖa esime eya ɖeɖe li . . . kple esime wòle amewo dome

Yesu do gbe ɖa ne amewo le egbɔ hã. Esime Yesu xɔlɔ̃ Lazaro ku la, edo gbe ɖa le amewo dome le afisi woɖi Lazaro ɖo. (Yohanes 11:41, 42) Eye Yesu doa gbe ɖa ne ele kpekpe wɔm kple eƒe nusrɔ̃lawo hã. Ðe nèdea kpekpewo afisi wodoa gbe ɖa lea?— Zi geɖe la, ame tsitsi aɖee doa gbe ɖa le teƒe mawo. Lé to ɖe nya siwo gblɔm wòle ŋu nyuie elabena ele nu ƒom na Mawu ɖe tawò. Ekema àte ŋu agblɔ “Amen” le gbedodoɖaa ƒe nuwuwu. Ènya nusi “Amen” gbɔgblɔ le gbedodoɖa ƒe nuwuwu fia?— Efia be èlɔ̃ ɖe gbedodoɖa la dzi. Efia be èlɔ̃ ɖe nya siwo wogblɔ dzi eye nèdi be wòanye gbe si wò hã nèdo ɖa.

Ƒome aɖe le to ɖom esi wole gbe dom ɖa le hame ƒe kpekpe aɖe me

Nukata wòle be nàlé to ɖe gbe siwo wodona ɖa le kpekpewo me ŋu nyuie?

Yesu do gbe ɖa le nuɖuɣiwo hã. Eda akpe na Yehowa ɖe nuɖuɖu si su esi ta. Èdoa gbe ɖa ɣesiaɣi hafi ɖua nua?— Enyo be míada akpe na Yehowa ɖe nuɖuɖua ta hafi adze eɖuɖu gɔme. Ðewohĩ ame bubu aɖee ado gbe ɖa ne miele nu ɖum ɖekae. Gake nukae nàwɔ ne wò ɖekae le nu ɖum? Alo nukae nàwɔ ne èle nu ɖum kple amesiwo medaa akpe na Yehowa o?— Ekema ele be wò ŋutɔ nàdo wò gbe ɖa.

Ɣesiaɣie wòle be nàdo gbe ɖa amewo nasea? Alo ɖe Yehowa ate ŋu ase gbe siwo nèdo ɖa le tamea?— Míate ŋu akpɔ ŋuɖoɖoa le nusi dzɔ ɖe Nexemya dzi me. Enye Yehowa subɔla si nɔ dɔ wɔm le Persia-fia Artaxsasta ƒe fiasã me. Gbeɖeka la, Nexemya lé blanui ŋutɔ le esi wòse be Yerusalem si nye wo detɔwo ƒe dugã la ƒe gliwo gbã ta.

Nehemiya le gbe dom ɖa le susu me; ŋutsuvi aɖe si le suku la le gbe dom ɖa le susu me hafi adze nu ɖuɖu

Ɣekaɣie nàte ŋu ado gbe ɖa le tame abe Nexemya ene?

Esi fia la bia Nexemya nusita wòlé blanui ɖo la, Nexemya do gbe ɖa le tame gbã. Eyome Nexemya gblɔ nusi na wòlé blanui la na fia la, eye wòbiae nenye be yeate ŋu ayi Yerusalem agbugbɔ ava ɖo gliawo. Nukae va dzɔ?—

Nyateƒee, Mawu ɖo Nexemya ƒe gbedodoɖa la ŋu. Fia la gblɔ nɛ be ate ŋu ayi faa! Fia la tsɔ ati gbogbo aɖewo siwo Nexemya azã le glia ɖoɖo me la nɛ gɔ̃ hã. Eyata Mawu ate ŋu aɖo míaƒe gbedodoɖawo ŋu, ne tamee míedo gbea ɖa le gɔ̃ hã.—Nexemya 1:2, 3; 2:4-8.

Azɔ bu nusia ŋu kpɔ. Ðe wòle be nàbɔbɔ ta ne èle gbe dom ɖaa? Ðe wòle be nàdze kloa? Nukae nèsusu?— Ɣeaɖewoɣi la, Yesu dzea klo ne ele gbe dom ɖa. Etsia tsitre ɣebubuɣiwo hã. Eye ɣeaɖewoɣi hã ewua ta dzi kpɔa dziƒo ne ele gbe dom ɖa, abe alesi wòwɔ esime wònɔ gbe dom ɖa ɖe Lazaro ta ene.

Eyata nukae esia fia?— Ẽ, efia be menye nɔnɔme si me nànɔ hafi ado gbe ɖae nye nu vevitɔ o. Ɣeaɖewoɣi la, anyo be nàbɔbɔ ta amia ŋku. Ɣebubuɣiwo la, àdi be yeadze klo gɔ̃ hã abe alesi Yesu wɔe ene. Gake ɖo ŋku edzi be míate ŋu ado gbe ɖa na Mawu ɣeyiɣi ɖesiaɖe le ŋkeke me alo le zã me eye wòasee na mí. Nu vevitɔ si hiã le gbedodoɖa mee nye be míaxɔe ase vavã be Yehowa le esem na mí. Ðe nèxɔe se be Yehowa sea wò gbedodoɖawoa?—

Ŋutsuvi aɖe dze klo ɖe eƒe aba gbɔ le gbe dom ɖa

Nukawo ŋue nàte ŋu ado gbe ɖa le na Mawu?

Nya kawoe wòle be míagblɔ le míaƒe gbedodoɖawo me na Yehowa?— Gblɔe nam: Ne èle gbe dom ɖa na Mawu la, nuka ŋue nèƒoa nu tsonɛ?— Yehowa naa nu nyui geɖewo mí, eyata enyo be míada akpe nɛ ɖe wo ta, alo mèkpɔe nenema oa?— Míate ŋu ada akpe nɛ ɖe nuɖuɖu si míeɖuna ta. Gake èda akpe nɛ ɖe dziŋgɔli si nya kpɔ, ɖe ati damawo, kple ɖe seƒoƒo dzeaniwo ta kpɔa?— Eyae wɔ nu mawo hã.

Yesu ƒe nusrɔ̃lawo biae gbeɖeka be wòafia gbedodoɖa yewo. Eyata Nufiala Gã la fiae wo, eye wòfia nusiwo le vevie siwo wòle be woabia le gbedodoɖa me la wo. Ènya nusi nusiawo nyea?— Tsɔ wò Biblia nàʋu Mateo ta 6 lia. Le kpukpui 9 vaseɖe 13 lia me la, míakpɔ nusi ame geɖe yɔna be Mía Fofo si Le Dziƒo alo Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa le afima. Na míaxlẽe akpɔ.

Le afisia míesrɔ̃e be Yesu gblɔ na mí be míado gbe ɖa tso Mawu ƒe ŋkɔ ŋu. Egblɔ be míado gbe ɖa be Mawu ƒe ŋkɔ ŋuti nakɔ. Mawu ƒe ŋkɔ ɖe?— Ẽ, eyae nye Yehowa, eye ele be míalɔ̃ ŋkɔ ma.

Evelia, Yesu fia mí be míado gbe ɖa be Mawu ƒe Fiaɖuƒea nava. Fiaɖuƒe sia le vevie ŋutɔ elabena eyae ahe ŋutifafa ava anyigba dzi eye wòana anyigba nazu paradiso.

Etɔ̃lia, Nufiala Gã la gblɔ be míado gbe ɖa be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi abe alesi wowɔnɛ le dziƒo ene. Ne míedoa gbe ɖa biaa esia la, ke ele hã be míawɔ nusi Mawu lɔ̃na.

Eyome Yesu fia mí be míado gbe ɖa abia míaƒe gbesiagbe nuɖuɖu. Efia mí hã be míaɖe kuku na Mawu ne míewɔ nu gbegblẽ. Eye ele be míabia be Mawu natsɔ míaƒe nuvɔ̃wo ake mí. Gake hafi wòatsɔ ake mí la, ele be míawo hã míatsɔ ake amewo ne woda vo ɖe mía ŋu. Ðe esia wɔwɔ le bɔbɔe na wòa?—

Mlɔeba la, Yesu gblɔ be míado gbe ɖa abia Yehowa Mawu be wòakpɔ mía ta tso vɔ̃ɖitɔ, Satana Abosam, si me. Eyata esiawo katã nye nu nyui siwo ŋu míado gbe ɖa na Mawu le.

Ele be míaxɔe ase be Yehowa sea míaƒe gbedodoɖawo. Tsɔ kpe ɖe biabia be wòakpe ɖe mía ŋu ŋuti la, ele be míayi edzi anɔ akpe dam nɛ. Dzi dzɔnɛ ne míedo gbe ɖa anukwaretɔe hebia nusiwo sɔ kple eƒe lɔlɔ̃nu lae. Eye atsɔ nusiawo ana mí. Èxɔ nya sia dzi sea?—

Míakpɔ gbedodoɖa ŋuti mɔfiame nyui bubuwo le Romatɔwo 12:12; Petro I, 3:12; kple Yohanes I, 5:14.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe