TA 14
Nusita Wòle Be Míatsɔ Ake
ÐE AME aɖe wɔ nane si menyo o ɖe ŋuwò kpɔa?— Ðe wòwɔ nuvevi wò alo dzu wòa?— Ðe wòle be wò hã nàwɔ nu ɖe eŋu abe alesi wòwɔe ɖe ŋuwò enea?—
Le ame geɖe gome la, ne ame aɖe wɔ nane wo la, woawo hã wowɔnɛ ɖe enu. Gake Yesu fia mí be ele be míatsɔ ake amewo ne woda vo ɖe mía ŋu. (Mateo 6:12) Ke nenye be amea wɔ nua ɖe mía ŋu zi geɖe ɖe? Zi nenie wòle be míatsɔ akee?—
Esia tututue Petro di be yeanya. Eyata gbeɖeka ebia Yesu be: ‘Ðe wòle be matsɔe ake halase zi adre loo?’ Gake zi gbɔ zi adre gɔ̃ hã mesɔ gbɔ o. Yesu gblɔ nɛ be: ‘Ele be nàtsɔe ake zi gbɔ zi blaadre vɔ adre’ ne amea wɔ nuvɔ̃ ɖe ŋutiwò zi gbɔ zi nenema.
Nukae Petro di be yeanya tso tsɔtsɔke ŋu?
Ema sɔ gbɔ ŋutɔ lo! Míate ŋu aɖo ŋku nuvɔ̃ gbogbo si ame aɖe awɔ ɖe mía ŋu ʋuu va ɖo nenema gbegbe la katã dzi gɔ̃ hã o ɖe, ɖe míate ŋuia? Eyata nusi gblɔm Yesu le na mí enye be: Mele be míadze agbagba be míanɔ ŋku ɖom vodada agbɔsɔsɔ si amewo awɔ ɖe mía ŋu la dzi o. Ne wobia be míatsɔe ake yewo la, ele be míatsɔe ake wo faa.
Yesu di be yeafia yeƒe nusrɔ̃lawo alesi wòle vevie ŋutɔ be woanye amesiwo lɔ̃a tsɔtsɔkee. Eyata esi wòɖo Petro ƒe biabiaa ŋu vɔ la, egblɔ ŋutinya aɖe na eƒe nusrɔ̃lawo. Àdi be yeaseea?—
Fia nyui aɖe nɔ anyi gbaɖegbe. Enye amesi nyoa dɔme ale gbegbe. Edoa ga na eƒe dɔlawo gɔ̃ hã nenye be wohiã kpekpeɖeŋu. Gake gbeɖeka fia la di be yeƒe dɔla siwo nyi fe le ye ŋu la nava xe fea na ye. Eva dzɔ be woyɔ dɔla aɖe vɛ, amesi nyi fe ga home miliɔn 60 sɔŋ le fia la ŋu. Ga gbogbo aɖe ŋutɔe nye ma!
Nukae dzɔ esi dɔla la ɖe kuku na fia la be wòana ɣeyiɣi ye yeatsɔ axe feae?
Gake dɔla sia zã fia la ƒe ga la katã eye naneke mele esi wòatsɔ axe fea na fia la o. Eyata fia la de se be woatsɔ dɔlaa adzra. Fia la gblɔ hã be woadzra dɔlaa srɔ̃ kple viawo kpakple nusiwo katã le esi. Ekema woatsɔ ga si wokpɔ tso wo dzadzra me la axe fea na fia la. Aleke nèbu be dɔlaa ase le eɖokui me le nya sia ŋu?—
Dɔlaa dze klo ɖe fia la ŋkume eye wòɖe kuku be: ‘Taflatse, na ɣeyiɣim, eye maxe nusianu si ƒe fe menyi le ŋuwò la na wò.’ Ne wòe nye fia la ɖe, aleke nàwɔ nu ɖe dɔla la ŋui?— Dɔlaa ƒe nu wɔ nublanui na fia la. Eyata fia la tsɔe kee. Egblɔ na dɔlaa be megaxe ga aɖeke o, megaxe ga miliɔn 60 la ƒe ɖekeɖeke o. Aleke gbegbe dɔlaa akpɔ dzidzɔe nye si!
Gake le ema megbe la, nukae dɔla ma wɔ? Edo go eye wòyi ɖakpɔ dɔla bubu si nyi fe ga home alafa ɖeka pɛ ko le eya hã ŋu. Enumake elé ve na ehavi dɔla la ale gbegbe be gbɔgbɔtsixe koe nɔ eƒo tsim, eye wògblɔ nɛ be: ‘Xe ga home alafa ɖeka si ƒe fe nènyi le asinye la nam!’ Bu eŋu kpɔ be ame nawɔ nu alea, vevietɔ esime fia la tsɔ ga gbogbo aɖe ke eya vɔ megbe, be esɔa?—
Aleke dɔla la wɔ nu ɖe ehavi dɔla si mete ŋu xe fe si wònyi le eŋu o la ŋui?
Dɔla si nyi ga home alafa ɖeka pɛ ko ƒe fe la nye ame dahe. Mate ŋu axe fea enumake o. Eyata edze klo ɖe ehavi dɔla la ƒe afɔnu ɖe kuku nɛ be: ‘Taflatse, na ɣeyiɣim, eye maxe fe si menyi le ŋuwò la na wò.’ Ðe wòle be ŋutsua nana ɣeyiɣi ehavi dɔla sia?— Nenye wòe ɖe, nukae nàwɔ?—
Ŋutsu sia menye dɔmenyotɔ abe alesi fia la nyo dɔme nɛ ene o. Edi godoo be woatsɔ gaa ade asi na ye enumake. Eye esi ehavi dɔla la mete ŋu xe fea nɛ o ta la, ekplɔe yi va de gaxɔ me. Dɔla bubuwo kpɔ nusianu si nɔ edzi yim, eye mevivi wo nu o. Dɔla si wòkplɔ va de gaxɔ me la ƒe nu wɔ nublanui na wo. Eyata woyi ɖaka nyaa ta na fia la.
Nusi wòwɔ la medo dzidzɔ na fia la hã kura o. Edo dziku vevie ɖe dɔla si metsɔ kena o la ŋu. Eyata eyɔe gblɔ nɛ be: ‘Wò dɔla vɔ̃ɖi, ɖe nyemetsɔ fe si nènyi le ŋunye la ke wò oa? Eyata ɖe mele be wò hã nàtsɔ ake dɔla si nye hawòvi o mahã?’
Nukae fia la wɔ na dɔla si gbe tsɔtsɔke?
Ðe wòle be dɔla si medi be yeatsɔ ake o la nasrɔ̃ nane tso fia nyuia gbɔ hafi. Gake mesrɔ̃e o. Eyata azɔ fia la na wotsɔ dɔlaa yi ɖade gaxɔ me be wòanɔ afima vaseɖe esime wòaxe ga miliɔn 60 la katã. Le nyateƒe me la, mate ŋu akpɔ ga aɖeke le gaxɔ me atsɔ axe fea gbeɖegbeɖe o. Eyata anɔ afima vaseɖe esime wòaku.
Esi Yesu wu ŋutinya sia gbɔgblɔ nu la, egblɔ na eyomedzelawo be: “Nenema ke Fofonye, si le dziƒo la, hã lawɔ mi, ne mia dome amesiame metsɔ ke nɔvia tso eƒe dzi me o.”—Mateo 18:21-35.
Èkpɔea, mí katã míenyi fe gbogbo aɖe le Mawu ŋu. Le nyateƒe me la, Mawu gbɔe míaƒe agbe ŋutɔ gɔ̃ hã tso! Eyata fe siwo amewo nyi le mía ŋu la meɖi naneke kura o ne míetsɔe sɔ kple esi míawo míenyi le Mawu ŋu. Fe si wonyi le mía ŋu la le abe ga home alafa ɖeka si dɔla ma nyi le ehavi dɔla la ŋu ene. Gake fe si míawo míenyi le Mawu ŋu le nu gbegblẽ siwo míewɔna ta la le abe ga home miliɔn 60 si dɔla la nyi le fia la ŋu ene.
Dɔmenyotɔ gã aɖee Mawu nye. Togbɔ be míewɔa nu madzemadzewo hã la, etsɔa wo kea mí. Mexɔa míaƒe agbe si míele la le mía si tegbee ɖe enu o. Ke boŋ nufiame si le ŋutinya sia me si dzi wòle be míaɖo ŋkui enye si: Ne míetsɔ ke amesiwo da vo ɖe mía ŋu la ko hafi Mawu hã atsɔ ake mí. Esia nye nu vevi si ŋu wòle be míabu, alo?—
Nukae nàwɔ ne ame aɖe bia be nàtsɔ ake ye?
Eyata ne ame aɖe wɔ nane ɖe ŋuwò gake wòɖe kuku ɖe eta la, nukae nàwɔ? Àtsɔe akeea?— Ke ne ewɔe ɖe ŋuwò zi geɖe ɖe? Àyi edzi atsɔe akeea?—
Ne míawoe le kuku ɖem be woatsɔ ake mí la, ɖe manye míaƒe didi be amea natsɔ ake mí oa?— Eyata ele be míawo hã míatsɔ ake. Menye be míagblɔe kple nu ko be míetsɔ ke ko evɔ o ke boŋ ele be wòatso míaƒe dzi me ke. Ne míewɔe alea la, ke míele eɖem fia be míedi be míanye Nufiala Gã la yomedzelawo vavã.
Be míase vevienyenye si le eŋu be míanye amesiwo lɔ̃a tsɔtsɔke gɔme la, na míaxlẽ Lododowo 19:11; Mateo 6:14, 15; kple Luka 17:3, 4.