INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lr ta 18 axa 97-101
  • Èɖoa Ŋku Edzi Daa Akpea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Èɖoa Ŋku Edzi Daa Akpea?
  • Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Woda Gbe Le Anyidɔléla Ewo Ŋu, Gake Ðeka Koe Va Da Akpe
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Yesu Da Gbe le Anyidzela Ewo ŋu le Eƒe Mɔzɔzɔ Mamlea yi Yerusalem Me
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Nublanui Kpɔkpɔ na Anyidzela Aɖe
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Anyidɔléla Aɖe Ƒe Nu Wɔ Nublanui Na Yesu Wòda Dɔ Nɛ
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
Kpɔ Bubuwo
Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
lr ta 18 axa 97-101

TA 18

Èɖoa Ŋku Edzi Daa Akpea?

ÈÐU nu egbea?— Ènya amesi ɖaea?— Ðewohĩ dadae ɖae alo ame bubu aɖee ɖae, gake nukatae wòle be míada akpe na Mawu ɖe eta?— Elabena Mawue nye amesi naa nukuwo miena hetsina. Gake ele be míada akpe na amesi ɖa nua alo amesi ɖo kplɔ̃ na mí hã.

Ɣeaɖewoɣi míeŋlɔna be be míada akpe na amesiwo wɔ nu nyui aɖe na mí, alo? Le ɣeyiɣi si me Nufiala Gã la nɔ anyigba dzi la, anyidzela aɖewo nɔ anyi siwo ŋlɔ be be yewoada akpe.

Ènya amesi nye anyidzela?— Anyidzela enye amesi ŋu dɔléle si woyɔna be anyi, esi wogayɔna hã be kpo, le. Anyidɔ alo kpodɔ ate ŋu ana ame ƒe ŋutilã ƒe akpa aɖe gɔ̃ hã nanyi. Le ɣeyiɣi si me Yesu nɔ anyigba dzi la, woɖea anyidzelawo ɖa tso ame bubuwo gbɔ. Eye ne anyidzela kpɔ ame aɖe wògbɔna la, ele be wòado ɣli agblɔ na amea be wòagagogo ye o. Wowɔa esia bena ame bubuwo nagate ɖe wo ŋu eye ɖewohĩ woava xɔ anyidɔa o.

Yesu nyoa dɔme na anyidzelawo ŋutɔ. Gbeɖeka esi Yesu nɔ mɔ dzi yina ɖe Yerusalem la, eva hiã be wòato duvi aɖe me. Esi wògogo dua la, anyidzela ewo do go va kpee. Wose be Mawu na ŋusẽ Yesu be wòada dɔléle ƒomeviwo katã.

Anyidzelawo megogo Yesu o. Wotsi tre ɖe adzɔge. Gake woxɔe se be Yesu ate ŋu ada anyia na yewo. Eyata esi anyidzelawo kpɔ Nufiala Gã la ɖaa la, wodo ɣli be: ‘Yesu, Nufiala, kpe ɖe mía ŋu!’

Ðe nèsea veve ɖe amesiwo dze dɔ la nua?— Yesu se veve ɖe wo nu. Enya alesi wònye nublanuinyae be woanye anyidzela. Eyata eɖo ŋu na wo gblɔ bena: “Miheyi ɖatsɔ mia ɖokui fia nunɔlawo.”—Luka 17:11-14.

Anyidɔléla ewo le Yesu biam be wòakpe ɖe yewo ŋu

Nuka gblɔmee Yesu le na anyidzela siawo be woawɔ?

Nukatae Yesu gblɔ na wo be woawɔ nusia? Egblɔe le se si Yehowa de na Eƒe amewo ku ɖe anyidzelawo ŋu ta. Se sia gblɔ be Mawu ƒe nunɔlae nye amesi alé ŋku ɖe anyidzela la ƒe ŋutilã ŋu. Nunɔla lae agblɔe na anyidzela nenye be eƒe dɔa ka ɖe eme vɔ keŋkeŋ. Ne evɔ le eŋu la, ke agate ŋu ava anɔ amesiwo le lãmesẽ me la dome ake.—Mose III, 13:16, 17.

Gake le ɣeyiɣi ma me la, anyidzela siawo katã ƒe dɔa kpɔtɔ nɔ wo ŋu. Eyata ɖe woyi nunɔla la gbɔ abe alesi Yesu gblɔe na wo enea?— Ẽ, wodze mɔ enumake. Ŋutsu siawo anya xɔ edzi se be Yesu ada dɔa na yewo. Nukae va dzɔ?

Esi wole mɔa dzi yina ɖe nunɔlaa gbɔ la, woƒe dɔa ka ɖe eme na wo. Wo ŋuti kɔ. Wohaya! Woɖo woƒe Yesu dzixɔxɔse teƒe na wo. Dzidzɔ ka gbegbee nye si wònye na wo! Gake nukae wòle be woawɔ azɔ atsɔ aɖe woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia? Anye ne nukae nàwɔ?—

Anyidɔléla siwo ŋu kɔ dometɔ ɖeka dze klo ɖe Yesu ƒe afɔ te eye wòle akpe dam nɛ

Nuka dzie anyidzela sia ɖo ŋkui wɔ?

Ŋutsu siwo woda dɔa na la dometɔ ɖeka trɔ gbɔ va Yesu gbɔ. Edze egɔme nɔ ŋutikɔkɔe tsɔm na Yehowa, eye wònɔ Mawu kafum. Ema tututue nye nu nyuitɔ si wòle be wòawɔ elabena Mawu gbɔe ŋusẽ si wotsɔ da dɔ nɛ la tso. Ŋutsua dze klo hã ɖe Nufiala Gã la ƒe afɔnu eye wòda akpe nɛ. Ekpɔ dzidzɔ eye wòda akpe vevie ɖe nusi Yesu wɔ nɛ la ta.

Gake ŋutsu asieke mamlɛawo ya ɖe? Yesu bia be: ‘Ðe menye anyidzela ewo ŋutie kɔ oa? Ke afika ame asieke mamlɛawo ya le? Ame ɖeka koe trɔ gbɔ be wòatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawua?’

Ẽ, nenemae. Anyidzela ewoawo dometɔ ɖeka pɛ koe tsɔ ŋutikɔkɔe, alo kafukafu, na Mawu eye wòtrɔ va Yesu gbɔ va da akpe nɛ. Eye Samariatɔe ŋutsu sia nye, enye du bubu me tɔ. Ame asieke mamlɛawo meda akpe na Mawu o, eye womeda akpe na Yesu hã o.—Luka 17:15-19.

Ŋutsu siawo dometɔ kae nèɖi? Mí katã míadi be míanɔ abe Samaria-ŋutsua ene ɖe?— Eyata ne ame aɖe wɔ dɔmenyo aɖe na mí la, nuka dzie wòle be míaɖo ŋkui awɔ?— Ele be míada akpe nɛ. Zi geɖe amewo ŋlɔna be be yewoagblɔ be akpe. Gake nu nyui aɖee wònye be woada akpe. Ne míenye akpedalawo la, edzea Yehowa Mawu kple Via Yesu ŋu.

Vidada aɖe le atike nam evia nyɔnuvi eye wòda asi ɖe kɔme nɛ

Aleke nàwɔ asrɔ̃ anyidzela si trɔ va Yesu gbɔ ƒe nɔnɔme?

Ne èbu eŋu kpɔ la, àkpɔe be amewo wɔ nu nyui geɖe na wò. Le kpɔɖeŋu me, èdze dɔ kpɔa?— Ðewohĩ wò dɔlélea mesesẽ abe anyidzela ewo mawo tɔ ene ya o, gake anɔ eme be wɔɖi sesẽ aɖe ɖe fu na wò alo be dɔme ɖu wò vevie kpɔ. Ðe ame aɖe kpɔ dziwòa?— Ðewohĩ wona atike wò nèno eye wokpɔ gbɔwò le mɔ bubu aɖewo nu. Ðe wòdzɔ dzi na wò be wokpe ɖe ŋuwò wò lãme gasẽa?—

Samaria-ŋutsua da akpe na Yesu be wòda dɔ na ye, eye esia na Yesu kpɔ dzidzɔ. Èbu be adzɔ dzi na dada alo papa ne wowɔ nane na wò eye nèda akpe na woa?— Ẽ, adzɔ dzi na wo.

Nufiala aɖe kpɔ dzidzɔ esi ŋutsuvi aɖe da akpe nɛ

Nukatae wòle vevie be míaɖo ŋku edzi ada akpe?

Ame aɖewo wɔa nuwo na wò gbesiagbe alo kwasiɖa sia kwasiɖa. Ate ŋu anye be woƒe dɔe wònye be woawɔ nu mawo. Anɔ eme be ewɔwɔ dzɔa dzi na wo hã. Gake ɖewohĩ àŋlɔ be be yeada akpe na wo ɖe eta. Miaƒe nufiala wɔa dɔ vevie be yeakpe ɖe ŋuwò nàsrɔ̃ nu. Eƒe dɔe wònye ya. Gake akpɔ ŋudzedze ɖe eŋu ne èda akpe nɛ be wòkpe ɖe ŋuwò nèsrɔ̃ nu.

Ɣeaɖewoɣi nusiwo amewo awɔ na wò la anye nu suesuewo. Ðe ame aɖe ʋu ʋɔtru lée ɖe asi be nàge ɖe eme kpɔa? Alo ɖe ame aɖe tsɔ nuɖuɖu ɖo ɖa wò le nuɖukplɔ̃ ŋu kpɔa? Anyo be nàda akpe ɖe nu suesue siawo gɔ̃ hã ta.

Ŋutsuvi aɖe wɔ atuu na dadaa eye wòtsɔ seƒoƒo nɛ

Ne míeɖoa ŋku edzi daa akpe na amewo le anyigba dzi la, ekema anɔ bɔbɔe be míaɖo ŋku edzi ada akpe na mía Fofo si le dziƒo hã. Eye nu geɖe kawo gbegbee nye si siwo ta wòle be míada akpe na Yehowa ɖo! Eyae na agbe kple nu nyui gbogbo siwo naa agbe vivina la mí. Eyata eme kɔ kɔte be ele be míatsɔ ŋutikɔkɔe ana Mawu to eŋuti nya nyuiwo gbɔgblɔ gbesiagbe me.

Ku ɖe akpedada ŋu la, míaxlẽ Psalmo 92:2; Efesotɔwo 5:20; Kolosetɔwo 3:17; kple Tesalonikatɔwo I, 5:18.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe