INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lr ta 22 axa 117-121
  • Nusita Mele Be Míada Alakpa O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nusita Mele Be Míada Alakpa O
  • Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Petro Kple Anania Da Alakpa—Nu Kae Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Eme?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Mito Nyateƒe Na Mia Nɔewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2018
  • Alakpadada—Ðe Wòsɔna Ɣeaɖewoɣia?
    Nyɔ!—2000
  • ‘Wò Ŋkuɖodzinyawo Dzɔa Dzi Nam’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
lr ta 22 axa 117-121

TA 22

Nusita Mele Be Míada Alakpa O

TSƆE be nyɔnuvi aɖe gblɔ na dadaa be: “Ẽ, mava aƒeme ne míenya kpã le suku teti ko.” Gake etsi anyi woa kple exɔlɔ̃wo wonɔ fefem eye emegbe wògblɔ na dadaa be: “Míaƒe nufialae de dɔ asi nam le kpakpã vɔ megbe.” Ðe wòsɔ be woagblɔ nya sia tɔgbea?—

Ŋutsuvi aɖe le gbɔgblɔm na fofoa be yeƒo bɔl le aƒea me wòvae lɔ akaɖi aɖe wògbã

Nukae nye nu gbegblẽ si ŋutsuvi sia wɔ?

Alo ɖewohĩ ŋutsuvi aɖe gblɔ na fofoa be: “Ao, nyemeƒo bɔl le xɔa me o.” Gake ne ele eme be eƒo bɔl le xɔa me hafi ɖe? Ðe wònye nu gbegblẽ be wòagblɔ be yemeƒoe le afima oa?—

Nufiala Gã la fia nu nyuitɔ si wòle be míawɔ la mí. Egblɔ be: ‘Mina miaƒe nya Ẽ nanye Ẽ, eye O nanye O; elabena nusi to vovo na esia la tso vɔ̃ɖitɔ la gbɔ.’ (Mateo 5:37) Yesu ƒe nya siawo gɔme ɖe?— Ele fiafiam be ele be míawɔ ɖe míaƒe nya dzi.

Ŋutinya aɖe le Biblia me si ɖe alesi gbegbe wòle vevie be woato nyateƒee la fia. Eku ɖe ame eve siwo gblɔ be Yesu ƒe nusrɔ̃lawoe yewonye ŋu. Na míakpɔ nusi dzɔ ɖa.

Mede ɣleti eve o le Yesu ƒe ku megbe la, ame geɖe siwo tso didiƒewo va Yerusalem na Yudatɔwo ƒe azã vevi si woyɔna be Pentekoste la ɖuɖu. Apostolo Petro ƒo nuƒo ʋãme aɖe, si me wòƒo nu tso Yesu, amesi Yehowa fɔ ɖe tsitre tso ku me ŋu le na wo. Esiae nye zi gbãtɔ si amesiawo siwo va Yerusalem la dometɔ geɖe se nu tso Yesu ŋu. Azɔ wodi be yewoagasrɔ̃ nu geɖe kpee. Eyata nukae wowɔ?

Wotsi anyi wòdidi wu alesi wobu be yewoanɔ anyii. Gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ga va vɔ le wo dometɔ aɖewo si, eye wohiã kpekpeɖeŋu be woate ŋu aƒle nuɖuɖu. Nusrɔ̃la siwo le Yerusalem di be yewoana kpekpeɖeŋu amedzro siawo. Eyata wo dometɔ geɖe tsɔ woƒe nuwo dzra eye wotsɔ gaa vɛ na Yesu ƒe apostolowo. Eyome apostoloawo hã ma gaa na amesiwo ɖo hiahiã me.

Anania kple srɔ̃a Safira, siwo nye Kristo-hame si le Yerusalem la me tɔwo, hã tsɔ woƒe anyigba dzra. Menye ame aɖekee gblɔ na wo be woadzrae o. Woa ŋutɔwoe ɖoe be yewoadzrae. Gake menye esi wolɔ̃ Yesu ƒe nusrɔ̃la yeyeawo tae wowɔ nusia ɖo o. Le nyateƒe me la, ɖe Anania kple Safira di be yewoadze ame nyuiwoe le amewo ŋkume wu alesi wole ŋutɔŋutɔ. Eyata woɖoe be yewoagblɔ be ga si yewokpɔ la katãe yewotsɔ vɛ be woatsɔ akpe ɖe ameawo ŋui. Gake le nyateƒe me la, gaa ƒe akpa aɖe koe wotsɔ yina hafi le gbɔgblɔm be wo katãe yewotsɔ le nanam. Nukae nèsusu tso nusia ŋu?—

Enyo, Anania va do ɖe apostoloawo gbɔ. Etsɔ ga la na wo. Gake Mawu nya be menye wo katãe wòtsɔ le nanam o. Eyata Mawu na apostolo Petro nya be Anania mele nyateƒe tom le nya sia me o.

Anania le alakpa dam na apostolo Petro

Alakpa ka dam Anania le na Petro?

Eye Petro gblɔ nɛ be: ‘Anania, nukaŋuti nèɖe mɔ na Satana be wòna nèwɔ nusia? Wò ŋutɔ wò anyigbae wònye. Womebia tso asiwò be nàdzrae o. Eye esi nètsɔe dzra vɔ la, wò ŋutɔe atso nya me le alesi nàzã ga lae ŋu ɖe. Ke nukaŋuti nèna wòle dzedzem abe ga la katãe nètsɔ le nanam evɔ wònye eƒe akpa aɖe koe nètsɔ le nanam? Le esia me la, èle aʋatso kam, menye na míawo ko o, ke boŋ na Mawu.’

Nya gã aɖee nye ma. Anania le aʋatso kam! Menye nusi wòbe yele wɔwɔm la wɔm wòle o. Ðeko wòdi be wòadze abe nu ma tututu wɔm yele ene. Biblia gblɔ nusi dzɔ ɖe nusia yome la na mí. Egblɔ be: ‘Esi Anania se Petro ƒe nya siawo ko la, emu dze anyi eye wòku.’ Mawu ƒo Anania ƒu anyi wòku! Emegbe wotsɔ eƒe kukua do goe va ɖi.

Anania dze anyi heku

Nukae dzɔ ɖe Anania dzi le esi wòda alakpa ta?

Anɔ gaƒoƒo etɔ̃ megbe la, Safira hã va. Menya nusi va dzɔ ɖe srɔ̃aŋutsua dzi o. Eyata Petro biae be: ‘Ga home si mietsɔ vɛ na mí la nue mi ame evea miedzra anyigba la ɖoa?’

Safira ɖo eŋu be: ‘Ẽ, ga home ma tututue míedzra anyigba lae.’ Gake alakpae wòda! Wotsɔ anyigba si wodzra la ƒe ga aɖe dzra ɖo be yewo ŋutɔwo yewoava zã. Eyata Mawu ƒo Safira hã wòku.—Dɔwɔwɔwo 5:1-11.

Nukae wòle be míasrɔ̃ tso nusi dzɔ ɖe Anania kple Safira dzi me?— Ele mía fiam be Mawu melɔ̃a aʋatsokalawo o. Edi be míato nyateƒe ɣeawokatãɣi. Gake ame geɖe gblɔna be naneke megblẽ le alakpadada ŋu o. Èsusu be amesiawo ƒe nya sɔa?— Ènya be aʋatsokaka gbɔe dɔléle, vevesese, kple ku si le anyigba dzi la katã tsoa?—

Yesu

Amekae Yesu gblɔ be eyae nye ame gbãtɔ si ka aʋatso, eye nukae do tso eme?

Ðo ŋku edzi be aʋatsoe Abosam ka na nyɔnu gbãtɔ, Xawa. Egblɔ na Xawa be ne egbe toɖoɖo Mawu heɖu atikutsetse si ŋu Mawu gblɔ le be megaɖu eƒe ɖeke o la, mele kuku ge o. Xawa xɔ Abosam dzi se eye wòɖu atikutsetsea. Nyɔnua na Adam hã ɖui. Azɔ wozu nuvɔ̃wɔlawo, eye wo vi siwo katã woava dzi hã woadzi wo nuvɔ̃wɔlawoe. Eye esi Adam ƒe viwo katã hã zu nuvɔ̃wɔlawo ta la, wokpea fu eye wokuna. Aleke kuxi siawo katã dze egɔmee?— Alakpadada dzie wòdze egɔme tsoe.

Eyata mewɔ nuku o be Yesu gblɔ be “aʋatsokala kple aʋatsokafofo” ye Abosam nye! Eyae nye ame gbãtɔ si ka aʋatso. Ne ame aɖe le aʋatso kam la, ke nusi tututu Abosam wɔ gbã la ke wɔm eya hã le. Ele be míabu esia ŋu ɣesiaɣi si wòawɔ na mí be míada alakpa.—Yohanes 8:44.

Ɣekaɣiwoe nèsenɛ le ɖokuiwò me be yeada alakpa?— Ðe menye ɣeyiɣi siwo me nèwɔ nu gbegblẽ aɖee oa?— Nane ate ŋu age le asiwò agbã, togbɔ be menye ɖe nèɖoe wɔ o hã. Ne wobia wò be amekae gbãe la, ɖe wòle be nàgblɔ be ye nɔviŋutsu alo ye nɔvinyɔnue gbãea? Alo ɖe wòle be nàwɔ abe ɖe mènya naneke kura le nusi dzɔ ŋu oa?—

Vidada aɖe le gbɔgblɔm na via nyɔnuvi be wòawu eƒe suku dɔdeasi nu

Ɣekaɣiwoe wòate ŋu awɔ na wò be nàda alakpa?

Ke ne wobia tso asiwò le suku be nàwɔ dɔdasi aɖewo le aƒeme eye eƒe akpa aɖe ko nèwɔ ɖe? Ðe wòle be nàgblɔ be yewɔ wo katã vɔ esime mèwɔe oa?— Ele be míaɖo ŋku Anania kple Safira dzi. Wometo nyateƒea katã o. Eye Mawu ɖe alesi ema nye nu gbegblẽe la fia esi wòƒo wo ƒu anyi woku.

Eyata nuka ke wòɖanye o, ɖeko míagblẽ nyaa ɖe edzi nenye be míeda alakpa, eye mele be míato nyateƒe afã afã ko hã gbeɖe o. Biblia gblɔ be: ‘Mito nyateƒe.’ Egagblɔ hã be: “Migaka aʋatso na mia nɔewo o.” Nyateƒee Yehowa tona ɣesiaɣi, eye edi tso mía si be míawo hã míawɔ nu nenema ke.—Efesotɔwo 4:25; Kolosetɔwo 3:9.

Ele be míato nyateƒe ɣesiaɣi. Esiae nye nya vevi si dze le Mose II, 20:16; Lododowo 6:16-19; 12:19; 14:5; 16:6; kple Hebritɔwo 4:13.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe