INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lr ta 25 axa 132-136
  • Ðe Amesiwo Wɔa Nu Vɔ̃ɖiwo Ate Ŋu Atrɔa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Amesiwo Wɔa Nu Vɔ̃ɖiwo Ate Ŋu Atrɔa?
  • Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Tia Saul
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Le Damasko Mɔ Dzi
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Yometila La Kpɔ Keklẽ Gã Aɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2000
  • Hamea “Ƒe Tome Fa”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
Kpɔ Bubuwo
Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
lr ta 25 axa 132-136

TA 25

Ðe Amesiwo Wɔa Nu Vɔ̃ɖiwo Ate Ŋu Atrɔa?

ÐE MANYO ŋutɔ nenye be amesiame wɔa nu nyui oa?— Gake ame aɖeke meli si wɔa nu nyui sɔŋ ko o. Ènya nusita mí katã míewɔa nu gbegblẽ ɣeaɖewoɣi togbɔ be enye míaƒe didi be míawɔ nu nyui gɔ̃ hã?— Esi wodzi mí katã ɖe nuvɔ̃ me tae. Gake ame aɖewo yia edzi wɔa nuvɔ̃ gã geɖewo. Woléa fu ame eye woɖonɛ koŋ wɔa nuvevi ame. Èbu be amesiawo ate ŋu atrɔ woƒe agbenɔnɔ ava srɔ̃ nu nyui wɔwɔa?—

Kpɔ ɖekakpui sia si le amesiwo le kpe ƒum Stefano la ƒe awudziwuiwo dzi kpɔm na wo la ɖa. Eƒe Hebrigbe me ŋkɔe nye Saul, eye eƒe Roma ŋkɔe nye Paulo. Enye dzidzɔ nɛ be wole Nufiala Gã la ƒe nusrɔ̃la Stefano wum. Na míakpɔ nusita Saul nɔ nu gbegblẽ siawo wɔm ɖa.

Saul nɔ Yudatɔwo ƒe subɔsubɔha ƒe ƒuƒoƒo si woyɔna be Farisitɔwo me. Mawu ƒe Nya la le Farisitɔwo si, gake woa ŋutɔwo woƒe subɔsubɔhakplɔlawo dometɔ aɖewo ƒe nyawo koŋ ŋue woléa to ɖo wu. Esia gbɔe wòtso be Saul va nɔ nu baɖawo wɔm.

Saul hã nɔ eteƒe esime wolé Stefano le Yerusalem. Wokplɔ Stefano yi ʋɔnudrɔ̃ƒe si ƒe ʋɔnudrɔ̃lawo dometɔ aɖewo nye Farisitɔwo. Togbɔ be wogblɔ nya vɔ̃wo ɖe Stefano ŋu hã la, vɔvɔ̃ meɖoe kura o. Enumake etsɔ dzinɔameƒo ƒo nui eye wòɖi ɖase nyui aɖe na ʋɔnudrɔ̃lawo tso Yehowa Mawu kpakple Yesu ŋu.

Gake nya si ʋɔnudrɔ̃lawo se la mevivi wo nu kura o. Wonya nu geɖe tso Yesu ŋu xoxo. Le nyateƒe me la, eteƒe medidi boo o woawo tututue na wowu Yesu! Gake le ema megbe la, Yehowa fɔ Yesu ɖe tsitre wògbugbɔ va egbɔ le dziƒo. Azɔ le esi teƒe be ʋɔnudrɔ̃la siawo natrɔ dzime tso woƒe mɔwo dzi la, woganɔ tsitre tsim ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋu boŋ.

Ʋɔnudrɔ̃lawo he Stefano yi ɖe dua godo. Woƒoe ƒu anyi eye wofɔ kpe le eƒum. Eye Saul hã enye ma tsi tre ɖe afima le eteƒe kpɔm abe alesi nèle ekpɔm le nɔnɔmetataa me ene. Ebui be enyo ŋutɔ be woawu Stefano.

Saul kpɔ eteƒe esi wonɔ kpe ƒum Stefano

Nukatae Saul susui be enyo be woawu Stefano?

Ènya nusita Saul bui be enye nu nyuia?— Eyae nye be wonyi Saul tso ɖevime ʋuu wòtsi va zu Farisitɔ, eye exɔ edzi se be Farisitɔwo ƒe nufiafiae nye nyuitɔ. Ekpɔa ame mawo be wonye kpɔɖeŋu nyui ɖolawo, eyata eya hã srɔ̃ woƒe nɔnɔme.—Dɔwɔwɔwo 7:54-59.

Esi wowu Stefano vɔ megbe la, nukae Saul ɖo be yeawɔ?— Kpɔe ɖa ko, eva nɔ agbagba dzem be yeaɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo dometɔ mamlɛawo hã ɖa! Egena ɖe woƒe aƒewo me tẽ eye wòhea ŋutsuwo kple nyɔnuwo siaa doa goe. Eyome enaa wokplɔa wo va dea gaxɔ me. Eva hiã be nusrɔ̃lawo dometɔ geɖe nasi adzo le Yerusalem, gake le esiawo katã me hã womedzudzɔ gbeƒãɖeɖe tso Yesu ŋu o.—Dɔwɔwɔwo 8:1-4.

Esia na Saul galé fu Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ɖe edzi wu kura gɔ̃ hã. Eyata eyi ɖe Nunɔlagã Kayafa gbɔ va xɔ mɔɖeɖe be yeayi aɖalé Kristotɔ siwo le Damasko. Saul di be yeahe wo ava Yerusalem abe gaxɔmenɔlawo ene ale be woahe to na wo. Gake nu wɔnuku aɖe dzɔ esime wònɔ mɔa dzi yina ɖe Damasko.

Kekeli aɖe tso dziƒo klẽ ƒo xlã Saul eye wòdze anyi ɖe anyigba

Amekae le nu ƒom na Saul, eye nukae Wòdɔ Saul be wòava wɔ?

Kekeli aɖe klẽ tso dziƒo, eye gbe aɖe gblɔ be: ‘Saul, Saul, nukaŋuti nèle yonyeme tim?’ Yesue nɔ nu ƒom tso dziƒo! Keklẽ la nu sẽ ale gbegbe be ena Saul ƒe ŋku tsi megale nu kpɔm o, eyata amesiwo nɔ Saul ŋu lae kplɔe yi Damasko.

Ŋkeke etɔ̃ megbe la, Yesu ɖe eɖokui fia Anania, si nye eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ ɖeka le Damasko, le ŋutega me. Yesu gblɔ na Anania be wòayi Saul gbɔ, be wòaʋu ŋku nɛ, eye wòaƒo nu nɛ. Esi Anania ƒo nu na Saul la, eɖo to eye wòxɔ nyateƒe si ku ɖe Yesu ŋu dzi se. Eƒe ŋku ʋu wògale nu kpɔm. Eƒe agbenɔnɔ katã trɔ keŋkeŋ, eye wòva zu Mawu ƒe subɔla wɔnuteƒe.—Dɔwɔwɔwo 9:1-22.

Azɔ èkpɔ nusita Saul nɔ nu baɖawo wɔm tsã la dze siia?— Esi wònye be nufiafia siwo mesɔ o ye wofiae tae. Amesiwo mewɔa nuteƒe na Mawu o la yomee wòdze. Eye amesiwo dea asixɔxɔ amegbetɔwo ƒe nukpɔsusuwo ŋu tsɔ wu Mawu ƒe Nya la domee wònɔ. Gake nukatae Saul trɔ eƒe agbenɔnɔ eye wòva dze nu nyui wɔwɔ gɔme togbɔ be Farisitɔ bubuawo ya yi edzi nɔ tsitre tsim ɖe Mawu ŋu hã?— Le nyateƒe me la, menye ɖe Saul lé fu nyateƒea hafi o. Eyata esi wofia nyateƒeae la, elɔ̃ faa xɔe.

Emegbe ènya nusi Saul va zua?— Ẽ, eva zu Yesu ƒe apostolo, eye ŋkɔ si wova nya nɛ nyuie enye apostolo Paulo. Eye ɖo ŋku edzi hã be Paulo ŋlɔ Biblia ƒe agbalẽwo dometɔ geɖe wu ame bubu ɖesiaɖe.

Ame geɖe li siwo hã ate ŋu awɔ tɔtrɔ abe Saul ene. Gake esia wɔwɔ mele bɔbɔe o elabena ame aɖe li si le nusianu si wòate ŋui wɔm be amewo nawɔ nu vɔ̃ɖiwo. Ènya amesi wònyea?— Yesu ƒo nu tso amesia ŋu esime Yesu ɖe eɖokui fia Saul le Damasko-mɔ dzi. Yesu ƒo nu tso dziƒo gblɔ na Saul le afima be: ‘Mele dɔwòm ɖo ɖa be nàva ʋu ŋku na amewo, be nàtrɔ wo atso viviti me ava kekeli me, eye be woatso Satana ƒe ŋusẽ te ava Mawu gbɔ.’—Dɔwɔwɔwo 26:17, 18.

Ẽ, Satana Abosam ye nye amesi le didim be yeana amesiame nawɔ nu vɔ̃ɖiwo. Ðe nèkpɔnɛ be nu nyui wɔwɔ sesẽna na ye ɣeaɖewoɣia?— Esesẽna na mí katã. Satanae na wòsesẽna. Gake susu bubu aɖe hã li si ta menye ɣesiaɣie nu nyui wɔwɔ nɔa bɔbɔe o. Ènya susu si taea?— Esi wodzi mí katã ɖe nuvɔ̃ me tae.

Zi geɖe la, nuvɔ̃ sia si le mía ŋue nana be nu gbegblẽ wɔwɔ nɔa bɔbɔe na mí wu nu nyui wɔwɔ. Ekema nukae wòhiã be míawɔ?— Ẽ, ele be míaʋli vevie be míawɔ nu nyui. Ne míewɔe nenema la, ke míate ŋu aka ɖe edzi be Yesu akpe ɖe mía ŋu, elabena elɔ̃ mí.

Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖee fia be yelɔ̃ amesiwo wɔ nu gbegblẽwo va yi gake wotrɔ dzime. Enya alesi wòsesẽ na wo hafi wote ŋu trɔe. Le kpɔɖeŋu me, nyɔnu aɖewo nɔ anyi siwo dɔ kple ŋutsu geɖewo. Míenya be ema nye nu gbegblẽ. Biblia yɔ nyɔnu mawo be wonye ahasiwɔlawo alo gbolowo.

Yesu tsɔ nyɔnu aɖe ƒe nu vɔ̃wo kee esi wòkɔ ami ɖe Yesu ƒe afɔ dzi eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu eƒe aɖatsiwo ɖa le Yesu ƒe afɔ dzi

Nukatae Yesu tsɔ nyɔnu sia si wɔ nu gbegblẽwo la ƒe nuvɔ̃wo kee?

Gbeɖeka la, nyɔnu mawo dometɔ aɖe se Yesu ŋkɔ eye wòva egbɔ le Farisitɔ aɖe ƒe aƒeme esime wònɔ afima. Ekɔ ami ʋeʋĩ ɖe Yesu ƒe afɔwo ŋu eye wòfa aɖatsi kɔ ɖe eƒe afɔwo ŋu hetsɔ eƒe taɖa tutui. Exa nu vevie ɖe nuvɔ̃ siwo wòwɔ la ta, eyata Yesu tsɔ wo kee. Gake Farisitɔ la ya mebui be ele be woatsɔ nyɔnua ƒe nuvɔ̃wo akee o.—Luka 7:36-50.

Ènya nusi Yesu gblɔ na Farisitɔwo dometɔ aɖewoa?— Egblɔ na wo be: ‘Ahasiwɔlawo tre Mawu ƒe fiaɖuƒea me yiyi na mi.’ (Mateo 21:31) Esi ahasiwɔla siawo xɔ Yesu dzi se eye wotrɔ tso woƒe nuwɔna gbegblẽwo me tae Yesu gblɔ nya sia ɖo. Gake Farisitɔwo ya gbe tɔtrɔ heyi edzi nɔ nu gbegblẽwo wɔm ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋu.

Eyata ne Biblia gblɔ be nane si wɔm míele nye nu gbegblẽ la, ele be míalɔ̃ faa awɔ tɔtrɔ. Eye ne míesrɔ̃ nusi Yehowa di tso mía si be míawɔ la, ele be wòanye míaƒe didi be míawɔe. Ekema Yehowa akpɔ dzidzɔ ɖe mía ŋu eye wòana agbe mavɔ mí.

Be wòakpe ɖe mía ŋu míatsri nu gbegblẽ wɔwɔ la, na míaxlẽ Psalmo 119:9-11; Lododowo 3:5-7; kple 12:15.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe