TA 30
Nusi Akpe Ðe Mía Ŋu Be Míavɔ̃ O
ÐE WÒLE bɔbɔe na wò be nàsubɔ Yehowaa?— Nufiala Gã la megblɔ be anɔ bɔbɔe na mí o. Le zã si do ŋgɔ me hafi woawu Yesu la, egblɔ na eƒe apostolowo be: “Ne xexeame lé fu mi la, minyae bena, nyee wòtre fulélee.”—Yohanes 15:18.
Petro ƒo adegbe be yemagblẽ Yesu ɖi akpɔ gbeɖe o, gake Yesu gblɔ na Petro be agbe nu le ye gbɔ zi etɔ̃ le zã ma ke me. Eye nu ma tututue Petro wɔ! (Mateo 26:31-35, 69-75) Aleke wòte ŋu dzɔe nenema?— Esia dzɔ elabena vɔvɔ̃ ɖo Petro, eye vɔvɔ̃ ɖo apostolo mamlɛawo hã.
Ènya nusita vɔvɔ̃ ɖo apostoloawoa?— Wodo kpo nu vevi aɖe wɔwɔ. Nusɔsrɔ̃ tso esia ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míasubɔ Yehowa metsɔ le eme nusi amewo agblɔ alo awɔ mí o. Gake do ŋgɔ la, ele be míadzro nusi dzɔ le zã mamlɛ si me Yesu nɔ anyi kple eƒe apostoloawo la me.
Gbã la, woɖu Ŋutitotoŋkekenyui la. Esia nye nuɖuɖu tɔxɛ aɖe si Mawu ƒe amewo ɖuna ƒe sia ƒe tsɔ ɖoa ŋku alesi woɖe wo tso kluvinyenye me le Egipte la dzi na wo. Ðe eyome la, Yesu ɖo nuɖuɖu tɔxɛ bubu aɖe anyi na wo. Míava dzro ema me le ta aɖe si le ŋgɔ me eye míaɖe alesi nuɖuɖu ma kpena ɖe mía ŋu míeɖoa ŋku Yesu dzii me. Esi woɖu nua eye Yesu ƒo nu na wo tsɔ do ŋusẽ woe vɔ la, ekplɔ wo do goe yi ɖe Getsemane-bɔ me. Teƒe ma nye afisi wolɔ̃a yiyi zi geɖe.
Gake Yesu ɖeka yi ŋgɔ vie tso wo gbɔ be yeado gbe ɖa. Egblɔ na Petro, Yakobo, kple Yohanes be woawo hã woanɔ gbe dom ɖa. Gake wodɔ alɔ̃. Zi etɔ̃ sɔŋ Yesu ɖeka yi va do gbe ɖa gatrɔ gbɔ, eye zi etɔ̃ mawo katã eva kpɔ be Petro kple etɔwo nɔ alɔ̃ dɔm! (Mateo 26:36-47) Ènya nusita wòle be woanɔ ŋu anɔ gbe dom ɖa hafia?— Na maƒo nu tso eŋu na wò.
Nukata wòle be Petro, Yakobo, kple Yohanes nanɔ ŋu hafi?
Do ŋgɔ le fiẽ ma me la, Yuda Iskariot hã nɔ eme esi Yesu kple eƒe apostoloawo ɖu Ŋutitotoŋkekenyuia. Yuda va zu fiafitɔ, abe alesi nàɖo ŋku edzii ene. Azɔ egava zu yomemɔfiala hã. Enya afisi Yesu kpena zi geɖe kple eƒe apostoloawo le le Getsemane-bɔa me. Eyata Yuda yi va kplɔ asrafowo vɛ be woalé Yesu. Esi wova ɖo la, Yesu bia wo be: “Ameka dim miele?”
Asrafoawo ɖo eŋu be: ‘Yesue.’ Gake Yesu mevɔ̃ o, eyata egblɔ na wo be: “Nyee nye esi.” Yesu ƒe dzinɔameƒo sia wɔ nuku na asrafoawo ale gbegbe be wote yi megbemegbe hedze anyi. Eyome Yesu gblɔ na wo be: ‘Ne nye dimee miele la, ke mina mɔ nye apostoloawo ne woadzo.’—Yohanes 18:1-9.
Esi asrafoawo lé Yesu heblae la, vɔvɔ̃ ɖo apostoloawo ale be wosi dzo. Gake Petro kple Yohanes di godoo be yewoanya nusi ava dzɔ, eyata wonɔ adzɔge ʋĩ le wo yome. Mlɔeba la, wokplɔ Yesu yi Kayafa si nye nunɔlagã ƒe aƒeme. Esi Yohanes nye nunɔlagã la ƒe ame nyanyɛ ta la, agbonudzɔla la ɖe mɔ na woa kpli Petro woge ɖe aƒea me.
Nunɔlawo va ɖi anyi xoxo ɖe Kayafa ƒe aƒeme hena ʋɔnudɔdrɔ̃. Woƒe didi koe nye be woawu Yesu. Eyata wokplɔ amewo vɛ be woava ɖi aʋatsoɖase le eŋu. Amewo tu kɔ Yesu eye woƒo tome nɛ. Petro nɔ afisi gogo teƒe si nusiawo katã nɔ edzi yim le.
Nyɔnuvi aɖe si nye subɔvi si nɔ agboa nu esime Petro kple Yohanes ge ɖe eme la kpɔ Petro dze sii. Nyɔnuvia gblɔ be: ‘Wò hã ènɔ Yesu gbɔ!’ Gake Petro sẽ nu be yemedze si Yesu gɔ̃ hã o. Emegbe sẽ la, nyɔnuvi bubu aɖe hã kpɔ Petro dze sii eye wògblɔ na amesiwo tsi tre ɖe afima be: ‘Ŋutsu sia nɔ anyi kple Yesu.’ Petro gagbe ake be yemenyae o. Emegbe la, ame aɖewo kpɔ Petro eye wogblɔ nɛ be: “Nyateƒee, wò hã wo dometɔ ɖeka nènye.” Zi etɔ̃lia sia Petro gasẽ nu ake gblɔ be: “Nyemenya ame la o.” Petro ka atam gɔ̃ hã be nyateƒe tom yele, eye Yesu trɔ kpɔe dũ.—Mateo 26:57-75; Luka 22:54-62; Yohanes 18:15-27.
Nukae na Petro vɔ̃ ale gbegbe be wòsẽ nu be yemedze si Yesu o?
Ènya nusita Petro ka aʋatsoa?— Ẽ, esi vɔvɔ̃ ɖoe tae. Gake nukatae wòvɔ̃ ɖo? Nukae mete ŋu wɔ be dzi nanɔ eƒo o? Bu eŋu kpɔ. Nukae Yesu wɔ ale be dzi nɔ eƒo?— Edo gbe ɖa na Mawu, eye Mawu kpe ɖe eŋu dzi nɔ eƒo. Eye ɖo ŋku edzi be Yesu do ŋgɔ gblɔ na Petro zi gbɔ zi etɔ̃ be wòanɔ gbedodoɖa dzi eye wòanɔ ŋu ahanɔ ŋudzɔ. Gake nukae dzɔ?—
Le zi etɔ̃ mawo katã me Petro nɔ alɔ̃ dɔm. Medo gbe ɖa o, eye menɔ ŋudzɔ hã o. Eyata menɔ mɔ kpɔm kura be woava lé Yesu o. Emegbe le ʋɔnua esi woƒo Yesu eye wonɔ ɖoɖo wɔm be yewoawui la, vɔvɔ̃ ɖo Petro ale gbegbe. Evɔ gaƒoƒo ʋɛ aɖewo do ŋgɔ la, nukae Yesu gblɔ na eƒe apostolowo be woanɔ mɔ kpɔm na hafi?— Yesu gblɔ na wo be xexeame alé fu woawo hã abe alesi wolé fu yee ene.
Aleke wòate ŋu adzɔe be nàva nɔ nɔnɔme si ɖi Petro tɔ me?
Azɔ na míabu nane si ate ŋu adzɔ ɖe mía dzi abe alesi wòdzɔ ɖe Petro dzii ene ŋu kpɔ. Tsɔe be miele sukuxɔ me eye amewo dze nya vɔ̃wo gbɔgblɔ gɔme ɖe amesiwo medoa gbe na aflaga o alo meɖua Kristmas o ŋu. Ne edzɔ be ame aɖe trɔ ɖe ŋuwò bia wò be: “Nyateƒee wònye be wò hã mèdoa gbe na aflaga oa?” Alo ame bubuwo gblɔ be: “Míese be mieɖua Kristmas gɔ̃ hã o!” Ðe nàvɔ̃ be yeato nyateƒea?— Ðe wòawɔ na wò be nàda alakpa, abe Petro enea?—
Emegbe ete ɖe Petro dzi vevie be yegbe be yemedze si Yesu o. Esi wòkpɔ nusi wòwɔ dze sii la, edo go yi gota va fa avi vevie. Ẽ, egatrɔ va Yesu gbɔ emegbe. (Luka 22:32) Azɔ bu nya sia ŋu kpɔ. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be vɔvɔ̃ maɖo mí ale gbegbe be míava gblɔ nya aɖe abe esi Petro gblɔ ene o?— Ðo ŋku edzi be Petro do kpo gbedodoɖa kple ŋudzɔnɔnɔ. Eyata nukae nàgblɔ be ehiã be míanɔ wɔwɔm ale be míazu Nufiala Gã la yomedzelawo?—
Ehiã godoo be míado gbe ɖa abia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. Esi Yesu do gbe ɖa la, ènya nusi Mawu wɔ nɛa?— Edɔ eƒe dɔla aɖe ɖa wòva do ŋusẽe. (Luka 22:43) Ðe Mawu ƒe dɔlawo ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋua?— Biblia gblɔ be: “Yehowa ƒe dɔla ƒua asaɖa anyi ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋu, eye wòhea wo doa goe.” (Psalmo 34:8) Gake be míaxɔ Mawu ƒe kpekpeɖeŋu la, ebia nu geɖe wu gbedodoɖa abia kpekpeɖeŋua ko. Ènya nu bubu siwo hã wòhiã be míawɔa?— Yesu gblɔ na eyomedzelawo be woanɔ ŋudzɔ eye woanɔ mo xexi. Aleke nèbu be míate ŋu awɔ esiae?—
Ehiã be míalé to ɖe nya siwo wogblɔna le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me ŋu eye míawɔ ɖe nusiwo míexlẽna le Biblia me dzi. Gake ele vevie hã be míanɔ gbedodoɖa dzi ɣesiaɣi abia Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu míasubɔe. Ne míewɔ esia la, míaxɔ kpekpeɖeŋu si ana míaɖu nusiwo míevɔ̃na na dzi. Ekema ne mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na mí be míaƒo nu tso Nufiala Gã la kple Fofoa ŋu na amewo la, ewɔwɔ anye dzidzɔ na mí.
Mawunyakpukpui siawo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be vɔvɔ̃ na amewo nagaxe mɔ na mí be míagbe nusi sɔ la wɔwɔ gbeɖe o: Lododowo 29:25; Yeremya 26:12-15, 20-24; kple Yohanes 12:42, 43.