INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lr ta 31 axa 162-166
  • Afisi Míakpɔ Akɔfafa Tsoe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Afisi Míakpɔ Akɔfafa Tsoe
  • Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Léa Be Na Eƒe Alẽwo
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2018
  • “Madi Esiwo Bu La”
    Trɔ Va Yehowa Gbɔ
  • Yehowae Nye Mía Kplɔla
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • “Yehowa Enye Kplɔlanye”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
Kpɔ Bubuwo
Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
lr ta 31 axa 162-166

TA 31

Afisi Míakpɔ Akɔfafa Tsoe

ÈLÉ blanui vevie eye nètsi akogo kpɔa?— Ðe wòwɔ na wò be ame aɖeke meli si lɔ̃ wò oa?— Esia dzɔna ɖe ɖevi aɖewo dzi. Gake Mawu do ŋugbe be: ‘Nye la nyemaŋlɔ wò be o.’ (Yesaya 49:15) Ðe nya mawo ŋu bubu medo dzidzɔ na wò oa?— Ẽ, enye nyateƒe be Yehowa Mawu lɔ̃ mí ŋutɔŋutɔ!

Alẽvi aɖe si bú la le to aɖe dzi, egbɔ didi tso alẽha la gbɔ

Aleke nèbu be awɔ na alẽvi sia si bu lae?

Biblia ŋlɔla aɖe gblɔ be: ‘Ne fofonye kple danye wogblẽm ɖi hã, Yehowa ya axɔ nam.’ (Psalmo 27:10) Ðe esia nyanya mefaa akɔ na mí ŋutɔ oa?— Ẽ, Yehowa gblɔ na mí be: ‘Mègavɔ̃ o, elabena meli kpli wò. Makpe ɖe ŋuwò ŋutɔŋutɔ.’—Yesaya 41:10.

Gake ɣeaɖewoɣi la, Yehowa ɖea mɔ Satana hea kuxiwo vaa mía dzi. Yehowa ɖea mɔ Satana tea Mawu subɔlawo gɔ̃ hã kpɔna. Ɣeaɖeɣi Abosam na Yesu kpe fu ale gbegbe be wòdo ɣli na Yehowa le vevesese me be: “Nye Mawu, nye Mawu, nukaŋuti nègblẽm ɖi?” (Mateo 27:46) Togbɔ be Yesu nɔ fu kpem hã la, enyae be Yehowa galɔ̃ ye kokoko. (Yohanes 10:17) Gake Yesu nyae hã be Mawu ɖea mɔ na Satana wòdoa Esubɔlawo kpɔna eye wòɖea mɔ na Satana wòhea fukpekpe vaa wo dzi. Míaɖe nusita Mawu ɖea mɔ na Satana wòwɔa esia me le agbalẽ sia ƒe ta bubu me.

Le ɖevime la, míevɔ̃na na nanewo godoo ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, edzɔ be nèbu kpɔa?— Vɔvɔ̃ ɖo wòa?— Vɔvɔ̃ aɖo ɖevi geɖe. Nufiala Gã la gblɔ ŋutinya aɖe gbeɖeka ku ɖe nane si bu ŋu. Gake menye ɖevie bu o. Alẽe bu.

Le mɔ aɖe nu la, míele abe alẽwo ene. Le mɔ ka nu? Le susu sia nu be alẽ melolo tututu o eye ŋusẽ hã mele wo ŋu boo o. Eye wohiã ame aɖe si alé be na wo ahakpɔ wo ta. Woyɔa amesi kpɔa alẽwo dzi be alẽkplɔla.

Le Yesu ƒe ŋutinyaa me la, eƒo nu tso alẽkplɔla aɖe si si alẽ alafa ɖeka le ŋu. Gake alẽawo dometɔ ɖeka va bu. Ðewohĩ alẽ ma di be yeakpɔ nusi le togbɛ si dzi wole la ƒe akpa kemɛ. Ke kasia, alẽa ɖo adzɔge kura tso bubuawo gbɔ. Àte ŋu akpɔ alesi wòawɔ na alẽ ma esi wòtsa ŋku azɔ kpɔe be ye ɖeka pɛ koe va susɔ ɖe afima la le susu mea?—

Nukae alẽkplɔla awɔ ne eva kpɔ be yeƒe alẽawo dometɔ ɖeka bu? Ðe wòagblɔ be, alẽa ŋutɔe dii ye wòkpɔe, eyata meka ye oa? Alo ɖe wòagblẽ alẽ 99 mamlɛawo ɖe afisi le dedie eye wòayi ava di alẽ ɖeka ma pɛ si bu la? Ðe wòhiã be wòaɖe fu na eɖokui nenema gbegbe ɖe alẽ ɖeka pɛ ko ta?— Ne wòe nye alẽ ma si bu ɖe, ɖe nàdi be ye kplɔla nava di yea?—

Alẽkplɔla aɖe lé alẽvi si ŋu wòva ke ɖo la ɖe asi

Amekae le abe alẽkplɔla si va xɔ na eƒe alẽa ene?

Alẽkplɔlaa lɔ̃ eƒe alẽawo katã ale gbegbe, elɔ̃ ɖeka si bu la gɔ̃ hã. Eyata eyi be yeava di esi bu la. Bu alesi wòavivi alẽ si bu la nui esi wòkpɔ eƒe kplɔla wògbɔna ɖaa le adzɔge ŋu kpɔ! Eye Yesu gblɔ be dzi dzɔ alẽkplɔla la hã ale gbegbe esi wòva kpɔ alẽ si bu la. Ekpɔ dzidzɔ ɖe eŋuti wu alẽ 99 siwo mebu o. Enyo, amekae le abe alẽkplɔla la le Yesu ƒe ŋutinyaa me? Amekae léa be na mí nyuie abe alesi alẽkplɔla ma lé be na eƒe alẽwo ene?— Yesu gblɔ be ye Fofo si le dziƒo ye. Eye Fofoae nye Yehowa.

Yehowa Mawue nye Alẽkplɔla Gã la na eƒe amewo. Elɔ̃a amesiwo katã subɔnɛ, eye ɖeviwo abe wò ene hã le eme. Medi be nuvevi nawɔ mía dometɔ aɖeke alo be míatsrɔ̃ o. Esia faa akɔ na mí nyateƒe be míanyae be Mawu léa be na mí ale gbegbe!—Mateo 18:12-14.

Ŋutsu aɖe le dzi fam na ŋutsuvi aɖe si xɔ abi ɖe eƒe klonu

Ðe nèbua Yehowa amesi li ŋutɔŋutɔ abe alesi nèbua fofowò alo ame bubu ɖesiaɖe enea?

Èxɔ Yehowa Mawu dzi se ŋutɔŋutɔa?— Èbunɛ be enye amesi li ŋutɔŋutɔa?— Nyateƒee wònye be míate ŋu akpɔ Yehowa kple ŋku ya o. Míate ŋu akpɔe o elabena Gbɔgbɔe wònye. Ŋutilã si le esi la nye esi míate ŋu akpɔ kple míaƒe ŋku o. Ke hã eli ŋutɔŋutɔ, eye ete ŋu kpɔa mí. Enya ɣeyiɣi siwo míehiã kpekpeɖeŋu. Eye míate ŋu aƒo nu nɛ le gbedodoɖa me, abe alesi ko míete ŋu ƒoa nu na amewo le anyigba dzi ene. Yehowa di be míaƒo nu kple ye.

Eyata ne edzɔ be nèlé blanui alo nètsi akogo la, nukae wòle be nàwɔ?— Ƒo nu na Yehowa. Te ɖe eŋu kplikplikpli, eye afa akɔ na wò ahakpe ɖe ŋuwò. Ne ewɔ na wò be nètsi akogo ale gbegbe gɔ̃ hã la, ɖo ŋku edzi be Yehowa lɔ̃ wò. Na míatsɔ Biblia. Wogblɔ le Psalmo 23, tso kpukpui 1, be: “Yehowa enye kplɔlanye, naneke mehiãam o. Lãnyiƒe damawo wòna metsyɔ akɔ ɖo; gbɔɖemeƒe tɔwo nu wòkplɔm yii.”

De dzesi nusi wogblɔ kpee le kpukpui 4 lia: “Ne mezɔ bali doblukɔ tsiɖitsiɖi me hã, nyemavɔ̃ dzɔgbevɔ̃e aɖeke o, elabena wòe le gbɔnye; wò atikplɔ kple wò atizɔti faa akɔ nam.” Alea tututue amewo sena le wo ɖokui me nenye be Yehowa nye woƒe Mawu. Wokpɔa akɔfafa nenye be wole kuxiwo me tom. Nenemae nèsena le ɖokuiwò mea?—

Abe alesi alẽkplɔla si lɔ̃a eƒe alẽwo léa be na eƒe alẽha ene la, nenema ke Yehowa tsɔa beléle nyuitɔ naa eƒe amewoe. Efiaa mɔ nyuitɔ si wòle be woato la wo, eye wotsɔa dzidzɔ dzea eyomee. Ne xaxawo ɖe to ɖe wo godoo va kpe gɔ̃ hã la, mele be woavɔ̃ o. Alẽkplɔla zãa eƒe atikplɔ alo atizɔti tsɔ kpɔa eƒe alẽwo ta tso lã lénuwo si me. Biblia gblɔ alesi Dawid, ɖekakpui si nye alẽkplɔla, kpɔ eƒe alẽwo ta hexɔ wo tso dzata kple sisiblisi si mee la ŋu nya na mí. (Samuel I, 17:34-36) Eye Mawu ƒe amewo nya be Yehowa akpɔ yewo hã ta. Woate ŋu asee le wo ɖokui me be yewole dedie, elabena Mawu li kpli wo.

Alẽkplɔla aɖe le eƒe alẽwo ta kpɔm tso dzata aɖe si me

Abe alesi alẽkplɔla kpɔa eƒe alẽwo tae ene la, amekae li ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míeɖo xaxa me?

Yehowa lɔ̃a eƒe alẽwo ŋutɔŋutɔ, eye wòtsɔa dɔmetɔtrɔɖeameŋu léa be na woe. Biblia gblɔ be: ‘Anyi eƒe alẽhawo abe alẽkplɔvi ene. Alé alẽviawo ɖe abɔ dome, eye wòakɔ wo ɖe akɔnu.’—Yesaya 40:11.

Ðe wò dzi medze eme esi nèva kpɔe be aleae Yehowa le oa?— Èdi be yeanye eƒe alẽawo dometɔ ɖeka?— Alẽwo ɖoa to wo kplɔla ƒe gbe. Wonɔa eŋu kplikplikpli. Ðe wò hã nèɖoa to Yehowa?— Ènɔa eŋu kplikplikplia?— Ekema mehiã be nàvɔ̃ gbeɖe o. Yehowa anɔ kpli wò.

Yehowa tsɔa beléle si me lɔlɔ̃ le naa amesiwo subɔnɛ. Na míaxlẽ nusi Biblia gblɔ tso esia ŋu, le Psalmo 37:25; 55:23; kple Luka 12:29-31.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe