INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lr ta 33 axa 172-176
  • Yesu Ate Ŋu Akpɔ Mía Ta

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yesu Ate Ŋu Akpɔ Mía Ta
  • Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yesu Zɔ Atsiaƒu Dzi
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Fia si Wodi, si De Ŋgɔ Wu Amegbetɔ
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Dziɖula Si Kpɔ Ŋusẽ Ðe Dzɔdzɔmenuwo Dzi
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Yesu Tsi Ahom Nu Le Ƒu Dzi
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
Kpɔ Bubuwo
Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
lr ta 33 axa 172-176

TA 33

Yesu Ate Ŋu Akpɔ Mía Ta

Yesu si nye Aʋakalẽtɔ le dziƒo kple vidzĩ si le lãnuɖunu me

Aleke nèbua Yesui—be enye fia sẽŋu alo vidzĩ kokoe?

ESI Yesu tsi eye wòse alesi wokpɔ etae esime wònye vidzĩ la, èsusu be ado gbe ɖa na Yehowa ada akpe nɛa?— Emegbe esi Yesu se be Maria kple Yosef kpɔ yeƒe agbe ta esi wokɔ ye si dzo yi Egipte la, nukae nèsusu be wòanya gblɔ na edzilaawo?—

Nyateƒee wònye be menye vidzĩe Yesu ganye fifia o. Megale anyigba dzi fifia abe alesi wònɔe va yi ene o. Gake ède dzesii be fifia ewɔ abe ɖe ame aɖewo kpɔtɔ bua Yesu abe vidzĩ ko wòganye ene le lãwo ƒe nuɖunu mea?— Esia dzena koŋ le Kristmasɖuɣi esime míekpɔna be wotaa Yesu le teƒe geɖe wònyea vidzĩ kokoe.

Togbɔ be Yesu megale anyigba dzi fifia o hã la, èxɔ se be ekpɔtɔ le agbe ŋutɔŋutɔa?— Nyateƒee, wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye fifia Fia sẽŋu aɖee wònye le dziƒo. Èsusu be nukae wòate ŋu awɔ atsɔ akpɔ amesiwo ɖoa toe la ta?— Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, eɖe alesi wòate ŋu akpɔ amesiwo lɔ̃nɛ ta la fia. Na míakpɔ alesi wòwɔ esiae gbeɖeka esi woa kple eƒe nusrɔ̃lawo wonɔ tɔdziʋu me la ɖa.

Ɣetrɔ aɖe me yina fiẽ mee. Yesu fia nu amewo ŋkeke bliboa le Galilea-ƒuta; ƒu sia nye ta gã aɖe si didi kilometa 20 eye wòkeke kilometa 12. Azɔ egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: ‘Mina míayi ɖe ta la ƒe go kemɛ.’ Ale woɖo tɔdziʋu hedze mɔ le ta la tsom yina ɖe eƒe go kemɛ. Ðeɖi te Yesu ŋu ŋutɔ, eyata eyi ɖe ʋua gɔme eye wòmlɔ anyi ziɔ suɖui. Kasia eyi alɔ̃ me ʋĩ.

Yesu gblɔ na ya kple ƒutsotsoewo be woadze akɔ anyi

Nya ka gblɔm Yesu le na yaƒoƒoa kple ƒutsotsoeawo?

Nusrɔ̃lawo ya le ŋu le ʋua kum. Nusianu yi edzi nyuie va de asi na ɣeyiɣi aɖe, gake emegbe ya sesẽ aɖe te ƒoƒo. Ahom sesẽ aɖe tu va kpe wo eye enu le sesẽm ɖe edzi, ale be ƒutsotsoeawo nu sẽ. Azɔ ƒutsotsoeawo va le ŋeŋem ɖe ʋua me, eye tsi va le ʋua me yɔm.

Nusrɔ̃lawo vɔ̃ ŋutɔ be yewoanyrɔ. Gake Yesu ya mevɔ̃ o. Eganɔ alɔ̃ dɔm le ʋua me. Mlɔeba la, nusrɔ̃lawo nyɔe eye wogblɔ nɛ be: ‘Nufiala, Nufiala, ɖe mí; ahom sia le mía tsrɔ̃ ge.’ Ale Yesu nyɔ eye wòƒo nu na ya la kple ƒutsotsoeawo. Egblɔ be: ‘Zi ɖoɖoe! Dze akɔ anyi!’

Enumake ahom la tɔ te eye ɖoɖoe zi klenee le ta la dzi. Ewɔ nuku na nusrɔ̃lawo ale gbegbe. Womekpɔ nusia tɔgbe kpɔ o. Wobia wo nɔewo be: ‘Ameka gɔ̃e nye esia, bena wòɖea gbe na ya kple ƒu gɔ̃ hã eye woɖoa toe?’—Luka 8:22-25; Marko 4:35-41.

Ènya amesi Yesu nyea?— Ènya afisi wòxɔ eƒe ŋusẽ gã la tsoea?— Mele be nusrɔ̃lawo navɔ̃ esi Yesu nɔ afima kpli wo hafi o, elabena menye amegbetɔ gbɔlo koe Yesu nye o. Ate ŋu awɔ nukunu siwo ame bubu aɖeke mate ŋu awɔ o. Magblɔ nu bubu aɖe si wògawɔ gbeɖeka le ƒu dzeagbo dzi la na wò.

Esia dzɔ le ɣeyiɣi aɖe megbe le ŋkeke bubu aɖe dzi. Le fiẽ me la, Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be woaɖo tɔdziʋu adze ŋgɔ na ye ayi ɖe ƒu la ƒe go kemɛ. Emegbe Yesu ɖeka yi ɖe to aɖe dzi. Teƒe ma nye afisi ɖoɖoezizi le si wòate ŋu ado gbe ɖa le na Fofoa, Yehowa Mawu.

Nusrɔ̃lawo ɖo tɔdziʋua eye woho be yewoatso ƒua. Gake kasia ya ʋuduʋudu aɖe te ƒoƒo. Enu nɔ sesẽm ale gbegbe. Evɔ zã hã do azɔ. Ŋutsuawo ɖiɖi abala la hete ʋu la kuku. Gake womete ŋu le ŋgɔ yim ale o elabena ya sesẽa le ƒoƒom kpe wo. Ale ƒutsotsoe siwo kɔ yi dzi la le ʋua nyamam tso afii yi afii, eye tsi nɔ kɔkɔm ɖe ʋua me. Ŋutsuawo le agbagba ɖesiaɖe dzem be yewoaku ʋua aɖo gota, gake womete ŋui o.

Yesu ɖeka kpɔtɔ le toa dzi ɣeyiɣi siawo katã. Exɔ ɣeyiɣi didi le afima. Gake azɔ ete ŋu kpɔe be yeƒe nusrɔ̃lawo ɖo afɔku me le ƒu dzeagboa dzi. Eyata eɖi le toa dzi yi ɖe ƒua ta. Yesu di be yeakpe ɖe yeƒe nusrɔ̃lawo ŋu, eyata ede afɔ tsia me eye wòte azɔli zɔzɔ le ƒu dzeagboa dzi yina ɖe wo gbɔ!

Nukae adzɔ ne ète kpɔ be yeazɔ tsi dzi?— Ànyrɔ ɖe eme, eye tsi ate ŋu alé wò. Gake ame bubu kurae Yesu ya nye. Ŋusẽ tɔxɛwo le esi. Yesu zɔ azɔli didi aɖe hafi ɖo tɔdziʋua gbɔ. Eyata fɔŋli me lɔƒoe nusrɔ̃lawo kpɔ Yesu wòle tsia dzi zɔm gbɔna ɖe wo gbɔ. Gake womete ŋu xɔ nusi kpɔm wole la dzi se o. Vɔvɔ̃ ɖo wo ale gbegbe be wodo ɣli. Yesu ƒo nu na wo be: ‘Milé dzi ɖe ƒo, nyee, migavɔ̃ o.’

Yesu zɔ atsiaƒu dzi yina eƒe nusrɔ̃la siwo le tɔdziʋu me la gbɔ

Susu kawo tae Yesu wɔ nukunuwo ɖo?

Esi Yesu nya ge ɖe tɔdziʋua me teti ko la, ahom la dzudzɔ tutu. Esia hã gawɔ moya na nusrɔ̃lawo ale gbegbe. Wodze klo ɖe Yesu ŋkume gblɔ bena: ‘Mawu ƒe Vi nènye vavã.’—Mateo 14:22-33; Yohanes 6:16-21.

Ðe manye dzidzɔ na mí ŋutɔ ne ɖe míenɔ agbe ɣemaɣi kpɔ Yesu ƒe nukunu siawo wɔƒe oa?— Ènya nusita Yesu wɔ nukunu mawoa?— Esi wòlɔ̃ eƒe nusrɔ̃lawo eye wòdi be yeakpe ɖe wo ŋu tae wòwɔ wo ɖo. Gake ewɔ wo hã be yeatsɔ afia be ŋusẽ gã aɖe le ye si yeazã le etsɔme ne yeva zu Dziɖula le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me.

Ŋutsuvi aɖe kple dadaa le gbeadzi

Aleke Yesu kpɔa eyomedzelawo ta egbeae?

Egbea gɔ̃ hã Yesu zãa eƒe ŋusẽa zi geɖe tsɔ kpɔa eyomedzelawo ta tso Satana ƒe agbagba siwo dzem wòle be yeaxe mɔ na wo woagagblɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu nya na amewo o la me. Gake Yesu mezãa eƒe ŋusẽa tsɔ kpɔa eƒe nusrɔ̃lawo ta be woagadze dɔ o alo be wòatsɔe ada dɔ na wo ne wodze dɔ o. Yesu ƒe apostoloawo gɔ̃ hã dometɔ ɖesiaɖe va ku mlɔeba. Wowu Yohanes nɔvi Yakobo, eye wode Yohanes ŋutɔ hã gaxɔ me.—Dɔwɔwɔwo 12:2; Nyaɖeɖefia 1:9.

Alea ke wòle egbea hã. Amesiame dzea dɔ hekuna, woɖasubɔa Yehowa alo womeɖasubɔnɛ o. Gake eteƒe madidi o, le Yesu si nye Fia le Mawu ƒe dziɖuɖua me ƒe dziɖuɖu te la, nɔnɔmea ato vovo kura. Ɣemaɣi ame aɖeke magavɔ̃ o elabena Yesu azã eƒe ŋusẽa atsɔ ahe yayrawo vɛ na amesiwo katã ɖoa toe.—Yesaya 9:5, 6.

Mawunyakpukpui bubu siwo ɖe ŋusẽ gã si le Yesu, amesi Mawu ɖo Dziɖulae le Mawu ƒe Fiaɖuƒea me, si la fiae nye Daniel 7:13, 14; Mateo 28:18; kple Efesotɔwo 1:20-22.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe