TA 36
Amekawoe Woafɔ Ðe Tsitre? Afikae Woava Nɔ?
AME neni ŋue míexlẽ nu tsoe le ta eve siwo do ŋgɔ me siwo wofɔ ɖe tsitre?— Ame atɔ̃. Wo dometɔ nenie nye ɖeviwo?— Wo ame etɔ̃. Eye ame enelia hã nye ɖekakpui. Nukae nèsusu be esia fia mí?—
Efia be Mawu lɔ̃ ɖeviwo. Gake ava fɔ ame bubu geɖewo hã ɖe tsitre. Amesiwo wɔ nu nyui koe Mawu afɔ ɖe tsitrea?— Míate ŋu asusui nenema. Ke hã ame gbogbo aɖewo li siwo mesrɔ̃ nyateƒe si ku ɖe Yehowa Mawu kple Via ŋu kpɔ o. Eyata wowɔ nu madzɔmadzɔwo le esi wònye nu gbegblẽwoe wofia wo ta. Èsusu be Yehowa afɔ amesiawo tɔgbe hã ɖe tsitrea?—
Biblia gblɔ be: “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:15) Nukatae woafɔ amesiwo menye ame dzɔdzɔewo o, alo amesiwo mewɔ nu dzɔdzɔe o, ɖe tsitre?— Esi mɔnukpɔkpɔ mesu wo si wosrɔ̃ nu tso Yehowa kple nusiwo wòdi tso wo si be woawɔ ŋu kpɔ le woƒe agbenɔɣi o tae.
Nukatae Mawu afɔ ame aɖewo siwo mewɔ nu dzɔdzɔe o ɖe tsitre?
Ɣekaɣie nèsusu be woafɔ amewo ɖe tsitre?— Ðo ŋku ɣeyiɣi si me Lazaro ku eye Yesu do ŋugbe na nɔvianyɔnu Marta be, ‘Nɔviwò atsi tre’ la dzi. Marta gblɔ nɛ be: “Menyae bena, atsi tre le tsitretsitsi la me le nuwuwuŋkeke la dzi.” (Yohanes 11:23, 24) Nuka fiamee Marta nɔ esi wògblɔ be Lazaro atsi tre “le nuwuwuŋkeke la dzi”?—
Afikae Paradiso si ƒe nya gblɔm Yesu le na ŋutsu sia anɔ?
Do ŋgɔ Marta se Yesu ƒe ŋugbedodo sia be: ‘Amesiwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la ado go.’ (Yohanes 5:28, 29) Eyata “nuwuwuŋkeke” lae nye ɣeyiɣi si me Mawu agbɔ agbe amesiwo katã le eƒe susu me. Nuwuwuŋkeke sia menye gaƒoƒo 24 ƒe ŋkeke ɖeka o. Anye ƒe akpe ɖeka. Biblia gblɔ be ‘Mawu adrɔ̃ ʋɔnu anyigba dzi nɔlawo katã’ le ŋkeke ma dzi. Amesiwo wofɔ ɖe tsitre anɔ amesiwo woadrɔ̃ ʋɔnui la dome.—Dɔwɔwɔwo 17:31; Petro II, 3:8.
Bu alesi ŋkeke ma anye dzidzɔŋkekee ŋu kpɔ ko! Le ŋkeke ma si nye ƒe akpe ɖeka me la, woafɔ ame miliɔn geɖe siwo ku la ɖe tsitre woagava nɔ agbe. Yesu yɔ afisi woagbɔ agbe wo woava nɔ la be Paradiso. Na míakpɔ afisi Paradisoa anɔ kple alesi wòanɔ ɖa.
Anɔ gaƒoƒo etɔ̃ do ŋgɔ hafi Yesu naku ɖe fuwɔametia ŋu la, egblɔ Paradiso ŋu nya na ŋutsu aɖe si hã woklã ɖe ati ŋu le exa. Nu vlo siwo ŋutsua wɔ tae woklãe ɖe ati ŋu be wòaku ɖo. Gake esi nuvlowɔla sia lé ŋku ɖe Yesu ŋu eye wòse nya siwo gblɔm wole le Eŋu la, eva xɔ Yesu dzi se. Eyata nuvlowɔla la gblɔ nɛ be: “Ðo ŋku dzinye, ne èva ɖo wò fiaɖuƒe la me.” Yesu ɖo eŋu nɛ be: ‘Vavã mele egblɔm na wò egbea bena, ànɔ Paradiso la me kplim.’—Luka 23:42, 43.
Ne míexlẽ nu tso Paradiso ŋu la, nukae wòle be míakpɔ ɖa le susu me?
Nuka fiam Yesu le esi wògblɔ nya sia? Afikae Paradiso la le?— Bu eŋu kpɔ. Gbã la, afikae Paradisoa nɔ?— Ðo ŋku edzi be anyigba sia tututu dzie Mawu wɔ paradiso na ame gbãtɔ Adam kple srɔ̃a le be woanɔ. Woyɔe be Eden-bɔ. Lãwo nɔ abɔ ma me, gake womewɔa nuvevi ame aɖeke o. Ati vovovo siwo tsea ku viviwo kple tɔsisi gã aɖe nɔ afima. Teƒe nyui si nɔnɔ ado dzidzɔ na amee wònye!—Mose I, 2:8-10.
Eyata ne míexlẽ nu tso nuvlowɔla ma ŋu be anɔ Paradiso me la, ele be míakpɔe le susu me be anyigba sia si wowɔ wòzu teƒe dzeani aɖee wòanye. Ðe Yesu anɔ anyigba dzi afisia kple ame ma si nye nuvlowɔla tsã le Paradisoa mea?— Ao. Ènya nusita Yesu manɔ afisia kplii oa?—
Nusitae nye be Yesu anye Fia le dziƒo ahaɖu anyigba dzi Paradisoa dzi. Eyata Yesu anɔ kple ŋutsu ma le gɔmesese sia nu be Yesu afɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome eye wòana eƒe nuhiahiãwoe. Gake nukata wòle be Yesu nana amesi nye nuvlowɔla tsã nanɔ Paradisoa me?— Na míakpɔ nusitae ɖa.
Do ŋgɔ hafi nuvlowɔla la naƒo nu kple Yesu la, ɖe wònya Mawu ƒe tameɖoɖowoa?— Ao, menyae o. Ewɔ nu gbegblẽwo le esi menya nyateƒe si ku ɖe Mawu ŋu o ta. Le Paradisoa me la, woava fia Mawu ƒe tameɖoɖowoe. Ekema mɔnukpɔkpɔ asu esi wòaɖee afia be yelɔ̃ Mawu vavã to Eƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ me.
Amesiame si wofɔ ɖe tsitre ye anɔ Paradiso me le anyigba dzia?— Ao, menye amesiamee o. Ènya nusitaea?— Elabena woafɔ ame aɖewo ɖe tsitre be woava nɔ dziƒo kple Yesu. Woa kple Yesu woaɖu fia ɖe Paradiso si le anyigba dzi la dzi. Na míakpɔ alesi míewɔ nya esia ɖa.
Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, egblɔ na eƒe apostolowo be: ‘Fofonye ƒeme le dziƒo la, nɔƒe geɖewo li, eye meyina be madzra teƒe ɖo ɖi na mi.’ Yesu yi edzi do ŋugbe na wo be: “Magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, bena afisi nye la mele la, miawo hã mianɔ afima.”—Yohanes 14:2, 3.
Afikae Yesu yi le eƒe tsitretsitsi megbe?— Ẽ, etrɔ yi dziƒo le Fofoa gbɔ. (Yohanes 17:4, 5) Eyata Yesu do ŋugbe na eƒe apostolowo kple eyomedzela bubuawo be yeafɔ wo ɖe tsitre be woava nɔ ye gbɔ le dziƒo. Nukae woawo kple Yesu woawɔ le afima?— Biblia gblɔ be eƒe nusrɔ̃la siwo akpɔ gome le “tsitretsitsi gbãtɔ” me la anɔ dziƒo aɖu fia ɖe anyigba dzi eye “woaɖu fia kplii ƒe akpe ɖeka.”—Nyaɖeɖefia 5:10; 20:6; Timoteo II, 2:12.
Ame nenie akpɔ gome le “tsitretsitsi gbãtɔ” me ahaɖu fia kple Yesu?— Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: ‘Ha sue, megavɔ̃ o! Elabena edze mia Fofo ŋu be, yeatsɔ fiaɖuƒe la ana mi.’ (Luka 12:32) Xexlẽme le “ha sue” sia me tɔ siwo woafɔ ɖe tsitre be woanɔ Dziƒofiaɖuƒea me kple Yesu la si. Biblia ɖee fia be “ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene” ye woafɔ ɖe tsitre tso anyigba dzi ayii.—Nyaɖeɖefia 14:1, 3.
Afikae amesiwo woafɔ ɖe tsitre la anɔ, eye dɔ kae woawɔ?
Ame nenie anɔ Paradisoa me le anyigba dzi?— Biblia megblɔe na mí o. Gake Mawu gblɔ na Adam kple Xawa esi wonɔ Eden-bɔa me be woadzi ayɔ anyigba la dzi. Le nyateƒe me la, wodo kpo esia wɔwɔ. Gake Mawu akpɔ egbɔ be yeƒe tameɖoɖo be ame nyuiwo nayɔ anyigba dzi la nava eme.—Mose I, 1:28; Yesaya 45:18; 55:11.
Bu alesi Paradisoa me nɔnɔ avivii ŋu kpɔ ko! Anyigba bliboa katã anɔ abe abɔ dzeani aɖe ene. Xewo kple lãwo kpakple ati kple seƒoƒo dzeani ɖesiaɖe ƒomevi ayɔ eme fũ. Ame aɖeke mase veve le esi wòle dɔ lém ta o, eye ame aɖeke maku hã o. Amewo katã anye xɔlɔ̃wo sɔŋ kple amesiame le afisiafi. Ne míedi be míanɔ agbe tegbee le Paradiso me la, ke fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be míadzra ɖo ɖe eme nɔnɔ ŋu.
Xlẽ nu bubuwo tso Mawu ƒe tameɖoɖo na anyigba ŋu, le Lododowo 2:21, 22; Nyagblɔla 1:4; Yesaya 2:4; 11:6-9; 35:5, 6; kple 65:21-24.