Nusi Ðeviwo Hiã Tso Wo Dzilawo Gbɔ
DZILA ɖesiaɖe wɔa akpa aɖe le nudzɔdzɔ aɖe si gɔme amegbetɔ mete ŋu sena bliboe o me. Vifofoa kple vidadaa siaa tsɔa woa ŋutɔwo ƒe akpa aɖe nana. Nusi dona tsoa emee nye amegbetɔ blibo si me agbe le si tsina le dadaa ƒe vidzidɔ me. Eyata mewɔ nuku o be ne wodzi vi la, amewo yɔa nudzɔdzɔ sia be enye “vidzidzi ƒe nukunu.”
Gake dzilawo ƒe agbanɔamedzi ƒe gɔmedzedze koe vidzidzi nye. Gbã la, vidzĩwo ƒe nuhiahiã ɖesiaɖe kloe kpɔ dzilawo ŋkume, gake ne wova le tsitsim la, wova hiãa nu geɖe wu woƒe ŋutilãmenuhiahiãwo ko gbɔ kpɔkpɔ. Wohiã kpekpeɖeŋu bene woatsi nyuie le susu me, le seselelãme me, le agbenyuinɔnɔ me, kple le gbɔgbɔ me.
Be ɖeviwo nate ŋu atsi nyuie la, nu vevi si wohiãe nye dzilawo ƒe lɔlɔ̃. Togbɔ be egbɔgblɔ na wo kple nu be mielɔ̃ wo le vevie hã la, ehiã be miaɖee afia wo le nuwɔna ŋutɔŋutɔ hã me. Ẽ, ɖeviwo hiã dzilawo ƒe kpɔɖeŋu nyui si woaɖo na wo. Wohiã agbenyuinɔnɔ ŋuti mɔfiamewo, si nye gɔmeɖose siwo nu woanɔ agbe ɖo. Eye wohiã nusiawo tso keke woƒe vi fẽ me ke. Nu gbãdzinamewo ate ŋu adzɔ eye wodzɔna hã ne womena kpekpeɖeŋu si ɖeviwo hiã la wo kaba o ʋuu wòva tsi megbe akpa.
Biblia mee woate ŋu akpɔ gɔmeɖose nyuitɔwo kekeake le. Viɖe siwo dona tsoa nufiame si wotu ɖe Biblia dzi me la tɔgbe meli o. To nufiame siawo dzi la, ɖeviwo va kpɔnɛ dzea sii be menye amegbetɔ aɖe ƒe nyawoe nya si gblɔm wole na yewo nye o, ke boŋ yewo Wɔla, si nye yewo Fofo si le dziƒo, ƒe nyawoe. Esia naa ŋusẽ si ƒo ɖesiaɖe ta nɔa nuxlɔ̃ameawo ŋu.
Biblia de dzi ƒo na dzilawo be woadze agbagba vevie aƒã gɔmeɖose nyuiwo ɖe wo viwo ƒe susu me. Gake ne ɖeviawo va le tsitsim la, zi geɖe dzilawo va kpɔnɛ be esesẽna na yewo be yewoaƒo nu na wo tso nusiwo nye vevitɔwo ŋu. Wota agbalẽ sia si nye Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ be wòakpe ɖe mia ŋu be esia wɔwɔ nagasesẽ na mi o. Gbɔgbɔ me mɔfiame siwo mia kple mia viwo miaxlẽ ɖekae ye le eme. Gawu la, aʋu dzeɖoɖo ƒe mɔnu ɖi le ɖeviwo kple amesiwo axlẽ agbalẽ sia na wo dome.
Àde dzesii be agbalẽa na mɔnukpɔkpɔ ɖeviwo be woaƒo nu. Wode nyabiase geɖe nuxexlẽa ƒe teƒeteƒewo. Ne èɖo nyabiase siawo gbɔ la, àkpɔ fli aɖe ale (—). Esia aɖo ŋku edzi na wò be nàtɔ vie nàɖe mɔ na ɖevia wòagblɔ eƒe susu. Ðeviwo dina be yewoakpɔ gome le nuwɔnawo me. Ne ɖeviwo mele gome kpɔm le wo me o la, medidina hafi woƒe ɖetsɔleme nu tsina o.
Gake vevietɔ biabia siawo akpe ɖe ŋuwò nànya nusi le ɖevia ƒe susu me. Ele eme baa be ɖevia ƒe nyaŋuɖoɖo aɖewo masɔ ya o. Gake wotrɔ asi le nya siwo kplɔ biabiaawo ɖo le agbalẽa me ŋu be wòakpe ɖe ɖevia ŋu wòatu nuŋububu nyuitɔ ƒe ŋutete ɖo.
Agbalẽ sia ƒe akpa tɔxɛ aɖee nye nɔnɔmetata siwo le eme, siwo wu 230. Nya siwo woŋlɔ kpe ɖe nɔnɔmetataawo dometɔ akpa gãtɔ ŋu nye biabia siwo ana mɔ ɖevia wòagblɔ eƒe susu, eye esia anɔ te ɖe nusi kpɔm wòle kple nusi wòxlẽ dzi. Eyata mito nɔnɔmetataawo me kple ɖeviawo. Wonye nufiafiamɔnu nyui si ana nu vevi siwo wofia wo natsi susu me na wo.
Ne ɖevia nya nuxexlẽ la, de dzi ƒo nɛ be wòaxlẽ agbalẽa na wò nàse eye eya ŋutɔ hã nanɔ exlẽm le eɖokui si. Zi alesi wòanɔ exlẽm la, zi nenemae nuxlɔ̃ame nyui siwo le eme alé ɖe susu kple dzi me nɛ. Gake be nàna lɔlɔ̃ kple bubu si anɔ mia kple viwò dome nade to ɖe edzi la, ahiã godoo be mia kple ɖevia miaxlẽ agbalẽa ɖekae, eye mixlẽe edziedzi.
Egbea ɖeviwo dzea ŋgɔ gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ, gbɔgbɔyɔyɔ, kple nuwɔna ƒaƒã bubuwo si tɔgbe meva susu me na ame gɔ̃ hã le ƒe ʋɛ siwo va yi me o. Le esia ta wohiã ametakpɔkpɔ, eye esia tututue agbalẽ sia le kpekpem ɖe ŋuwò be nàwɔ le mɔ si ŋu bubu le si le tẽ nu. Gake vevitɔe nye be woafia mɔ ɖeviwo ayi nunyawo katã Tsoƒe, si nye mía Fofo si le dziƒo, Yehowa Mawu, gbɔ. Esia tututue nye nusi Yesu, Nufiala Gã la, wɔ ɣeawokatãɣi. Míele mɔ kpɔm vevie be agbalẽ sia akpe ɖe mia kple miaƒe ƒomea ŋu be miatrɔ asi le miaƒe agbenɔnɔ ŋu wòadze Yehowa ŋu, bene wòanye yayra mavɔ na mi.