‘Vevietɔ La Mitsɔ Lɔlɔ̃ Deto Lɔ̃ Mia Nɔewo’
“Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. . . . Ke vevietɔ la, mitsɔ lɔlɔ̃ deto lɔ̃ mia nɔewo.”—PETRO I, 4:7, 8, NW.
YESU nyae be gaƒoƒo ʋɛ siwo susɔ yeatsɔ anɔ yeƒe apostoloawo gbɔ la xɔ asi ŋutɔ. Enya nusi nɔ wo lalam. Dɔ gã aɖe li woawɔ, gake woalé fu wo eye woati wo yome, abe alesi tututu wowɔe ɖe eya ŋutɔ ŋu ene. (Yohanes 15:18-20) Le zã mamlɛtɔ si wonɔ anyi ɖekae me la, eɖo ŋku edzi na wo zi geɖe alesi wòhiã be ‘woalɔ̃ wo nɔewo.’—Yohanes 13:34, 35; 15:12, 13, 17.
2 Apostolo Petro, amesi nɔ anyi le zã ma me, kpɔ nya ma ƒe vevienyenye dze sii. Le ƒe aɖewo megbe esi Petro nɔ agbalẽ ŋlɔm do ŋgɔ kpuie na Yerusalem ƒe tsɔtsrɔ̃ la, ete gbe ɖe alesi lɔlɔ̃ le vevie dzi. Exlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ. . . . Ke vevietɔ la, mitsɔ lɔlɔ̃ deto lɔ̃ mia nɔewo.” (Petro I, 4:7, 8, NW) Gɔmesese vevi aɖe le Petro ƒe nyawo ŋu na amesiwo le agbe le nuɖoanyi sia ƒe “ŋkeke mamlɛawo” me. (Timoteo II, 3:1) Nukae nye “lɔlɔ̃ deto”? Nukatae wòle vevie be lɔlɔ̃ sia ƒomevi nanɔ mía si na amewo? Eye aleke míate ŋu aɖee afia be lɔlɔ̃ sia le mía si?
“Lɔlɔ̃ Deto”—Nukae Wònye?
3 Ame geɖe susuna be lɔlɔ̃ nye seselelãme aɖe si vana le eɖokui si. Gake menye lɔlɔ̃ ƒomevi ɖesiaɖe ko ŋue Petro nɔ nu ƒom tsoe o; lɔlɔ̃ aɖe si ƒo ɖesiaɖe ta ŋue wònɔ nu ƒom tsoe. Nya “lɔlɔ̃” si dze le Petro I, 4:8 la nye Helagbe me nya si nye a·gaʹpe gɔmeɖeɖe. Nya sia fia ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ si wonɔa te ɖe gɔmeɖose dzi ɖena fiana. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Woate ŋu abia be woaɖe lɔlɔ̃ si nye agape afia elabena menye seselelãme dzi koŋ wònɔ te ɖo o, ke boŋ enye lɔlɔ̃nu faa ƒe nyametsotso aɖe si na wowɔa nu.” Esi wodzi mí kple ɖokuitɔdidi ƒe nudzodzrowo ta la, ehiã be woaɖo ŋku edzi na mí be míalɔ̃ mía nɔewo, ahawɔ esia le mɔ si sɔ ɖe Mawu ƒe gɔmeɖosewo nu.—Mose I, 8:21; Romatɔwo 5:12.
4 Gake esia mele fiafiam be ele be míalɔ̃ mía nɔewo kple susu be enye agba le mía dzi ta ko o. A·gaʹpe nye nɔnɔme si me vividoɖeameŋu kple seselelãme dzena le. Petro gblɔ be ele be ‘míatsɔ lɔlɔ̃ deto [“si keke,” le nyaa ŋutɔŋutɔ nu] alɔ̃ mía nɔewo vevie.’a (Kingdom Interlinear) Ke hã, lɔlɔ̃ sia ɖeɖefia bia agbagbadzedze geɖe. Agbalẽnyala aɖe gblɔ tso Helagbe me nya si gɔme woɖe be “deto” ŋu be: “Woate ŋu atsɔe asɔ kple kametela aɖe si le eƒe lãmekawo me hem vevie alesi wòate ŋui esi wòle agbagba mamlɛtɔ dzem be yeawu duɖimekeke aɖe nu.”
5 Eyata mele be míaƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia nanye nusiwo le bɔbɔe wɔwɔ ko alo anye esi míaɖe afia ame ʋɛ aɖewo ko o. Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ bia be ‘míakeke’ míaƒe dzi me, ahalɔ̃ ame ne ema wɔwɔ asesẽ na mí hã. (Korintotɔwo II, 6:11-13) Eyata eme kɔ be ehiã be míatu lɔlɔ̃ sia ƒomevi ɖo ahanɔ eɖem fia, abe alesi ko wòle be kametela nana hehe eɖokui ahawɔ nusi hiã be wòabi ɖe edzi ene. Ele vevie be míaɖe lɔlɔ̃ sia afia mía nɔewo. Nukatae? Susu vevi etɔ̃ ya teti tae.
Nukatae Wòle Be Míalɔ̃ Mía Nɔewo?
6 Gbã, “elabena lɔlɔ̃ la tso Mawu me.” (Yohanes I, 4:7) Yehowa, Amesi gbɔ nɔnɔme lédziname sia dzɔ tso lae lɔ̃ mí gbã. Apostolo Yohanes gblɔ be: “Esia me woɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ la ɖe go fia le le mía me bena, Mawu dɔ eƒe Tenuvi ɖo ɖe xexeame, bena míanɔ agbe to eyama me.” (Yohanes I, 4:9) ‘Wodɔ’ Mawu ƒe Vi la ale be wòva zu amegbetɔ, wɔ eƒe subɔsubɔdɔa, heku le fuwɔameti ŋu—ewɔ esiawo katã “bena míanɔ agbe.” Aleke wòle be míawɔ nu ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ ɖeɖefia gãtɔ kekeake sia nui? Yohanes gblɔ be: “Esi Mawu lɔ̃ mí ale la, ele na míawo hã be, míalɔ̃ mía nɔewo.” (Yohanes I, 4:11) De dzesii be Yohanes ŋlɔ be, “Esi Mawu lɔ̃ mí ale la”—menye wò ko o, ke mí. Nya la me kɔ ƒã: Ne Mawu lɔ̃a mía hati tadeagulawo la, ekema ele be míawo hã míalɔ̃ wo.
7 Evelia, ele vevie ŋutɔ be míalɔ̃ mía nɔewo geɖe wu fifia ale be míakpe ɖe mía nɔvi siwo hiã tu ŋu elabena “nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ.” (Petro I, 4:7) Míele agbe le “ɣeyiɣi vɔ̃wo” me. (Timoteo II, 3:1) Xexeame ƒe nɔnɔmewo, dzɔdzɔmefɔkuwo, kple tsitretsiɖeŋu naa míekpea fu. Le nɔnɔme sesẽwo me la, ehiã be míate ɖe mía nɔewo ŋu wu. Lɔlɔ̃ deto ate mí aƒo ƒu ɖekae eye wòaʋã mí be ‘míalé be na mía nɔewo.’—Korintotɔwo I, 12:25, 26.
8 Etɔ̃lia, ehiã be míalɔ̃ mía nɔewo elabena míedi be ‘míana mɔ Abosam’ be wòagblẽ nu le mía ŋu o. (Efesotɔwo 4:27) Satana nɔa ŋudzɔ be yeazã mía haxɔsetɔwo ƒe blibomademadewo—woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, vodadawo, kple agɔdzedzewo—woanye kplamatsedonuwo na mí. Ðe nya aɖe si ŋu womebu nyuie hafi gblɔ o alo nuwɔna aɖe si me dɔmenyonyo medze le o ana míadzo le hamea mea? (Lododowo 12:18) Ne lɔlɔ̃ deto le mía si na mía nɔewo la, esia madzɔ o! Lɔlɔ̃ sia kpena ɖe mía ŋu míenaa ŋutifafa nɔa anyi eye míewɔa ɖeka tsɔa “nusɔsɔ” subɔa Mawu.—Zefanya 3:9.
Alesi Nàɖee Afia be Yelɔ̃a Amewo
9 Ele be lɔlɔ̃ ɖeɖefia nadze egɔme tso aƒeme. Yesu gblɔ be lɔlɔ̃ si anɔ yeƒe nusrɔ̃la vavãwo si na wo nɔewoe woatsɔ ade dzesi wo. (Yohanes 13:34, 35) Menye hamea me koe wòle be míaƒe lɔlɔ̃ nadze le o ke le ƒomea me hã—le srɔ̃tɔwo dome kpakple le dzilawo kple wo viwo dome. Sese le mía ɖokui me be míelɔ̃ míaƒe ƒomea me tɔwo ɖeɖe mesɔ gbɔ o; ehiã be míaɖee afia le mɔ tuameɖowo nu.
10 Alekee srɔ̃tɔwo ate ŋu aɖe lɔlɔ̃ afia wo nɔewoe? Srɔ̃ŋutsu si lɔ̃a srɔ̃a vavã la toa eƒe nuƒoƒo kple nuwɔna dzi naa wònyana—le hadome kple ne woawo ɖeɖe koe li—be yedea asixɔxɔ eŋu. Edea bubu srɔ̃nyɔnua ŋu eye wòbua eƒe susuwo, nukpɔsusuwo, kple seselelãmewo ŋu. (Petro I, 3:7) Edia eƒe viɖe gbã, eye ewɔa nusianu si wòate ŋui tsɔ kpɔa srɔ̃anyɔnua ƒe ŋutilãme, gbɔgbɔ me, kple seselelãme nuhiahiãwo gbɔ nɛ. (Efesotɔwo 5:25, 28) Srɔ̃nyɔnu si lɔ̃a srɔ̃a vavã la ‘sia srɔ̃a ɖa,’ ne srɔ̃ŋutsua mewɔa nuwo ɣeaɖewoɣi abe alesi wòdii ene o hã. (Efesotɔwo 5:22, 33) Ekpea asi ɖe srɔ̃a ŋu eye wòbɔbɔna ɖe ete, mebiaa nusiwo gbɔ eme o, ke boŋ ewɔa nu kple srɔ̃aŋutsua aduadu le gbɔgbɔmenuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ me.—Mose I, 2:18; Mateo 6:33.
11 Dzilawo, aleke miate ŋu aɖee afia mia viwo be yewolɔ̃ wo? Miaƒe lɔlɔ̃ faa ado vevie dɔ awɔ atsɔ akpɔ wo dzi aɖee fia wo be mielɔ̃ yewo. (Timoteo I, 5:8) Gake menye nuɖuɖu, nudodo, kple mlɔƒe koe ɖeviwo hiã o. Be woatsi ava lɔ̃ ame eye woasubɔ Mawu vavã la, ehiã be woana hehe wo tso gbɔgbɔmenuwo ŋu. (Lododowo 22:6) Ema fia be ƒomea nawɔ ɖoɖo asrɔ̃ Biblia, akpɔ gome le subɔsubɔdɔa me, eye woade Kristotɔwo ƒe kpekpewo. (Mose V, 6:4-7) Be woanɔ nusiawo wɔm ɣesiaɣi bia agbagbadzedze geɖe, vevietɔ le ɣeyiɣi sesẽ siawo me. Miaƒe ɖetsɔleme kple agbagbadzedze be miakpɔ mia viwo ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ nye alesi mielɔ̃ woe ɖeɖefia, elabena mietoa esia dzi ɖenɛ fiana be yewotsɔ ɖe le woƒe dedienɔnɔ mavɔ me vevie.—Yohanes 17:3.
12 Ele vevie hã be dzilawo naɖee afia wo viwo be yewolɔ̃ wo to woƒe seselelãme nuhiahiãwo gbɔ kpɔkpɔ na wo me. Nu ate ŋu agblẽ le ɖeviwo ŋu bɔbɔe; woƒe dzi fẽawo hiã miaƒe kaka ɖe edzi na wo be yewolɔ̃ wo. Migblɔ na wo be yewolɔ̃ wo, eye mitsɔ ɖe le eme na wo vevie, elabena nusiawo wɔwɔ ana woaka ɖe edzi be wolɔ̃ yewo eye be asixɔxɔ le yewo ŋu. Mikafu wo vividoɖeameŋutɔe tso dzime, elabena esia naa wonyana be miekpɔa agbagba siwo dzem yewole eye be miedea asixɔxɔ wo ŋu. Mihe to na wo le lɔlɔ̃ me, elabena tohehe siawo ƒomevi naa wokpɔnɛ dzea sii be mietsɔ ɖe le amesiwo ƒomevi zum yewole la me. (Efesotɔwo 6:4) Lɔlɔ̃ ɖeɖefia nuwɔna siawo katã kpena ɖe ame ŋu wotua ƒome kpɔdzidzɔ, si me ɖekawɔwɔ le ɖo, eye wonɔa klalo nyuie wu be yewoanɔ te ɖe nuteɖeamedzi siwo vaa mía dzi le ŋkeke mamlɛ siawo me la nu.
13 Lɔlɔ̃ ʋãa mí míeŋea aɖaba ƒua ame bubuwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi. Ðo ŋku edzi be esime Petro nɔ nu xlɔ̃m amesiwo wònɔ agbalẽ ŋlɔm na, be ‘woatsɔ lɔlɔ̃ deto alɔ̃ wo nɔewoe’ la, egblɔ susu si ta esia le vevie ɖo: “Elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.” (Petro I, 4:8) Be ‘woatsyɔ nu’ nuvɔ̃wo dzi mefia be ‘woamia nu ɖe’ nuvɔ̃ gãwo dzi o. Esɔ be míaʋu go nuvɔ̃ siawo eye amesiwo dze le hamea me la nakpɔ wo gbɔ. (Mose III, 5:1; Lododowo 29:24) Manye lɔlɔ̃ ɖeɖefia kura o—eye mawɔ ɖeka kple Ŋɔŋlɔawo hã o—be míaɖe mɔ amesiwo wɔ nuvɔ̃ gãwo nayi edzi anɔ nu gblẽm le ame maɖifɔwo ŋu.—Korintotɔwo I, 5:9-13.
14 Zi geɖe la, vodada alo agɔ siwo haxɔsetɔwo adze le mía dzi la manye esiwo nye ŋkubiãnya o. Mí katã míedaa vo le nuƒoƒo kple nuwɔna me ɣeaɖewoɣi, esi wɔnɛ be míeɖea dzi le mía nɔewo ƒo alo wɔa nusi vea mía nɔewo gɔ̃ hã. (Yakobo 3:2) Ðe wòle be míanɔ klalo ɣesiaɣi ɖe ame aɖe ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo gbɔgblɔ na ame bubuwo ŋua? Ðeko nusia wɔwɔ ana masɔmasɔwo nanɔ hamea me. (Efesotɔwo 4:1-3) Ne lɔlɔ̃e fiaa mɔ mí la, ekema míanɔ mía hati tadeagulawo ƒe ‘vodadawo kakam’ o. (Psalmo 50:20) Abe alesi ko gli ŋu zɔzrɔ̃ kple aŋɔsisi nɛ tsyɔa nu teƒe siwo ka alo ƒo ɖi dzii ene la, nenema kee lɔlɔ̃ tsyɔa ame bubuwo ƒe blibomademadewo dzii.—Lododowo 17:9.
15 Lɔlɔ̃ aʋã mí míakpe ɖe amesiwo hiã tu ŋutɔŋutɔ la ŋu. Esi nɔnɔmeawo yi edzi le gbegblẽm ɖe edzi le ŋkeke mamlɛawo me ta la, haxɔsetɔwo ate ŋu ahiã kpekpeɖeŋu ɣeaɖewoɣi. (Yohanes I, 3:17, 18) Le kpɔɖeŋu me, ɖe ganyawo le fu ɖem na hamea me tɔ aɖe vevie alo dɔ ge le esia? Ekema ɖewohĩ míate ŋu anae ŋutilãmekpekpeɖeŋu aɖe, le alesi míaƒe nɔnɔmewo aɖe mɔe nu. (Lododowo 3:27, 28; Yakobo 2:14-17) Ðe wòhiã be woadzra ahosi tsitsi aɖe ƒe aƒeme ɖoa? Ekema ɖewohĩ míate ŋu awɔ nane akpe asi ɖe dɔa ŋu.—Yakobo 1:27.
16 Menye amesiwo le míaƒe nutoa me koe wòle be míalɔ̃ o. Ɣeaɖewoɣi la, míate ŋu ase nyatakakawo tso Mawu subɔla siwo le dukɔ bubuwo me siwo ŋu ahom sesẽwo, anyigbaʋuʋuwo, alo dukɔ me zitɔtɔ gblẽ nu le ŋu. Ðewohĩ nuɖuɖu, nudodo, kple nu bubuwo ahiã wo vevie. Eɖanye ameƒomevi si me tɔ wonye alo gbegbɔgblɔ ka kee wodona o, mele vevie o. ‘Míelɔ̃a nɔviwo ƒe habɔbɔ bliboa katã.’ (Petro I, 2:17) Eyata abe hame siwo nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me ene la, míedina vevie be míakpe asi ɖe kpekpeɖeŋunana ɖoɖo si wowɔ la ŋu. (Dɔwɔwɔwo 11:27-30; Romatɔwo 15:26) Ne míeɖe lɔlɔ̃ fia le mɔ siawo katã nu la, ekema míele ŋusẽ dom kadodo si bla mí ɖekae le ŋkeke mamlɛ siawo me.—Kolosetɔwo 3:14.
17 Lɔlɔ̃ ʋãa mí be míagblɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na amewo. Bu Yesu ƒe kpɔɖeŋua ŋu kpɔ. Nukatae wòɖe gbeƒã hefia nu? “Eƒe dɔme trɔ” ɖe amehawo ŋu le gbɔgbɔ me hiahiã si me wonɔ la ta. (Marko 6:34) Subɔsubɔhakplɔla alakpatɔawo metsɔ ɖeke le eme na wo o eye wokplɔ wo trae, evɔ woawoe wòle be woafia amewo gbɔgbɔ me nyateƒea ahana mɔkpɔkpɔ naɖo wo si hafi. Eyata lɔlɔ̃ deto si tso dzime kple dɔmetɔtrɔ ʋã Yesu wòtsɔ “mawufiaɖuƒe la ŋu nyanyui” fa akɔ na wo.—Luka 4:16-21, 43.
18 Egbea hã, womekpɔ ame geɖe ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ na wo o, wokplɔ wo trae, eye mɔkpɔkpɔ aɖeke mele wo si o. Ne míekpɔa amesiwo mekpɔ dze si Mawu vavã la o ƒe gbɔgbɔmenuhiahiãwo dzea sii abe Yesu ene la, ekema lɔlɔ̃ kple dɔmetɔtrɔ aʋã mí be míagblɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na wo. (Mateo 6:9, 10; 24:14) Esi ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ ta la, agbeɖeɖedɔ sia wɔwɔ hiã kpata fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe.—Timoteo I, 4:16.
“Nuwo Katã ƒe Nuwuwu Ðo Vɔ”
19 Ðo ŋku edzi be Petro dze eƒe aɖaŋuɖoɖo be míalɔ̃ mía nɔewo la gɔme kple nya siawo be: “Nuwo katã ƒe nuwuwu ɖo vɔ.” (Petro I, 4:7) Eteƒe madidi o, Mawu ƒe xexeme yeye dzɔdzɔea axɔ ɖe xexe vɔ̃ɖi sia teƒe. (Petro II, 3:13) Eyata menye nuwo wɔwɔ ɖewoɖewoe ƒe ɣeyiɣie nye esia kura o. Yesu xlɔ̃ nu mí be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie, bena nutsuɖuɖu kple ahamumu kple dzimaɖitsitsi ɖe nuɖuɖu ŋu nagate miaƒe dzi ɖe to o, eye ŋkeke ma nagalili mi abe mɔ̃ ene o.”—Luka 21:34, 35.
20 Eyata mina míaɖoe kplikpaa be ‘míanɔ ŋudzɔ,’ ahanya afisi míeɖo na ɣeyiɣia. (Mateo 24:42) Mina míanɔ ŋudzɔ ɖe Satana ƒe tetekpɔ ɖesiaɖe si ate ŋu akplɔ mí atrae ŋu. Migana míaɖe mɔ gbeɖe be xexe sia si me vivimadoɖeameŋu kple amemalɔ̃malɔ̃ xɔ aƒe ɖo la naxe mɔ na mí be míado kpo amewo lɔlɔ̃ o. Ƒo wo katã ta la, mina míate ɖe Mawu vavã, Yehowa, amesi ƒe Mesia Fiaɖuƒea ana eƒe tameɖoɖo wɔnuku siwo ku ɖe anyigba ŋu la nava eme kpuie, la ŋu kplikplikpli wu.—Nyaɖeɖefia 21:4, 5.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Le Petro I, 4:8 la, Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo gblɔ be ele be míalɔ̃ mía nɔewo “tso dzime,” “wòade to,” alo “vevie.”
NUSƆSRƆ̃ BIABIAWO
• Kaklãnana nuxlɔ̃ame kae Yesu na eƒe nusrɔ̃lawo, eye nukae ɖee fia be Petro kpɔ nya ma ƒe vevienyenye dze sii? (Mm. 1-2)
• Nukae nye “lɔlɔ̃ deto”? (Mm. 3-5)
• Nukatae wòle be míalɔ̃ mía nɔewo? (Mm. 6-8)
• Aleke nàte ŋu aɖee afia amewo be yelɔ̃ wo? (Mm. 9-18)
• Nukatae menye nuwo wɔwɔ ɖewoɖewoe ƒe ɣeyiɣie nye esia o, eye nukae wòle be míaɖo kplikpaa be míawɔ? (Mm. 19-20)
[Nɔnɔmetata si le axa 29]
Ƒome si me tɔwo wɔ ɖeka la sua te nyuie wu be woanɔ te ɖe ŋkeke mamlɛ siawo me nuteɖeamedziwo nu
[Nɔnɔmetata si le axa 30]
Lɔlɔ̃ ʋãa mí míekpena ɖe amesiwo hiã tu ŋutɔŋutɔ la ŋu
[Nɔnɔmetata si le axa 31]
Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia gbɔgblɔ na amewo nye lɔlɔ̃ ɖeɖefia wo