Fukpekpewo Katã Nu Ayi Kpuie!
Ànya bia le wò agbe me kpɔ be, ‘Nukatae fukpekpe bɔ alea ɖo?’ Ameƒomea kpe fu geɖe tso aʋawɔwɔ, ahedada, afɔku, nuvlowɔwɔ, nu madzɔmadzɔ wɔwɔ, dɔléle, kple ku si me ƒe akpe geɖe. Le ƒe alafa ɖeka siwo va yi me la, ameƒomea kpe fu wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Ðe fukpekpe siawo katã nu ava yi gbaɖegbea?
Ŋuɖoɖo fakɔname lae nye ẽ, wo nu ava yi, eye eteƒe magadidi kura o! Mawu ƒe Nya Biblia gblɔ be: “Ame vɔ̃ɖi la maganɔ anyi o . . . Ke ame [fafawo] anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.” Biabia lae nye be, ɣeyiɣi didi kae ame fafawo anɔ anyigba dzi le ŋutifafa me ase ɖo? “Ame dzɔdzɔewo anyi anyigba la dome, eye woanɔ edzi tegbee.”—Psalmo 37:10, 11, 29.
Ne Mawu ɖe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe ɖa vɔ la, atrɔ anyigba la wòazu paradiso. Ekema amewo ate ŋu anɔ agbe le lãmesẽ deblibo kple dzidzɔkpɔkpɔ me tegbee. Mawu ƒe Nya gblɔe ɖi be: “Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku me, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple veve aɖeke maganɔ anyi o.”—Nyaɖeɖefia 21:4.
Le xexe yeye ma me la, woagbɔ agbe ame kukuwo gɔ̃ hã be woava kpɔ gome le yayra mawo me elabena: “Tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:15) Esia tae Yesu Kristo gblɔ na nuvɔ̃wɔla trɔdzime aɖe si xɔ edzi se la be: ‘Ànɔ Paradiso la me kplim.’—Luka 23:43.
Nukae He Fukpekpe Vɛ?
Esi wònye Mawu ɖo etsɔme wɔnuku ma gbegbe ƒe tame na amegbetɔwo la, ke nukatae wòɖe mɔ amewo va te fu kpekpe? Nukatae wòɖe mɔ fukpekpe li ɣeyiɣi didi alea gbegbe ɖo?
Mawu wɔ Adam kple Xawa wode blibo le ŋutilã kple susu me. Eda wo ɖe paradisobɔ aɖe me eye wòna dɔ si me dzidzeme le la wo be woawɔ. Biblia gblɔ be: “Mawu kpɔ nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.” (Mose I, 1:31) Ne ɖe woɖo to Mawu la, anye ne wodzi vi deblibowo eye anye ne anyigba la zu paradiso si xɔ xexeame katã, afisi amewo anɔ agbe le ŋutifafa kple dzidzɔkpɔkpɔ me tegbee le hafi.
Mawu na nunana wɔnuku si nye tiatiawɔblɔɖe Adam kple Xawa esime wòwɔ wo. Mewɔ wo be woanɔ abe mɔ̃ siwo si susu mele o la ene o. Ke hã, be woayi edzi akpɔ dzidzɔ ɖaa la nɔ te ɖe tiatiawɔblɔɖe si le wo si la ŋudɔwɔwɔ le mɔ nyuitɔ nu dzi—si nye toɖoɖo Mawu ƒe sewo. Mawu gblɔe wòsɔ be: “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la.” (Yesaya 48:17) Tiatiawɔblɔɖe mazãmazã nyuie ahe afɔku vɛ, elabena womewɔ amegbetɔwo be agbe nadze edzi na wo Mawu ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee o. Biblia gblɔ be: “Amegbetɔ ƒe mɔ kple ŋutsu ƒe zɔzɔme la menye eya ŋutɔ si me wòle, ne eƒe azɔlime nato mɔ ɖeka o.”—Yeremya 10:23.
Nublanuitɔe la, mía dzila gbãtɔawo susui be agbe ate ŋu adze edzi na yewo Mawu ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee. Gake esi wogbe Mawu ƒe dziɖulanyenye la, Mawu megayi edzi nɔ megbe na wo be woakpɔtɔ anye ame deblibowo o. Eyata wote gbɔdzɔgbɔdzɔ vivivi eye mlɔeba la, wova tsi ku amegã kple nyagã heku. Míenyi blibomademade kple ku ƒe dome tso wo gbɔ esi woawoe dzi mí ta.—Romatɔwo 5:12.
Dziɖulanyenye—Eyae Nye Nya Vevi si Fɔ Ðe Te
Nukatae Mawu metsrɔ̃ Adam kple Xawa hegbugbɔ wɔ atsu kple asi bubu o? Nusitae nye be wotsɔ nya ɖe Mawu ƒe xexeame katã ƒe dziɖulanyenye, si nye gome si le esi be wòaɖu dzi, ŋu. Nyabiabia si fɔ ɖe tee nye, Amekae dze aɖu dzi, eye ameka ƒe dziɖuɖue nye nyuitɔ? Ne míagblɔe le mɔ bubu nu la, Ðe agbe adze edzi na amegbetɔwo wu ne Mawu menye woƒe dziɖula oa? Mawu akpɔ nya la gbɔ bliboe ne eɖe mɔ na amegbetɔwo ɣeyiɣi didi aɖe wozã woƒe tiatiawɔblɔɖea bliboe tsɔ ɖu wo ɖokui dzi kpɔ be agbe adze edzi na wo Mawu ƒe dziɖuɖu manɔmee hã. Ele be woana ɣeyiɣi didi aɖe ŋutɔ amegbetɔwo be woatsɔ ate dziɖuɖu, hadomegbenɔnɔ, gaŋutiɖoɖo, kple subɔsubɔha ƒomevi vovovowo akpɔ Mawu ƒe mɔfiafia manɔmee.
Nukae do tso eme? Kpeɖodzi gbogbowo li siwo fia be fukpekpe sɔŋ ye xɔ aƒe ɖe amegbetɔ ƒe ƒe akpe geɖe ƒe ŋutinya me. Ameƒomea to fukpekpe dziŋɔwo me le ƒe alafa ɖeka siwo va yi me wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Wowu ame miliɔn geɖe le Xexemeʋa II wɔɣi. Amesiwo wu miliɔn 100 ye wowu le aʋawɔwɔwo me. Nuvlowɔwɔ kple hlɔ̃dodo va bɔ ale gbegbe. Atikemuamewo zazã bɔ ɖe afisiafi le xexeame. Ame geɖe le nulɔdɔwo xɔm. Ame miliɔn gbogbo aɖewo kuna ƒe sia ƒe le dɔwuame kple dɔléle ta. Ƒomegbenɔnɔ kple agbenyuinɔnɔ me le gbegblẽm le afisiafi. Kuxi siawo gbɔ kpɔnuwo mele amegbetɔwo ƒe dziɖuɖu aɖeke si o. Wo dometɔ aɖeke mete ŋu ɖe amegãkuku, dɔléle, kple ku ɖa o.
Ameƒomea ƒe nɔnɔme le pɛpɛpɛ ko abe alesi Biblia gblɔe ɖi be anɔ le míaƒe ɣeyiɣia me ene. Mawu ƒe Nya la ɖe nu me be míaƒe ɣeyiɣiae nye nuɖoanyi sia ƒe ‘ŋkeke mamlɛ siwo me nɔnɔ asesẽ.’ Ele ko abe alesi Biblia gblɔe ene be, ‘ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo ayi dzi vɔ̃ɖitɔe wu.’—Timoteo II, 3:1-5, 13.
Fukpekpewo Nu Ayi Kpuie
Kpeɖodziawo fia be míegogo amegbetɔwo ɖokui dzi ɖuɖu Mawu manɔmee si he afɔkuwo vɛ la ƒe nuwuwu. Eva dze gaglã be amegbetɔ mate ŋu aɖu eɖokui dzi agbe nadze edzi nɛ Mawu ƒe kpekpeɖeŋu manɔmee gbeɖe o. Mawu ƒe dziɖuɖu ɖeɖekoe ahe ŋutifafa, dzidzɔkpɔkpɔ, lãmesẽ blibo, kple agbe mavɔ nɔnɔ vɛ. Eyata Yehowa ƒe mɔɖeɖe ɖe vɔ̃ɖinyenye kple fukpekpe ŋu gogo nuwuwu. Eteƒe madidi o, Mawu ade nu amegbetɔwo ƒe nyawo me ahatsrɔ̃ nuɖoanyi blibo dokponu sia.
Biblia me nyagblɔɖi aɖe gblɔ be: “Le fia mawo [dziɖula amegbetɔ siwo li fifia] ŋɔli la dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe aɖe anyi [ɖe dziƒo], si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o, . . . agbã fiaɖuƒe mawo katã [dziɖuɖu siwo li fifia], eye wòagblẽ wo, ke eya ŋutɔ anɔ anyi tegbee.” (Daniel 2:44) Yehowa ƒe dziɖulanyenye, si nye gome si le esi be wòaɖu dzi, taʋiʋli to eƒe Dziƒofiaɖuƒea dzi lae nye Biblia me nufiafia vevitɔ. Esi Yesu nɔ “ŋkeke mamlɛawo” ŋuti dzesi vevi aɖe gblɔm ɖi la, egblɔ be: “Woaɖe gbeƒã fiaɖuƒeŋutinya nyui sia afia amewo le xexe blibo la katã me, bena wòanye ɖaseɖiɖi na dukɔwo katã, eye ekema nuwuwu aɖo.”—Mateo 24:14.
Amekawoe atsi agbe ne nuwuwua va? Biblia ɖo eŋu be: “Nuteƒewɔlawo anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwo asusɔ ɖe edzi; ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi.” (Lododowo 2:21, 22) Nuteƒewɔla mawoe nye amesiwo srɔ̃a Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu hewɔnɛ. Yesu Kristo gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Ẽ, “xexeame va yina . . . ; ke amesi wɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu la, nɔa anyi yi ɖe mavɔmavɔ me.”—Yohanes I, 2:17.
Ŋɔŋlɔ siwo katã woyɔ la tso Eʋegbe Biblia me, negbe ne wofia asi bubu aɖe ko.