INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • bh axa 212
  • Nukae Nye Sheol Kple Hades?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukae Nye Sheol Kple Hades?
  • Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amekawoe Woafɔ Ðe Tsitre?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2005
  • Tsitretsitsi ƒe Mɔkpɔkpɔ la ƒe Ŋusẽ
    Wowɔ Ðeka le Mawu Vavã Ðeka la ƒe Tadedeagu Me
Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia?
bh axa 212

MEGBENYAWO

Nukae Nye Sheol Kple Hades?

LE GBE gbãtɔ siwo me woŋlɔ Biblia ɖo me la, Hebrigbe me nya sheʼohlʹ kple Helagbe me nya haiʹdes dze zi 70 kple edzivɔ. Nya eveawo katã ku ɖe ku ŋu. Biblia gɔmeɖela aɖewo ɖe nya siawo gɔme be “yɔdo,” “dzomavɔ,” alo “do.” Gake le gbegbɔgblɔ geɖe me la, nya aɖeke meli si woazã atsɔ afia gɔmesese si koŋ le Hebri kple Hela gbe me nya siawo ŋu o. Eyata New World Translation (Traduction du monde nouveau) zã nya siwo nye “Sheol” kple “Hades.” Nukae nya siawo fia ŋutɔŋutɔ? Na míakpɔ alesi wozã woe le Biblia ƒe teƒe vovovowo ɖa.

Nyagblɔla 9:10 gblɔ be: “Nuwɔwɔ alo tamebubu, sidzedze alo nunya mele tsieƒe [Sheol], afisi yi ge nala o.” Ðe nya sia fia be Sheol nye teƒe aɖe koŋ, alo yɔdo aɖe koŋ si me ɖewohĩ míeɖi míaƒe ame vevi aɖe ɖoa? Ao. Ne Biblia le nu ƒom tso ameɖiƒe, alo yɔdo aɖe koŋ ŋu la, ezãa Hebri kple Hela gbe me nya bubuwo, ke menye sheʼohlʹ kple haiʹdes o. (Mose I, 23:7-9; Mateo 28:1) Nenema kee Biblia mezãna nya “Sheol” na yɔdo si me woɖi ame gbogbo aɖewo ɖo ɖekae o.—Mose I, 49:30, 31.

Ekema teƒe ka ƒomevie “Sheol” nye? Mawu ƒe Nya la ɖee fia be “Sheol,” alo “Hades” nye nane si lolo kura gɔ̃ hã wu yɔdo aɖe si me woɖi ame geɖe ɖo ɖekae. Le kpɔɖeŋu me, Yesaya 5:14 gblɔ be tsiẽƒe alo Sheol “ke eƒe ve me, eye wòke eƒe nu baa.” Togbɔ be Sheol mi ame kuku manyaxlẽ aɖewo xoxo hã la, ewɔ abe egale ame geɖe wu dim be yeami ɣesiaɣi ene. (Lododowo 30:15, 16) “Tsiẽƒe [Sheol] . . . maɖi ƒo akpɔ o;” mele abe ameɖibɔ ɖeka aɖe, si me woate ŋu aɖi ame xexlẽme aɖe ko ɖo, la ene o. (Lododowo 27:20) Sheol meyɔna gbeɖe o. Seɖoƒe meli nɛ o. Eyata menye teƒe aɖe si le afi aɖe koŋ ye Sheol, alo Hades nye o. Ke boŋ enye ameƒomea me tɔ siwo katã ku la ƒe yɔdo, si nye kpɔɖeŋu na teƒe si ame akpa gãtɔ siwo ku la le alɔ̃ dɔm le le ku me.

Nusi Biblia fia tso tsitretsitsi ŋu la kpe ɖe mía ŋu míegase nusi “Sheol” kple “Hades” fia gɔme nyuie wu. Mawu ƒe Nya la gblɔ be amesiwo ku eye wole Sheol kple Hades la nye amesiwo woafɔ ɖe tsitre.a (Hiob 14:13; Dɔwɔwɔwo 2:31; Nyaɖeɖefia 20:13) Mawu ƒe Nya la fia hã be menye amesiwo subɔ Yehowa ɖeɖekoe le Sheol, alo Hades o, ke ame gbogbo aɖe siwo mesubɔe o hã le afima. (Mose I, 37:35; Psalmo 55:16) Eyata Biblia fia nu be “tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.”—Dɔwɔwɔwo 24:15.

a Gake womegblɔ tso ame kuku siwo womafɔ ɖe tsitre o ya ŋu be wole Sheol, alo Hades o, ke boŋ be wole ‘Gehenna.’ (Mateo 5:30; 10:28; 23:33) Gehenna menye teƒe aɖe si le afi aɖe koŋ o, abe Sheol kple Hades ke ene.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe