INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • bt ta 25 axa 196-202
  • “Kaisaro Negbugbɔ Nye Nya La Drɔ̃ Nam!”

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • “Kaisaro Negbugbɔ Nye Nya La Drɔ̃ Nam!”
  • ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “Ʋɔnudrɔ̃zikpui La Ŋgɔe Metsi Tre Ðo” (Dɔw. 25:1-12)
  • “Nyemegbe Ŋutega . . . La Dzi Wɔwɔ O” (Dɔw. 25:13–26:23)
  • “Esusɔ Vie Ko Nàna Matrɔ Nye Susu Azu Kristotɔ” (Dɔw. 26:24-32)
  • Paulo Ði Ðase Dzinɔameƒotɔe le Bubumewo Ŋkume
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Kpe Ðe Ame Bubuwo Ŋu Be Woaxɔ Fiaɖuƒegbedasia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • “Kaisaro Si Mee Metsɔ Nye Nya Dee!”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Lé Dzi Ðe Ƒo—Yehowa Ye Nye Wò Kpeɖeŋutɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2020
Kpɔ Bubuwo
‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
bt ta 25 axa 196-202

TA 25

“Kaisaro Negbugbɔ Nye Nya La Drɔ̃ Nam!”

Paulo ɖo ale si míaʋli nya nyuia ta ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi na mí

Wotui ɖe Dɔwɔwɔwo 25:1–26:32 dzi

1, 2. (a) Nɔnɔme kawo mee Paulo to? (b) Nyabiase kae fɔ ɖe te esi Paulo bia be Kaisaro nagbugbɔ yeƒe nyaa adrɔ̃ na ye?

ASRAFOWO le Paulo ŋu dzɔm vevie le Kaisarea. Ƒe eve do ŋgɔ, esi wòva ɖo Yudea ŋkeke ʋɛ aɖewo megbea, Yudatɔwo te kpɔ zi etɔ̃ ya teti be yewoawui. (Dɔw. 21:27-36; 23:10, 12-15, 27) Va se ɖe fifia, eƒe futɔwo ƒe nugbeɖoɖowo medze edzi o, gake womena ta hã o. Esi Paulo kpɔe be yeagate ŋu ava dze yeƒe futɔwo si me taa, egblɔ na Roma Nutodziɖula Festo be: “Kaisaro negbugbɔ nye nya la drɔ̃ nam!”—Dɔw. 25:11.

2 Ðe Yehowa da asi ɖe nya si Paulo gblɔ be Roma fiagãa negbugbɔ yeƒe nya drɔ̃ na yea dzia? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo le vevie na mí ame siwo le ɖase ɖim tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu tsitotsito le nuwuɣi sia. Míadi be míanya ne Paulo ɖo kpɔɖeŋu ɖi na mí míate ŋu asrɔ̃ le “nya nyui la ta ʋiʋli kple eɖoɖo anyi le se nu siaa me.”—Flp. 1:7.

“Ʋɔnudrɔ̃zikpui La Ŋgɔe Metsi Tre Ðo” (Dɔw. 25:1-12)

3, 4. (a) Nu ka tae Yudatɔwo bia be woakplɔ Paulo va Yerusalem ava drɔ̃ ʋɔnui, eye aleke wòdzɔe be womete ŋu wui o? (b) Aleke Yehowa léa esubɔla siwo li egbea ɖe te abe ale si wòwɔe na Paulo ene?

3 Esi Festo va zu Roma nutodziɖula le Yudea ƒe ŋkeke etɔ̃a gbea, eyi Yerusalem.a Le afi maa, nunɔlawo ƒe tatɔwo kple Yudatɔwo ƒe amegãwo tso Paulo nu nɛ be ewɔ nu vɔ̃ geɖe. Wonya be dziɖuɖua di be Festo nana ŋutifafa nanɔ yewo kple Yudatɔwo katã dome. Eya ta wobia tso Festo si be wòana woakplɔ Paulo ava Yerusalem ne wòadrɔ̃ ʋɔnui le afi ma. Gake tame vɔ̃e woɖo. Futɔ mawo ɖoe be ne wokplɔ Paulo tso Kaisarea gbɔna Yerusalem la, yewoabe ɖe mɔ dzi awui. Gake Festo gbe, eye wògblɔ be: “Amegã siwo le mia dome la nayi [Kaisarea] kplim ne woaɖatso enu, ne ŋutsu la wɔ nu gbegblẽ aɖe nyateƒe.” (Dɔw. 25:5) Esia wɔe be futɔwo mete ŋu wu Paulo o.

4 Le nɔnɔme sesẽ siwo katã me Paulo to mea, Yehowa to Aƒetɔ Yesu Kristo dzi do ŋusẽe. Àɖo ŋku edzi be le ŋutega aɖe mea, Yesu gblɔ na eƒe apostoloa be: “Lé dzi ɖe ƒo!” (Dɔw. 23:11) Egbea hã, Mawu subɔlawo toa nɔnɔme sesẽ vovovowo me. Yehowa mexea mɔ ɖe nɔnɔme sesẽ ɖe sia ɖe si vaa mía dzi nu o. Gake edoa ŋusẽ mí eye wònaa nunya mí be míate ŋu anɔ te ɖe wo nu. Míate ŋu aka ɖe edzi ɣesiaɣi be mía Mawu lɔlɔ̃a ayi edzi ana “ŋusẽ si gbɔ dzɔdzɔmetɔ ŋu” mí.—2 Kor. 4:7.

5. Nya kae Festo gblɔ esi wòdze Paulo ƒe nyaa dɔdrɔ̃?

5 Ŋkeke aɖewo megbea, Festo “[bɔbɔ] nɔ ʋɔnudrɔ̃zikpui la dzi” le Kaisarea.b Eye Paulo kple enutsolawo le tsitre ɖe eŋkume. Esi Paulo nya be nya siwo wotsɔ ɖe ye ŋu nye alakpa taa, egblɔ be: “Nyemeda Yudatɔwo ƒe Se aɖeke dzi alo gblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔ la alo wɔ nu vɔ̃ ɖe Kaisaro ŋu o.” Apostoloa medze agɔ aɖeke o eye ele be woaɖe asi le eŋu. Gake nu kae Festo awɔ? Esi Festo di be yeƒe nu nadze Yudatɔwo ŋu taa, ebia Paulo be: “Èdi be yeayi Yerusalem ne madrɔ̃ nya siawo na wò le afi ma?” (Dɔw. 25:6-9) Nya sia made Paulo dzi kura o! Ne elɔ̃ be yeayi Yerusalem la, ke enutsolawoe anye eƒe ʋɔnudrɔ̃lawo le afi ma, eye woawui godoo. Festo di be yeawɔ nu si adze amehaa ŋu tsɔ wu be wòawɔ nu si sɔ. Ƒe aɖewo do ŋgɔa, Nutodziɖula Pontio Pilato wɔ nu sia tɔgbi ɖe Yesu ŋu. (Yoh. 19:12-16) Ʋɔnudrɔ̃la siwo li egbea hã ate ŋu atso nya me le mɔ si mesɔ o nu be yewoƒe nu nadze amewo ŋu. Eya ta mele be wòawɔ nuku na mí ne nyateƒea dze ƒãa be mímedze agɔ aɖeke o, gake wometso afia dzɔdzɔe na mí o.

6, 7. Nu ka tae Paulo bia be Kaisaro nagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na ye, eye kpɔɖeŋu kae wòto esia dzi ɖo ɖi na Kristotɔ vavãwo egbea?

6 Agbagba si dzem Festo nɔ be yeadze Yudatɔwo ŋu ate ŋu ana Paulo ƒe agbe naɖo afɔku me. Eya ta Paulo wɔ Roma vidzidzi ƒe mɔnukpɔkpɔ si le esi ŋu dɔ. Egblɔ na Festo be: “Kaisaro ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔe metsi tre ɖo, eye afi siae wòle be woadrɔ̃ ʋɔnum le. Nyemeda vo aɖeke ɖe Yudatɔwo ŋu o, abe ale si wò ŋutɔ hã nèva le ekpɔm ene. . . . Kaisaro negbugbɔ nye nya la drɔ̃ nam!” Zi geɖea, ame si bia be Kaisaro nagbugbɔ yeƒe nya adrɔ̃ na yea magate ŋu atrɔe o. Eya ta Festo gblɔ be: “Èbe Kaisaro negbugbɔ nya la drɔ̃ na ye; eya ta àyi Kaisaro gbɔ.” (Dɔw. 25:10-12) Esi Paulo bia be ŋusẽtɔ si kɔ wu nagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na yea, ena míekpɔ nu si mí Kristotɔ siwo li egbea míate ŋu awɔ le nɔnɔme siawo tɔgbi me. Ne futɔwo le “se zãm tsɔ le fu wɔm” mí Yehowa Ðasefowoa, míetsɔna nyaa yia ʋɔnu be míaʋli nya nyuia ta.c—Ps. 94:20.

7 Togbɔ be Paulo medze agɔ aɖeke o hãa, enɔ gaxɔ me ƒe eve sɔŋ. Fifia, mɔnukpɔkpɔa su esi be wòaʋli eɖokui ta le Roma. Gake hafi wòadzoa, dziɖula bubu aɖe di be yease eƒe nyawo.

Ale si amewo le nu wɔm ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe aɖe ƒe nyametsotso ŋu. Nyametsotsoa te ɖe nɔviŋutsu aɖe, eƒe senyala kple nɔvi bubu siwo le ʋɔnudrɔ̃ƒea dzi. Ame siwo menye Ðasefowo o le woƒe senyala kple etɔwo kafum be wokpe ɖe yewo ŋu yewoɖu dzi le nyaa me.

Ne wometso afia dzɔdzɔe na mí oa, míebiana be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na mí

“Nyemegbe Ŋutega . . . La Dzi Wɔwɔ O” (Dɔw. 25:13–26:23)

8, 9. Nu ka tae Fia Agripa ɖi tsa yi Kaisarea?

8 Esi Paulo gblɔ na Festo be Kaisaro nagbugbɔ nyaa adrɔ̃ na ye ŋkeke ʋɛ aɖewo megbea, Fia Agripa kple nɔvianyɔnu Bernike va srã Festo kpɔ be “yewoado gbe” nɛ.d Ɣemaɣi le Roma la, ne woɖo nutodziɖula yeyea, fiagã bubuwo va srãnɛ kpɔ. Susu si koŋ ta Agripa va kafu Festo ɖe eƒe ɖoƒe yeyea ta koe nye be yeadze agbagba adze xɔ̃e ale be wòaɖe vi na ye le etsɔme.—Dɔw. 25:13.

MÍEBIANA BE WOAGBUGBƆ NYA ADRƆ̃ NA MÍ

Ɣeaɖewoɣia, Yehowa Ðasefowo biana be ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔwo nagbugbɔ nya adrɔ̃ na yewo ne yewoakpɔ ablɔɖe aɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. Eƒe kpɔɖeŋu eve aɖewoe nye esi.

Le March 28, 1938 dzia, Amerika Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ te fli ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe bubu aɖe ƒe nyametsotso aɖe me, eye wòtso afia na Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo aɖe be wokpɔ mɔ ama Biblia-srɔ̃gbalẽwo le Amerika ƒe du si nye Griffin me, le Georgia. Ʋɔnunya geɖe siwo Ðasefowo tsɔ yi ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔ sia be woagbugbɔ adrɔ̃ na yewo ale be yewoate ŋu aɖe gbeƒã nya nyuia, ƒe gbãtɔe nye esia.g

Ʋɔnunya bubu ku ɖe Ðasefo aɖe si le Greece si ŋkɔe nye Minos Kokkinakis ŋu. Wolée wu zi 60 sɔŋ le ƒe 48 domee, be ena amewo le dzi me trɔm yi subɔsubɔha bubu me. Wokplɔe yi ʋɔnu zi 18 sɔŋ. Enɔ gaxɔ me ƒe geɖe eye wokplɔe yi aboyo me le keke Aegea Ƒua ƒe ƒukpowo dzi. Le ƒe 1986 mea, Greece ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ da asi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe bubuwo ƒe nyametsotso dzi eye wobu fɔ nɔviŋutsua. Emegbe Nɔviŋutsu Kokkinakis tsɔ nyaa yi Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea. Le May 25, 1993 dzia, ʋɔnudrɔ̃ƒe sia tso nya me be Greece dukɔa dze agɔ elabe Nɔviŋutsu Kokkinakis kpɔ mɔ aƒo nu tso eƒe subɔsubɔ ŋu na amewo.

Yehowa Ðasefowo tsɔ nya geɖe yi Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea be woagbugbɔ adrɔ̃ na yewo eye woɖu dzi le wo dometɔ geɖe me hã. Habɔbɔ bubu aɖeke mebia kpekpeɖeŋu tso Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea gbɔ eye woɖu dzi de Ðasefowo nu o.

Ðe Yehowa Ðasefowo ƒe dziɖuɖu le ʋɔnunya siawo me ɖea vi na ame bubuwo hã? Agbalẽnyala Charles C. Haynes gblɔ be: “Ele be mí katã míada akpe gã aɖe na Yehowa Ðasefowo. Elabe aleke kee amewo dzua woe, nyaa wo ɖa alo dzea wo dzii o, woyia edzi ʋlia woƒe (kple le mɔ aɖe nu míawo hã míaƒe) subɔsubɔ ƒe ablɔɖe ta. Eye ne woɖu dzia, eɖea vi na mí katã.”

g Kpɔ nya siwo me Amerika ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso la ƒe kpɔɖeŋu aɖe le January 8, 2003 ƒe Nyɔ! me, axa 3-11.

9 Festo gblɔ Paulo ŋu nya na Agripa, eye esi nyaa wɔ nuku na Agripa taa, edi be yeaƒo nu kple Paulo. Le ŋufɔkea, dziɖula eveawo ɖo atsyɔ̃ eye wova nɔ anyi ɖe ʋɔnudrɔ̃zikpui dzi. Gake nya siwo Paulo gblɔa wɔ dɔ ɖe ame dzi wu atsyɔ̃ɖoɖo kpeɖii si me Festo kple Agripa nɔ va do.—Dɔw. 25:22-27.

10, 11. Aleke Paulo de bubu Agripa ŋui, eye nya kae Paulo gblɔ tso nu siwo eya ŋutɔ wɔ va yia ŋu na fia la?

10 Paulo da akpe na Fia Agripa ɖe mɔnukpɔkpɔ si wònae be wòaʋli eɖokui ta le eŋkume ta, elabe enyae be Agripa nya Yudatɔwo ƒe kɔnyinyiwo kple nu siwo ŋu wohea nya le nyuie. Paulo ƒo nu tso ale si wònɔ agbe va yii ŋu. Egblɔ be: “Menɔ agbe ɖe míaƒe subɔsubɔ ƒe kɔmama, si sẽ wu la, ƒe nudidiwo nu pɛpɛpɛ abe Farisitɔ ene.” (Dɔw. 26:5) Esi Paulo nye Farisitɔ tsãa, enɔ mɔ kpɔm be Mesia ava. Gake fifia esi wòva zu Kristotɔa, eva de dzesii be Yesu Kristoe nye Mesia si wonɔ mɔ kpɔm na. Eya ta Paulo gblɔ na Agripa be wole ʋɔnu drɔ̃m ye, elabe yele gbeƒã ɖem be Mawu ƒe ŋugbedodo si dzi ye kple yeƒe tsitretsiɖeŋulawo yewoxɔ sea, le eme vam. Paulo ƒe nya siawo wɔe be Agripa di be yeagase nya geɖe tso egbɔ.e

11 Paulo ɖo ŋku ale si wòsẽ ŋuta le Kristotɔwo ŋu va yi dzi eye wògblɔ be: ‘Nye la, mexɔe se tsã be ele be mawɔ nu geɖewo atsɔ atsi tsitre ɖe Yesu Nazaretetɔ la ƒe ŋkɔa ŋu. Esi medo dziku ɖe Yesu ƒe nusrɔ̃lawo ŋu vevie taa, metia wo yome yia du bubuwo hã me.’ (Dɔw. 26:9-11) Menye ɖe Paulo le ami ɖem ɖe nyaa o. Ame geɖe nya ale si wòsẽ ŋuta le Kristotɔwo ŋu. (Gal. 1:13, 23) Agripa anya nɔ eɖokui biam be: ‘Nu kae na ame sia tɔgbi te ŋu trɔ?’

12, 13. (a) Aleke Paulo ƒo nu tso nu siwo na wòtrɔ dzi me ŋu? (b) Mɔ ka nue Paulo nɔ “afɔ tum nutɔnu” le?

12 Nya siwo Paulo gagblɔ kplɔe ɖo na Agripa kpɔ ŋuɖoɖo na nya si nɔ susu me nɛ. Egblɔ be: “[Mexɔ] mɔɖeɖe kple ŋusẽ blibo tso nunɔlawo ƒe tatɔwo gbɔ dze mɔ yina Damasko, eye le ŋdɔ ga wuieve me esi mele mɔa dzi la, Oo Fia, mekpɔ kekeli aɖe si nu sẽ wu ɣe ƒe keklẽ la wòtso dziƒo klẽ ƒo xlãm, eye wòƒo xlã ame siwo le mɔa zɔm kplim hã. Eye esi mí katã míedze anyi la, mese gbe aɖe wògblɔ nam le Hebrigbe me be: ‘Saul, Saul, nu ka ŋuti nèle yonyeme tim? Ne èle afɔ tum nutɔnu la, nu vevi awɔ wò.’ Ke megblɔ be: ‘Wò ame kae, Aƒetɔ?’ Eye Aƒetɔ la gblɔ be: ‘Nyee nye Yesu, ame si yome tim nèle.’”f—Dɔw. 26:12-15.

13 Hafi Paulo nakpɔ ŋutega siaa, enɔ “afɔ tum nutɔnu” le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Ale si ko lã anɔ afɔkpo tum atikplɔ si ƒe nu le tsutsyɔ̃e si wotsɔ le mɔ fiamee, eye wòanɔ nu vevi wɔm eɖokuia, Paulo hã nɔ mɔ xem na Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ, eye wòto esia dzi nɔ nu gblẽm le eya kple Mawu dome kadodoa ŋu. Dzo nɔ Paulo me, gake menye le mɔ nyuitɔ nu o. Eya ta esi Yesu si wofɔ ɖe tsitre ɖe eɖokui fiae le Damasko mɔ dzia, ɖe wònɔ kpekpem ɖe eŋu be wòatrɔ ɖe mɔ nyuitɔ ŋu.—Yoh. 16:1, 2.

14, 15. Nya kae Paulo gblɔ tso tɔtrɔ siwo wòwɔ le eƒe agbe me ŋu?

14 Le nyateƒe mea, Paulo wɔ tɔtrɔ geɖewo le eƒe agbe me. Egblɔ na Agripa be: “Nyemegbe ŋutega si woɖe fiam tso dziƒo la dzi wɔwɔ o, ke boŋ metsɔ gbedeasi la yi na ame siwo le Damasko la gbã, eye emegbe la, na ame siwo le Yerusalem kple Yudea nuto blibo la me kpakple dukɔwo hã, be woatrɔ dzi me, eye woatrɔ ɖe Mawu ŋu ahawɔ dɔ siwo dze dzimetɔtrɔ.” (Dɔw. 26:19, 20) Paulo dze agbagba wɔ ɖe se si Yesu Kristo de nɛ le ŋutega me ŋdɔ ma dzi ƒe geɖe. Nu nyui kawoe do tso eme? Ame siwo ɖo to nya nyui si Paulo ɖe gbeƒãea ɖe asi le woƒe agbe vloewo ŋu, eye wotrɔ ɖe Mawu ŋu. Ame siawo va nyea dumevi nyuiwo eye wowɔna ɖe sewo kple ɖoɖowo dzi.

15 Gake Yudatɔ tsitretsiɖeŋulawo metsɔ ɖeke le nu nyui siwo do tso Paulo ƒe gbeƒãɖeɖedɔa mea me o. Paulo gblɔ be: “Esia tae Yudatɔwo lém le gbedoxɔa me hete kpɔ be yewoawum ɖo. Ke esi Mawu kpe ɖe ŋunye ta la, meyi edzi le ɖase ɖim na ame ŋkutawo kple ame tsɛwo siaa va se ɖe egbe sia.”—Dɔw. 26:21, 22.

16. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Paulo ne míele nu ƒom na ʋɔnudrɔ̃lawo kple amegãwo tso míaƒe dzixɔsewo ŋu?

16 Ele be mí Kristotɔ vavãwo ‘míanɔ klalo ɣesiaɣi be míaʋli’ mɔkpɔkpɔ si le mía si ta. (1 Pet. 3:15) Ne míele nu ƒom na ʋɔnudrɔ̃lawo kple dziɖulawo tso míaƒe dzixɔsewo ŋua, míate ŋu asrɔ̃ ale si Paulo ƒo nu na Agripa kple Festo. Míate ŋu aɖo amegã siawo ƒe dzi gbɔ ne míeƒo nu na wo bubutɔe tso ale si Biblia me nyateƒea na míawo ŋutɔwo kple ame bubu siwo ɖoa to nya nyuia ƒe agbenɔnɔ trɔe ŋu.

“Esusɔ Vie Ko Nàna Matrɔ Nye Susu Azu Kristotɔ” (Dɔw. 26:24-32)

17. Aleke Festo wɔ nu ɖe nya siwo gblɔm Paulo le tsɔ le eɖokui ta ʋlim ŋu, eye aleke ame geɖe wɔa nu nenema egbea?

17 Festo kple Agripa mate ŋu aŋe aɖaba aƒu nya wɔdɔɖeamedzi siwo gblɔm Paulo le dzi o. De dzesi nu si dzɔ: “Esi Paulo le nya siawo gblɔm tsɔ le eɖokui ta ʋlim la, Festo gblɔ kple gbe sesẽ be: ‘Paulo, èle aɖaʋa dzem! Agbalẽsɔsrɔ̃ vivivo na nèle aɖaʋa dzem!’” (Dɔw. 26:24) Ale si Festo wɔ nuia, nenema koe ame geɖe gawɔa nui egbea hã. Ame geɖe bua ame siwo fiaa Biblia me nyateƒea be wonye bometsilawo. Esesẽ na xexe sia me agbalẽnyalawo dometɔ aɖewo be woaxɔ ame kukuwo ƒe tsitretsitsi si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me dzi ase.

18. Aleke Paulo ɖo nya ŋu na Festo, eye nya kae Agripa gblɔ emegbe?

18 Paulo ɖo nyaa ŋu na nutodziɖulaa be: “Bubutɔ Festo, nyemele aɖaʋa dzem o, nye susu le te, eye nyateƒenyawo ko gblɔm mele. Le nyateƒe me la, fia si mele nu ƒom na faa dziɖeɖitɔe la nya nu siawo nyuie. . . . Fia Agripa, èxɔ Nyagblɔɖilawo dzi sea? Menya be èxɔ wo dzi se.” Agripa gblɔ na Paulo be: “Esusɔ vie ko nàna matrɔ nye susu azu Kristotɔ.” (Dɔw. 26:25-28) Nya siawo ɖatso Agripa ƒe dzi me alo womeɖatsoe o, eɖee fia be Paulo ƒe nyawo wɔ dɔ ɖe edzi.

19. Nya kae Festo kple Agripa gblɔ le wo nɔewo dome tso Paulo ƒe nyaa ŋu?

19 Agripa kple Festo tso le woƒe zikpuiwo dzi, si na amehawo kpɔe be ʋɔnua wu enu. “Esi wodzo yina la, wogblɔ na wo nɔewo be: ‘Ame sia mewɔ naneke si dze ku alo gamenɔnɔ o.’ Eye Agripa gblɔ na Festo be: ‘Ne ɖe ŋutsu sia mebia be Kaisaro nagbugbɔ nya la adrɔ̃ na ye o la, anye ne woate ŋu aɖe asi le eŋu hafi.’” (Dɔw. 26:31, 32) Wonyae be Paulo medze agɔ aɖeke o. Ðewohĩ tso ema dzia, woase nu gɔme na Kristotɔwo awɔ nu ɖe wo ŋu nyuie.

20. Esi Paulo ɖi ɖase na fiagã eve siawoa, vi kae wòɖe?

20 Anɔ eme be esi Paulo ɖe gbeƒã na Festo kple Agripa la, wometrɔ dzi me va zu Kristotɔwo o. Ke ɖe susu le eme be Paulo do ɖe wo ŋkume eye wògblɔ nya nyuia na woa? Míaɖo eŋu be ɛ̃. Esi wokplɔ Paulo va “dufiawo kple nutodziɖulawo ŋkume” le Yudea, ewɔe be Roma dziɖuɖumegãwo hã se nya nyuia. Ne menye aleae wòdzɔe oa, anye ne ɖewohĩ mɔnukpɔkpɔa masu wo si woasee o. (Luka 21:12, 13) Ale si Paulo do dzi le nɔnɔme sesẽwo me hã de dzi ƒo na nɔvia Kristotɔwo eye wòdo ŋusẽ woƒe xɔse.—Flp. 1:12-14.

21. Ne míeyi edzi do vevie gbeƒãɖeɖedɔa, nu nyui kawoe ado tso eme?

21 Nenema ko wòle egbea hã. Ne míeyi edzi do vevie gbeƒãɖeɖedɔa togbɔ be míele nɔnɔme sesẽwo me tom eye wole mía yome tim hãa, nu nyuiwo dona tso eme. Ne míewɔe alea, míate ŋu aɖi ɖase na dziɖuɖumegã siwo gbɔ wòasesẽ be míayi. Ne míeyi edzi do dzi nuteƒewɔwɔtɔea, ade dzi ƒo na mía nɔviwo eye wòaʋã wo be dzi nanɔ wo ƒo geɖe wu woaɖi ɖase tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu tsitotsito.

PORKIO FESTO—YUDEA NUTODZIÐULA SI TSO ROMA

Ame siwo kpɔ nudzɔdzɔ siwo ku ɖe Porkio Festo ŋu teƒe ƒe nuŋlɔɖi siwo míenyae nye esi le Apostolowo ƒe Dɔwɔwɔwo ƒe agbalẽa me kple Flavius Josephus ƒe nuŋlɔɖiwo me. Festo va xɔ ɖe Felike teƒe zu Yudea nutoa dziɖula le ƒe 58 K.Ŋ. me lɔƒo eye anɔ eme be eɖu dzi ƒe eve alo etɔ̃ pɛ ko eye wòku.

Porkio Festo.

Edze ƒãa be, Festo ƒe dziɖuɖu de ame dzi wu Felike si teƒe wòva xɔ ɖo kple Albinus si va xɔ ɖe Festo teƒea tɔ. Le Festo ƒe dziɖuɣi ƒe gɔmedzedzea, adzohawo ɖea fu le Yudea. Josephus gblɔ be, “Festo ɖoe be yeana dua me tɔwo nanɔ dedie. Esia taa, elé adzohaa me tɔ geɖe eye wòwu akpa gãtɔ.” Le Festo ƒe dziɖuɣia, Yudatɔwo ŋutɔ ɖo gli kɔkɔ aɖe ale be Fia Agripa naganɔ nu siwo yia edzi le gbedoxɔa mea kpɔm o. Gake Festo ɖe gbe be woamu glia. Esi Yudatɔwo va ɖe kuku nɛa, ebia tso wo si be woatsɔ nyaa yi na Roma Fiagã Nero.

Festo ho aʋa ɖe nu vlo wɔlawo kple aglãdzelawo ŋu vevie. Gake esi wòdi be yeƒe nu nadze Yudatɔwo ŋu taa, ewɔ nu madzɔmadzɔ ɖe Paulo ŋu.

FIA HERODES AGRIPA EVELIA

Agripa si ŋu woƒo nu tsoe le Dɔwɔwɔwo 25 lia mee nye Fia Herodes Agripa Evelia, si nye Herodes Gãtɔ ƒe tɔgbuitɔgbuiyɔvi, eye wònye Herodes si sẽ ŋuta le Yerusalem hamea me tɔwo ŋu ƒe 14 do ŋgɔ la ƒe vi. (Dɔw. 12:1) Agripa ye nye Herodes fiaƒomea ƒe fia mamlɛtɔ.

Fia Herodes Agripa Evelia.

Tɔa ku le ƒe 44 K.Ŋ. me, esime Agripa xɔ ƒe 17 eye wònɔ hehe xɔm le Fiagã Klaudio ƒe fiasã me le Roma. Fiagãa ƒe aɖaŋuɖolawo bui be Agripa metsi axɔ ɖe tɔa teƒe o, eya ta woɖo Roma nutodziɖula aɖe wòxɔ ɖe tɔa teƒe. Togbɔ be edzɔ alea hãa, ŋutinyaŋlɔla Flavius Josephus gblɔ be esime Agripa nɔ Roma la, eƒoa nu ɖe Yudatɔwo nu.

Le ƒe 50 K.Ŋ. mea, Klaudio ɖo Agripa fiae ɖe Kalsis dzi, eye le ƒe 53 K.Ŋ. mea, etsɔ Iturea, Trakoniti kple Abilene kpe ɖe eŋu nɛ. Wodee asi nɛ hã be wòakpɔ Yerusalem gbedoxɔa dzi, eye be wòaɖo nunɔlagãwo na Yudatɔwo. Nero si va xɔ ɖe Klaudio teƒe hã keke Agripa ƒe dziɖuƒewo ɖe enu eye wòtsɔ Galilea kple Perea nutoawo ƒe akpa aɖewo kpe ɖe eŋu nɛ. Agripa kple nɔvianyɔnu Bernike, si ʋu le srɔ̃a si nye Kilikia fia gbɔa, va Kaisarea eye afi mae wodo go Paulo le.—Dɔw. 25:13.

Le ƒe 66 K.Ŋ. me, esi Agripa mete ŋu tsi Yudatɔwo ƒe aglãdzedze ɖe Romatɔwo ŋu nu o taa, Yudatɔwo trɔ ɖe eya ŋutɔ ŋu, esia wɔe be Agripa va de Romatɔwo dzi. Esi Romatɔwo tsi Yudatɔwo ƒe aglãdzedzea nua, Roma Fiagã yeye Vespasian gakeke Agripa ƒe dziɖuƒewo ɖe enu tsɔ ɖo eteƒe nɛ.

a Kpɔ aɖaka si nye “Porkio Festo—Yudea Nutodziɖula Si Tso Roma.”

b “Ʋɔnudrɔ̃zikpui” la nɔ teƒe aɖe si kɔ vie. Teƒe kɔkɔ si ʋɔnudrɔ̃zikpuia le fia be nyametsotso ɖe sia ɖe si ʋɔnudrɔ̃laa awɔe nye mamlɛa, eye ele be woawɔ ɖe edzi. Ʋɔnudrɔ̃zikpui dzie Pilato hã nɔ esime wòle nya siwo wotsɔ ɖe Yesu ŋu dam kpɔ.

c Kpɔ aɖaka si nye “Míebiana Be Woagbugbɔ Nya Adrɔ̃ Na Mí.”

d Kpɔ aɖaka si nye “Fia Herodes Agripa Evelia.”

e Esi Paulo va zu Kristotɔa, exɔe se be Yesue nye Mesia la. Le esia taa, Yudatɔ siwo gbe Yesu bu Paulo be enye xɔsegbela.—Dɔw. 21:21, 27, 28.

f Bibliaŋutinunyala aɖe gblɔ tso nya si Paulo gblɔ be yenɔ mɔ zɔm “le ŋdɔ ga wuieve me” ŋu be: “Zi geɖea, ne mɔzɔlawo mele kplakplakpla dzi oa, woɖina ɖe eme le ɣeyiɣi sia me le ɣea ƒe dzoxɔxɔ ta. Gake Paulo ya mewɔe nenema o. Esia na míekpɔ ale si wòɖoe kplikpaa be yeati Kristotɔawo yome.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe