Hadzidzi 100
Yehowa Ƒe Aʋakɔ Míenye!
(Yoel 2:7)
1. Yah ƒe aʋakɔ míenye,
Gbe nu Futɔa gbɔ,
Ðea gbeƒã Fiaɖuƒea be,
Kristo zu Fia azɔ.
Míetsɔ mía ɖokui na faa,
Wɔa nuteƒe ɖaa.
Míevɔ̃a naneke o;
Dziɖuɖu gogo.
(HAXE)
Yah ƒe aʋakɔ míenye,
Le Via Kristo ŋu,
Le dzidzɔɣli dom be,
“Fiaɖuƒea ɖo vɔ.”
2. Yah ƒe dɔtsɔla’o míenye,
Dia eƒe alẽ
Siwo ka hlẽ kple si’o bu,
Be míakpe ɖe wo ŋu.
Wole hũu ɖem l’avi fam;
Míagblẽ wo ɖi o.
Míakpe wo be woava
Míaƒe kpekpewo.
(HAXE)
Yah ƒe aʋakɔ míenye,
Le Via Kristo ŋu,
Le dzidzɔɣli dom be,
“Fiaɖuƒea ɖo vɔ.”
3. Yah ƒ’asrafowo míenye,
Kplɔ Via Kristo ɖo.
Míele aʋaa dzi vevie,
Doa dzi, léa dzi ɖe ƒo.
Míeɖɔa ŋu ɖo, nɔa ŋudzɔ,
Be míanɔ dedie.
Nyateƒe la míetsɔ
Bla ’li dzi sesĩe.
(HAXE)
Yah ƒe aʋakɔ míenye,
Le Via Kristo ŋu,
Le dzidzɔɣli dom be,
“Fiaɖuƒea ɖo vɔ.”
(Kpɔ Ef. 6:11, 14; Flp. 1:7; Filem. 2 hã.)