Hadzidzi 56
Oo Mawu, Se Nye Gbedodoɖa
Tatatɔ
1. Oo Yehowa, se nye hadzidzi.
Wò ŋkɔ gã la koe mado ɖe dzi.
Tɔwòe menye; wòe nye nye Mawu.
(HAXE)
Oo Mawu, se nye gbedodoɖa.
2. Akpe na wò ɖe nye agbe ta.
Wò nufiamewo doa dzidzɔ nam.
Wò amenuveve léa dzi nam.
(HAXE)
Oo Mawu, se nye gbedodoɖa.
3. Medi be mazɔ kekelia me.
Kpe ɖe ŋunye mawɔ nu dzɔdzɔe.
Do ŋusẽm le nye xaxawo me.
(HAXE)
Oo Mawu, se nye gbedodoɖa.
(Kpɔ 2 Mose 22:27; Ps. 106:4; Yak. 5:11 hã.)