Hadzidzi 74
Dzidzɔkpɔkpɔ Ðe Yehowa Ŋu
1. Dzesiawo fia be Fiaɖuƒe la gogo.
Míaɖe gbeƒã nya nyuia woase.
Mikɔ ta dzi, míaƒe ɖeɖe la gogo;
Míaƒe xɔxɔ la tu aƒe!
(HAXE)
Dzidzɔ ɖe Mawu ŋu nye mɔ́ sesẽ.
Oo dzi ha, nàtso aseye.
Dzi nèdzɔ wò vevie ɖe mɔkpɔkpɔa ŋu.
Ame sia ’me nekafu Mawu.
Dzidzɔ ɖe Mawu ŋu nye mɔ́ sesẽ.
Dukɔwo nanya eƒe ŋkɔ.
Míasubɔ mía Mawu kple Fia la tegbee.
Dzidzɔ le esubɔsubɔ me.
2. Ðo ŋu ɖe Yehowa mía Mawu la ŋu.
Mègavɔ̃ o, ŋusẽ le ’ŋu.
Oo, tso ɖe tsitrenu nàdo ɣli sesĩe,
Nàdzi dzidzɔha na Mawu!
(HAXE)
Dzidzɔ ɖe Mawu ŋu nye mɔ́ sesẽ.
Oo dzi ha, nàtso aseye.
Dzi nèdzɔ wò vevie ɖe mɔkpɔkpɔa ŋu.
Ame sia ’me nekafu Mawu.
Dzidzɔ ɖe Mawu ŋu nye mɔ́ sesẽ.
Dukɔwo nanya eƒe ŋkɔ.
Míasubɔ mía Mawu kple Fia la tegbee.
Dzidzɔ le esubɔsubɔ me.
(Kpɔ 1 Kron. 16:27; Ps. 112:4; Luka 21:28; Yoh. 8:32 hã.)