Hadzidzi 66
Subɔ Yehowa Kple Luʋɔ Blibo
Tatatɔ
1. Oo Yehowa, Dziɖulagã,
Wòe maɖo toe ’labe melɔ̃ wò.
Wòe matsɔ ɖokuinye ana;
Nyemado ŋukpe wò gbeɖe o.
Wò lɔlɔ̃nu mawɔ kple dzidzɔ;
Wò sededewo dzi mawɔ.
(HAXE)
Oo Yehowa, makafu wò;
Masubɔ wò kple luʋɔ blibo.
2. Anyigba kple ɣletiviwo
Le wò gãnyenye kafum na mí.
Masubɔ wò kple nye ŋusẽ,
Aɖe gbeƒã wò ŋkɔ na ’mewo.
Madz’agbagba vevie awɔ ɖe
Nye adzɔgbeɖeɖewo dzi.
(HAXE)
Oo Yehowa, makafu wò;
Masubɔ wò kple luʋɔ blibo.
(Kpɔ 5 Mose 6:15; Ps. 40:8; 113:1-3; Nyagb. 5:4; Yoh. 4:34 hã.)