Hadzidzi 57
Nye Ŋugbledede Nedze Ŋuwò
Tatatɔ
1. Nye gbe sia gbe ŋugbledede
Kple dzimesusuwo katã
Nedze ŋuwò Oo, Aƒetɔ.
Li kem ɖe wò mɔ dzi sesĩe.
Ne dzimaɖitsitsiwo na
Alɔ̃ bu ɖem le zã me la,
Made ŋugble le wò Nya la
Kple nu siwo le dzɔdzɔe ŋu.
2. Nu si’o ŋu woƒoa nu nyui le,
Si’o le dzadzɛ, nye nyateƒe—
Ŋugbledede nu siawo ŋu
Ana makpɔ ŋutifafa.
Oo Ma’u, wò susuwo goglo,
Seɖoƒe meli na wo o.
Made ŋugble le wo ŋu ɖaa.
Nye dzi aku ɖe wo ŋu ɖaa.
(Kpɔ Ps. 49:3; 63:6; 139:17, 23; Flp. 4:7, 8; 1 Tim. 4:15 hã.)