TA WUIÐEKƐLIA
“Mana Kplɔlawo Mi Ðe Nye Dzi Nu”
1, 2. (a) Nu kae ate ŋu adzɔ ɖe alẽwo dzi ne womekpɔ wo ta o? (b) Le Biblia ŋlɔɣi la, nu ka nu kawoe alẽkplɔlawo wɔna?
ESIME Hiroyasu, si le Japan, nye ŋutsuvi sue la, dadaa ƒle alẽ eve, atsu kple nɔe. Hiroyasu koŋue kpɔ alẽawo dzi, eye alẽnɔa dzia vi eve ƒe sia ƒe, si wɔe be alẽawo te agbɔsɔsɔ. Kaka Hiroyasu naxɔ ƒe 12 la, eƒe alẽawo ade 12 ya teti. Egblɔ be: “Gbe ɖeka ŋdikanya esi nyemefɔ le aba dzi haɖe o la, mese alẽawo ƒe xɔxlɔ̃. Gake nyemedo go enumake o. Kaka mava do la, gbevu gbogbo aɖewoe nye ema le du dzi yina ɖaa. Wovuvu nye alẽviawo. Dzidzi ƒom ŋutɔ, eye metsa ŋku di alẽnɔa. Esi meke ɖe eŋu la, eganɔ gbɔgbɔm ya, gake ʋu gbã blae. Alẽnɔa kple viawo katã ku, atsua koe tsi agbe. Nye dzi katã koe gbã. Ðe wòle be matso kpla esi mese alẽawo ƒe xɔxlɔ̃ zi gbãtɔ hafi. Ŋusẽ mele wo ŋu woawɔ avu kple gbevuwo o.”
2 Le Biblia ŋlɔɣi la, ame sia ame kloe nya nu tso alẽkplɔlawo ƒe dɔ ŋu nyuie. Woƒe dɔe nye be woakplɔ alẽawo ayi gbeɖuƒe ahakpɔ egbɔ be woɖu nu ɖi ƒo. Wokpɔa wo ta hã be lã lénuwo nagalé wo o, eye woyina ɖadia esiwo bu. (1 Sam. 17:34-36) Alẽkplɔla nana eƒe lãha tsyɔa akɔ anyi ɖe teƒe si le dedie, be woagbɔ ɖe eme. Ne alẽawo dometɔ aɖe le vi dzim la, ekpena ɖe eŋu, eye wòléa be na alẽviawo. Biblia ŋlɔla geɖe, siwo dome Yeremiya hã le, tsɔ ame siwo wode dɔ asi na be woakpɔ Mawu ƒe amewo dzi, woɖanye fiawo alo ame siwo xɔa ŋgɔ le mawusubɔsubɔnyawo me o, la sɔ kple alẽkplɔla.
3. Nu ka ŋue Yeremiya nɔ nu ƒom tsoe esi wòzã nya ‘alẽkplɔla’ kple ‘alẽkpɔkplɔ’?
3 Ðewohĩ Kristo hamea me tɔ aɖewo asusu be alẽkpɔkplɔdɔ si hamemetsitsiwo wɔna egbea koe nye be woayi aɖasrã hameviwo kpɔ be yewoakpe ɖe wo ŋu ahade dzi ƒo na wo. Gake ne míelé ŋku ɖe ale si Yeremiya zã nya ‘alẽkplɔla’ kple ‘alẽkpɔkplɔ’ ŋu la, míakpɔe be nya mawo ku ɖe ƒomedodo ɖe sia ɖe si nɔ Yuda dukɔa ƒe dzikpɔlawo kple dukɔmeviwo dome ŋu. Esi Yuda-megãwo, nyagblɔɖilawo, kple nunɔlawo metsɔa ɖeke le eme na ame tsɛwo o ta la, Mawu bu fɔ wo zi geɖe be womenye alẽkplɔla nyuiwo o. (Yer. 2:8) Woti woawo ŋutɔ woƒe viɖewo yome hegbe beléle na ‘alẽawo.’ Wowɔ funyafunya wo hekplɔ wo trae. Wogblẽ Mawu ƒe amewo ɖi gbɔgbɔmemɔfiame manamanae. Yehowa do “baba” na alẽkplɔla alakpanuwɔla mawo eye wòna kakaɖedzi eƒe dukɔa be yeana alẽkplɔla siwo alé be na wo nyuie ahakpɔ wo ta la wo.—Xlẽ Yeremiya 3:15; 23:1-4.
4. Ame kawo ƒe dzikpɔkpɔ tee Mawu ƒe alẽha la le egbea, eye nɔnɔme kae wòle be woaɖe afia?
4 Mawu ƒe ŋugbedodo ma va eme le mɔ si lolo wu nu esime Yehowa ƒe alẽwo Kplɔlagã, Yesu, va zu Kristo hamea ƒe Ta. Eyɔ eɖokui be “alẽkplɔla nyui la,” ame si ɖe dɔmetɔtrɔ vavãtɔ fia eƒe alẽawo. (Yoh. 10:11-15) Egbea, Yehowa le alẽkplɔlateviwo zãm tsɔ le be lém na eƒe alẽ siwo le anyigba dzi. Wonye nɔviŋutsu amesiamina siwo nye kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe haa me tɔwo kpakple hamemetsitsi veviedonula siwo nye “ameha gã” la me tɔwo siaa. (Nyaɖ. 7:9) Alẽkplɔla siawo dzea agbagba be yewoaɖe Yesu ƒe ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe gbɔgbɔ afia. Wodi be yewoanyi hamea me tɔwo ahalé be na wo nyuie abe ale si Kristo wɔe ene. Baba na alẽkplɔla si agbe beléle na alẽawo, si aɖu aƒetɔ ɖe wo dzi, si asẽ ŋuta le wo ŋu, alo mabu wo ɖe naneke me o! (Mat. 20:25-27; 1 Pet. 5:2, 3) Aleke Yehowa le mɔ kpɔm be Kristotɔ alẽkplɔlawo nakplɔ yeƒe alẽawo egbeae? Nu kae míate ŋu asrɔ̃ le Yeremiya ƒe nuŋlɔɖiwo me tso nɔnɔme kple susu nyui siwo wòle be wòanɔ hamemetsitsiwo si ku ɖe woƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ ŋu? Mina míadzro dɔ vovovo siwo wowɔna abe kpekpeɖeŋunalawo, ametakpɔlawo, ʋɔnudrɔ̃lawo, kpakple nufialawo le hamea me kple egodo siaa ene la me kpɔ.
ALẼHA LA TA KPƆKPƆ
5-7. (a) Aleke Yehowa di be woakpɔ yeƒe alẽawo dzii, eye nu ka tae? (b) Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu aɖe lɔlɔ̃ akuakua afia wo nɔvi siwo le hamea me kple esiwo tra mɔ siaa?
5 Apostolo Petro yɔ Yehowa be “[míaƒe] luʋɔwo ƒe kplɔla kple dzikpɔla.” (1 Pet. 2:25) Aleke Mawu wɔa nu ɖe eƒe “alẽwo” ŋui? Míakpɔ ŋuɖoɖoa ne míede ŋugble tso nu siwo dzɔ le Yeremiya ƒe ŋkekeawo me ŋu. Esi Yehowa he nya ɖe alẽkplɔla siwo gblẽ eƒe alẽawo ɖi woka hlẽ ŋu vɔ la, egblɔ be ‘yeaƒo alẽawo nu ƒu’ eye yeagakplɔ wo ava woƒe gbeɖuƒe. Edo ŋugbe be yeaɖo alẽkplɔla nyuiwo wo nu, “ame siwo anyi wo” ahakpɔ wo ta tso futɔ vɔ̃ɖiwo si me. (Yer. 23:3, 4) Nyateƒee, Yehowa ƒe alẽ mawo xɔ asi nɛ ŋutɔ. Eƒe alẽ siwo li egbea hã xɔ asi nɛ nenema ke. Ho gã aɖee wòxe ɖe wo ta bene etsɔme nanyo na wo tegbee.—1 Pet. 1:18, 19.
6 Abe ale si ko alẽkplɔla ŋutɔŋutɔ léa fɔ ɖe eƒe dɔ ŋui ene la, mele be Kristotɔ dzikpɔlawo nakpɔ hamea dzi ɖewoɖewoe o. Ne hamemetsitsie nènye la, ɖe nèdzea agbagba nana wò ŋku nɔa nɔviwòwo ŋu kple susu be ne wo dometɔ aɖe le fu kpem la nànya, eye nàlɔ̃ faa ana kpekpeɖeŋui kaba? Fia nyanu Salomo gblɔ be: “Wò alẽwo ƒe nɔnɔme nenɔ nyanya na wò, eye lé ŋku ɖe wò lãhawo ŋu.” (Lod. 27:23) Ŋɔŋlɔ sia te gbe ɖe dɔ sesẽ si alẽkplɔla ŋutɔŋutɔwo wɔna dzi, gake míate ŋu agblɔ be eku ɖe dzikpɔkpɔdɔ si hamea me alẽkplɔlawo wɔna hã ŋu. Ne hamemetsitsie nènye la, ɖe nèle agbagba dzem vevie be yeagaɖu aƒetɔ ɖe hamea dzi oa? Esi Petro ƒo nu tso “ame siwo ɖua aƒetɔ ɖe ame siwo nye Mawu ƒe domenyinu la dzi” ŋu la, efia be nɔnɔme ma ate ŋu asu hamemetsitsi aɖewo si. Akpa kae nàwɔ be nya siwo le Yeremiya 33:12 nava eme? (Xlẽe.) Ðewohĩ hiahiã tɔxɛ aɖewo le dzilaɖekɛwo, ahosiwo, atikɔmeƒomewo, ame tsitsiwo, kple sɔhɛwo ŋu, si ta wòahiã be nàkpe ɖe wo ŋu.
7 Abe ale si ko alẽkplɔla dia eƒe alẽ si bu ene la, nenemae wòva hiãna ɣeaɖewoɣi be hamea me alẽkplɔlawo nadi hamea me tɔ aɖe si bu le susu aɖewo ta. Ebia ɖokuitsɔtsɔsavɔ kple ɖokuibɔbɔ hafi woate ŋu awɔ esia. Wogbɔa dzi ɖi zãa ɣeyiɣi geɖe tsɔ kpɔa ame siwo wode woƒe dzikpɔkpɔ te ƒe hiahiãwo gbɔ na wo. Asɔ be hamemetsitsi ɖe sia ɖe nabia eɖokui be: ‘Ðe medzea gbagba be manɔ dzi dem ƒo na amewo ahanɔ wo tum ɖo tsɔ wu be manɔ vodada dim le wo ŋu alo anɔ nya hem ɖe wo ŋua? Ðe medi vavã be ale si mewɔa nu ɖe alẽawo ŋui nanyo ɖe edzia?’ Ɣeaɖewoɣi la, ahiã be nàkpe ɖe ame aɖewo ŋu ʋuu hafi woava ŋɔ ɖe eme ahawɔ nu wòawɔ ɖeka kple Mawu ƒe lɔlɔ̃nu. Ne nɔviŋutsu alo nɔvinyɔnu aɖe medi be yeaxɔ aɖaŋuɖoɖo si tso Ŋɔŋlɔawo me o (si menye wò ŋutɔ wò susu o) la, ele be nàɖo ŋku Yehowa, si nye Alẽkplɔla kple Dzikpɔla Gãtɔ la dzi. Egbɔ dzi ɖi na eƒe dukɔ dzeaglã la, eƒo nu kpli wo “ɖaa atraɖi” henɔ agbagba dzem be yeakpe ɖe wo ŋu. (Yer. 25:3-6) Mawu ƒe ame siwo li egbea dometɔ akpa gãtɔ mewɔa nu vɔ̃ɖi ya o. Gake ne eva hiã be hamemetsitsi naɖo aɖaŋu na wo dometɔ aɖe la, ele be wòawɔe abe ale si Yehowa wɔnɛ ene.
8. Aleke hamemetsitsiwo ate ŋu asrɔ̃ Yeremiya ƒe kpɔɖeŋuae?
8 Esi mɔkpɔkpɔ gali be Yeremiya ŋɔlimetɔwo ate ŋu atrɔ ɖe Yehowa ŋu ta la, Yeremiya do gbe ɖa ɖe wo ta. Egblɔ na Mawu be: “Ðo ŋu, ale si metsi tre ɖe ŋkuwò me, be magblɔ nya nyui ɖe wo ŋu, ne wò dziku nu nafa ɖe wo ŋu.” (Yer. 18:20) Àte ŋu akpɔe le nya siawo me be Yeremiya nɔ ŋku lém ɖe nɔviawo ƒe nyuiƒe ŋu, ke menɔ susu vɔ̃ bum ɖe wo ŋu o. Egbea, ele be hamemetsitsiwo nasrɔ̃ Yeremiya ƒe nɔnɔme sia ahagbɔ dzi ɖi na nɔviawo va se ɖe esime wòdze ƒãa be nɔvi aɖe ɖoe koŋ le nu vɔ̃ wɔm hegbe dzimetɔtrɔ. Nyuitɔae nye be míanɔ amewo kafum ɖe nu nyui siwo wowɔna ta, eye míaɖo ŋku wo dzi le míaƒe gbedodoɖawo me alo ado gbe ɖa kpli wo ɖekae.—Mat. 25:21.
Ŋugbe kae Mawu do to Yeremiya dzi ku ɖe gbɔgbɔme alẽkplɔlawo ŋu? Nu kae Kristotɔ dzikpɔlawo awɔ atsɔ akpɔ hamea me tɔwo ta?
“WOATSƆ NUNYA KPLE GƆMESESE AKPLƆ MI”
9, 10. Nu ka tae alẽkplɔla (alo hamemetsitsi) nyui nyenye bia be woanye nufiala?
9 Nya si gɔme woɖe le Yeremiya 3:15 be “akplɔ mi” la fia “anyi mi.” Eya ta wodi tso Kristotɔ alẽkplɔlawo si be “woatsɔ nunya kple gɔmesese” anyi Mawu ƒe amewoe, si fia be woafia nu wo. (1 Tim. 3:2; 5:17) Yehowa do ŋugbe na eƒe amewo be yeana alẽkplɔla nyui siwo awɔ esia la wo. Eye ede dzi ƒo na Yudatɔwo be woaxɔ nu siwo yeƒe nyagblɔɖila Yeremiya fia wo be yeatsɔ aɖɔ wo ɖo la ade eme. (Xlẽ Yeremiya 6:8.) Hafi alẽ nanɔ lãmesẽ me la, ahiã be wòaɖu nu nyuie. Nenema koe wòle le Mawu ƒe amewo hã gome. Ele be woatsɔ Ŋɔŋlɔawo afia nu wo ahana mɔfiame wo hafi woanɔ lãmesẽ me le gbɔgbɔ me.
10 Nufiafiadɔ si hamemetsitsiwo wɔna la ma ɖe akpa eve—wofiaa nu ame siwo le hamea me xoxo kple ame siwo meva zu Kristotɔ vavãwo haɖe o siaa. Le nufiafia ame siwo meva zu Kristotɔ vavãwo haɖe o gome la, ele be míaɖo ŋku edzi be susu vevi siwo tae Kristo hamea li ɖo dometɔ ɖekae nye be wòaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nya nyuia. Eya ta ele be hamemetsitsiwo nanye nya nyui gbeƒãɖela veviedonulawo. (Yer. 1:7-10) Wotoa esia dzi kpɔa agbanɔamedzi si le wo dzi le Mawu ŋkume la gbɔ heɖoa kpɔɖeŋu nyui na wo nɔviwo. Ne hamemetsitsie nènye la, ɖe mèkpɔe be gbeadziyiyi kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu vovovowo edziedzi ʋua mɔnukpɔkpɔ na wò be nàkpe ɖe wo ŋu woatu woƒe nufiafia ŋutetewo ɖo, eye wò ŋutɔ tɔwò hã nanyo ɖe edzi oa? Ne èxɔa ŋgɔ le nya nyui gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me dzonɔamemetɔe la, anye dzidedeƒo na hame bliboa be woawɔ ŋgɔyiyi.
11, 12. Nu kae wòle be hamemetsitsi si di be yeanye alẽkplɔla nyui nawɔ?
11 Ele be hamemetsitsiwo natu woƒe nufiafia ɖe Biblia dzi. Esia awɔe be nu siwo wofiaa hamea anye gbɔgbɔmenuɖuɖu si me nunyiame le. Eye hafi hamea me alẽkplɔlawo nanye nufiala nyuiwo la, ele be woanɔ Mawu ƒe Nya la srɔ̃m veviedodotɔe. Tsɔ esia sɔ kple nya si Yeremiya gblɔ le susu si tae Yuda dukɔa kplɔlawo menye nufiala nyuiwo o ŋu kpɔ: “[Alẽkplɔlawo] katã dzɔ lã, eye womedi Yehowa yome mɔ o; eya ta medze edzi na wo o, eye woƒe lãhawo katã ka hlẽ.” (Yer. 10:21) Ame siwo wòle be woanye nufialawo la ŋutɔ menɔ agbe nɔm ɖe Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖosewo nu hedi Mawu yome mɔ o. Eya ta womete ŋu wɔ nu le nunya me o. Yeremiya gblɔ ʋɔnudrɔ̃nya siwo nu sẽ wu ɖe wo dometɔ siwo ŋutɔ be yewonye nyagblɔɖilawo la ŋu.—Xlẽ Yeremiya 14:14, 15.
12 Kristotɔ dzikpɔlawo mewɔa nu abe alakpa alẽkplɔla mawo ene o, ke boŋ wosrɔ̃a nu vevie abe Yesu ene. Esia wɔnɛ be wokplɔa alẽha la le nunya me. Esi wònye agbanɔamedzi geɖe kpɔ hamemetsitsiwo ŋkume ta la, ate ŋu asesẽ na wo be woawɔ ɖoɖo ɖe nusɔsrɔ̃ edziedzi ŋu. Gake ne hamemetsitsie nènye la, ɖe nèka ɖe edzi ŋutɔŋutɔ be hafi yeƒe nufiafia nanɔ eteƒe, wòaɖe vi, eye nunya kple gɔmesese deto nadze le eme la, ele be yeatui ɖe Mawu ƒe Nyaa kple mɔfiame siwo tsoa kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe haa gbɔ la dzia? Ne èkpɔe be yemegate ŋu wɔa ɖokuisinusɔsrɔ̃ abe ale si yewɔnɛ tsã ene o la, nu kae nàwɔ be nàgava ɖi alakpa alẽkplɔla siwo nɔ anyi le Yeremiya ŋɔli o?
13. Nu kae na Yeremiya nye nufiala nyui, eye nu kae Kristotɔ alẽkplɔla siwo li egbea ate ŋu asrɔ̃ tso egbɔ?
13 Nu siwo wɔe be Yeremiya nye nufiala nyui la dometɔ ɖekae nye be ezãa kpɔɖeŋuwo. Yehowae fia mɔe. Le kpɔɖeŋu me, esi wòtsɔ ze xlã ɖe anyi wògbã eye wògblɔ be nenemae woagbã Yerusalem kple emenɔlawoe la, kpɔ ale si gbegbe nufiafia ma atsi susu me na amewoe ɖa! (Yer. 19:1, 10, 11) Ɣebubuɣi la, Yeremiya wɔ kɔkuti de kɔ tsɔ wɔ ale si gbegbe Yudatɔawo akpe fu le Babilontɔwo tee ƒe kpɔɖeŋu. (Yer., ta 27-28) Mawu mebia tso hamemetsitsi siwo le wò hamea me si be woawɔ nu ɖedzesi mawo gbegbe be wòanye nane ƒe kpɔɖeŋu o. Gake ne hamemetsitsiwo de kpɔɖeŋu kple nuteƒekpɔkpɔ siwo sɔ woƒe nufiafia me la, ɖe medea dzi gbɔ na wò ŋutɔ oa? Nyateƒee, kpɔɖeŋu siwo ŋu wotrɔ asi le nyuie wòsɔ ɖe nu si fiam wole nu la wɔa dɔ ɖe ame dzi heʋãa ame ale gbegbe.
14. (a) Nu ka tae Yeremiya bia be “ɖe atike aɖeke megale Gilead o” hã? (b) Aleke Kristotɔ hamemetsitsiwo kpena ɖe wo nɔviwo ŋu be woanɔ gbɔgbɔmelãmesẽ mee?
14 Aleke gbegbe míekpɔa ŋudzedze ɖe Kristotɔ alẽkplɔlawo ƒe nufiafia nyuiwo ŋue nye esi! Le Yeremiya ƒe ŋkekea me la, ekpɔe be Mawu ƒe amewo hiã gbɔgbɔmegbedada. Ebia be: “Ðe atike aɖeke megale Gilead o, eye gbedala aɖeke mele afi ma oa?” (Yer. 8:22) Gilead nye Israel ƒe akpa si nɔ Yordan ƒe ɣedzeƒe gome, eye atike aɖe nɔ afi ma, si woyɔna be balsam. Enye ami ʋeʋẽe aɖe si wonya nyuie le eƒe dɔyɔŋusẽ ta, eye wotsɔnɛ ɖoa abii zi geɖe. Gake gbɔgbɔmedɔyɔtike aɖeke menɔ dukɔa si o. Nu ka tae? Yeremiya ɖe eme be: “Nyagblɔɖilawo gblɔa alakpanya ɖi, eye nunɔlawo le aƒetɔ ɖum, ale si wofia woe, eye wòdze nye dukɔ ŋu alea!” (Yer. 5:31) Ke egbeŋkekeawo me ya ɖe? Ðe màlɔ̃ ɖe edzi be ‘balsam le Gilead’ egbea oa? Ɛ̃, àkpɔ atike si ada gbe le ŋuwò le gbɔgbɔ me la le wò hamea me. Míate ŋu atsɔ akɔfafa si Kristotɔ alẽkplɔlawo naa hamea me tɔwo lɔlɔ̃tɔe to Ŋɔŋlɔawo me mɔfiamewo nana wo, dzidedeƒo na wo, kple ŋkuɖoɖo wo dzi le woƒe gbedodoɖawo me alo gbedodoɖa kpli wo ɖekae dzi la asɔ kple gbɔgbɔmedɔyɔtike.—Yak. 5:14, 15.
Nu kae doa dzidzɔ na wò le ale si miaƒe hamemetsitsiwo fiaa nui ŋu? Nu kae na woƒe nufiafia wɔa dɔ ɖe dziwò?
“ALE YEHOWA GBLƆ ESI”
15, 16. Abe ale si ko wòle le alẽ ŋutɔŋutɔ gome ene la, nu ka tae Mawu ƒe alẽha la hiã beléle?
15 Kpɔ ale si gbegbe dzi dzɔa alẽkplɔlae ne eƒe alẽwo dzi vii ɖa! Esiae nye viɖe si wòle mɔ kpɔm na be yeakpɔ tso fu siwo yekpe ɖe alẽawo ta la me. Gake enya hã be hafi alẽviawo natsi agbe la, wohiã beléle tɔxɛ. Ele be alẽkplɔlaa nakpɔ egbɔ be woɖu nu nyuie. Azɔ hã, alẽ aɖewo li, siwo ne wodzi vi la, alẽviawo ƒe asike didina nɔa anyigba kplɔm hefaa mi alo ƒoa ɖi. Be alẽkplɔlaa nakpɔ egbɔ be alẽviawo le dzadzɛ hele lãmesẽ me la, ahiã be wòalã woƒe asike dzi kpɔtɔ, eye wòawɔ esia aɖaŋutɔe be wòagawɔ nuvevi alẽviawo o. Nenema kee gbɔgbɔme alẽkplɔlawo léa be na alẽ siwo le hamea me la lɔlɔ̃tɔe. (Yoh. 21:16, 17) Hamemetsitsiwo kpɔa dzidzɔ hã ne ɖetsɔlemetɔwo ɖe afɔ siwo hiã heva zu Kristotɔ vavãwo. Kristotɔ dzikpɔlawo ƒe didie nye be alẽawo katã, tsitsiawo kple ɖeviawo siaa, naɖu nu nyuie ahanɔ lãmesẽ me. Eya ta woyia edzi léa be na wo henaa kpekpeɖeŋu si hiã la wo. Esia bia be woanɔ ŋku ɖom nya siwo “Yehowa gblɔ,” alo Ŋɔŋlɔawo ƒe nufiafiawo, dzi na wo edziedzi.—Yer. 2:2, 5; 7:5-7; 10:2; Tito 1:9.
16 Dzi nɔ Yeremiya ƒo wògblɔ Mawu ƒe gbedeasia. Nenema kee Kristotɔ dzikpɔlawo hã hiã dzinɔameƒo, vevietɔ ne eva hiã be woaɖo aɖaŋu atsɔ akpɔ wo nɔviwo ta. Ate ŋu anye be ɖewohĩ gbɔgbɔme alẽkplɔla aɖe kpɔe be ehiã be yeakpe ɖe “alẽvi” si wodzi teti, alo “alẽ” tsitsi kura gɔ̃ hã, ŋu be Satana ƒe xexea ƒe ameblenuwo nagaƒo ɖii o. Ðewohĩ ame si ɖo afɔku me alea ŋutɔ makpɔe be yehiã kpekpeɖeŋu o. Gake ɖe alẽkplɔla nyui aɖo asi glã anɔ eƒe alẽawo dometɔ aɖe kpɔm wòage dze afɔku mea? Gbeɖe! Eye ne edze ƒãa be nɔvi aɖe ƒe afɔɖeɖe ate ŋu ana woa kple Yehowa dome nagblẽ la, dzikpɔla makpɔ nyaa gbɔ ɖewoɖewoe ahasusui be menye nya gã aɖekee nye ema o.—Yer. 8:11.
17. Ɣekaɣie wòahiã be alẽkplɔla nana kpekpeɖeŋu alẽ aɖe, eye aleke wòawɔ esiae?
17 Ne nane ble alẽ si mele ɖeke nyam o nu wòtra mɔ tso alẽhaa gbɔ la, alẽkplɔla si le ŋudzɔ atrɔe agbɔe kaba. (Xlẽ Yeremiya 50:6, 7.) Le mɔ ma ke nu la, ate ŋu ava hiã be dzikpɔla nawɔ nu ŋkubiãtɔe, gake le lɔlɔ̃ me, atsɔ akpe ɖe ame siwo le mɔ tram ɖo ta afɔku me ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu adzɔ be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le ŋugbedodo me la ɖeɖe nɔa afi si ame aɖeke mele o zi geɖe, si ate ŋu ana wòasesẽ na wo be woaɖu wo ɖokui dzi. Hamemetsitsi si nyoa dɔme ate ŋu akpe ɖe nɔvi eve siawo ŋu woaƒo asa na afɔku sia. Aƒo nu tso nu si tae nɔnɔme mawo me nɔnɔ ate ŋu ana woawɔ nu si madze Yehowa ŋu o la ŋu, gake ele be wòaɖɔ ŋu ɖo be wòagabu nazã ɖe wo ŋu o. Abe Yeremiya ene la, hamemetsitsi wɔnuteƒewo léa fu nu siwo Mawu lé fui. Le esia wɔwɔ me la, wosrɔ̃a Yehowa, ame si mewɔ nu ɖe eƒe amewo ŋu adãtɔe o, ke boŋ eɖe kuku na wo to eƒe nyagblɔɖilaa dzi be: “Migawɔ ŋunyɔnu sia, si melé fui la o.” (Yer. 5:7; 25:4, 5; 35:15; 44:4) Ðe nèkpɔa ŋudzedze ɖe ale si alẽkplɔla lɔ̃amewo tsɔa ɖe le eme na alẽha lae ŋua?
18. Nu nyui kawoe dona tso gbɔgbɔme alẽkplɔlawo ƒe aɖaŋuɖoɖowo me?
18 Ame siwo Yeremiya xlɔ̃ nui dometɔ geɖe meɖo toe o. Gake ame aɖewo ɖo toe. Le kpɔɖeŋu me, esi wòva hiã la, Yeremiya xlɔ̃ nu eƒe zɔhɛ kple agbalẽŋlɔla Barux vevie. (Yer. 45:5) Nu kae do tso eme? Barux xɔe de eme, Mawu kpɔ ŋudzedze ɖe eŋu, eye wòtsi agbe le Yerusalem tsrɔ̃ɣi. Egbea hã, nu nyui siwo dona tso aɖaŋuɖoɖo na haxɔsetɔwo me doa ŋusẽ hamemetsitsiwo be ‘woayi edzi ado vevie nuxɔxlɔ̃ kple nufiafia.’—1 Tim. 4:13, 16.
“MAHE TO NA WÒ ÐE ÐOÐO LA NU”
19, 20. Agbanɔamedzi kae kpɔ hamemetsitsiwo ŋkume ne wole nu gbegblẽ wɔla aɖe ƒe nya gbɔ kpɔm?
19 Dzikpɔla siwo li egbea ƒe dɔ bubue nye be woadrɔ̃ ʋɔnu le hamea me. Ƒãa hafi wòdzɔna be ame aɖewo naɖoe koŋ anɔ nu vɔ̃ wɔm, eye wòahiã be hamemetsitsiwo nadi be yewoakpe ɖe wo ŋu woatrɔ dzi me. Yehowa xlɔ̃ nu nu gbegblẽ wɔlawo tẽe dɔmenyotɔe be woaɖe asi le woƒe mɔ vɔ̃wo ŋu. (Yer. 4:14) Ne hamea me tɔ aɖe gbe asiɖeɖe le eƒe mɔ vɔ̃ ŋu la, ele be dzikpɔlawo naɖe afɔ si hiã atsɔ akpɔ alẽhaa ta tso ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ me. Ahiã be woaɖe nu vɔ̃ wɔla matrɔdzimea le haa me abe ale si Ŋɔŋlɔawo fia mɔe ene. Yehowa di be hamemetsitsiwo nalé yeƒe dzidzenu dzɔdzɔewo me ɖe asi le go siawo hã me. Fia nyui Yosiya ɖo esia ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi. “Etso na hiãtɔwo kple ame dahewo.” Esrɔ̃ ale si Mawu lɔ̃a dzɔdzɔenyenyee. Eya ta Yehowa te ŋu gblɔ tso eƒe nuwɔnawo ŋu be: “Ðe menye esia woyɔna be sidzedzem oa?” Esi Yosiya lé Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye me ɖe asi ta la, “eme nyo nɛ.” Ðe wò dzi medzea eme le esi miaƒe hamemetsitsiwo dzea agbagba srɔ̃a Yosiya ƒe kpɔɖeŋua ta oa?—Yer. 22:11, 15, 16.
20 Ka ɖe edzi be Yehowa hea to na nu gbegblẽ wɔlawo “ɖe ɖoɖo la nu.” (Yer. 46:28) Ne hamemetsitsiwo lé ŋku ɖe nu si dzɔ kple nɔnɔme si amea ɖe fia ŋu la, woate ŋu aɖo aɖaŋu, axlɔ̃ nu, alo aka mo nɛ. Ate ŋu ahiã hã be woaɖee le haa me ne metrɔ dzi me o. Esi wònye ɖe amea gbe dzimetɔtrɔ tae woɖee le haa me ɖo ta la, hamemetsitsiwo medoa gbe ɖa ɖe eta le dutoƒo o, elabena esia maɖe vi aɖeke o.a (Yer. 7:9, 16) Gake ne hamemetsitsiwo fia afɔ siwo ame si woɖe le haa me aɖe be Mawu nagakpɔ ŋudzedze ɖe eŋui la, ke efia be wole Mawu srɔ̃m. (Xlẽ Yeremiya 33:6-8.) Togbɔ be evena ŋutɔ ne woɖe ame le haa me hã la, ele be míaka ɖe edzi be Mawu ƒe dzidzenuwo le dzɔdzɔe, wole eteƒe, eye míaƒe nyonyo tae woli ɖo.—Kony. 1:18.
21. Nɔnɔme ka mee Mawu di be yeƒe alẽwo nanɔ, eye akpa kae nàte ŋu awɔ be esia nava eme?
21 Ne hamea me alẽkplɔlawo nya Mawu ƒe dzidzenuwo hewɔ wo ŋu dɔ la, woanyi alẽha la nyuie, woana woanɔ lãmesẽ me, eye woakpɔ wo ta ale si dze. (Ps. 23:1-6) Nya siwo Yeremiya gblɔ na mí tso amewo ƒe nɔnɔme kple dzimedidiwo ŋu, nyuiawo kple gbegblẽawo siaa, ate ŋu akpe ɖe Kristotɔ dzikpɔlawo ŋu le beléle na Mawu ƒe alẽawo ƒe agbanɔamedzi vevi si dze ŋgɔ wo la tsɔtsɔ me. Eya ta, anyo be mía dometɔ ɖe sia ɖe nabia eɖokui be, ‘Ðe mayi edzi akpe asi ɖe alẽkplɔla siwo tsɔa “nunya kple gɔmesese” kplɔa míi la ŋu atsɔ aɖee afia be mekpɔa ŋudzedze ɖe ɖoɖo siwo Yehowa wɔ be yeafia nu yeƒe amewo, afia mɔ wo ahakpɔ wo ta la ŋua?’—Yer. 3:15; 23:4.
Nɔnɔme kawo mee wòle be dzikpɔlawo nawɔ nu dzinɔameƒotɔe le? Nu kae Yehowa di tso Kristotɔ hamemetsitsiwo si ne wole ʋɔnu drɔ̃m?