INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ll akpa 3 axa 8-9
  • Aleke Agbea Nɔ Le Paradisoa Me?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Agbea Nɔ Le Paradisoa Me?
  • Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amewo Li Siwo Kɔ Boo Wu Mí
    Srɔ̃ Nu tso Nufiala Gã la Gbɔ
  • Nu Si Tae Wobu Woƒe Aƒea
    Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo
  • Woɖo To Satana—Nu Kae Do Tso Eme?
    Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee
  • Akpa 3
    Ðo To Mawu
Kpɔ Bubuwo
Ðo To Mawu Ne Nànɔ Agbe Tegbee
ll akpa 3 axa 8-9

AKPA 3

Aleke Agbea Nɔ Le Paradisoa Me?

Yehowa na nu nyui geɖe Adam kple Xawa. 1 Mose 1:28

Esi Yehowa wɔ Xawa vɔ la, ekplɔe va Adam gbɔ

Yehowa wɔ nyɔnu gbãtɔ, si ŋkɔe nye Xawa, eye wòkplɔe vae na Adam be wòanye srɔ̃a.—1 Mose 2:21, 22.

Yehowa wɔ wo wode blibo le susu kple ŋutilã me, gbegblẽƒe aɖeke menɔ wo ŋu o.

Adam kple Xawa le woƒe Paradisoƒea kpɔm

Eden bɔ, si nye Paradiso lae nye woƒe aƒe—afi si nya kpɔ ŋutɔ, si tɔsisiwo, atikutsetsetiwo kple lã hamehamewo le.

Yehowa ƒo nu kpli wo; efia nu wo hã. Ne woɖo toe la, woanɔ agbe tegbee le Paradisoa me le anyigba dzi.

Mawu gblɔ be woagaɖu atiawo dometɔ ɖeka ƒe tsetse o. 1 Mose 2:16, 17

Ati si le abɔa me, si ŋu Yehowa gblɔ na Adam kple Xawa le be woagaɖu o

Yehowa tsɔ atikutsetseti siwo le abɔa me la dometɔ ɖeka fia Adam kple Xawa, eye wògblɔ na wo be ne woɖu eƒe tsetse la woaku.

Mawudɔla vɔ̃ɖi, Satana Abosam, to da aɖe dzi ƒo nu na Xawa

Mawudɔlawo dometɔ ɖeka dze aglã ɖe Mawu ŋu. Mawudɔla vɔ̃ɖi mae nye Satana Abosam.

Satana medi be Adam kple Xawa naɖo to Yehowa o. Eya ta eto da dzi gblɔ na Xawa be ne eɖu ati ma ƒe tsetse la, maku o, ke boŋ anɔ abe Mawu ene. Gake aʋatsoe wòka nɛ.—1 Mose 3:1-5.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe