AKPA 11
Ðe Yehowa Ðoa To Mía?
Mawu ɖoa to míaƒe gbedodoɖawo. 1 Petro 3:12
Yehowae nye ‘Ame si ɖoa to gbedodoɖawo.’ (Psalmo 65:3) Edi be míaƒo nu na ye faa tso dzi me.
Do gbe ɖa na Yehowa ɖeɖe ko, ke menye na ame bubu aɖeke o.
Míate ŋu ado gbe ɖa tso nu vovovo ŋu. 1 Yohanes 5:14
Do gbe ɖa be woawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le dziƒo kple anyigba dzi.
Bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàwɔ nu nyui. Àte ŋu ado gbe ɖa tso nuɖuɖu, dɔwɔɖui, dɔƒe, nudodo, kple lãmesẽ gɔ̃ hã ŋu.
Tsɔ wò gbedodoɖawo to Yesu dzi. Ema afia be èdea asixɔxɔ nu si wòwɔ na wò ŋu.