INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jl nusɔsrɔ̃ 9
  • Mɔ Nyui Ka Dzie Míato Adzra Ðo Ðe Kpekpeawo Ŋu?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mɔ Nyui Ka Dzie Míato Adzra Ðo Ðe Kpekpeawo Ŋu?
  • Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Mikafu Yehowa Le Hamea Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Mide Dzi Ƒo Na Mia Nɔewo Le Hame Ƒe Kpekpewo Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2023
  • Dzra Ðo ɖe Hamea ƒe Kpekpewo Ŋu eye Nàkpɔ Gome le Wo Me
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1995
  • Ale Si Míadzra Ðo Ðe Subɔsubɔ Kpekpea Ŋu
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2009
Kpɔ Bubuwo
Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
jl nusɔsrɔ̃ 9

NUSƆSRƆ̃ 9

Mɔ Nyui Ka Dzie Míato Adzra Ðo Ðe Kpekpeawo Ŋu?

Yehowa Ðasefo si le dzadzram ɖo ɖe hame ƒe kpekpe ŋu

Cambodia

Yehowa Ðasefo si le dzadzram ɖo ɖe hame ƒe kpekpe ŋu
Yehowa Ðasefo si le dzadzram ɖo ɖe hame ƒe kpekpe ŋu

Ukraine

Ne Yehowa Ðasefowo le Biblia srɔ̃m kpli wò la, ke anɔ eme be èdzrana ɖo ɖe nu si miasrɔ̃ ŋu do ŋgɔ. Nenema kee wòanyo be nàdzra ɖo ɖe hamea ƒe kpekpewo hã ŋu do ŋgɔ be wòaɖe vi geɖe na wò. Ne esia wɔwɔ zu numame na wò la, àkpɔ viɖe geɖe tso eme.

Tia ɣeyiɣi kple teƒe si nàsrɔ̃ nua le. Ɣekaɣie nàte ŋu asrɔ̃ nu be wòatsi susu me na wò nyuie wu? Fɔŋli me hafi nàdze ŋkekea ƒe dɔwo gome ye loo, alo fiẽ me esi ɖeviawo mlɔ anyi yea? Ne màte ŋu asrɔ̃ nu ɣeyiɣi didi o gɔ̃ hã la, anyo be nàɖo ɣeyiɣi si nàtsɔ asrɔ̃ nui la na ɖokuiwò, eye mègana naneke nagblẽ eme o. Srɔ̃ nua le teƒe si ɖoɖoezizi le, eye nàtsi radio, television, kple wò telefon be woagahe wò susu o. Ne èdo gbe ɖa hafi dze nusɔsrɔ̃a gɔme la, esia akpe ɖe ŋuwò nàɖe susu ɖa le ŋkekea ƒe dzimaɖitsitsiwo ŋu be wòanɔ Mawu ƒe Nya la ŋu bliboe.—Filipitɔwo 4:6, 7.

De dzesi nya veviawo, eye nàɖoe be yeaɖo nya ŋu. Hafi nàdze ɖokuisinusɔsrɔ̃a gɔme la, anyo be nàna nu si ŋu nyati bliboa ku ɖo la nanɔ susu me na wò gbã. Ale si nàwɔ esiae nye esi: de ŋugble le tanyaa ŋu, bu ale si tanya sueawo de nu nyatia mee ŋu, lé ŋku ɖe nɔnɔmetata siwo anɔ nusɔsrɔ̃a me ŋu, eye nàde ŋugble le numetotobiabia siwo he susu yi nya veviawo dzii la ŋuti. Azɔ xlẽ memamawo dometɔ ɖe sia ɖe, eye nàdi biabia ɖe sia ɖe ƒe ŋuɖoɖo. Xlẽ mawunyakpukpui siwo me nyawo womeŋlɔ ɖe agbalẽa me o, eye nàde ŋugble le ale si wode nu nyatia mee ŋu. (Dɔwɔwɔwo 17:11) Ne èkpɔ biabiawo ƒe ŋuɖoɖowo la, te fli ɖe nya ʋɛ aɖewo siwo akpe ɖe ŋuwò nàɖo ŋku ŋuɖoɖoa dzi la te. Le kpekpeawo me la, àte ŋu ado asi ɖe dzi faa aɖo nya ŋu kpuie abe ale si nèse egɔmee ene.

Ne èdzrana ɖo ɖe nyati vovovo siwo me míedzrona kwasiɖa sia kwasiɖa le kpekpeawo me ŋu la, Biblia me nunya adzi ɖe edzi na wò le wò “nu xɔasiwo dzraɖoƒe.”—Mateo 13:51, 52.

  • Nu kawoe wòle be nànɔ wɔwɔm ne èdi be yeadzra ɖo ɖe kpekpeawo ŋu?

  • Nu kae ana wòanɔ bɔbɔe na wò be nàɖo nya ŋu le kpekpeawo me?

ANYO BE NÀWƆ ESIA

Wɔ ɖe mɔfiame siwo míena le afi sia dzi nàtsɔ adzra ɖo ɖe Gbetakpɔxɔ Nusɔsrɔ̃ alo Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃ ŋu. Na ame si le Biblia srɔ̃m kpli wò nakpe ɖe ŋuwò nàdzra ɖo aɖo nyabiase aɖe ŋu le kpekpe si woagawɔ la me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe