INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jl nusɔsrɔ̃ 13
  • Ame Kawoe Nye Mɔɖelawo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kawoe Nye Mɔɖelawo?
  • Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yayra Siwo Le Mɔɖeɖedɔa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Mɔɖeɖedɔa Doa Ŋusẽ Mía Kple Mawu Dome Ƒomedodo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2013
  • Mɔɖelawo Kpena Ðe Ame Bubuwo Ŋu Eye Wokpɔa Yayra
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1994
  • Mɔɖeɖedɔa—Àte Ŋu Awɔea?
    Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—1998
Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
jl nusɔsrɔ̃ 13

NUSƆSRƆ̃ 13

Ame Kawoe Nye Mɔɖelawo?

Mɔɖela si le dutoƒoɖaseɖiɖidɔa wɔm

Canada

Mɔɖela siwo le gbeƒã ɖem

Tso aƒe me yi aƒe me

Mɔɖela siwo le Biblia srɔ̃m kple ame aɖe

Biblia nusɔsrɔ̃

Mɔɖela si le Biblia srɔ̃m

Ðokuisinusɔsrɔ̃

Ame siwo doa ŋgɔ yia teƒe aɖe va ʋua mɔ na ame bubuwo be woadze wo yome lae woyɔna zi geɖe be “mɔɖelawo.” Míate ŋu ayɔ Yesu be mɔɖela, elabena wodɔe ɖo ɖe anyigba dzi wòva wɔ subɔsubɔdɔ aɖe si ʋu mɔ na amewo be woakpɔ xɔxɔ. (Mateo 20:28) Egbea, eyomedzelawo le eƒe kpɔɖeŋua srɔ̃m esi wole ɣeyiɣi geɖe ale si woate ŋui la zãm be yewoatsɔ awɔ amewo woanye “nusrɔ̃lawo.” (Mateo 28:19, 20) Ame aɖewo ƒo wo ɖokuiwo ɖe dɔ si míeyɔna be mɔɖeɖedɔa me.

Mɔɖelawo nye ame siwo zãa woƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Yehowa Ðasefowo katã nye nya nyui gbeƒãɖelawo. Ke hã, wo dometɔ aɖewo trɔ asi le woƒe ɖoɖowo ŋu hezu gbesiagbe mɔɖelawo. Wozãa gaƒoƒo 70 ɣleti sia ɣleti ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Wo dometɔ geɖe ɖe ɣeyiɣi si wozãna ɖe woƒe dɔwɔɖuiwo ŋu dzi kpɔtɔ be yewoate ŋu awɔ mɔɖeɖedɔa. Wotiaa wo dometɔ aɖewo be woazu mɔɖela veviwo. Woɖoa wo ɖe teƒe siwo Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo hiã le wu, eye wozãa gaƒoƒo 130 ya teti ɣleti sia ɣleti tsɔ ɖea gbeƒãe. Mɔɖelawo lɔ̃na faa be yewoanɔ agbe tsɛ, eye woka ɖe Yehowa dzi bliboe be ana agbemenuhiahiã veviwo nasu yewo si. (Mateo 6:31-33; 1 Timoteo 6:6-8) Gbeƒãɖela siwo mate ŋu awɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa o la te ŋu wɔa kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa ɣesiaɣi si wòanya wɔ, eye wodzia woƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe edzi wòɖoa gaƒoƒo 30 alo 50 le ɣletia me.

Lɔlɔ̃ na Mawu kple amewo ye ʋãa mɔɖelawo wowɔa dɔ sia. Míekpɔe be ehiã vevie be amewo nasrɔ̃ nu tso Mawu kple eƒe tameɖoɖowo ŋu, abe ale si tututu Yesu hã kpɔe ene. (Marko 6:34) Sidzedze su mía si, eye míenya be sidzedze sia aɖe vi na amewo fifia, eye wòana mɔkpɔkpɔ vavã wo. Esia tae lɔlɔ̃ ʋãa mɔɖelawo be woatsɔ woƒe ɣeyiɣi kple ŋutete akpe ɖe amewo ŋu be woase nya nyuia. (Mateo 22:39; 1 Tesalonikatɔwo 2:8) Dɔ nyui sia wɔwɔ doa ŋusẽ mɔɖelawo ƒe xɔse, enana wotena ɖe Mawu ŋu kplikplikpli, eye wònana wokpɔa dzidzɔ geɖe.—Dɔwɔwɔwo 20:35.

  • Ame kae nye mɔɖela?

  • Nu kae ʋãa ame aɖewo be woawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe