INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jl nusɔsrɔ̃ 15
  • Aleke Hamemetsitsiwo Kpena Ðe Hamea Ŋui?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Hamemetsitsiwo Kpena Ðe Hamea Ŋui?
  • Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðoɖo Si Nu Nuwo Le Le Kristo Hamea Me
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • “Mikplɔ Mawu Ƒe Alẽha Si Le Miaƒe Dzikpɔkpɔ Te La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • ‘Mide Bubu Ame Siwo Le Dɔ Wɔm Sesĩe Le Mia Dome La Ŋu’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • ‘Minyi Mawu ƒe Alẽha La’
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2002
Kpɔ Bubuwo
Ame Kawoe Le Yehowa Ƒe Lɔlɔ̃nu Wɔm Egbea?
jl nusɔsrɔ̃ 15

NUSƆSRƆ̃ 15

Aleke Hamemetsitsiwo Kpena Ðe Hamea Ŋui?

Hamemetsitsi si le nu ƒom na hamea me tɔwo

Finland

Hamemetsitsi le nu fiam le hamea me

Nufiafia

Hamemetsitsi si le dzi dem ƒo na hamea me tɔwo

Sasrãkpɔ

Hamemetsitsi si le gbeƒã ɖem

Gbeƒãɖeɖe

Osɔfo kple hakplɔla siwo woxea fe na mele míaƒe habɔbɔa me o. Ke boŋ dzikpɔla siwo dze lae wotiana be ‘woakplɔ Mawu ƒe hame’ la, abe ale si wònɔ le Kristo hame gbãtɔwo me ene. (Dɔwɔwɔwo 20:28) Hamemetsitsi siawo nye ame siwo si tenɔnɔ nyui le le Mawu ŋkume, woxɔa ŋgɔ le hamea me hekplɔa alẽha la nyuie, “menye le dzizizi ta o, ke boŋ kple lɔlɔ̃nu faa; eye menye le viɖe ƒoɖi didi ta hã o, ke boŋ kple didi vevi.” (1 Petro 5:1-3) Dɔ kawoe wowɔna na mí?

Woléa be na mí hekpɔa mía ta. Hamemetsitsiwo naa mɔfiame eye wodzea agbagba kpɔa hamea ƒe gbɔgbɔmenyenye ta. Esi hamemetsitsiawo nya be Mawue de dɔ vevi sia asi na yewo ta la, womeɖua aƒetɔ ɖe Mawu ƒe amewo dzi o, ke boŋ wonana míekpɔa dzidzɔ kple dzidzeme. (2 Korintotɔwo 1:24) Abe ale si alẽkplɔla ŋutɔŋutɔ dzea agbagba be yealé be na yeƒe alẽawo dometɔ ɖe sia ɖe ene la, hamemetsitsiawo hã dzea agbagba be yewoanya hamea me tɔwo katã ɖekaɖeka.—Lododowo 27:23.

Wofiaa ale si míawɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nui la mí. Hamemetsitsiwo xɔa ŋgɔ le kpekpe siwo míewɔna kwasiɖa sia kwasiɖa me eye wofiaa nu hedoa ŋusẽ míaƒe xɔse. (Dɔwɔwɔwo 15:32) Hamemetsitsi siawo siwo tsɔ wo ɖokuiwo na faa la gaxɔa ŋgɔ le gbeƒãɖeɖedɔa me, wowɔa dɔ kpli mí ɖekae, eye wonaa hehe mí le gbeƒãɖeɖedɔa ƒe akpa vovovoawo me.

Wodea dzi ƒo na mía dometɔ ɖe sia ɖe. Be hamemetsitsiwo nate ŋu ado ŋusẽ mía dometɔ ɖe sia ɖe ƒe xɔse la, wowɔa ɖoɖo va srãa mí kpɔ le míaƒe aƒewo me, wotua mí ɖo le Fiaɖuƒe Akpataa me, eye wozaã Ŋɔŋlɔawo tsɔ dea dzi ƒo na mí alo tsɔ faa akɔ na mí.—Yakobo 5:14, 15.

Togbɔ be hamemetsitsi siawo wɔa dɔ geɖe le hamea me hã la, dɔwɔɖui kple ƒomegbanɔamedziwo hã le wo dzi siwo gbɔ wòle be woakpɔ nyuie. Ele be míade bubu hamemetsitsi dovevienu siawo ŋu.—1 Tesalonikatɔwo 5:12, 13.

  • Dɔ kawoe hamemetsitsiwo wɔna?

  • Mɔ vovovo kawo nue hamemetsitsiwo ɖea ɖetsɔleme fiaa mí ame ɖekaɖekawo le?

ANYO BE NÀWƆ ESIA

Ame kawoe dze anye hamemetsitsiwo? Àte ŋu axlẽ Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidi siwo gbɔ wòle be hamemetsitsiwo kple subɔsubɔdɔwɔlawo naɖo la le 1 Timoteo 3:1-10, 12 kple Tito 1:5-9.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe