INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • yc nusɔsrɔ̃ 1 axa 4-5
  • Enye Dzidzɔ Na Mí Be Míenya Nya Ɣaɣla La

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Enye Dzidzɔ Na Mí Be Míenya Nya Ɣaɣla La
  • Fia Nu Viwòwo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Nya Ɣaɣla Si Nàte Ŋu Agblɔ Na Amewo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Emenyawo
    Nyɔ!—2018
  • Nya Ɣaɣla aɖe si Mele Be Kristotɔwo Nagbe Gbɔgblɔ O!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • “Mawu Ƒe Nunya Si Woɖe Fia Le Nya Ɣaɣla Kɔkɔe Me”
    Te Ðe Yehowa Ŋu
Kpɔ Bubuwo
Fia Nu Viwòwo
yc nusɔsrɔ̃ 1 axa 4-5
Mawudɔlawo le to ɖom Yesu esime woÌnɔ nu ƒom tso Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋu na amewo

NUSƆSRƆ̃ 1

Enye Dzidzɔ Na Mí Be Míenya Nya Ɣaɣla La

Ame aɖe gblɔ nya aɖe na wò kpɔ evɔ megblɔe na ame bubuwo oa?​—a Ne nenemae la, ekema nya ɣaɣlae, elabe ame bubuwo mesee o. Biblia ƒo nu tso nya ɣaɣla vevi aɖe ŋu, enye “nya ɣaɣla kɔkɔe.” Nya ɣaɣla sia le kɔkɔe elabena Mawu gbɔe wòtso. Enye nya ɣaɣla elabena amewo menya nu tso eŋu tsã o. Mawudɔlawo gɔ̃ hã di be yewoanya nya ɣaɣla sia. Èdi be yease nya ɣaɣla sia?​—

Nu kae nesusu be mawudɔlawo di be yewoanya?

Le blema ʋĩ ke la, Mawu wɔ ŋutsu kple nyɔnu gbãtɔ. Ŋutsua ŋkɔe nye Adam, eye nyɔnua ŋkɔe nye Xawa. Mawu tsɔ wo da ɖe aƒe nyakpɔ si woyɔ be Eden-bɔ la me. Ne ɖe Adam kple Xawa ɖo to Mawu la, anye ne wo kple wo viwo na anyigba bliboa zu paradiso eye wòanya kpɔ abe abɔ ma ene. Anye ne wole Paradiso me tegbee. Gake ènya nu si Adam kple Xawa wɔa?​—

Adam kple Xawa meɖo to Mawu o, esia tae mímele paradiso me egbea o. Gake Mawu gblɔ be yeava wɔ anyigba bliboa wòanya kpɔ, eye amewo katã anɔ agbe tegbee eye woakpɔ dzidzɔ. Aleke Mawu awɔ esiae? Ƒe gbogbo aɖewo va yi la, amewo menya ale si Mawu awɔ esia o. Nya ɣaɣlae.

Esi Yesu va anyigba dzi la, efia nu geɖe amewo tso nya ɣaɣla sia ŋu. Egblɔ be nya ɣaɣla sia ku ɖe Mawu Fiaɖuƒea ŋu. Yesu gblɔ na amewo be woado gbe ɖa be Fiaɖuƒe sia nava. Fiaɖuƒea atrɔ anyigba wòazu paradiso nyakpɔ aɖe.

Ðe dzi medzɔ wò be yese nya ɣaɣla sia oa?​— Ðo ŋku edzi be ame siwo ɖoa to Yehowa koe anɔ Paradisoa me. Ŋutsu kple nyɔnu siwo ɖo to Yehowa la ƒe ŋutinya geɖewo le Biblia me. Àdi be yeasrɔ̃ nu tso wo ŋua?​— Na míakpɔ ale si wo dometɔ aɖewo wɔ nui, eye míakpɔ ale si míawɔ anɔ abe woawo ke ene la ɖa.

XLẼE LE WÒ BIBLIA ME

  • Marko 4: 11

  • 1 Petro 1:12

  • 1 Mose 1:26-28; 2:8, 9; 3:6, 23

  • Mateo 6:9, 10

  • Psalmo 37:11, 29

a Àkpɔ fli kpui sia (​—) le ŋutinya siwo katã le agbalẽ sia me la me. Anyo be nàtɔ vie ne viwòa naɖo nyabiase siwo gbɔ fli kpuia le la ŋu.

BIABIAWO:

  • Nu ka tae mímele paradiso me le anyigba dzi egbea o?

  • Nya ɣaɣla vevi kae Biblia gblɔ?

  • Nu kae Yesu fia amewo tso nya ɣaɣla sia ŋu?

  • Nu kae nàwɔ be nànɔ Paradisoa me?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe