INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • yc nusɔsrɔ̃ 11 axa 24-25
  • Ame Siwo Ŋlɔ Nu Tso Yesu Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Siwo Ŋlɔ Nu Tso Yesu Ŋu
  • Fia Nu Viwòwo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ame Siwo Ŋlɔ Yesu Ŋuti Nyawo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Esrɔ̃ Tsɔtsɔke Tso Aƒetɔ La Gbɔ
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Esrɔ̃ Tsɔtsɔke Tso Aƒetɔ La Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • “Womenya Agbalẽ O, Eye Wonye Ame Tsɛwo”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
Kpɔ Bubuwo
Fia Nu Viwòwo
yc nusɔsrɔ̃ 11 axa 24-25
Ŋutsu siwo ŋlɔ nu tso Yesu ŋu—Mateo, Marko, Luka, Yohanes, Petro, Yakobo, Yuda kple Paulo

NUSƆSRƆ̃ 11

Ame Siwo Ŋlɔ Nu Tso Yesu Ŋu

Èle ŋutsu siwo le nɔnɔmetataa me kpɔma?​— Woƒe ŋkɔwoe nye Mateo, Marko, Luka, Yohanes, Petro, Yakobo, Yuda kple Paulo. Ŋutsu siawo nɔ agbe le ɣeyiɣi si me Yesu nɔ anyigba dzi la me, eye woŋlɔ nu tso Yesu ŋu. Na míasrɔ̃ nu tso wo ŋu vie.

Nu kae nènya tso ŋutsu siawo ŋu?

Ŋutsu siawo dometɔ etɔ̃ nye apostolo siwo ɖe gbeƒã kple Yesu. Ènya ŋutsu etɔ̃ siawoa?​— Woawoe nye Mateo, Yohanes kple Petro. Apostolo Mateo kple Yohanes nya Yesu nyuie, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe ŋlɔ nu tso Yesu ŋu. Apostolo Yohanes kee ŋlɔ agbalẽ siwo ŋkɔwoe nye Nyaɖeɖefia, Yohanes Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ, Yohanes Ƒe Agbalẽ Evelia kple Yohanes Ƒe Agbalẽ Etɔ̃lia hã. Apostolo Petro ŋlɔ agbalẽ eve. Agbalẽ siawoe nye Petro Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ kple Petro Ƒe Agbalẽ Evelia. Le Petro ƒe agbalẽ evelia me la, eŋlɔ nu tso ɣeyiɣi si me Yehowa ƒo nu tso dziƒo la ŋu. Ɣemaɣi la, Yehowa gblɔ tso Yesu ŋu be: ‘Ame siae nye vinye. Melɔ̃e, eye eƒe nu dzea ŋunye.’

Ŋutsu bubu siwo le nɔnɔmetataa me hã fia nu tso Yesu ŋu le woƒe agbalẽ siwo woŋlɔ la me. Wo dometɔ ɖekae nye Marko. Anɔ eme be enɔ eteƒe esime wolé Yesu eye wòkpɔ nu sia nu si dzɔ ɣemaɣi. Bubue nye Luka. Enye ɖɔkta eye anɔ eme be eva zu Kristotɔ esi Yesu ku megbe.

Biblia-ŋlɔla eve bubu siwo kpɔm nèle le nɔnɔmetataa me la nye Yesu nɔviŋutsuwo. Ènya woƒe ŋkɔwoa?​— Woƒe ŋkɔwoe nye Yakobo kple Yuda. Gbã la, womexɔ Yesu dzi se o. Wobu gɔ̃ hã be edze aɖaʋa. Gake wova xɔ Yesu dzi se emegbe eye wozu Kristotɔwo.

Biblia-ŋlɔla susɔea si kpɔm nèle le nɔnɔmetataa me la ŋkɔe nye Paulo. Hafi wòava zu Kristotɔ la, eŋkɔe nye Saul. Melɔ̃a Kristotɔwo ƒe nya kura o eye wòsẽa ŋuta le wo ŋu. Ènya nu si na Paulo va zu Kristotɔa?​— Gbe ɖeka la, Paulo le mɔ dzi yina Damasko eye wòse ame aɖe ƒe gbe wònɔ nu ƒom nɛ tso dziƒo. Yesue! Ebia Paulo be: ‘Nu ka tae nèle ŋuta sẽm le ame siwo xɔ dzinye se la ŋu nenema gbegbe?’ Le ema megbe la, Paulo trɔ dzi me eye wòzu Kristotɔ. Paulo ŋlɔ agbalẽ siwo le Biblia me la dometɔ 14. Eƒe agbalẽawo dze egɔme tso Romatɔwo va se ɖe Hebritɔwo dzi.

Ðe míexlẽa Biblia gbe sia gbe oa?​— Biblia xexlẽ nana míesrɔ̃a nu geɖe tso Yesu ŋu. Àdi be yeasrɔ̃ nu geɖe tso Yesu ŋua?​—

XLẼE LE WÒ BIBLIA ME

  • 2 Petro 1:16-18

  • Marko 3:21; 14:51

  • Yuda 1

  • Dɔwɔwɔwo 9:1-18

BIABIAWO:

  • Yesu ƒe apostolo kawoe ŋlɔ nu tso eŋu?

  • Biblia-ŋlɔla eve kawoe nye Yesu nɔviŋutsuwo?

  • Nu kae na Paulo va zu Kristotɔ?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe