INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • yc nusɔsrɔ̃ 13 axa 28-29
  • Timoteo Kpe Ðe Amewo Ŋue

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Timoteo Kpe Ðe Amewo Ŋue
  • Fia Nu Viwòwo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Timoteo—Esɔ Gbe Helɔ̃ Faa Be Yeasubɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Paulo Kple Timoteo
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Timoteo—“Vinye Vavã le Xɔse Me”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Timoteo ƒo eɖokui ɖe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me bliboe tso eƒe ɖekakpuime ke“Vinye Lɔlɔ̃a Kple Nuteƒewɔla Le Aƒetɔ La Me”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Fia Nu Viwòwo
yc nusɔsrɔ̃ 13 axa 28-29
Ðevi Timoteo dadaa Eunike kple mamaa Loide le nu fiamee

NUSƆSRƆ̃ 13

Timoteo Kpe Ðe Amewo Ŋu

Timoteo nye ɖekakpuivi aɖe si wònyea dzidzɔ na be yeakpe ɖe amewo ŋu. Ezɔ mɔ yi teƒe geɖewo va kpe ɖe amewo ŋu. Esia na be wòkpɔa dzidzɔ. Àdi be yease nu geɖe tso eŋua?​—

Timoteo mama kple dadaa fia nui tso Yehowa ŋu

Du si woyɔna be Listra mee Timoteo nɔ tsi. Esi wònye ɖevi sue la, mamaa Loide kple dadaa Eunike fiaa nui tso Yehowa ŋu. Esi Timoteo nɔ tsitsim la, edi be yeakpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu.

Esime Timoteo nye ɖekakpuivi la, Paulo biae be alɔ̃ akplɔ ye ɖo yewoayi ava ɖe gbeƒã le teƒe bubuwo mahã. Timoteo ɖo eŋu be: ‘Ɛ̃!’ Timoteo di vevie be yeayi ava kpe ɖe amewo ŋu.

Timoteo kplɔ Paulo ɖo yi Tesalonika si nye Makedonia-du aɖe me. Wozɔ mɔ didi aɖe va ɖo tɔdziʋu hafi te ŋu va ɖo Tesalonika. Esi wova ɖo dua me la, wokpe ɖe ame gbogbo aɖewo ŋu wova nya nu tso Yehowa ŋu. Gake ame aɖewo ya do dziku ɖe wo ŋu eye wodi be yewoawɔ nu vevi wo. Eya ta Paulo kple Timoteo dzo le du ma me yi du bubuwo me, eye woɖe gbeƒã le du mawo me.

Timoteo kple apostolo Paulo ɖo tɔdziʋu yina du aɖe me

Timoteo kpɔ dzidzɔ le agbe me

Le ɣleti aɖewo megbe la, Paulo dɔ Timoteo be wòatrɔ ayi Tesalonika ne wòakpɔ ɖa be nɔviawo li nyuie hã. Ehiã be dzi nanɔ Timoteo ƒo ŋutɔ hafi wòate ŋu atrɔ yi du ma me, elabe dua me tɔ aɖewo di be yewoawɔ nu vevi wo tsã. Gake Timoteo trɔ yi elabena edi vevie be yeakpɔ nɔvi siwo le du ma me. Etrɔ gbɔ va Paulo gbɔ kple dzidzɔnya aɖe. Eyae nye be nɔvi siwo le Tesalonika la li nyuie.

Timoteo wɔ dɔ kple Paulo ƒe gbogbo aɖewo. Paulo ŋlɔ nu tso Timoteo ŋu kpɔ be eyae nye ame nyuitɔ si yeate ŋu adɔ be wòakpe ɖe hamewo ŋu. Timoteo lɔ̃ Yehowa kple amewo.

Ðe nèlɔ̃ amewo eye nèdina be yeakpe ɖe wo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋua?​— Ne nenemae la, ekema àte ŋu akpɔ dzidzɔ le agbe me abe ale si wònɔ na Timoteo ene!

XLẼE LE WÒ BIBLIA ME

  • 2 Timoteo 1:5; 3:15

  • Dɔwɔwɔwo 16:1-5; 17:1-10

  • 1 Tesalonikatɔwo 3:2-7

  • Filipitɔwo 2:19-22

BIABIAWO:

  • Du ka mee Timoteo nɔ tsi?

  • Ðe Timoteo di be yeazɔ mɔ kple Pauloa? Nu ka tae?

  • Nu ka tae Timoteo trɔ yi Tesalonika?

  • Nu kae nàwɔ be nàkpɔ dzidzɔ le agbe me abe Timoteo ene?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe