INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • jy ta 16 axa 42-axa 43 mm. 8
  • Dzo Nɔ Yesu Me Ðe Tadedeagu Vavãtɔ Ŋu

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Dzo Nɔ Yesu Me Ðe Tadedeagu Vavãtɔ Ŋu
  • Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzonɔameme ɖe Yehowa ƒe Tadedeagu Ŋu
    Ame Vevitɔ Kekeake Si Nɔ Anyi Kpɔ
  • Yesu Kɔ Gbedoxɔa Ŋu
    Nu Siwo Nàte Ŋu Asrɔ̃ Tso Biblia Me
  • Eƒe Nukunu Evelia Esime Wòle Kana
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
  • Yesu Wɔ Eƒe Nukunu Gbãtɔ
    Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
Kpɔ Bubuwo
Yesu—Mɔ La, Nyateƒe La Kple Agbe La
jy ta 16 axa 42-axa 43 mm. 8
Yesu le gagbalawo nyam le gbedoxɔa me

TA 16

Dzo Nɔ Yesu Me Ðe Tadedeagu Vavãtɔ Ŋu

YOHANES 2:12-22

  • YESU KƆ GBEDOXƆA ŊU

Esi wowu srɔ̃ɖeɖea nu le Kana la, Yesu ɖo ta Kapernaum. Yesu dada kple dadaviawo, siwo nye Yakobo, Yosef, Simon kple Yuda yi kplii.

Gake nu ka tae Yesu yi Kapernaum? Afi si wotso du sia ɖo la ɖe dzesi wu Nazaret alo Kana eye edze ƒãa be elolo wu hã. Azɔ hã nusrɔ̃la yeye siwo Yesu kpɔ la dometɔ geɖe nɔ Kapernaum alo afi si te ɖe eŋu. Eya ta Yesu ate ŋu ana hehe wo esime wogakpɔtɔ le woƒe nutoa me.

Esime Yesu nɔ Kapernaum la, ewɔ nukudɔwo hã. Eya ta dua me tɔwo kple nutoa me tɔ geɖe se nu tso nukudɔ siwo wòwɔ le afi ma la ŋu. Gake eteƒe medidi o, ele be Yesu kple eƒe zɔhɛ Yudatɔ siawo siwo doa vevie mawusubɔsubɔ la naɖo ta Yerusalem be woaɖaɖu ƒe 30 K.Ŋ. ƒe Ŋutitotoŋkekenyuia.

Esime wonɔ gbedoxɔa me le Yerusalem la, Yesu wɔ nane si wɔ dɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo dzi ŋutɔ si mewɔ wokpɔ kpɔ o.

Mawu ƒe Se la bia tso Israel-viwo si be woatsɔ lãwo asa vɔe le gbedoxɔa me, eye ame siwo zɔ mɔ va la ahiã nuɖuɖu kple nuhiahiã bubuwo. Eya ta Sea ɖe mɔ be ame siwo azɔ mɔ tso didiƒewo ava Yerusalem la natsɔ ga ɖe asi be woatsɔ aƒle “nyiwo, alẽwo, gbɔ̃wo,” kple nu bubu siwo ahiã wo esime wole dua me. (5 Mose 14:24-26) Eya ta asitsala siwo nɔ Yerusalem la dzraa lãwo alo xewo le gbedoxɔa ƒe xɔxɔnu gã aɖe me. Eye wo dometɔ aɖewo nɔ amewo bam to asi sesẽ dodo na wo dzi.

Dɔme ve Yesu ŋutɔ wòtrɔ gagbalawo ƒe gawo ƒu gbe eye wòtu asi woƒe kplɔ̃wo ƒu anyi henya wo do goe. Eye Yesu gblɔ be: “Mitsɔ nu siawo dzoe le afi sia! Migatsɔ Fofonye ƒe aƒe la wɔ asitsaƒee o!”—Yohanes 2:16.

Esi Yesu ƒe nusrɔ̃lawo kpɔ esia la, woɖo ŋku nyagblɔɖi si ku ɖe Mawu ƒe Via ŋu la dzi be: “Ŋuʋaʋã ɖe wò aƒe la ŋu abi le menye abe dzo ene.” Gake Yudatɔwo biae be: “Dzesi kae nàwɔ atsɔ aɖee afia be yekpɔ mɔ awɔ nu siawo?” Yesu ɖo eŋu be: “Migbã gbedoxɔ sia, eye magatui le ŋkeke etɔ̃ me.”—Yohanes 2:17-19; Psalmo 69:9.

Yudatɔwo susu be gbedoxɔ ŋutɔŋutɔ si le Yerusalem la ŋu nya gblɔmee Yesu nɔ, eya ta wobiae be: “Ƒe blaene vɔ adee wotsɔ tu gbedoxɔ sia, eye wò ya àgbugbɔ atui le ŋkeke etɔ̃ mea?” (Yohanes 2:20) Gake Yesu ƒe ŋutilã ŋue wònɔ nu ƒom le abe gbedoxɔ ene. Ƒe etɔ̃ megbe esi wofɔe ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, eƒe nusrɔ̃lawo ɖo ŋku eƒe nya siawo dzi.

  • Le srɔ̃ɖeɖea le Kana megbe la, teƒe kawoe Yesu zɔ mɔ yi?

  • Nu ka tae dɔme ve Yesu ɖe nu siwo wòkpɔ le gbedoxɔa me ta, eye nu kae wòwɔ?

  • Nu kae Yesu wɔnɛ esi wogblɔ be “gbedoxɔ sia,” eye nu kae eƒe nyawo fia?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe